Fa Akɔ Na Ame Siwo Dzi Ku Dzɔ Ðo, Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene
LAZARO, si tso Betania la, dze dɔ vevie. Nɔvianyɔnu, siwo nye Marta kple Maria, dɔ amewo ɖa be woayi aɖagblɔe na wo xɔlɔ̃ vevi Yesu. Gake dɔlélea wu Lazaro. Esi wotsɔe yi ɖaɖi vɔ la, xɔlɔ̃wo kple aƒelikawo va “bene yewoafa akɔ na” Marta kple Maria. (Yohanes 11:19) Mlɔeba la, Yesu va ɖo Betania, exɔlɔ̃awo gbɔ. Ne míede ŋugble le nu siwo Yesu gblɔ kple nu siwo wòwɔ ŋu la, woakpe ɖe mía ŋu míanya ale si míafa akɔ na ame siwo dzi ku dzɔ ɖo.
Wo Gbɔ Yiyi Afia Be Ètsɔ Ðe Le Eme Na Wo
Hafi Yesu naɖo Betania la, ezɔ mɔ ŋkeke eve—etso Yordan Tɔsisia va lia Yerixo todzimɔ gɔdɔgɔdɔ la hafi ɖo. Marta wɔ kaba yi ɖakpe Yesu le dua ƒe gbɔto. Emegbe la, Maria hã se be Yesu va, eya ta eya hã ɖe abla yi ɖakpee. (Yohanes 10:40-42; 11:6, 17-20, 28, 29) Ðikeke me le eme o be, Yesu ƒe afi ma yiyi fa akɔ na nɔvinyɔnu eve siawo siwo nɔ nu xam vevie la.
Egbea hã, ne míeyi ame siwo dzi ku dzɔ ɖo la gbɔ la, afa akɔ na wo. Scott kple Lydia viŋutsuvi Theo, si xɔ ƒe ade la, ku le afɔku aɖe me. Wogblɔ bena: “Míehiã ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ siwo afa akɔ na mí. Wova mía gbɔ le kɔa dzi ke le zãtiƒe.” Nya kae xɔlɔ̃ siawo gblɔ na wo? Scott kple Lydia gblɔ be: “Ɣemaɣi la, mehiã be woagblɔ nya aɖeke na mí o. Woƒe afi ma vava ɖeɖe dzaa fa akɔ na mí—efia be wotsɔ ɖe le eme na mí.”
Biblia gblɔ be esi Yesu kpɔ ame siwo nɔ Lazaro ƒe kua fam la, ‘exa nu vevie,’ eye “aɖatsi ge le mo” nɛ. (Yohanes 11:33-35, 38) Yesu mebui be mele be ŋutsu nafa avi le amewo ŋkume o. Ese veve hese le eɖokui me abe woawo ke ene. Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ne míeyi ame siwo dzi ku dzɔ ɖo gbɔ la, mele be wòakpe ŋu na mí be míafa avi kple ame siwo le avi fam la o. (Romatɔwo 12:15) Gake mele be míadze agbagba be míawɔ nane atsɔ ado avi na wo o. Ame aɖewo madi be yewoafa avi le ame dome o.
Ðo To Veveseseɖeamenutɔe
Anɔ eme be nya fakɔname aɖewo nɔ susu me na Yesu wòdi be yeatsɔ afa akɔ na Marta kple Maria, gake edze ƒãa be ena woƒo nu gbã. (Yohanes 11:20, 21, 32) Esi wòƒo nu kple Marta la, ebia nya aɖee, eye wòɖo toe esime Marta nɔ nu ƒom.—Yohanes 11:25-27.
Ne èɖoa to nyuie la, efia be ètsɔa ɖe le eme na ame vavã. Be míate ŋu afa akɔ na ame aɖe la, ele be míaɖo toe nyuie. Míate ŋu anye ame siwo ɖoa to nyuie ne míebia nya siwo ana ame si dzi kua dzɔ ɖo la naƒo nu faa. Gake kpɔ nyuie be nàgazii ɖe amea dzi be wòaƒo nu kokoko ne eya ŋutɔ medii o. Ðewohĩ nu koe ti kɔ nɛ, eye wòdi be yeaɖi ɖe eme.
