-
Na Ŋutifafa Nenɔ Wò AƒemeNusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
-
-
TA WUIÐEKƐ
Na Ŋutifafa Nenɔ Wò Aƒeme
1. Nukawoe nye nusiwo ate ŋu amã ƒomewo me ƒe ɖewo?
DZIDZƆTƆWOE nye amesiwo le ƒome siwo me lɔlɔ̃, nugɔmesese, kple ŋutifafa le me. Míekpɔ mɔ be aleae wò ƒomea le. Gake nublanuitɔe la, nuwo mele nenema le ƒome gbogbo aɖewo me o eye wo me mã le susu aɖewo ta. Nukae mãa aƒewo me? Míadzro wo ame etɔ̃ me le ta sia me. Le ƒome aɖewo me la, ƒomea me tɔwo katã mele subɔsubɔha ɖeka me o. Le bubuwo me la, manye tɔ ɖeka nɔ ɖeka viwoe ɖeviawo nye o. Eye le bubuwo hã me la, agbagbadzedze be woakpɔ agbemenuhiahiãwo alo didi be woadzi ame ƒe ŋutilãmenuwo ɖe edzi dina be yeahe mamã de ƒomea me tɔwo dome. Ke hã nusiwo mã aƒe aɖe me la magblẽ nu le bubu ŋu o. Nukae na wònɔa nenema?
2. Afikae ame aɖewo dia ƒomegbenɔnɔ ŋuti mɔfiafia le, gake afikae nye mɔfiame sia xɔƒe nyuitɔ?
2 Nu vevi ɖekae nye nukpɔsusu si le amewo si. Ne èkua kutri anukwaretɔe be yease ye nɔvi ƒe nukpɔsusu gɔme la, anɔ bɔbɔe na wò wu be nànya alesi tututu nàwɔ akpɔ ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ ta. Nu vevi eveliae nye afisi nèxɔa mɔfiame tsonɛ. Ame geɖe tsɔa dɔwɔhatiwo, aƒelikawo, nyadzɔdzɔgbalẽŋlɔlawo, alo amegbetɔ mɔfiala bubuwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔe. Gake ame aɖewo di nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ le nɔnɔme si me wole ŋu, eye emegbe wowɔ ɖe nusi wosrɔ̃ la dzi. Aleke esia wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ƒomea ŋui be ŋutifafa nenɔ aƒea me?—Timoteo II, 3:16, 17.
NE SRƆ̃WÒŊUTSU NYE HA BUBU ME TƆ
Dze agbagba nàse nɔviwò ƒe nukpɔsusu me
3. (a) Aɖaŋu kae Biblia ɖo le ha bubu me tɔ ɖeɖe ŋu? (b) Gɔmeɖose vevi siwo ku ɖe srɔ̃tɔwo ŋu ne ɖeka nye xɔsetɔ eye evelia menyee o la ƒe ɖewo ɖe?
3 Biblia xlɔ̃ nu mí vevie le amesi ƒe mawusubɔsubɔdzixɔse to vovo na mía tɔ ɖeɖe ŋu. (Mose V, 7:3, 4; Korintotɔwo I, 7:39) Gake ɖewohĩ èɖe srɔ̃ vɔ hafi va srɔ̃ Biblia me nyateƒea gake srɔ̃wòŋutsu ya mesrɔ̃e o. Ke aleke nàwɔ? Nyateƒee, naneke megblẽ le miaƒe srɔ̃ɖetamkakawo ŋu o. (Korintotɔwo I, 7:10) Biblia te gbe ɖe srɔ̃ɖenubabla la ƒe anyinɔnɔ ɖaa dzi eye wòde dzi ƒo na srɔ̃tɔwo be woakpɔ woƒe masɔmasɔwo gbɔ ke menye be woasi le wo nu o. (Efesotɔwo 5:28-31; Tito 2:4, 5) Gake ne srɔ̃wòŋutsu tsi tre ɖe wò mawusubɔsubɔ si dzi Biblia da asi ɖo ŋu vevie ɖe? Ðewohĩ adze agbagba be yeaxe mɔ ɖe wò hamea ƒe kpekpewo dede nu, alo agblɔ be yemedi be ye srɔ̃ nanɔ tsatsam le amewo ƒeme, eye wòanɔ mawunya gblɔm o. Nukae nàwɔ?
4. Mɔ ka nue srɔ̃nyɔnu ate ŋu atsɔ eɖokui aɖo srɔ̃a teƒe le ne wo kple ŋutsua womele ha ɖeka me o?
4 Bia ɖokuiwò se be, ‘Nukatae srɔ̃nye sena le eɖokui me nenema?’ (Lododowo 16:20, 23) Ne mese nusi wɔm nèle gɔme tututu o la, atsi dzi ɖe nuwò. Alo ɖewohĩ ƒometɔwo anɔ nya ƒom ɖe enu le esi mègawɔa kɔnu aɖewo siwo woawo bu nu vevii o ta. Srɔ̃ŋutsu aɖe gblɔ be: “Esi wòsusɔ nye ɖeɖe ɖe aƒea me la, mese le ɖokuinye me be egblẽm ɖi.” Ewɔ na ŋutsu sia be subɔsubɔha aɖe le ye srɔ̃ xɔm le ye si. Ke hã dada na be mete ŋu kɔ nu le edzi be akogoe yetsi o. Ðewohĩ ahiã be nàka ɖe edzi na srɔ̃wò be wò lɔlɔ̃ na Yehowa mefia be mègalɔ̃nɛ de alesi nèlɔ̃nɛ tsã nu o. Kpɔ egbɔ be yenɔa egbɔ.
5. Dadasɔ ka mee wòle be nyɔnu si srɔ̃ le ha bubu me nalé ɖe asi?
5 Gake ele be nàbu nane si le vevie wu kura ŋu ne èdi be yeakpɔ nya la gbɔ le nunya me. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu nyɔnuwo vevie be: “Mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe alesi wòdze le Aƒetɔ la me ene.” (Kolosetɔwo 3:18) Eyata exlɔ̃ nu le ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, esi ŋɔŋlɔ sia gblɔ be “abe alesi wòdze le Aƒetɔ la me ene” la, ele fiafiam be ele be woabu ɖokuibɔbɔ ɖe Aƒetɔ la te ŋu le ame ɖokuibɔbɔ ɖe ame srɔ̃ te me. Ele be woada asɔ.
6. Gɔmeɖose kawoe wòle be wòanɔ susu me na Kristotɔ srɔ̃nyɔnu?
6 Hamea ƒe kpekpewo dede kple ɖaseɖiɖi le ame ƒe xɔse si wotu ɖe Biblia dzi ŋu na amewo nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa vevi siwo mele be woagbe wo wɔwɔ o na Kristotɔwo. (Romatɔwo 10:9, 10, 14; Hebritɔwo 10:24, 25) Ke nukae nàwɔ ne amegbetɔ aɖe gbe na wò tẽ be mègawɔ ɖe Mawu ƒe nudidi aɖe dzi o? Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29) Woƒe kpɔɖeŋua nye kpɔdzidze si sɔ woazã le agbemenya geɖe me. Ðe lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã wò nàtsɔ ɖokuitsɔtsɔna si wòdze na la anɛa? Le ɣeyiɣi ma ke me la, ɖe wò lɔlɔ̃ kple bubu tsɔtsɔ na srɔ̃wò ana nàdze agbagba awɔe le mɔ si anya xɔ nɛ nua?—Mateo 4:10; Yohanes I, 5:3.
7. Tameɖoɖo kplikpaa kae wòle be nenɔ Kristotɔ srɔ̃nyɔnu si?
7 Yesu de dzesii be menye ɣesiaɣie nusia anya wɔ o. Ena míenya be le tsitretsitsi ɖe nyateƒea ŋu ta la, ƒomea me tɔ siwo nye dzixɔsetɔwo akpɔ be womã yewo ɖa, abe yie wotsɔ fe yewo ɖa tso ƒomea me tɔ mamleawo gbɔ ene. (Mateo 10:34-36) Nusia dzɔ ɖe nyɔnu aɖe dzi le Japan. Srɔ̃a tsi tre ɖe eŋu ƒe 11 sɔŋ. Ewɔ fui ŋutɔ eye wòdoa agbo ɖe enu zi geɖe. Gake nyɔnua do dzi. Exɔlɔ̃ Kristo-hamea me tɔwo kpe ɖe eŋu. Edo gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe eye Petro I, 2:20 me nyawo nye dzideƒo gã aɖe nɛ. Kristotɔ nyɔnu sia ka ɖe edzi be ne yenɔ te sesĩe la, ye srɔ̃ ava kpe ɖe ye ŋu yewoasubɔ Yehowa gbeɖeka. Eye eva kpe ɖe eŋu hã.
8, 9. Aleke wòle be nyɔnu nawɔ nui be magaɖia srɔ̃a nu dzodzro o?
8 Nu nyui geɖe li nàte ŋu awɔ si akpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃wò ƒe nɔnɔme dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃wò tsi tre ɖe wò subɔsubɔ ŋu la, mègawɔ naneke si ana wòakpɔ nya agblɔ le ŋuwò le nu bubuwo me o. Dzra aƒea me ɖo wòanɔ dzadzɛ. Lé be na ɖokuiwò. Ðe lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ geɖe fia. Ðe nyahehe ɖe eŋu teƒe la, kpe asi ɖe eŋu boŋ. Ðee fia be eya ƒe tanyenye tee yele. Ne èkpɔ be edze agɔ le ye dzi la, mègawɔ wɔɖenui o. (Petro I, 2:21, 23) Kpɔ mɔ na amegbetɔ ƒe blibomademade nuwɔnawo, eye ne dzre dzɔ la, tre kukuɖeɖe ɖokuibɔbɔtɔe.—Efesotɔwo 4:26.
9 Mègatsɔ kpekpewo dede wɔ taflatsedonui ne eƒe nuɖuɖu natsi megbe o. Àte ŋu aɖoe hã be yeawɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa le ɣeyiɣi siwo me srɔ̃wò mele aƒeme o. Nunya le eme na Kristotɔ srɔ̃nyɔnu be wòadzudzɔ gbeƒãɖeɖe na srɔ̃a ne nya la medzɔa dzi na ŋutsua o. Awɔ ɖe Petro ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi boŋ, be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne ame aɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo.” (Petro I, 3:1, 2) Kristotɔ srɔ̃nyɔnuwo dzea agbagba be yewoaɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo afia bliboe wu.—Galatiatɔwo 5:22, 23.
NE MENYE KRISTOTƆ VAVÃTƆE SRƆ̃NYƆNUA NYE O
10. Aleke wòle be srɔ̃ŋutsu xɔsetɔ nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋui ne ha bubu me tɔe nyɔnua nye?
10 Ke ne ŋutsua ye nye Kristotɔ gake srɔ̃a ya menyee o ɖe? Biblia na mɔfiame le nɔnɔme siawo tɔgbe ŋu. Egblɔ be: “Ne nyɔnu, si mexɔ se o la, le nɔvi aɖe si, eye wòdze nyɔnua ŋu bena, yeanɔ egbɔ la, negagbee o.” (Korintotɔwo I, 7:12) Egaxlɔ̃ nu srɔ̃ŋutsuwo be: “Milɔ̃ mia srɔ̃wo.”—Kolosetɔwo 3:19.
11. Aleke ŋutsu ate ŋu aɖe nugɔmesese afia eye wòawɔ eƒe tanyenye ɖe srɔ̃a dzi ŋudɔ le aɖaŋu mee ne menye Kristotɔe nyɔnua nye o?
11 Ne srɔ̃wònyɔnue le ha bubu me la, dze agbagba vevie be nàde bubu srɔ̃wòa ŋu eye nàbu eƒe seselelãmewo ŋu. Esi wònye ame tsitsie ta la, ekpɔ mɔ anɔ agbe ɖe eƒe subɔsubɔdzixɔsewo nu, ne womenyo na wò o hã. Mègasusu be zi gbãtɔ si yeaƒo nu tso yeƒe xɔse ŋu nɛ ko la, aɖe asi le nusiwo dzi wòxɔ se xoxoxo ŋu ava xɔ dzixɔse yeye aɖe tɔ o. Le esi nàtso kpata agblɔ be alakpanuwoe nuwɔna siwo eya kple eƒe ƒomea buna nu xɔasiwoe nye teƒe la, gbɔ dzi ɖi nàdze agbagba adzro nu me kplii tso Ŋɔŋlɔawo me boŋ. Ate ŋu anye be ne èzãa wò ɣeyiɣi ƒe akpa gã aɖe ɖe hamea ƒe dɔwo ŋu la, awɔ nɛ be nègblẽ ye ɖi. Ðewohĩ atsi tre ɖe agbagba siwo dzem nèle le Yehowa subɔsubɔ me la ŋu, gake ɖewohĩ nusi ko wòdi be yeagblɔ na wòe nye: “Mehiã wò ɣeyiɣi geɖe wu!” Gbɔ dzi ɖi nɛ. Ne èbu eŋu lɔlɔ̃tɔe la, ate ŋu ava eme be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ava wɔ ɖeka kple wò le tadedeagu vavãtɔ me.—Kolosetɔwo 3:12-14; Petro I, 3:8, 9.
ÐEVIWO HEHE
12. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a le ha vovovo me hã la, aleke wòle be woawɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ le wo viwo hehe mee?
12 Le aƒe siwo mewɔ ɖeka le subɔsubɔnyawo me o me la, mawunya fiafia ɖeviawo zua nya ɣeaɖewoɣi. Aleke wòle be woatsɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo awɔ dɔe? Vifofo la koŋ ye Biblia de dɔ asi na be wòafia nu ɖeviawo, gake akpa vevi aɖe li wo dada hã nawɔ. (Lododowo 1:8; tsɔe sɔ kple Mose I, 18:19; Mose V, 11:18, 19.) Ne wo fofo melɔ̃ ɖe edzi be Kristoe nye ta na ye o hã la, eya koe nye ƒomea ƒe ta.