Ate ŋu adzɔ be ame si le konyi fam la natɔtɔ le eɖokui me, eye wòanɔ nya ɖeka mawo ke gbɔgblɔ dzi. Ame aɖewo hã ɖea woƒe seselelãmewo ɖe go gaglãa. Marta kple Maria siaa gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, ne ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” (Yohanes 11:21, 32) Nu kae Yesu wɔ? Egbɔ dzi ɖi ɖo to wo hese veve ɖe wo nu. Medze agbagba be yeafia ale si wòle be woase le wo ɖokui me la wo o. Ðikeke mele eme o be enya be ame siwo le nu xam la tea ŋu sea veve ŋutɔ, eye nu tena ɖe wo dzi hã.
Ne mènya nya si nàgblɔ ne èyi be yeaɖasrã ame si dzi ku dzɔ ɖo la kpɔ o la, àte ŋu adze dzeɖoɖoa gɔme kple nya sia be: “Àdi be yeaƒo nu tso eŋua?” Wò susu nenɔ eŋu esime wòle nua ƒom. Ðo to nya si sem nèle la nyuie. Nɔ eƒe ŋkume kpɔm, eye nàdze agbagba nàse ale si wòle sesem le eɖokui me la gɔme nɛ.
Menɔa bɔbɔe be woase ame si dzi ku dzɔ ɖo la ƒe seselelãmewo gɔme nɛ o. Lydia gblɔ be: “Ale si míedi be fafalawo nawɔ nu ɖe mía ŋui la trɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe. Ɣeaɖewoɣi la, avi dzi koe míenɔna hehehe le amedzroawo ŋkume. Ðeko míedi be ame bubuwo nase nu gɔme na mí. Mía xɔlɔ̃wo dze agbagba be yewoase míaƒe seselelãmewo gɔme na mí.”
Alea tututue Yesu wɔe. Enya be amewo ƒe ‘fuɖename kple vevesesewo’ le vovovo. (2 Kronika 6:29) Yesu Kristo ɖo nya ŋu na nɔvinyɔnu eve siawo wotɔwotɔwoe. Esi Marta yi nuƒoƒoa dzi ta la, Yesu te ŋu ɖo dze kplii. Gake esi wònye be Maria ya nɔ avi fam ta la, Yesu meƒo nu kplii fũu o. (Yohanes 11:20-28, 32-35) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me? Anyo be nàna ale si dzeɖoɖoa ayii la nanɔ te ɖe ame si dzi kua dzɔ ɖo la dzi. Ale si nàɖo to nyuie ne wole nu ƒom tso nu si te ɖe wo dzi ŋu la, afa akɔ na wo geɖe ŋutɔ.
Nya Siwo Daa Gbe Le Ame Ŋu
Esi Maria kple Marta siaa do go Yesu la, wogblɔ be: “Ne ɖe nènɔ afi sia la.” Gake Yesu mebui be wonɔ fɔ bum ye o, eye medo dziku ɖe wo ŋu hã o. Nya si wògblɔ tsɔ de dzi ƒo na Marta boŋue nye: “Nɔviwò la atsi tsitre.” (Yohanes 11:23) Yesu to nya ʋɛ mawo siwo wògblɔ nɛ akɔfafatɔe dzi la na wòɖo ŋku edzi be mɔkpɔkpɔ li.
Ne mia kple ame siwo dzi ku dzɔ ɖo miele dze ɖom la, nya tuameɖo siwo nàgblɔ tso dzi me la, ate ŋu afa akɔ na wo ŋutɔ, ne nya ʋɛ aɖewo koe nègblɔ hã. Àte ŋu agblɔ akɔfanyawo tẽe alo aŋlɔ wo ɖe agbalẽ dzi aɖo ɖee. Esi wònye be woate ŋu axlẽ akɔfaname lɛtawo kple agbalẽviwo zi gbɔ zi geɖe ta la, woate ŋu afa akɔ na ame le ɣeyiɣi geɖe megbe gɔ̃ hã. Ɣleti asieke le Bob ƒe ku megbe la, srɔ̃a Kath gaxlẽ akɔfanamegbalẽvi siwo katã wòxɔ la ake. Egblɔ be: “Mekpɔe be ɣemaɣi boŋue wode dzi ƒo nam wu. Ɣemaɣie mesee le ɖokuinye me be nye dzi fa.”