13, 14. Ne ŋutsua de se na srɔ̃a be megakplɔ ɖeviwo yi Kristotɔwo ƒe kpekpewoe alo wòasrɔ̃ nu kple wo o la, nukae nyɔnua ate ŋu awɔ?
13 Vifofo dzimaxɔsetɔ aɖewo megblɔa nya aɖeke ne ɖeviawo dada le mawunya fiam wo o. Bubuwo ya tsia tre ɖe eŋu. Gake ne srɔ̃wòŋutsu gbe be yemaɖe mɔ nàkplɔ ɖeviawo ayi hamea ƒe kpekpewoe o alo wògbe kura be mègasrɔ̃ Biblia kple wo le aƒeme o ɖe? Ke ele be nàda agbanɔamedzi vovovowo akpɔ—agba si le dziwò le Yehowa Mawu gbɔ, le srɔ̃wò si nye ta na wò gbɔ, kple le viwò lɔlɔ̃awo gbɔ. Aleke nàwɔ awɔ nusi sɔ le nusiawo me?
14 Ðikeke mele eme o be àtsɔ nya la ayi gbedodoɖa mee godoo. (Filipitɔwo 4:6, 7; Yohanes I, 5:14) Gake mlɔeba la, wò ŋutɔe atso nya me le nusi nàwɔ la ŋu. Ne èwɔe le ayedzedze me, eye nèna eme kɔ na srɔ̃wò be yemetsi tre ɖe eƒe tanyenye ŋu o la, ʋeʋeʋe la, eƒe tsitretsiɖeŋua dzi ate ŋu aɖe akpɔtɔ. Ne srɔ̃wò de se na wò be mègakplɔ ɖeviawo yi kpekpewoe alo nàwɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple wo o hã la, àte ŋu afia nu wo kokoko. Dze agbagba nàƒã Yehowa lɔlɔ̃, eƒe Nya la dzixɔxɔse, bubudede dzilawo ŋu—wo fofo hã le eme, ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo me lɔlɔ̃tɔe, kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe alesi woalé fɔ ɖe dɔ ŋu awɔ ŋuti—ɖe wo me le wò gbesiagbegbenɔnɔ kple kpɔɖeŋu si nèɖona me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo fofo ava de dzesi kutsetse nyui siwo le eme tsom eye ɖewohĩ vi siwo ɖem wò agbagbadzedzewo le la adze eŋu.—Lododowo 23:24.
15. Agba kae le vifofo xɔsetɔwo dzi le ɖeviwo hehe me?
15 Ne srɔ̃ŋutsu si nye dzixɔsetɔe nènye eye srɔ̃wònyɔnu nye dzimaxɔsetɔ la, ke ele be nàtsɔ viwòwo ‘nyinyi le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ ƒe agbanɔamedzi la. (Efesotɔwo 6:4) Gake le esia wɔwɔ me la, ele be nàwɔ nu ɖe srɔ̃wònyɔnua ŋu le tufafa, lɔlɔ̃, kple ameŋububu me.
NE MIA KPLE DZIWÒLAWO MIELE HA VOVOVO ME
16, 17. Biblia me gɔmeɖose kawo dzie wòle be ɖeviwo naɖo ŋkui ne wo kple wo dzilawo wole ha vovovo me?
16 Fifia ebɔ be ɖevi siwo gale wo dzilawo ƒe dzikpɔkpɔ te ƒe subɔsubɔha nato vovo na wo dzilawo tɔ. Alea wòle le gowòmea? Ne aleae la, ke aɖaŋu le Biblia si wòaɖo na wò.
17 Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la, me, elabena esia le eteƒe. ‘Bu fofowò kple dawò.’ ” (Efesotɔwo 6:1, 2) Ebia be nàde bubu si dze dziwòlawo ŋu. Gake togbɔ be dzilawo bubu le vevie hã la, mele be nàbu wo Mawu vavã la ŋu mabumabui o. Ne ɖevi tsi ɖo afisi wòadze nyametsotso wɔwɔ gɔme le la, eƒe nuwɔnawo ƒe agbanɔamedzi ƒe akpa gã aɖe nɔa edzi. Menye le dziɖuɖu ƒe se gome ɖeɖekoe wòle alea le o ke boŋ vevietɔ wu la, le Mawu ƒe se gomee. Biblia gblɔ be: “Mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.”—Romatɔwo 14:12.
18, 19. Ne ɖeviwo mele wo dzilawo ƒe ha me o la, aleke woawɔ akpe ɖe wo dzilawo ŋu bene woase woƒe xɔse la me nyuie wu?
18 Ne wò dzixɔsewo na be nèwɔ tɔtrɔwo le wò agbenɔnɔ me la, ke dze agbagba nàse dziwòlawo ƒe nukpɔsusu me na wo. Adzɔ dzi na wo ne wò Biblia ƒe nufiafiawo sɔsrɔ̃ kple wɔwɔ ɖe wo dzi na nèva sia wo ɖa wu, nèɖoa to wo nyuie wu, eye nèléa fɔ ɖe nusi wòde asi wò be nàwɔ la wɔwɔ ŋu wu. Gake ne le wò xɔse yeyea ta nètsri dzixɔse kple kɔnu siwo woawo bua nu vevii la, awɔ na wo be nèle domenyinu aɖe si wodze agbagba be yewoatsɔ na wò la tsɔm le gbe ƒum. Ðewohĩ woanɔ vɔvɔ̃m ɖe nuwò ne nuto si me nèle me tɔwo mekpɔ ŋudzedze ɖe nusi wɔm nèle ŋu o alo ne ena wò susu meganɔa nusi wosusu be ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nu nadze edzi na wò le ŋutilã me ŋu o. Dada hã ate ŋu anye mɔxenu. Awɔ na wo be èdi be yeagblɔ na yewo be ye tɔe nye nyuia eye yewo tɔ nye gbegblẽa.
19 Eyata dze agbagba nàwɔ ɖoɖo dziwòlawo nakpe kple hamemegã alo Ðasefo tsitsi bubu siwo le miaƒe hamea me dometɔ aɖewo kaba alesi nàte ŋui. De dzi ƒo na dziwòlawo be woava Fiaɖuƒe Akpata me bene woawo ŋutɔ nase nusi wosrɔ̃na le afima eye woawo ŋutɔ nakpɔ amesiwo ƒomevi Yehowa Ðasefowo nye. Ate ŋu ava eme be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dziwòlawo afa. Ne dzilawo tsi tre ɖe ɖeviwo ŋu godogodo, tɔa dzo woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo, eye wogbe na wo be womegade Kristotɔwo ƒe kpekpewo o hã la, mɔnukpɔkpɔ nɔa anyi zi geɖe be woaxlẽ nu le teƒe bubuwo, woaƒo nu na wo hati Kristotɔwo, eye woaɖi vomeɖase na ame bubuwo ahakpe ɖe wo ŋu le vome. Àte ŋu ado gbe ɖa hã na Yehowa. Ehiã be ɖevi aɖewo nalala vaseɖe esime wotsi ʋu le ƒomea ƒe aƒeme hafi ate ŋu awɔ nusiwo gayi ŋgɔ wu ema. Gake nɔnɔme kae ɖale aƒea me o, mègaŋlɔ ‘toɖoɖo fofowò kple dawò’ be o. Wɔ tɔwò gome be ŋutifafa nanɔ aƒea me. (Romatɔwo 12:17, 18) Ƒo wo katã ta la, ti ŋutifafa me nɔnɔ kple Mawu yome.
DZILA VIXƆNYILA NYENYE ƑE AGBANƆAMEDZI SESẼ LA
20. Seselelãme kawoe ate ŋu anɔ ɖeviawo me ne wo fofo alo wo dada le vovo?
20 Le aƒe geɖe me la, menye subɔsubɔnyawo ŋue nusiwo hea kuxi sesẽtɔwo vɛ kuna ɖo o, ke boŋ dzila si ƒe viwo ɖeviawo nye ŋue. Dzila ɖeka alo wo ame evea siaa ƒe atikɔmeviwo le aƒe geɖe me egbea. Le ƒome mawo me la, ŋuʋaʋã kple dzikuléle ɖe dɔme alo ɖewohĩ dzila si ƒe gbe woase ŋuti nyaʋiʋliwo te ŋu nɔa ɖeviawo me. Esia awɔe be womatsɔ ɖeke le agbagba nyui ɖesiaɖe si dzila si xɔ wo le nyinyim adze be yeanye fofo alo dada nyui na wo la me o. Nukae ate ŋu akpe ɖe atikɔmeƒomewo ŋu be woakpɔ dzidzedze?
Èɖanye dzila ŋutɔŋutɔ alo dzila vixɔnyila o, ɖo ŋu ɖe mɔfiame si tso Biblia me ŋu
21. Togbɔ be dzila vixɔnyilawo ƒe nɔnɔmewo nye etɔxɛ hã la, nukatae wòle be woadi kpekpeɖeŋu le Biblia me gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ me?
21 Mide dzesii be togbɔ be miaƒe nɔnɔmea nye etɔxɛ hã la, Biblia ƒe gɔmeɖose siwo hea dzidzedzekpɔkpɔ vɛ na ƒome bubuwo la wɔa dɔ le ƒome siawo hã me. Awɔ abe ɖe gɔmeɖose mawo ŋudɔmawɔmawɔ le kuxiwo dzi ɖem kpɔtɔ ene gake emegbe ate ŋu ahe dzigbagbã vɛ bɔbɔe. (Psalmo 127:1; Lododowo 29:15) Tu nunya kple gɔmesese ɖo—nunya si ana nàtsɔ mawumegɔmeɖosewo awɔ dɔe eye viɖe siwo atso eme le etsɔme nanɔ susu me na wo, kple gɔmesese be nànya nusita ƒomea me tɔwo gblɔa nya aɖewo alo wɔa nanewo. Ehiã hã be nàtsɔ ɖokuiwò aɖo ame bubuwo teƒe.—Lododowo 16:21; 24:3; Petro I, 3:8.
22. Nukatae wòasesẽ na ɖeviwo be woalɔ̃ dzila si xɔ wo le nyinyim la ƒe nya?
22 Ne dzila si xɔ vi le nyinyimee nènye la, ɖewohĩ àɖo ŋku edzi be ɖewohĩ tsã ɖeviawo lɔ̃a wò nya esime nènye woƒe ƒomea xɔlɔ̃. Gake esi nèva zu wo xɔnyila la, ɖewohĩ woƒe nɔnɔme trɔ bubui. Ne ɖeviawo ɖo ŋku wo dzila si dzi wo dzi la, ʋiʋli aɖe anɔ edzi yim le wo me le amesi ŋu woaku ɖo la ŋuti, ɖewohĩ woanɔ esusum be ɖe nèdi be yeaɖe yewoƒe lɔlɔ̃ na yewo dzila si megale yewo gbɔ o la ɖa le yewo me. Ɣeaɖewoɣi hã woate ŋu agblɔe na wò amemabumabutɔe be menye wòe nye yewo tɔ alo yewo nɔ o. Nyagbɔgblɔ mawo vena ŋutɔ. Ke hã “wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o.” (Nyagblɔla 7:9) Nugɔmesese kple ɖokuiwò tsɔtsɔ ɖo ɖeviawo teƒe hiã be nàkpɔ nusi aʋã woƒe seselelãmewo la gbɔ.
23. Aleke woate ŋu akpɔ vihehenyawo gbɔ le atikɔmeƒomewo mee?
23 Nɔnɔme mawo hiã ale gbegbe wole to hem na wo. me. Tohehe si toa mɔ ɖeka hiã vevie. (Lododowo 6:20; 13:1) Eye esi ɖeviwo katã menye ame ɖeka ƒomevi o ta la, to si woahe na wo la ate ŋu ato vovo. Dzila vixɔnyila aɖewo kpɔe be anyo wu ne dzila si dzi wo ŋutɔŋutɔ dze vihehe ƒe akpa sia gɔme, ne mede ɖeke o la, le gɔmedzedzea me ya teti. Gake ele vevie be dzila eveawo nalɔ̃ ɖe tohehea dzi eye woalé eme ɖe asi, womade woawo ŋutɔ tɔ dzidzia dzi eye woate asi ɖe ŋku dzi na atikɔmea o. (Lododowo 24:23) Toɖoɖo le vevie, gake ele be miaɖe mɔ ɖe blibomademade nuwɔnawo ŋu. Migawɔ nu wòagbɔ eme o. Lɔlɔ̃ nenɔ miaƒe tohehe me.—Kolosetɔwo 3:21.
24. Nukae woate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo dome agbenɔnɔkuxiwo nu le atikɔmeƒomewo me?
24 Ƒome numedzodzrowo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu ŋutɔ le mɔxexe ɖe kuxiwo nu me. Woate ŋu akpe ɖe ƒomea ŋu be woƒe susu nanɔ nusiwo nye vevitɔwo wu le agbe me dzi. (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 1:9-11.) Woate ŋu akpe ɖe amesiame ŋu be wòakpɔ alesi wòate ŋu awɔ eƒe akpa dzii bene woaɖo ƒome taɖodzinuwo gbɔ hã. Gakpe ɖe eŋu la, ƒome numedzodzro siwo me wometsyɔa nu nyawo dzi le o ate ŋu axe mɔ na agbenɔnɔŋutikuxiwo. Ehiã be nyɔnuviwo nase alesi woado awu kple alesi woalé wo ɖokuii le wo fofo si xɔ wo le nyinyim alo wo tɔvi ŋutsuviwo gbɔ gɔme, eye ehiã be woaxlɔ̃ nu ŋutsuviwo le agbenɔnɔ si sɔ ɖe wo nɔ si xɔ wo le nyinyim alo wo nɔvinyɔnu bubu siwo wo kple wo menye nɔdzidziwo o ŋu la ŋuti.—Tesalonikatɔwo I, 4:3-8.
25. Nɔnɔme kawoe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be ŋutifafa naxɔ aƒe ɖe atikɔmeƒomewo me?
25 Esime nèle agbagba dzem be yeakpɔ vixɔxɔnyikuxiwo gbɔ la, xɔ dzigbɔɖi. Exɔa ɣeyiɣi hafi ƒomedodo yeyewo te ŋu ɖoa ame dome. Mele bɔbɔe kura be nàna lɔlɔ̃ naɖo mia kple ɖevi si menye wòe dzii o dome eye be woabu wò o. Gake ete ŋu ɖoa ame dome. Dzi nyanu kple dzi senugɔme, tsɔ kpe ɖe didi vevie be yeadze Yehowa ŋu, ye nye nu vevi si hea ŋutifafa vaa atikɔmeƒomewo mee. (Lododowo 16:20) Nɔnɔme mawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxi bubuwo hã gbɔ.
ÐE ŊUTILÃMENUWO DIDI MÃ WÒ ƑOMEA MEA?
26. Aleke ŋutilãmenuwo ŋuti kuxiwo kple nɔnɔme siwo woɖena fiana ɖe wo ŋu ate ŋu amã ƒomewo mee?
26 Ŋutilãmenuwo ŋuti kuxiwo kple ame ƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu ate ŋu amã ƒomewo me le mɔ geɖe nu. Nublanuitɔe la, ga ŋuti nyahehewo kple didi be woazu kesinɔtɔ—alo be woagakpɔ kesinɔnu vie akpee—mã ƒome aɖewo me. Mamãwo ate ŋu ado mo ɖa ne ŋutsua kple nyɔnua wɔa dɔ eye nɔnɔme si nye “nye gae nye si, wò hã tɔwòe nye ekem” le wo me. Ne mezua dzre o hã la, ne wo ame evea le dɔ wɔm la, woakpɔ be yewoƒe dɔwɔɖoɖowo mena be yewogakpɔa vovo ɖe yewo nɔewo ŋu o. Nɔnɔme si va le bɔbɔm ɖe xexeamee nye be fofowo dzona le woƒe ƒomewo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe—ɣletiwo alo ƒewo kura gɔ̃ hã—ɖoa ga si womate ŋu akpɔ le aƒe o la ƒe gbe. Kuxi sesẽwo ate ŋu atso nuwɔna sia me.
27. Gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe ƒome siwo ganyawo ɖea fu na ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?
27 Míate ŋu awɔ se aɖeke ɖe alesi woakpɔ nya siawo gbɔe gbɔe siawo ŋu o, elabena ƒomewo ƒe kuxiwo kple nuhiahiãwo le vovovo. Ke hã Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 13:10 fia be ‘nyawo léle kpɔ kple ame nɔewo’ ate ŋu akpe ɖe ame ŋu woaxe mɔ ɖe nyahehe dzodzrowo nu ɣeaɖewoɣi. Esia menye ame ŋutɔ ƒe susuwo gbɔgblɔ ko o ke boŋ be woaxɔ ame nɔvi ƒe aɖaŋuɖoɖo eye woase nusi eya hã susu le nya la ŋu. Hekpe ɖe eŋu la, gaŋutiɖoɖo si sɔ wɔwɔ ate ŋu ahe ɖekawɔwɔ va agbagba si dzem ƒomea le me. Ɣeaɖewoɣi ehiãna be ŋutsua kple nyɔnua siaa nawɔ dɔ—ɖewohĩ va de asi na ɣeyiɣi aɖe teti—be woatsɔ akpɔ gazazã bubuwo gbɔe, vevietɔ ne ɖeviwo alo ame bubuwo le woƒe dzikpɔkpɔ te. Ne edzɔ alea la, srɔ̃ŋutsua ate ŋu agaka ɖe edzi na srɔ̃a be yekpɔ vovo ɖe eŋu. Wo kple ɖeviawo woate ŋu ade asi dɔ aɖewo siwo le ɖoɖoa nu wòle be nyɔnua ɖeɖe nawɔ la me nɛ.—Filipitɔwo 2:1-4.
28. Wɔwɔ ɖe ŋkuɖodzinya kawo dzie akpe ɖe ƒomea ŋu be woaɖo taɖodzinu si nye ɖekawɔwɔ gbɔ?
28 Gake ɖo ŋku edzi togbɔ ga hiã le nuɖoanyi sia me hã la, mehea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ o. Ðikekemanɔmee la, menaa agbe ame o. (Nyagblɔla 7:12) Le nyateƒe me la, dzitsitsi vivivo ɖe ŋutilãmenuwo ŋu ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu le gbɔgbɔ me kple agbenyuinɔnɔ gome. (Timoteo I, 6:9-12) Aleke gbegbe wòanyo wue nye si be míadi Mawu Fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye míaka ɖe edzi be ayra ɖe míaƒe agbagbadzedze be míakpɔ agbemenuhiahiãwo la dzi! (Mateo 6:25-33; Hebritɔwo 13:5) Ne mieda gbɔgbɔmenuwo ɖe nɔƒe gbãtɔ eye mieti ŋutifafa me nɔnɔ kple Mawu yome gbãgbiagbã la, miakpɔe be togbɔ be ɖewohĩ nanewo mã miaƒe ƒomea me hã la, azu ƒome si wɔ ɖeka le mɔ siwo le vevie wu nu.
-
-
Àte Ŋu Aɖu Kuxi Siwo Gblẽa Nu le Ƒome Ŋu DziNusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
-
-
TA WUIEVE
Àte Ŋu Aɖu Kuxi Siwo Gblẽa Nu le Ƒome Ŋu Dzi
1. Kuxi siwo womeʋu goe o kawoe le ƒome aɖewo me?
ÐEKO woklɔ ʋu xoxo la, si nu nɛ vɔ koe nye sia. Ele dzo dam mlamlamla na amesiwo tso eme va yina eye wòdze ʋu yeyee na wo. Gake le aŋɔsisia te la, ɣebia ƒe nugbegblẽ vivivi le ʋua ƒe gakpowo ɖum. Nusia tɔgbe ke dzɔna le ƒome aɖewo me. Togbɔ be le gotagome adze abe ɖe nusianu le edzi yim nyuie ene hã la, vɔvɔ̃ kple vevesese ate ŋu abe ɖe nukomowo te. Le aƒea me ŋutɔŋutɔ le egodotɔwo ƒe manyamanya me la, nusiwo gblẽa nu vivivi la nɔa ƒomea ƒe ŋutifafa me gblẽm. Kuxi siwo ate ŋu agblẽ nu alea dometɔ evee nye ahatsunono kple ŋutasesẽnuwɔwɔ.
NUSI AHATSUNONO GBLẼNA
2. (a) Nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu le ahanono ŋu? (b) Nukae ahanomunɔtɔnyenye fia?
2 Biblia mede se ɖe ahanono ɖe ŋku ŋu nu o, gake edee ɖe ahamumu nu. (Lododowo 23:20, 21; Korintotɔwo I, 6:9, 10; Timoteo I, 5:23; Tito 2:2, 3) Gake be woanye ahanomunɔtɔ la yi ŋgɔ wu ahamumu ko; enye ahanono ŋu bubu ɣesiaɣi kple ɖokuidzimateŋuɖu le enono me. Ahanomunɔtɔwo ate ŋu anye ame tsitsiwo. Nublanuitɔe la, woate ŋu anye ɖeviwo hã.
3, 4. Ƒo nu tso nusiwo ahatsunono gblẽna le ahanomunɔtɔwo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu la ŋuti.
3 Tso gbaɖegbe ke la, Biblia fia be ahanono ɖe madzemadze dzi ate ŋu agblẽ ƒome ƒe ŋutifafa me. (Mose V, 21:18-21) Ahatsunono gblẽa nu le ƒome bliboa katã ŋu abe ɣebia ƒe gakpo ɖuɖu vivivi ene. Ahanomunɔtɔa srɔ̃ ƒe susu katã anɔ alesi tututu wòawɔ wòadzudzɔ ahaa nono alo alesi wòanɔ te ɖe eƒe nɔnɔme si te ŋu trɔna kpata zi ɖeka la nu ŋu.a Nyɔnua adze agbagba atsɔ ahaa aɣla, alo atsɔe aƒu gbe, atsɔ eƒe ga aɣla, eye wòaɖe kuku nɛ be wòabu eƒe lɔlɔ̃ na ƒomea, eya ŋutɔ ƒe agbe, kple kura gɔ̃ hã Mawu ŋu—gake enono dzi koe ahanomunɔtɔa anɔ. Ne nyɔnua dze agbagba ʋuu be yeana wòaɖe eƒe ahanonoa dzi akpɔtɔ do kpoe la, etɔtɔna eye wòwɔna nɛ be naneke meli yeate ŋu awɔ le eŋu o. Vɔvɔ̃, dziku, fɔbubuameɖokui, mavomavotsitsi, dzodzodzoetsitsi, kple bubumademadeameɖokuiŋu ava nɔ fu ɖem nɛ.
4 Ðeviwo hã ŋu mefa tso wo dzila ƒe ahatsunonoa ƒe nugbegblẽwo me o. Woƒoa wo dometɔ aɖewo kutɔkutɔe. Wodɔa bubuwo gbɔ. Woate ŋu abu fɔ wo ɖokui gɔ̃ hã ɖe wo dzila la ƒe ahatsunonoa ta. Zi geɖe la, alesi ahanomunɔtɔa ƒe nɔnɔme te ŋu trɔna kabakaba naa womegate ŋu kana ɖe ame bubuwo dzi o. Gake esi ɖeviawo mete ŋu ɖea dzi ɖi gblɔa nusi le dzɔdzɔm le aƒea me o ta la, wote ŋu va zia woƒe seselelãmewo dzi ɖe wo ɖokui me, eye zi geɖe la, esia gblẽa nu le woƒe lãmesẽ ŋu. (Lododowo 17:22) Kakaɖedzimanɔamesi alo bubumademadeameɖokuiŋu sia tsia ɖevi siawo si wotsɔna tsinae.
NUKAE ƑOMEA ATE ŊU AWƆ?
5. Aleke woate ŋu atrɔ asi le ahatsunono ŋui, eye nukatae wònye nu sesẽ?
5 Togbɔ be eŋunyala geɖe gblɔna be womate ŋu ada ahanomunɔtɔwo ƒe ahatsunono na wo o hã la, wo dometɔ akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be woate ŋu atrɔ asi le eŋu wòaka ɖe eme vie ne wowɔ ɖe etsitsri kura ƒe ɖoɖo dzi. (Tsɔe sɔ kple Mateo 5:29.) Gake gbɔgblɔ be woakpe ɖe ahanomunɔtɔa ŋu mesesẽ o, ewɔwɔe nye nya la, elabena zi geɖe la, melɔ̃na ɖe edzi be nane le fu ɖem na ye o. Ke hã ne ƒomea me tɔwo tso wɔ nane tso alesi ahatsunonoa le nu gblẽm le wo ŋui ŋuti la, ahanomunɔtɔa ate ŋu ava kpɔe dze sii be nane le fu ɖem na ye. Ðɔkta aɖe si kpɔ nuteƒe le kpekpe ɖe ahanomunɔtɔwo kple woƒe ƒomewo ŋu me gblɔ be: “Mesusu be nu vevitɔe nye be ƒomea me tɔwo nayi woƒe gbesiagbedɔwo dzi le mɔ si aɖe vi na wo wu nu. Ahanomunɔtɔa va nɔa dzesi dem vovototo gã si le eya kple ƒomea me tɔ susɔeawo dome la ɖe edzi.”
6. Afikae ƒome siwo me ahanomunɔtɔ le ate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuitɔwo kekeake le?
6 Ne ame aɖe nye ahanomunɔtɔ le miaƒe ƒomea me la, Biblia ƒe nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me ate ŋu akpe ɖe mia ŋu be mianɔ agbe le mɔ nyuitɔ kekeake si aɖe vi na mi wu nu. (Yesaya 48:17; Timoteo II, 3:16, 17) Mibu gɔmeɖose aɖewo siwo kpe ɖe ƒomewo ŋu be wokpɔ ahatsunonokuxia gbɔ dzidzedzetɔe la ŋu kpɔ.
7. Ne ƒomea me tɔ aɖe nye ahanomunɔtɔ la, ameka ƒe vodadae?
7 Midzudzɔ fɔbubua katã xɔxɔ ƒu akɔ. Biblia gblɔ be: “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba,” eye, “mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Galatiatɔwo 6:5; Romatɔwo 14:12) Ahanomunɔtɔa adi be yeana wòawɔ na ƒomea me tɔwo be woawoe na. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu agblɔ be: “Ðe mielé be nam la, anye ne nyemanɔ aha nom o.” Ne edze be ame bubuwo lɔ̃ ɖe edzi nɛ la, ke wole dzi dem ƒo nɛ be neyi enono dzi. Gake ne nɔnɔmewo alo ame bubuwo le nu gblẽm le mía ŋu la, mía dometɔ ɖesiaɖe dzie nusi míewɔna ƒe agba le—ahanomunɔtɔwo hã le eme.—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 2:12.
8. Mɔ siwo nu woate ŋu akpe ɖe ahanomunɔtɔ ŋu le be wòadze ŋgɔ nusiwo eƒe kuxia he vɛ dometɔ aɖewo ɖe?
8 Megawɔ na mi be ele be yewoaxe mɔ ɖe nusiwo ahanomunɔtɔa ƒe ahatsunonoa gblẽna nu ɣesiaɣi o. Lo aɖe si Biblia do le amesi dzi kuna helĩhelĩ ŋu la sɔ na ahanomunɔtɔ hã, be: “Ne èbe, yeaxɔ nɛ la, ɖeko [nànɔ xɔxɔ nɛ dzi ɖaa, NW].” (Lododowo 19:19) Mina ahanomunɔtɔa nakpɔ nusiwo eƒe ahanonoa gblẽna. Mina eya ŋutɔ nadzra teƒe siwo wògblẽ la ɖo alo aƒo ka na eƒe dɔtɔ gbesigbe wògamui ƒe ŋufɔke.
Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu anye kpekpeɖeŋutsoƒe vevi aɖe si akpe ɖe ame ŋu wòakpɔ ƒomekuxiwo gbɔ
9, 10. Nukatae wòle be ahanomunɔtɔwo ƒe ƒomewo nalɔ̃ woakpe ɖe wo ŋu, eye amekawo ƒe kpekpeɖeŋu koŋ ye wòle be woadi?
9 Mixɔ kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ. Lododowo 17:17 gblɔ be: ‘Xɔlɔ̃ vavãtɔ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le xaxaɣi.’ Ne ame aɖe nye ahanomunɔtɔ le miaƒe ƒomea me la, ke miele xaxa me. Miehiã kpekpeɖeŋu. Migahe ɖe megbe le ‘xɔlɔ̃ vavãwo’ ƒe kpekpeɖeŋu biabia me o. (Lododowo 18:24) Nuƒoƒo na ame bubu siwo se kuxia gɔme alo to nɔnɔme ma tɔgbe me kpɔ la ate ŋu ana miase nusi wòle be miawɔ kple nusi mele be miawɔ o ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuiwo. Gake mida sɔ. Miɖo dze tso eŋu na amesiwo dzi mieka ɖo, amesiwo aɣla miaƒe “nya ɣaɣla” na mi.—Lododowo 11:13.
10 Misrɔ̃ alesi miaka ɖe Kristotɔ hamemegãwo dzii. Hamemegã siwo le Kristo-hamea me ate ŋu anye kpekpeɖeŋutsoƒe vevi aɖe na mi. Wotsɔ Mawu ƒe Nya la ŋutsu tsitsi siawoe eye wokpɔ nuteƒe le etsɔtsɔ wɔ dɔe me. Woate ŋu anɔ abe “sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.” (Yesaya 32:2) Menye hame bliboa ta koe Kristotɔ hamemegãwo kpɔna tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me o, ke wofaa akɔ na amesiwo ŋu kuxiwo le hã, wodoa ŋusẽ wo, eye wotsɔa ɖe le eme na wo. Mina woƒe kpekpeɖeŋua naɖe vi na mi bliboe.
11, 12. Amekae naa kpekpeɖeŋu gãtɔ kekeake ahanomunɔtɔwo ƒe ƒomewo, eye aleke wònaa kpekpeɖeŋu mae?
11 Ƒo wo katã ta la, mixɔ ŋusẽdodo tso Yehowa gbɔ. Biblia tsɔ vividodoɖeameŋu ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Psalmo 34:19) Ne ewɔ na mi be miaƒe dzi gbã gudugudu eye woƒo miaƒe gbɔgbɔ ƒu anyi le fukpekpe siwo le ƒometɔ si nye ahanomunɔtɔ gbɔ nɔnɔ me ta la, minyae be ‘Yehowa tsɔ ɖe mia gbɔ.’ Ese alesi nuwo sesẽe le miaƒe ƒomea me la me.—Petro I, 5:6, 7.
12 Nusi Yehowa gblɔ le eƒe Nya la me dzixɔxɔse ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miadze ŋgɔ dzodzodzoetsitsi. (Psalmo 130:3, 4; Mateo 6:25-34; Yohanes I, 3:19, 20) Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple agbenɔnɔ ɖe eƒe gɔmeɖosewo nu akpe ɖe mia ŋu be miaxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, si ate ŋu ado ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu’ la mi be mianɔ te ɖe wo nu gbesiagbe, la ƒe kpekpeɖeŋu.—Korintotɔwo II, 4:7.b
13. Kuxi kae nye evelia si gblẽa nu le ƒome geɖe ŋu?
13 Ahatsunono ate ŋu ahe kuxi bubu si gblẽa nu le ƒome ŋu vɛ—ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme.
NUSI ŊUTASESẼNUWƆWƆ LE AƑEME GBLẼNA
14. Ɣekaɣie ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme dze egɔme, eye aleke wòle egbea?
14 Ŋutasesẽnu gbãtɔ si wowɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me nye ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme si ku ɖe nɔviŋutsu eve siwo nye Kain kple Abel ŋu. (Mose I, 4:8) Tso ɣemaɣi ke va de asi na fifia la, ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme ƒomevi vovovo gblẽ nu le ameƒomea ŋu. Ŋutsu siwo ƒoa wo srɔ̃wo kutɔkutɔe, nyɔnu siwo xlãa nu ɖe wo ɖe srɔ̃ŋutsuwo, dzila siwo tsɔa tagbɔsesẽ ƒoa wo vi suewo, kple vi tsitsi siwo tua nu kple wo dzila siwo zu ame tsitsiwo va li.
15. Aleke ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme gblẽa nu le ƒomea me tɔwo ƒe seselelãme ŋui?
15 Ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme ƒe nugblẽƒe yi ŋgɔ boo wu abi kuku teƒewo ko. Nyɔnu aɖe si srɔ̃a ƒona vevie la gblɔ be: “Fɔbubuameɖokui kple ŋukpe gã aɖe léa ame. Zi geɖe le ŋdi me la, ɖeko wòadzro wò be yeatsi aba dzi, eye wòawɔ na wò be manye drɔ̃e baɖa aɖee yeku dzro o.” Ðevi siwo kpɔa aƒeme ŋutasesẽnuwo teƒe alo wowɔnɛ ɖe wo ŋu la ŋutɔ ate ŋu ava zu ŋutasẽlawo le woƒe tsitsime ne ƒome ɖo wo si.
16, 17. Nukae nye ŋutasesẽnuwɔwɔ ɖe ame ƒe seselelãme ŋu, eye aleke wògblẽa nu le ƒomea me tɔwo ŋui?
16 Menye ƒoƒo ko dzie ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme se ɖo o. Zi geɖe la, dzudzue ŋutasesẽnua nyena. Lododowo 12:18 gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene.” Aƒeme “yitɔame” mawo ƒe ɖewoe nye ahamaŋkɔwo yɔyɔ na ame kple bublu ɖe ame ta, kpakple nyahehe ɖe ame ŋu atraɖii, dzu vevee dzudzu na ame, kple ŋɔdzidodoname. Ŋutasesẽnuwɔwɔ ɖe ame ƒeseselelãme ŋu medzena wokpɔna o eye zi geɖe la, ame bubuwo menyaa naneke le eŋu o.
17 Esi wɔ nublanui ŋutɔe nye nusi agblẽ nu le ɖevi ƒe seselelãme ŋu vevie wɔwɔ ɖe eŋu—nyahehe ɖe ɖevia ŋu kple gbɔɖiɖi eƒe ŋutete, nunya, alo eƒe asixɔxɔ ɣesiaɣi. Ðevi dzudzu alea ate ŋu ana magaka ɖe eɖokui dzi o. Nyateƒee, ɖevi ɖesiaɖe hiã hehe. Gake Biblia gblɔ na vifofowo be: “Migado dziku na mia viwo, bene dzika natso wo ƒo o.”—Kolosetɔwo 3:21.
MƆXEXE ÐE AƑEME ŊUTASESẼNUWƆWƆ NU
Kristotɔ srɔ̃tɔ siwo lɔ̃a wo nɔewo hedea bubu wo nɔewo ŋu la atso kpla akpɔ kuxiwo gbɔ
18. Afikae aƒeme ŋutasesẽnu dzea egɔme tsonɛ, eye nukae Biblia fia be eyae nye mɔ si dzi woato adzudzɔ ewɔwɔ?
18 Dzi kple susu mee aƒeme ŋutasesẽnuwo wɔwɔ dzea egɔme tsonɛ; alesi míewɔa nui dzea egɔme tsoa alesi míebua tamee dzi. (Yakobo 1:14, 15) Bene ŋutasẽla nadzudzɔ ŋutasesẽ la, ele be wòatrɔ eƒe susu. (Romatɔwo 12:2) Anya wɔa? Ẽ. Ŋusẽ le Mawu ƒe Nya la ŋu be wòatrɔ amewo. Ate ŋu aho nukpɔsusu gblẽnu ‘siwo ƒo ke ɖe to sesĩe’ gɔ̃ hã le ame me. (Korintotɔwo II, 10:4; Hebritɔwo 4:12) Biblia me sidzedze vavãtɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatrɔ alesi míebua tamee ale gbegbe be woagblɔ le mía ŋu be míedo amenyenye yeye.—Efesotɔwo 4:22-24; Kolosetɔwo 3:8-10.
19. Aleke wòle be Kristotɔ nabu srɔ̃a eye wòawɔ nu ɖe eŋui?
19 Alesi nèbua srɔ̃wòe. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “[Ele] na ŋutsuwo be woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃a la, elɔ̃a eɖokui.” (Efesotɔwo 5:28) Biblia gagblɔ be ŋutsu ‘nade bubu srɔ̃a ŋu abe amesi nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ ene.’ (Petro I, 3:7) Woxlɔ̃ nu nyɔnuwo be ‘woalɔ̃ wo srɔ̃wo’ eye ‘woasi wo ɖa.’ (Tito 2:4; Efesotɔwo 5:33) Ðikekemanɔmee la, ŋutsu mawuvɔ̃la aɖeke mate ŋu ato anukware be yedea bubu ye srɔ̃ ŋu le nyateƒe me ne eƒoa nyɔnua alo dzunɛ o. Eye nyɔnu si doa ɣli ɖe srɔ̃a ta alo gblɔa amedaɖeanyinya nɛ, alo nyrana ɖee ɣesiaɣi la mate ŋu agblɔ be yelɔ̃ ŋutsua eye yedea bubu eŋu o.
20. Amekae dzilawo abu akɔnta na le wo viwo ŋu, eye nukata mele be dzilawo nadi nusi kɔkɔ wu wo viwo ƒe ŋutete tso wo si o?
20 Nukpɔsusu si da sɔ le ɖeviwo ŋu. Ðeviwo dze na wo dzilawo ƒe lɔlɔ̃ kple ŋkuléleɖeŋu, ẽ, wohiã wo. Mawu ƒe Nya la yɔ ɖeviwo be wonye “domenyinu tso Yehowa gbɔ” kple “fetu.” (Psalmo 127:3) Yehowa abia beléle na domenyinu ma ƒe akɔnta le dzilawo si. Biblia ƒo nu tso “ɖevimenuwo” kple ɖevimenɔnɔ ƒe “bometsitsi” ŋu. (Korintotɔwo I, 13:11; Lododowo 22:15) Mele be newɔ nuku na dzilawo ne wokpɔ bometsinuwo le wo viwo ŋu o. Menye ame tsitsie ɖevi dzaawo nye o. Mele be dzilawo nadi nu geɖe wu esi sɔ na ƒe si ɖevi xɔ, ƒome si me wòtso ƒe nɔnɔmewo, kple eƒe ŋutete tso esi o.—Kpɔ Mose I, 33:12-14.
21. Nukae nye mawuvɔvɔ̃ me nukpɔsusu le alesi woabu dzila tsitsiwo kple nuwɔwɔ ɖe wo ŋu ŋuti?
21 Alesi woabu dzila tsitsiwoe. Mose III, 19:32 gblɔ be: “Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la.” Eyata Mawu ƒe Se la de dzi ƒo be woabu ame tsitsiwo eye woade asixɔxɔ gã wo ŋu. Esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe ne dzila tsitsi la ɖea fu na ame alo ne ezu dɔnɔ eye ɖewohĩ eƒe azɔli kple tamebubu nɔa dɔ̃ o. Togbɔ be anɔ nenema hã la, woɖo ŋku edzi na ɖeviwo be “woaɖo eteƒe na wo dzilawo.” (Timoteo I, 5:4) Afia be woawɔ nu ɖe wo ŋu le asixɔxɔdedeameŋu kple bubu mɔ nu, eye ɖewohĩ woana gakpekpeɖeŋu gɔ̃ hã wo. Fufiafia ame dzila tsitsiwo alo nuƒododo na wo le mɔ bubuwo nu tsi tre ɖe alesi Biblia gblɔ na mí be míawɔ nu ɖe wo ŋui ŋu kura.
22. Nukae nye nɔnɔme vevi aɖe si akpe ɖe ame ŋu be woaɖu ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme dzi, eye aleke woate ŋu aɖee fiae?
22 Srɔ̃ ɖokuidziɖuɖu. Lododowo 29:11 gblɔ be: “Bometsila dudua eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi; ke nunyala [faa] enu.” Aleke nàwɔ aɖu wò gbɔgbɔ dzi? Le nana be nuteɖeamedziwo nadzi ɖe edzi ayɔ mewò teƒe la, tso nàkpɔ kuxi siwo do mo ɖa gbɔ kaba. (Efesotɔwo 4:26, 27) Dzo le afisi nya la dzɔ le ne èkpɔ be yeƒe dzi di be yeaho. Do gbe ɖa nàbia be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nàtse ɖokuidziɖuɖɖu ƒe ku la. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Tsotso aɖaɖi tsa vie alo dɔ aɖe wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò naɖu wò seselelãmewo dzi. (Lododowo 17:14, 27) Dze agbagba be ‘nu meganɔ dzi kum na wò kabakaba o.’—Lododowo 14:29.
MÍAKLÃA ALO MÍANƆ MÍA NƆEWO GBƆ?
23. Nukae ate ŋu adzɔ ne Kristo-hamea me tɔ aɖe wɔa nu le dɔmedzoe me zi geɖe, ɖewohĩ wòƒoa eƒe ƒomea hã, hegbe dzimetɔtrɔ?