Ne èle akɔfanamegbalẽvi ɖom ɖe ame aɖe la, nya kawoe nàte ŋu aŋlɔ? Àte ŋu aŋlɔ nu tso ame si ku la ŋu—nu siwo me mia kplii mieto alo eƒe nɔnɔme nyui siwo doa dzidzɔ na wò. Kath gblɔ be: “Nya dodzidzɔname siwo woŋlɔ tso Bob kple eƒe nɔnɔmewo ŋu la wɔnɛ be medina be mako nu ahafa avi. Eƒe nuwɔna siwo doa nukokoe na ame, siwo woŋlɔ tso eŋu la ɖia kokoe nam, eye wònana meɖoa ŋku ale si mía kplii míekpɔ dzidzɔe va yi la dzi. Woŋlɔ mawunyakpukpuiwo ɖe agbalẽviawo dometɔ geɖe me, eye medea asixɔxɔ wo ŋu fifia ŋutɔ.”
Na Kpekpeɖeŋu Si Hiã
Yesu wɔ nane si míawo ya míate ŋu awɔ o tsɔ na kpekpeɖeŋu Lazaro ƒe ƒometɔwo. Efɔ Lazaro tso ku me. (Yohanes 11:43, 44) Gake míawo hã míate ŋu ana kpekpeɖeŋu siwo hiã, abe nuɖaɖa, nunyanya, dɔtsɔtsɔ na wo, dzeƒe nana amedzrowo, ɖeviwo gbɔ kpɔkpɔ, alo kpekpeɖeŋunana le ʋuɖonyawo me. Ðikeke mele eme o be ame siwo dzi kua dzɔ ɖo la akpɔ ŋudzedze ɖe nu suesue siwo míawɔ tso dzi me la ŋu ŋutɔ.
Míese egɔme be ɖewohĩ ame siwo le nu xam la adi be yewoanɔ yewo ɖokui si vie ɣeaɖewoɣi. Ke ha, àte ŋu aɖe afɔ siwo sɔ ɣebubuɣi bena kadodo nakpɔtɔ anɔ mia kpli wo dome. Nyɔnu aɖe si vi ku na la gblɔ be: “Ɣeyiɣi ɖoɖi aɖeke meli si nuxaxaa nu ayi keŋkeŋ alo nàse le ɖokuiwò me be yeƒe dzi dze eme o.” Ame aɖewo dzea agbagba be yewoaɖo ŋku ame siwo dzi kua dzɔ ɖo la dzi le ŋkeke veviwo, abe gbe si gbe woɖe srɔ̃, alo gbe si gbe kua dzɔ ɖe wo dzi la ene dzi. Ne èsrã wo kpɔ le ŋkeke mawo dzi la, àzu xɔlɔ̃ vevi si kpena ɖe ame ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo me.—Lododowo 17:17.
Nu siwo Yesu wɔ tsɔ fa akɔ na eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nye ale si wòna mɔkpɔkpɔ wo. Egblɔ na wo be: “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le ɖiɖim ɖe eme, gake meyina afi ma, be maɖanyɔe tso alɔ̃ me.” (Yohanes 11:11) Yesu ka ɖe edzi na eyomedzelawo be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Ebia Marta be: “Èxɔ nya sia dzi sea?” Eɖo eŋu be: “Ɛ̃, Aƒetɔ.”—Yohanes 11:24-27.
Èxɔe se be Yesu afɔ ame kukuwo ɖe tsitrea? Ne èxɔe se la, ekema gblɔ mɔkpɔkpɔ xɔasi sia ŋu nya na ame siwo dzi ku dzɔ ɖo. Na kpekpeɖeŋu si hiã la wo. Ekema nya siwo nàgblɔ kple nu siwo nàwɔ la afa akɔ na wo.—1 Yohanes 3:18.
[Anyigbatata si le axa 9]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
PEREA
Yordan Tɔsisi
Yerixo
Betania
Dzeƒu
Yerusalem
SAMARIA