23 Biblia yɔ “kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, . . . dɔmedzoedodowo” de dɔwɔwɔ siwo ŋu Mawu tsi tre ɖo la dome eye wògblɔ be “amesiwo wɔ ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Galatiatɔwo 5:19-21) Eyata woate ŋu aɖe amesi gblɔna be Kristotɔe yenye evɔ wòlɔ̃a dɔmedzoe tsɔtsɔ wɔ nui hegbea dzimetɔtrɔ, ɖewohĩ wòƒoa srɔ̃a alo viawo hã, la le Kristo-hamea me. (Tsɔe sɔ kple Yohanes II, 9, 10.) Esia wɔwɔ ana tagbɔsẽlawo manɔ hamea me o.—Korintotɔwo I, 5:6, 7; Galatiatɔwo 5:9.
24. (a) Nukae amesiwo wo srɔ̃wo ƒona ate ŋu atso nya me be yewoawɔ? (b) Aleke xɔlɔ̃ kple hamemegã fafanamelawo ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔ si ŋu wosẽa ŋuta le ŋui, gake nukae mele be woawɔ o?
24 Ke Kristotɔ siwo srɔ̃wo tsɔ tagbɔsesẽ le wo ƒom fifia eye womefiaa tɔtrɔdzesi aɖeke o ɖe? Wo dometɔ aɖewo tiae be yewoanɔ yewo srɔ̃ tagbɔsesẽtɔa gbɔ ko le susu ɖeka eve aɖewo ta. Bubuwo tiae be yewoadzo, kple susu be yewoƒe ŋutilã, susu, kple gbɔgbɔ me lãmesẽ—ɖewohĩ yewoƒe agbe gɔ̃ hã—le afɔku me. Nusi amesi ŋu wole ŋuta sem le le aƒeme ɖo be yeawɔ le nɔnɔme siawo me nye amea ŋutɔ ƒe nyametsotso le Yehowa gbɔ. (Korintotɔwo I, 7:10, 11) Xɔlɔ̃, ƒometɔ, alo Kristotɔ hamemegã fafanamelawo adi be yewoana kpekpeɖeŋu ahaɖo aɖaŋu, gake mele be woazi amea dzi be wòaɖe afɔ si alo ekeme o. Enye ŋutsua alo nyɔnua ŋutɔ ƒe nyametsotso.—Romatɔwo 14:4; Galatiatɔwo 6:5.
KUXI GBLẼNUWO ƑE NUWUWU
25. Tame kae Yehowa ɖo ɖe ƒomea ŋu?
25 Esime Yehowa te Adam kple Xawa ƒo ƒui le srɔ̃ɖeɖe me la, menye eƒe tameɖoɖo gbeɖe be kuxi siwo gblẽa nu abe ahatsunono alo ŋutasesẽnuwɔwɔ ene nanɔ nu gblẽm le eŋu o. (Efesotɔwo 3:14, 15) Ðe wòɖoe be ƒomea nanye afisi lɔlɔ̃ kple ŋutifafa naxɔ aƒe ɖo, eye woakpɔ amesiame ƒe susu, seselelãme, kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Gake le nuvɔ̃medzedze vɔ megbe la, mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi ƒomegbenɔnɔ trɔ gbo o.—Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 8:9.
26. Etsɔme kae li na amesiwo dzea agbagba nɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu?
26 Dzidzɔtɔe la, Yehowa meɖe asi le tame si wòɖo ɖe ƒomea ŋu la ŋu o. Edo ŋugbe be yeahe ŋutifafaxexe yeye si me amewo “[anɔ] anyi aɖe dzi ɖi, ame aɖeke mado voɖi na wo o” vɛ. (Xezekiel 34:28) Ɣemaɣi ahatsunono, ŋutasesẽnuwɔwɔ le aƒeme, kple kuxi bubu siwo gblẽa nu le ƒomewo ŋu egbea la azu gbaɖegbenyawo. Ne amewo ko nu la, “ŋutifafa gbogbo” si me wole tae, ke menye ɖe wole ekom tsɔ le vɔvɔ̃ alo fukpekpe dzi tsyɔmee o.—Psalmo 37:11.
a Togbɔ be ŋutsue míezã na ahanomunɔtɔ hã la, gɔmeɖose siwo le afisia la wɔa dɔ ne nyɔnue ahanomunɔtɔa nye.
b Le dukɔ aɖewo me la, dɔdaƒewo, kɔdziwo, kple hehenanaɖoɖo siwo ŋu wotrɔ asi le koŋ be woatsɔ akpe ɖe ahanomunɔtɔwo kple woƒe ƒomewo ŋu li. Enye nusi ŋu amewo ŋutɔ natso nya me le be yewoadi kpekpeɖeŋu siawo alo yewomadii o. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa medaa asi ɖe dɔdadamɔnu si alo ekeme dzi o. Gake ŋuɖɔɖɔɖo hiã bene womagawɔ nusiwo anye dada le Ŋɔŋlɔawo dzi le kpekpeɖeŋu sia didi me o.
-
-
Ne Srɔ̃ɖeɖe Me Di be YeagblẽNusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
-
-
TA WUIETƆ̃
Ne Srɔ̃ɖeɖe Me Di be Yeagblẽ
1, 2. Ne srɔ̃ɖeɖe va ɖo xaxa me la, nya kae wòle be woabia?
LE ƑE 1988 me la, Italia-nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lucia lé blanui ŋutɔ.a Eƒe srɔ̃ɖeɖe me nɔ gbegblẽm esi woɖe wo nɔewo ƒe ewo megbe. Edze agbagba zi geɖe be ye kple ye srɔ̃ yewoadzra yewo nɔewo dome ɖo, gake ɖeko wòglo. Eyata eʋu le atsuƒea le esi wo kple srɔ̃a womesɔ na wo nɔewo o ta eye fifia vianyɔnu eve nyinyi ƒe agba va dze eya ɖeɖe dzi. Esi Lucia ɖo ŋku ɣemaɣi dzi la, egblɔ be: “Meka ɖe edzi be naneke mate ŋu akpɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea ta o.”
2 Ne srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo le fu ɖem na wò la, ke Lucia ƒe kuxia gɔme anya se na wò. Ðewohĩ kuxiwo le wò srɔ̃ɖeɖea me eye ànɔ eŋu bum nenye be woagate ŋu akpɔ eta. Ne nenemae la, àkpɔ be anyo be yeabu nyabiase sia ŋu: Ðe mewɔ ɖe aɖaŋu nyui siwo katã Mawu ɖo le Biblia me siwo ana srɔ̃ɖeɖe nadze edzi la dzia?—Psalmo 119:105.
3. Togbɔ be srɔ̃gbegbe va bɔ hã la, nya kae wogblɔ le srɔ̃gbelawo kple woƒe ƒomewo ŋu?
3 Ne masɔmasɔ ɖo atsu kple asi dome tikãa la, awɔ na wo be nu bɔbɔetɔ si yewoawɔ koe nye be yewoagbe yewo nɔewo. Gake togbɔ be ƒomewo ƒe gbagbã dzi ɖe edzi nublanuitɔe le dukɔ geɖe me hã la, numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa fia be eva vea ŋutsu kple nyɔnu gbogbo aɖewo be yewogbe yewo nɔewo. Lãmegbegblẽ le ŋutilã kple susu me siaa ɖea fu na wo dometɔ geɖe, wu amesiwo lé woƒe srɔ̃ɖeɖe me ɖe asi. Tɔtɔ kple dzidzɔmakpɔmakpɔ si srɔ̃gbegbe nyena na ɖeviwo la nɔa anyi xɔa ƒe geɖe. Dzila siwo le ƒome siwo gbã me kple wo xɔlɔ̃wo hã kpea fu. Ke alesi Mawu, srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la, bua nya lae hã ɖe?
4. Aleke wòle be woakpɔ srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo gbɔe?
4 Abe alesi míekpɔe le ta siwo do ŋgɔ me ene la, ɖe Mawu ɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanye nubabla si anɔ anyi le ame ƒe agbemeŋkekewo katã me. (Mose I, 2:24) Ke nukatae srɔ̃ɖeɖe gbogbo aɖewo me gblẽna? Manye ŋkeke ɖeka kple eƒe zãdodo me koe wòadzɔ o. Zi geɖe la, dzesi siwo fiana be eme le gbegblẽm la dzena. Srɔ̃ɖeɖea me kuxi suesuewo ate ŋu anɔ sesẽm ɖe edzi vaseɖe esime wòawɔ abe ɖe womagate ŋu awɔ naneke le eŋuti o ene. Gake ne wozã Biblia tsɔ kpɔ kuxi siawo gbɔe enumake la, ate ŋu axe mɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe geɖe me ƒe gbegblẽ nu.
MIBU NUWO ŊU ABE ALESI TUTUTU WOLE ENE
5. Agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ kae wòle be woadze ŋgɔe le srɔ̃ɖeɖe ɖesiaɖe me?
5 Nane si hea kuxiwo vɛ ɣeaɖewoɣie nye srɔ̃tɔ ɖeka alo wo ame evea ƒe mɔkpɔkpɔ na nusiwo mele abe alesi wosusui ene o. Lɔlɔ̃gbalẽwo, magazine si ame geɖe xlẽna, television dzi wɔnawo, kple sinimawo ate ŋu anyɔ mɔkpɔkpɔ kple didi siwo mesɔ kple nusiwo dzɔna le agbe me ŋutɔŋutɔ kura o ɖe ame me. Ne didi siawo meva eme o la, ate ŋu awɔ na ame be ɖe woba ye, amea ƒe lãme nafa, eye wòate ɖe edzi vevie gɔ̃ hã. Gake aleke woawɔ be dzidzɔ nanɔ ame madeblibo eve ƒe srɔ̃ɖeɖe me? Ebia agbagbadzedze hafi srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze.
6. (a) Srɔ̃ɖeɖe ŋuti nukpɔsusu si da sɔ kae Biblia gblɔ? (b) Srɔ̃ɖeɖe ŋuti nukpɔsusu si da sɔ kae Biblia gblɔ? (b) Nukawoe nye nusiwo hea masɔmasɔ vaa srɔ̃ɖeɖe me dometɔ aɖewo?
6 Biblia ƒe nyawo wɔa dɔ. Elɔ̃ ɖe edzi be dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖe me, gake egana míenya hã be amesiwo ɖe srɔ̃ la “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (Korintotɔwo I, 7:28) Abe alesi míekpɔe va yi ene la, ame evea siaa nye blibomadelawo eye nuvɔ̃ le wo ŋu. Wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe tamesusu kple seselelãme ƒe nɔnɔme kpakple hehe si woxɔ le vovo. Ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃tɔwo melɔ̃na ɖe nu ɖeka dzi le ga, ɖeviwo, to kple lɔ̃xo ƒomeawo ŋu o. Vovomakpɔmakpɔ ɖe nuwo wɔwɔ ɖekae ŋu kple gbɔdɔdɔkuxiwo hã ate ŋu ahe dzre vɛ.b Be woakpɔ nya siawo gbɔ xɔa ɣeyiɣi, gake lé dzi ɖe ƒo! Srɔ̃tɔ akpa gãtɔ te ŋu nɔ te ɖe kuxi siawo nu eye wotrɔ asi le wo ŋu le mɔ si asɔ na wo ame evea nu.
MIƑO NU TSO MASƆMASƆWO ŊU
Mikpɔ miaƒe kuxiwo gbɔ kaba. Migana ɣe naɖoto ɖe miaƒe dziku o
7, 8. Ne dziku alo masɔmasɔ ɖo atsu kple asi dome la, aleke woakpɔ egbɔ wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nui?
7 Esesẽna na ame geɖe be woatsɔ tufafa aƒo nu tso nusiwo ve dɔme na wo, masɔmasɔwo, alo woawo ŋutɔ woƒe vodadawo ŋu. Le esi srɔ̃tɔ la nadze ŋgɔ nyaa agblɔ be: “Ewɔ nam be mèse eme nam o” teƒe la, ado dziku eye nusi wòagblɔ le kuxia ŋu ayi ŋgɔ wu alesi tututu wòle. Ame geɖe agblɔ be: “Tɔwò ko ƒe nyonyoe nèdina,” alo “Melɔ̃m o.” Esi ame evelia medi be yeahe nya o ta la, aɖe nu le eme kpoo.
8 Nu nyuitɔ si woawɔe nye be woawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi, be: “Mibi dzi, [ke hã, NW] migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.” (Efesotɔwo 4:26) Wobia atsu kple asi aɖe siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me dzidzɔ le le woƒe srɔ̃ɖeƒe 60 lia dzi be nukae na woƒe srɔ̃ɖeɖea te ŋu dze edzi hã. Ŋutsua gblɔ be: “Míesrɔ̃ alesi míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ godoo hafi amlɔ anyi, aleke ke woɖale sue o.”
9. (a) Nukae wogblɔ le Ŋɔŋlɔawo me be enye dzeɖoɖo ƒe akpa vevi aɖe? (b) Nukae wòle be srɔ̃tɔwo nanɔ wɔwɔm edziedzi, ne ebia dzideƒo kple ɖokuibɔbɔ hã?
9 Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu melɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi o la, ehiã be wo dometɔ ɖesiaɖe “naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.” (Yakobo 1:19) Ne woɖo to nyuie vɔ la, wo ame evea siaa akpɔe be ele be yewoaɖe kuku na yewo nɔewo. (Yakobo 5:16) Ebia ɖokuibɔbɔ kple dzideƒo be woagblɔ tso dzime be, “Ete ɖe dzinye be mewɔ nusi ve wò.” Gake ne wokpɔ kuxiwo gbɔ alea la, akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu ŋutɔ menye le alesi woakpɔ woƒe kuxiwo gbɔe ko me o ke boŋ ana vividodoɖeameŋu kple ƒomedodo kplikplikpli si ana dzi nadzɔ wo wu ne wole wo nɔewo gbɔ la natsi ɖe wo me.
SRƆ̃ÐENU LA NANA
10. Ametakpɔkpɔ kae Paulo kafu na Korinto Kristotɔwo si ate ŋu asɔ na Kristotɔwo egbea?
10 Esi apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Korintotɔwo la, ekafui be woaɖe srɔ̃ ‘le ahasiwɔwɔ ƒe bɔbɔ ta.’ (Korintotɔwo I, 7:2) Egbea xexeame gblẽ abe alesi blema Korinto nɔ ene, alo egblẽ wu gɔ̃ hã. Gbegblẽnya siwo xexeametɔwo gblɔna faa, awu madzegadzi siwo wodona, kple fieŋufieŋuinyɔɖeamemenya siwo dzena le magazinewo kple agbalẽwo me, le television dzi, kpakple le sinimawo me, wo katã woƒo ƒu nyɔa gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe dzodzro ɖe ame me. Apostolo Paulo gblɔ na Korintotɔ siwo hã nɔ nɔnɔme ma tɔgbe me be: “Srɔ̃ɖeɖe nyo wu fieŋufieŋu.”—Korintotɔwo I, 7:9.
11, 12. (a) Nuka ƒe fee srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nyi le wo nɔewo si, eye nɔnɔme ka mee wòle be woaxee le? (b) Aleke wòle be woakpɔ egbɔe ne wòhiã be woatɔ te srɔ̃nua nana sẽ gbɔ?
11 Eyata Biblia de se na Kristotɔ srɔ̃tɔwo be: “Srɔ̃ŋutsu netsɔ nusi nye srɔ̃anyɔnu tɔ si dze la nɛ; ke srɔ̃nyɔnu hã newɔ nenema ke na srɔ̃aŋutsu.” (Korintotɔwo I, 7:3, NW) De dzesii be nana dzie wote gbe ɖo—menye biabia dzie o. Ne ame evea siaa tsɔ ɖe le wo nɔewo ƒe nyonyo me ko hafi vivisese vavãtɔ tsoa srɔ̃tɔwo ƒe anyinɔnɔ kple wo nɔewo me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia de se na srɔ̃ŋutsuwo be woawɔ nu ɖe wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu “le nunya me.” (Petro I, 3:7) Srɔ̃nu la nana kple exɔxɔ me koŋ ye wòhiã le alea. Ne womewɔ nu ɖe srɔ̃nyɔnu ŋu le tufafa me o la, asesẽ nɛ ŋutɔ be wòase vivi na srɔ̃ɖeɖe ƒe akpa sia.
12 Ɣeyiɣi aɖewo anɔ anyi siwo me wòahiã le be srɔ̃tɔwo nate srɔ̃nua wo nɔewo. Le nyɔnua gome la, ate ŋu anye ne ɣeyiɣi aɖewo ɖo le dzinua me alo ne ɖeɖi te eŋu ale gbegbe. (Tsɔe sɔ kple Mose III, 18:19.) Le ŋutsua gome la, ate ŋu anye ne ele nya vevi aɖe gbɔ kpɔm le dɔ me eye ɖeɖi te eŋu le seselelãme gome. Mɔ nyuitɔ si nu woakpɔ tetɔtɔ srɔ̃nua sẽ gbɔ le enye be wo ame evea naƒo nu tso eŋu eye woalɔ̃ ɖe edzi le esi ‘wòsɔ na wo’ ta. (Korintotɔwo I, 7:5) Esia ana wo dometɔ aɖeke matso asusu nusi mesɔ o agblɔ o. Gake ne srɔ̃nyɔnu la ɖonɛ tenɛ srɔ̃a alo srɔ̃ŋutsu gbea srɔ̃nua nana le lɔlɔ̃mɔ nu la, ate ŋu ahe akpa evelia ade tetekpɔ me. Ne edzɔ nenema la, kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa le srɔ̃ɖeɖea me.
13. Aleke Kristotɔwo ate ŋu adze agbagba woƒe tamebubu nanɔ dzadzɛ?
13 Abe Kristotɔwo katã ene la, ele be srɔ̃tɔ Mawu subɔlawo natsri agbegbegblẽnɔnɔgbalẽwo, esi ate ŋu anyɔ dzodzro makɔmakɔ siwo mesɔ le dzɔdzɔme nu o ɖe wo me. (Kolosetɔwo 3:5) Ele hã be woadzɔ woƒe tamesusuwo kple nuwɔnawo ŋu le woƒe nuwɔwɔ ɖe ŋutsu alo nyɔnu bubuwo katã ŋu me. Yesu xlɔ̃ nu be: “Amesiame si yia edzi nɔa ŋku ɖem ɖe nyɔnu be wòadzroe la wɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzime.” (Mateo 5:28, NW) Ne srɔ̃tɔwo wɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame le gbɔdɔdɔ ŋu dzi la, woate ŋu aƒo asa na gege ɖe tetekpɔ me kple ahasiwɔwɔ. Woate ŋu ayi edzi anɔ vivi sem le anyinɔnɔ kple wo nɔewo si me dzidzɔ le le srɔ̃ɖeɖe si me wodea asixɔxɔ gbɔdɔdɔ ŋu be enye Yehowa, srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la, ƒe nunana nyui aɖe la me.—Lododowo 5:15-19.
NUSI DZI BIBLIA GBLƆ BE WOATE ŊU ANƆ TE ÐO AGBE SRƆ̃
14. Nublanuinya kae dzɔna ɣeaɖewoɣi? Nukatae?
14 Enye dzidzɔ be le Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe akpa gãtɔ me la, woate ŋu akpɔ kuxi ɖesiaɖe si ado mo ɖa gbɔ. Gake medzɔna alea ɣeaɖewoɣi o. Esi amegbetɔwo mede blibo o eye wole nuvɔ̃xexe si le Satana ƒe ŋusẽ te me ta la, srɔ̃ɖeɖe aɖewo me dea gbegblẽ ge. (Yohanes I, 5:19) Aleke wòle be Kristotɔwo nakpɔ nɔnɔme sesẽ sia gbɔe?
15. (a) Nuka dzi koe woate ŋu anɔ te ɖo le Ŋɔŋlɔawo nu agbe srɔ̃ eye woagate ŋu aɖe ame bubu? (b) Nukatae ame aɖewo tso nya me be yewomagbe yewo srɔ̃ si mewɔ nuteƒe o la?
15 Abe alesi míegblɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 2 lia me ene la, ahasiwɔwɔ koe nye nusi dzi Ŋɔŋlɔawo gblɔ be woate ŋu anɔ te ɖo agbe srɔ̃ agate ŋu aɖe ame bubu.c (Mateo 19:9) Ne èkpɔ kpeɖodzi si ŋu kakaɖedzi le be ye srɔ̃ wɔ ahasi la, ke nyametsotso sesẽ aɖe dze ŋgɔ wò. Àganye srɔ̃a alo àgbee? Eŋu se aɖeke meli o. Kristotɔ aɖewo tsɔe ke wo srɔ̃ si trɔ dzime le nyateƒe me la keŋkeŋ, eye nuwo yi edzi nyuie le woƒe srɔ̃ɖeɖe si ta wokpɔ me. Ame bubuwo hã tso nya me be yewomagbe yewo srɔ̃ o le ɖeviawo ta.
16. (a) Nukawoe nye nusiwo ʋã ame aɖewo be wogbe wo srɔ̃ si dze agɔ la ƒe ɖewo? (b) Ne srɔ̃tɔ si meɖi fɔ o tso nya me be yeagbe ye srɔ̃ alo yemagbee o la, nukatae mele be ame aɖeke nahe nya ɖe eƒe nyametsotsoa ŋu o?
16 Le go bubu me la, fu ate ŋu atso nuvɔ̃ ma si wowɔ me alo woaxɔ nulɔdɔ tso eme. Alo ɖewohĩ ehiã be woakpɔ ɖeviwo ta tso wo dzila si dɔa wo gbɔ la si me. Edze ƒã be nu geɖe li si ŋu wòle be woabu hafi atso nya me. Gake ne ènya nu tso srɔ̃wò ƒe ahasiwɔwɔ ŋu hafi mia kplii miegadɔ la, ke ètsɔ wò nuwɔna sia le eɖem fia be yetsɔ ke ye srɔ̃a eye yedi be yewoaganye srɔ̃tɔwo. Ke mɔnukpɔkpɔ aɖeke megali le Ŋɔŋlɔawo nu be nàgbee agaɖe ame bubu o. Mele be ame aɖeke nadzo dze nya sia si metsɔ egbɔ o la me eye wòadi be yeakpɔ ŋusẽ ɖe wò nyametsotso dzi o, eye mele be ame aɖeke hã nahe nya ɖe wò nyametsotsoa ŋu ne èwɔe o. Wòe gbɔna ŋgɔ dze ge nusiwo atso nyametsotso si nèwɔ la me. “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.”—Galatiatɔwo 6:5.
NUSIWO DZI WOATE ŊU ANƆ TE ÐO AKLÃ
17. Ne menye ahasiwɔwɔ tae o la, se kawoe Ŋɔŋlɔawo de ɖe kaklã kple srɔ̃gbegbe nu?
17 Ðe nanewo li siwo me wòasɔ le be ame kple srɔ̃a dome naklã alo woate ŋu agbe amea gɔ̃ hã togbɔ be mewɔ ahasi o hã? Ẽ, gake le esia gome la, Kristotɔ mekpɔ mɔ ati ame bubu yome be yeaɖe o. (Mateo 5:32) Togbɔ be Biblia ɖe mɔ ɖe kaklã sia ŋu hã la, egblɔ be amesi dzo la “nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawɔ ɖeka kpakple [srɔ̃a].” (Korintotɔwo I, 7:11) Nukawoe nye nusiwo awɔe be wòaglo eye kaklã adze nusi me nunya le ƒe ɖewo?
18, 19. Nɔnɔme siwo ana wòaglo srɔ̃tɔ aɖe wòada kaklã alo srɔ̃gbegbe le setɔwo gbɔ akpɔ, togbɔ be magate ŋu aɖe srɔ̃ o hã dometɔ aɖewo ɖe?
18 Ate ŋu anye be ahedada le fu ɖem na ƒomea ale gbegbe le esi srɔ̃ŋutsua nye ame ɖɔe alo le eƒe numame gbegblẽ aɖewo ta.d Ðewohĩ etsɔa ƒomea ƒe ga daa tsyatsyae alo zãnɛ ɖe atikevɔ̃ɖiwo alo ahanono ŋu. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe melé be na . . . ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Ne ŋutsu ma gbe eƒe agbe tɔtrɔ, eye ɖewohĩ kura wòtsɔa ga si srɔ̃a kpɔna wɔa eƒe nu vloawoe la, nyɔnua ate ŋu atia be yeabia be setɔwo naklã yewo dome le ye kple ye viwo ƒe nyonyo ta.
19 Woagate ŋu abu kaklã le setɔwo gbɔ ŋu ne srɔ̃tɔ ɖeka sẽa ŋuta le nɔvia ŋu ale gbegbe, ɖewohĩ wòƒonɛ ale gbegbe be eƒe lãmesẽ alo agbe kura gɔ̃ hã ɖo afɔku me. Gakpe ɖe eŋu la, ne srɔ̃tɔ ɖeka dzea agbagba ɣesiaɣi be yeazi ye nɔvi dzi wòada Mawu ƒe sewo dzi le mɔ aɖe nu la, amesi ŋu wole nu gblẽm le la ate ŋu ade ŋugble le kaklã ŋu kpɔ, vevietɔ ne nyaa va ɖo afisi eƒe gbɔgbɔmenyonyo ɖo afɔku me. Akpa evelia ate ŋu atso nya me be mɔ si ko nu yeato ‘abu Mawu dziɖulae awu amewo’ ye nye be yeana setɔwo naklã yewo dome.—Dɔwɔwɔwo 5:29.
20. (a) Aɖaŋu kae xɔlɔ̃ siwo tsi le gbɔgbɔ me kple hamemegãwo ate ŋu aɖo, eye aɖaŋu kae mele be woaɖo o? (b) Nukatae mele be srɔ̃tɔwo nazã Biblia me mawunyakpukpuiwo le kaklã alo srɔ̃gbegbe ŋu abe taflatsedonu ene na o?
20 Le nusiwo katã me ame srɔ̃ ƒe ŋutasesẽ va glo le me la, mele be ame aɖeke nazi srɔ̃tɔ si medze agɔ o dzi be wòadzo le srɔ̃a gbɔ alo anɔ egbɔ o. Togbɔ be xɔlɔ̃ siwo tsi le gbɔgbɔ me kple hamemegãwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu eye woaɖo Biblia me ɖaŋuwo hã la, amesiawo mate ŋu anya nusianu si yia edzi le ŋutsua kple nyɔnua dome tsitotsito o. Yehowa koe ate ŋu akpɔe. Le nyateƒe me la, manye bubudede Mawu ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋu ne Kristotɔ srɔ̃nyɔnu tsɔ nyamaɖinyɛwo wɔ nyae be yeaɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te o. Gake ne nɔnɔme siwo me afɔku le ŋutɔ gale edzi yim kokoko la, mele be ame aɖeke nahe nya ɖe eŋu ne etso nya me be yewoaklã o. Míate ŋu agblɔ nya siawo tututu ke le Kristotɔ srɔ̃ŋutsu si le kaklã dim hã gome. “Mi katã míava nɔ tsitre ɖe [Mawu, NW] ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.”—Romatɔwo 14:10.
ALESI WOKPƆ SRƆ̃ÐEÐE AÐE SI ME GBLẼ LA TAE
21. Nuteƒekpɔkpɔ kae fia be srɔ̃ɖeɖaŋu siwo Biblia ɖona la wɔa dɔ?
21 Esi Lucia si ƒe nya míegblɔ va yi dzo le srɔ̃a gbɔ ɣleti etɔ̃ megbe la, edo go Yehowa Ðasefowo eye wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple wo. Eɖe nu me be: “Ewɔ nuku nam ale gbegbe be Biblia ɖo alesi woakpɔ nye kuxia gbɔe ŋuti ɖaŋu nyuiwo. Le nusɔsrɔ̃ kwasiɖa ɖeka pɛ ko megbe la, medi enumake be magbugbɔ ayi srɔ̃nyeŋutsua gbɔ. Mate ŋu agblɔ egbea be Yehowa nya alesi wòakpɔ srɔ̃ɖeɖe siwo ɖo afɔku me la tae elabena eƒe nufiafiawo kpena ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woanya alesi woade asixɔxɔ wo nɔewo ŋui. Menye nyateƒe be Yehowa Ðasefowo mãa ƒomewo me abe alesi ame aɖewo gblɔnɛ ene o. Le gonyeme la, nusi to vovo na ema tututu boŋ ye dzɔ.” Lucia srɔ̃ alesi wòatsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo awɔ dɔe le eƒe agbe me.
22. Nuka dzie wòle be srɔ̃tɔwo katã naka ɖo?
22 Menye Lucia koe wòva eme na alea o. Yayrae wòle be srɔ̃ɖeɖe nanye, ke menye agbae o. Eyata Yehowa na srɔ̃ɖeɖaŋuɖogbalẽ nyuitɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ la mí—eƒe Nya xɔasi la. Biblia te ŋu naa “bometsilawo dzea nunya.” (Psalmo 19:8-12) Ekpɔ srɔ̃ɖeɖe geɖe siwo ŋu nu te ta eye wòna nuwo ka ɖe eme le bubu geɖe siwo me kuxi sesẽwo nɔ tsã me. Neva eme be srɔ̃tɔwo katã naka ɖe srɔ̃ɖeɖaŋu siwo Yehowa Mawu ɖona la dzi bliboe. Wowɔa dɔ vavã!
a Míetrɔ eƒe ŋkɔ.
b Woƒo nu tso nusiawo dometɔ aɖewo ŋu le ta siwo do ŋgɔ me.
c Biblia me nya si gɔme woɖe be “ahasiwɔwɔ” fia matrewɔwɔ, ŋutsu kple ŋutsu, alo nyɔnu kple nyɔnu, ƒe dɔdɔ, lãwo gbɔ dɔdɔ, kple nu manɔsenu bubu siwo wobua wɔ siwo me wozã vidzinuwo le hã.
d Nɔnɔme siwo me togbɔ be srɔ̃ŋutsua aɖoe be yeakpɔ yeƒe ƒomea dzi, gake le nusiwo ŋu mate ŋu awɔ naneke le o ta mete ŋu le wo dzi kpɔm o, abe dɔdzedze alo dɔmakpɔmakpɔ ta ene, la mele eme o.
-
-
Tsitsi Aku Amegã Kple Nyagã ÐekaeNusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
-
-
TA WUIENE
Tsitsi Aku Amegã Kple Nyagã Ðekae
1, 2. (a) Tɔtrɔ kawoe vana ne wole amegã alo nyagã kum? (b) Aleke mawuvɔ̃la siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me wɔ kpɔ dzidzeme le woƒe tsitsime?
TƆTRƆ geɖe vana ne míele amegã alo nyagã kum. Míaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ wɔnɛ be ŋusẽ vɔna le mía ŋu. Ne míekpɔ ahuhɔ̃e me la, míakpɔ be ayi ko lém míaƒe ŋkume le eye vivivi la, míaƒe ɖa le wɔ ƒom—míaƒe ta gɔ̃ hã le bebem. Ðewohĩ nu megate ŋu lina ɖe susu me na mí tututu o. Míeva doa ƒome yeyewo ne ɖeviawo ɖe srɔ̃, kple ne wodzi tɔgbui kple mama yɔviwo. Le ame aɖewo gome la, dzudzɔxɔxɔledɔme naa woƒe agbemedɔwɔnawo trɔna.
2 Le nyateƒe me la, tsitsimefukpekpewo nu te ŋu sẽna. (Nyagblɔla 12:1-8) Ke hã bu Mawu subɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ŋu kpɔ. Togbɔ be wova ku hã la, nunya kple gɔmesese siwo he dzidzeme gã aɖe vɛ na wo le woƒe tsitsime la su wo si. (Mose I, 25:8; 35:29; Hiob 12:12; 42:17) Aleke wowɔ hafi te ŋu kpɔ dzidzɔ le woƒe tsitsime? Ðikekemanɔmee la, esi wonɔ agbe ɖe gɔmeɖose siwo míekpɔna le Biblia me egbea nu tae.—Psalmo 119:105; Timoteo II, 3:16, 17.
3. Aɖaŋu kae Paulo ɖo na ŋutsu kple nyɔnu tsitsiwo?
3 Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Tito me la, efia afɔɖoƒe nyui aɖewo amesiwo le amegã alo nyagã kum. Eŋlɔe be: “[Ŋutsu] tsitsiwo nanye ɖokuidziɖulawo, ɖokuiléla nyuiwo, ame ɖɔŋuɖowo, eye woanɔ blibo le xɔse, lɔlɔ̃ kple dzidodo me. Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Woaganye ameŋuzɔlawo o, woaganye aha geɖe nolawo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo.” (Tito 2:2, 3) Wɔwɔ ɖe nya siawo dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze ŋgɔ fukpekpe siwo wodoa goe ne wole tsitsim.
TRƆ ÐE VIWÒWO ƑE WO ÐOKUISINƆNƆ ŊU
4, 5. Aleke dzila geɖe wɔna ne wo viwo tsi dzo le aƒeme, eye aleke wo dometɔ aɖewo trɔna ɖe nɔnɔme yeyea ŋui?
4 Ne dɔ siwo nèwɔna tsã trɔ la, ahiã be nàtrɔ ɖe wo ŋu. Aleke gbegbe esia nyea nyateƒee nye esi ne vi tsitsiwo dzo le aƒea me yi ɖaɖe srɔ̃! Le dzila geɖe gome la, nusiae nye nu gbãtɔ si ɖoa ŋku edzi na wo be wole tsitsim. Togbɔ be edoa dzidzɔ na dzilawo be yewo viwo tsi hã la, zi geɖe la, wotsia dzi be ɖe yewowɔ nusianu si yewoate ŋui tsɔ dzra ɖeviawo ɖoe ɖe wo ɖokui si nɔnɔ ŋu hã. Eye adzro wo vevie be woaganɔ yewo gbɔ le aƒea me.
5 Eme kɔ be dzilawo gatsia dzi ɖe wo viwo ƒe nyonyo ŋu kokoko, ne wodzo le aƒea me vɔ megbe gɔ̃ hã. Vidada aɖe gblɔ be: “Ame aɖe kpɔ be ɖe mase wo ŋkɔ, aka ɖe edzi be wole nyuie—adzɔ dzi nam ŋutɔ.” Vifofo aɖe gblɔ be: “Esi mía vinyɔnua dzo le aƒea me la, esẽ na mí ŋutɔ. Míesusua eŋu ŋutɔ le míaƒe ƒomea me elabena mí katã koe wɔa nusianu ɖekae ɣesiaɣi.” Aleke dzila siawo wɔ wo viwo ƒe anyimanɔmanɔ mã wo? Le nu geɖe me la, ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo me kple kpekpe ɖe wo ŋue na.
6. Nukae wɔnɛ be nukpɔsusu si da sɔ nɔa ame si le ƒomedodowo ŋu?
6 Ne ɖeviwo ɖe srɔ̃ la, dzilawo ƒe wɔƒe trɔna. Mose I, 2:24 gblɔ be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Mawumegɔmeɖose siwo ku ɖe tanyenye kple nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nyui nu ŋu dzi zɔzɔ akpe ɖe dzilawo ŋu be woƒe nukpɔsusu nada asɔ le alesi nuwo nanɔ ŋu.—Korintotɔwo I, 11:3; 14:33, 40.
7. Nɔnɔme nyui kae fofo aɖe srɔ̃ esi vianyɔnuwo dzo le aƒea me ɖaɖe srɔ̃?
7 Esi srɔ̃tɔ aɖewo vinyɔnu eve ɖe srɔ̃ dzo le aƒea me la, atsu kple asi siawo va tsi yaa. Gbã la, toyɔviawo ƒe nu vea dɔme na ŋutsua. Gake esi wòde ŋugble le tanyenye ƒe gɔmeɖosea ŋu la, ekpɔe be fifia ye vinyɔnuawo srɔ̃wo ƒe ŋkumee wòkpɔ be woakpɔ woƒe aƒewo dzi. Eyata ne vianyɔnuawo va bia aɖaŋuɖoɖo la, ebiaa nusi wo srɔ̃wo susu la wo, eye ekpɔa egbɔ be yede wo dzi alesi yeate ŋui. Fifia toyɔviawo va bunɛ wo xɔlɔ̃e eye woxɔa eƒe aɖaŋuɖoɖo.
8, 9. Aleke dzila aɖewo trɔ ɖe wo vi tsitsiwo ƒe ɖokuisinɔnɔ ŋui?
8 Ke ne srɔ̃tɔ yeyewo mete ŋu ɖoa nusi wo dzilawo susu be eyae nyo wu gbɔ o, togbɔ be womele naneke si tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu wɔm o hã ɖe? Ŋutsu aɖe kple srɔ̃a siwo viwo ɖe srɔ̃ ɖe nu me be: “Míekpena ɖe wo ŋu ɣesiaɣi be woakpɔ nusi nye Yehowa ƒe nukpɔsusu. Gake ne míaƒe susu mewɔ ɖeka kple woƒe nyametsotso aɖe o la, míexɔnɛ eye míekpena ɖe wo ŋu hedea dzi ƒo na wo.”
9 Esẽna ŋutɔ na vinɔ aɖewo le Asia-dukɔ aɖewo me be woalɔ̃ ɖe edzi be yewo viŋutsuwo nanɔ wo ɖokui si. Gake ne wodea bubu Kristotɔwo ƒe nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nu kple tanyenye ŋu la, wokpɔnɛ be ana yewo kple yewo lɔ̃xoyɔviwo dome masɔmasɔwo dzi naɖe akpɔtɔ. Kristotɔ nyɔnu aɖe kpɔ be ye viŋutsuwo ƒe dzodzo le ƒomea ƒe aƒeme nye “nusita yeanɔ akpe dam ɖo ɣesiaɣi.” Ne ekpɔ alesi woawo ŋutɔ wole woƒe ƒome yeyewo dzi kpɔmee la, dzi dzɔnɛ wu gbɔgblɔ. Eye esia ɖe agba si anɔ wo kple srɔ̃a dzi kple tamebubu si wòanye na wo esime wole tsitsim la dzi kpɔtɔ.
ŊUSẼ YEYE DODO MIAƑE SRƆ̃ÐENUBABLA LA
Mika ɖe edzi na mia nɔewo be yewolɔ̃ yewo nɔewo esime miele tsitsim
10, 11. Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo kawoe akpe ɖe amewo ŋu be womage ɖe tsitsime mɔ̃tetre aɖewo me o?
10 Amewo wɔa nu le mɔ vovovo nu ne wole ame tsitsiwo zum. Ŋutsu aɖewo doa awu le mɔ bubu sã nu bene yewoagadze ɖekakpuiwoe. Nyɔnu geɖe tsia dzi ɖe tɔtrɔ siwo gbɔtotsitsi ƒe tetɔtɔ hena vɛ ŋu. Ewɔ nublanui be ame tsitsi aɖewo nɔa ɖekakpui alo ɖetugbi ha dem tsɔ nɔa dziku dom na wo srɔ̃wo alo tsɔ nyɔa ŋuʋaʋã ɖe wo me. Gake ŋutsu siwo vɔ̃a Mawu ya nɔa “mo xexi” eye woxea mɔ na dzodzro vɔ̃wo. (Petro I, 4:7) Nyɔnu siwo tsi le gbɔgbɔ me hã dzea agbagba nenema ke be yewoana yewoƒe srɔ̃ɖeɖe nali ke, le lɔlɔ̃ na wo srɔ̃wo kple kple didi be yewoadze Yehowa ŋu ta.
11 Gbɔgbɔ ʋã Fia Lemuel wòŋlɔ alesi wokafua “nyɔnu zazɛ̃” si “[wɔa nyui na srɔ̃a], eye menye vɔ̃ o, le eƒe agbe me ŋkekewo katã me” la ɖi. (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Kristotɔ srɔ̃ŋutsu magbe agbagba siwo srɔ̃a dzena be yeanɔ te ɖe alesi yeƒe seselelãme tɔtɔna le yeƒe tsitsime nu la kpɔkpɔ dze sii o. Lɔlɔ̃ na nyɔnua ana ‘wòakafui.’—Lododowo 31:10, 12, 28.
12. Aleke srɔ̃tɔwo awɔ wo dome nanɔ kplikplikpli wu esime ƒeawo va le yiyim?
12 Ðewohĩ mi ame evea mielɔ̃ faa da mia ŋutɔ miaƒe nudidiwo ɖe akpa be miakpɔ mia viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le ƒe siwo me miaƒe ŋku biã ɖe ɖeviwo nyinyi ŋu me. Esi wodzo vɔ la, esiae nye ɣeyiɣi si me wòle be miagbugbɔ ŋku alé ɖe miaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋu ake. Srɔ̃ŋutsu aɖe gblɔ be: “Le vinyenyɔnuwo ƒe dzodzo le aƒea me vɔ megbe la, megadze nuwɔwɔ ɖe srɔ̃nye ŋu gɔme yeyee kura abe alesi mewɔnɛ tsã hafi mava ɖee ene.” Srɔ̃ŋutsu bubu gblɔ be: “Míaƒe ŋku nɔa mía nɔewo ƒe lãmesẽ ŋu eye míeɖoa ŋku alesi kamedede hiãe dzi na mía nɔewo.” Bene womagatsi akogo o la, wo kple srɔ̃a wowɔa amedzro na hamea me tɔ bubuwo. Nyateƒee, ɖetsɔtsɔ le eme na ame bubuwo hea yayrawo vɛ. Gawu la, edzea Yehowa ŋu.—Filipitɔwo 2:4; Hebritɔwo 13:2, 16.
13. Akpa kae nusi le ame ƒe dzi me gbɔgblɔ faa kple nyateƒetoto wɔna esime atsu kple asi le tsitsim ɖekae?
13 Mègana numaƒomaƒo na ame nɔewo nanɔ mia kple srɔ̃wò dome o. Miɖo dze kple mia nɔewo tso dzi me ke. (Lododowo 17:27) Srɔ̃ŋutsu aɖe ɖe nu me be: “Míeléa be na mía nɔewo eye míebua mía nɔewo ŋu tsɔ tua nugɔmesese na mía nɔewo ɖoe.” Srɔ̃a lɔ̃ ɖe edzi be: “Esi míezu ame tsitsiwo la, míeva noa tii ɖekae, nɔa dze ɖom, eye míewɔa nuwo ɖekae.” Nya si le wò dzi me gbɔgblɔ faa kple nyateƒetoto ate ŋu awɔe be miaƒe srɔ̃ɖenubabla la me nasẽ goŋgoŋ, eye wòana ŋusẽ si aɖu Satana, srɔ̃ɖeɖemegblẽla la, ƒe amedzidzedzewo dzi naɖo eŋu.
MINA MIA TƆGBUI KPLE MAMA YƆVIWO ƑE MIA GBƆ NƆNƆ NAÐE VI NA MI
14. Akpa kae wòdze ƒã be Timoteo mama wɔ le mamaa yɔvi la ƒe tsitsi va zu Kristotɔ me?
14 Tɔgbui kple mama yɔviwo nye ame tsitsiwo ƒe “fiakuku.” (Lododowo 17:6) Tɔgbui kple mama yɔviwo ƒe ame gbɔ nɔnɔ ate ŋu avivi na ame ŋutɔ—ate ŋu ade agbe yeye ame me ahafa akɔ hã na ame. Biblia ƒo nu nyuie le Loide, vimama aɖe si kple vianyɔnu Eunike, gblɔ eƒe dzixɔsewo na mamaa yɔvia Timoteo le vidzĩme. Esi ɖevi sia nɔ tsitsim la, edze sii be ye dada kple ye mama de asixɔxɔ Biblia ƒe nyateƒea la ŋu tsii.—Timoteo II, 1:5; 3:14, 15.
15. Kpekpeɖeŋu vevi kae tɔgbuiwo kple mamawo ate ŋu ana wo tɔgbui kple mama yɔviwo, gake nukae mele be woawɔ o?
15 Eyata nu tɔxɛ aɖee nye sia si me tɔgbuiwo kple mamawo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu aɖe si hiã vevie le. Tɔgbuiwo kple mamawo, miegblɔ miaƒe sidzedze Yehowa ƒe tameɖoɖowo na mia viwo va yi xoxo. Fifia miate ŋu agagblɔe na dzidzime bubu nenema ke! Enyea dzidzɔ gã aɖe na ɖevi geɖe be yewoase yewo tɔgbuiwo kple mamawo nanɔ Biblia me ŋutinyawo gblɔm na yewo. Menye ɖe wòfia be miava xɔ agba si le wo fofo dzi be wòaku Biblia me nyateƒeawo ɖe tome na viawo le esi ya o. (Mose V, 6:7) Asi ko kpem miele ɖe eŋu. Mina miaƒe gbedodoɖa nesɔ kple hakpala la tɔ, be: “Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime maɖe gbeƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!”—Psalmo 71:18; 78:5, 6.
16. Aleke tɔgbuiwo kple mamawo awɔ be tɔtɔ aɖeke magadzɔ le woƒe ƒomea me si atso wo gbɔ o?
16 Nublanuitɔe la, tɔgbui kple mama aɖewo gblẽa vi ale gbegbe be wòzua dzre ɖe tɔgbuiwo kple mamawo kpakple wo vi tsitsiwo dome. Gake ɖewohĩ miaƒe tufafa anukwaretɔe ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe na mia tɔgbui alo mama yɔviwo be woagblɔ woƒe nya ɣaɣlawo na mi ne womedi be yewoagblɔe na yewo dzilawo o. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeviawo asusu be yewo tɔgbuiwo alo mamawo ade yewo dzi ɖe yewo dzilawo ŋu. Ke nukae miawɔ? Miwɔ nu le nunya me ne miade dzi ƒo na mia tɔgbui kple mama yɔviwo be woagblɔ woƒe nyawo na wo dzilawo. Miate ŋu aɖe eme na wo be esia dzea Yehowa ŋu. (Efesotɔwo 6:1-3) Ne ehiã la, miate ŋu anɔ ŋgɔ na ɖeviawo be woava wo dzilawo gbɔ aƒo nu na wo. Mito nyateƒe na mia tɔgbui alo mama yɔviwo le nusiwo miesrɔ̃ le ƒe gbogbo siwo va yi me ŋu. Miaƒe nyateƒetoto kple numeɖeɖe tẽ ate ŋu aɖe vi na wo.
MINƆ TƆTRƆM ESIME MIELE TSITSIM
17. Hakpala la ƒe tameɖoɖo kplikpaa kae wòle be Kristotɔ siwo le ame tsitsiwo zum la nasrɔ̃?
17 Esime ɣeyiɣiawo va le yiyim la, miakpɔ be yewomagate ŋu awɔ nusiwo katã yewowɔna tsã alo yewoadi be yewoawɔ la o. Aleke miawɔ anɔ te ɖe tsitsi ƒe kuxia nu? Le wò susu me la, awɔ na wò be ƒe 30 vie yenye, gake ne èkpɔ ahuhɔ̃e me la, àkpɔ yeto vovo kura. Dzi megaɖe le ƒowò o. Hakpala la ƒo koko na Yehowa be: “Megagbem le amegãkuɣi o, eye ne nye ŋusẽ nu yi la, megagblẽm ɖi o!” Ðoe kplikpaa be nàsrɔ̃ tame kplikpa si hakpala la ɖo. Egblɔ be: “Manɔ mɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, eye madzi wò kafukafu ɖe dzi.”—Psalmo 71:9, 14.
18. Aleke Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me ate ŋu azã eƒe dzudzɔxɔxɔledɔme ɖe mɔ si ɖea vi geɖe nui?
18 Ame geɖe wɔ dzadzraɖo do ŋgɔ be yewoadzi Yehowa kafukafu ɖe edzi ne yewoxɔ dzudzɔ le ŋutilãmedɔ me. Fofo aɖe si xɔ dzudzɔ le dɔ me fifia ɖe nu me be: “Mewɔ ɖoɖo do ŋgɔ ɖe nusi mawɔ ne mía vinyɔnu do le suku ŋu. Meɖoe be madze ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme, eye medzra míaƒe dɔwɔƒe bene mate ŋu avo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu bliboe wu. Medoa gbe ɖa biaa Mawu ƒe mɔfiafia.” Ne èle ƒe si nàxɔ dzudzɔ le dɔ me gogom la, na mía Wɔla Wɔnuku la ƒe nya sia nafa akɔ na wò, be: “Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi.”—Yesaya 46:4.
19. Aɖaŋu kae woɖo na amesiwo le ame tsitsiwo zum?
19 Tɔtrɔ ɖe dzudzɔxɔxɔledɔme ŋu manɔ bɔbɔe o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu ŋutsu tsitsiwo be woanye ‘ɖokuidziɖulawo le woƒe nuwɔnawo me.’ Esia bia be woalé ame ɖokui nyuie le nusianu me, be womadi agbebɔbɔenɔnɔ o. Nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu kple ɖokuimamlã ahiã le dzudzɔxɔxɔledɔme megbe kura wu ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ nɛ. Eyata nɔ dɔ dzi vevie, eye ‘nàwɔ dɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔa me, esi nènyae be wò dɔwɔwɔ menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ta.’ (Korintotɔwo I, 15:58) Keke wò dɔwɔwɔwo ɖe enu ne nàtsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋutii. (Korintotɔwo II, 6:13) Kristotɔ geɖe tsɔa veviedodo wɔa gbeƒãɖeɖedɔa le alesi woƒe ŋutete le nu. Esime nèle tsitsim ɖe edzi la, ‘nɔ lãmesẽ me le xɔse, lɔlɔ̃, kple dzidodo me.’—Tito 2:2.
TENƆNƆ ÐE SRƆ̃WO ƑE KU NU
20, 21. (a) Le fifi nuɖoanyi sia me la, nukae ava mã atsu kple asi me godoo? (b) Aleke Hana ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na srɔ̃tɔ siwo srɔ̃wo ku le wo gbɔ?
20 Nublanuinyae wònye gake wòhedzɔna le fifi nuɖoanyi sia me be ku va klãa srɔ̃tɔwo dome. Srɔ̃tɔ siwo srɔ̃wo ku la nya be alɔ̃ dɔmee yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo le fifia, eye woka ɖe edzi be yewoagava kpɔ wo ake. (Yohanes 11:11, 25) Gake woƒe ku nyea nuxaxa kokoko. Aleke srɔ̃tɔ evelia si susɔ la awɔ anɔ te ɖe enu?a
21 Ŋkuɖoɖo nusi Bibliameme aɖe wɔ dzi ate ŋu akpe ɖe ame ŋu. Ƒe adre koe Hana ƒe srɔ̃ɖeɖe xɔ esi srɔ̃a ku, eye esime míexlẽ nu le ahosi sia ŋu la, etsi xɔ ƒe 84. Míate ŋu aka ɖe edzi be exa nu ŋutɔ esi srɔ̃a ku. Aleke wòwɔ te ŋu nɔ te ɖe enu? Etsɔ subɔsubɔ kɔkɔe subɔ Yehowa Mawui le gbedoxɔa me zã kple keli. (Luka 2:36-38) Ðikekemanɔmee la, Hana ƒe subɔsubɔ gbedodoɖatɔe nye kpekpeɖeŋu gã aɖe nɛ be wòɖu nuxaxa kple akogotsitsi dzi.
22. Aleke ahosi kple aho aɖewo nɔ te ɖe akogotsitsi nui?
22 Nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 72 eye wòzu ahosi ƒe ewoe nye sia la ɖe nu me be: “Nusi nye sesẽtɔ kekeake nam ye nye be ame aɖeke meli mía kplii míaɖo dze o. Srɔ̃nye nye toɖola nyui. Míeƒoa nu tso hamea kple gome si míekpɔna le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me ŋu.” Ahosi bubu gblɔ be: “Togbɔ be ɣeyiɣiwo ƒe yiyi naa vevesese fana na ame hã la, mekpɔ be esɔ be woagblɔ be nusi wotsɔ ame ƒe ɣeyiɣi wɔnae ye kpena ɖe ame ŋu be nu fana na ame. Nɔnɔme si me nèle wɔe be wòanɔ bɔbɔe na wò wu be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu.” Aho aɖe si xɔ ƒe 67 gblɔ be: “Mɔ wɔnuku aɖe si nu nàto anɔ te ɖe ame ƒe kuku na ame nue nye be nàtsɔ ɖokuiwò ana anɔ akɔ fam na ame bubuwo.”
MAWU DEA ASIXƆXƆ WO ŊU LE WOƑE TSITSIME
23, 24. Akɔfafa gã kae Biblia naa ame tsitsiwo, vevietɔ esiwo srɔ̃wo ku?
23 Togbɔ be ku kplɔa ame srɔ̃ lɔlɔ̃ dzonae le ame gbɔ hã la, Yehowa wɔa nuteƒe na ame ɖaa, míate ŋu aka ɖe edzi ɖaa. Fia Dawid si nɔ anyi le blema dzi ha be: “Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpɔ Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbedoxɔ me.”—Psalmo 27:4.
24 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Bu ahosi, siwo nye ahosi vavãwo.” (Timoteo I, 5:3) Aɖaŋu si wòɖo ɖe mɔfiame sia yome fia be ahosi siwo dze siwo si ƒometɔ kplikplikpliwo mele o la ate ŋu ahiã ŋutilãmekpekpeɖeŋu tso hamea gbɔ. Gake asixɔxɔ dede wo ŋu dze le gɔmesese si le mɔfiamenya si nye “bu” ŋu la hã me. Akɔfafa kae nye si ahosi kple ahowo ate ŋu akpɔ le enyanya be Yehowa bua yewo ame xɔasiwoe eye wòalé yewo ɖe te me!—Yakobo 1:27.
25. Taɖodzinu kae gakpɔtɔ li na ame tsitsiwo?
25 Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me gblɔ be: “Ta ɣi enye amegã ɖeɖiwo ƒe bubu.” Enye ‘atsyɔ̃fiakuku ne wokpɔe le dzɔdzɔenyenyemɔ dzi.’ (Lododowo 16:31; 20:29) Eyata ne srɔ̃ le asiwò alo nègazu tre ake o, da Yehowa subɔsubɔ ɖe nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me ɣesiaɣi. Ana ŋkɔ nyui nanɔ asiwò le Mawu gbɔ fifia eye agbe mavɔ nɔnɔ le xexe si me tsitsimefukpekpewo maganɔ o me ƒe mɔkpɔkpɔ li na wò.—Psalmo 37:3-5; Yesaya 65:20.
a Hena nyati sia me dzodzro tsitotsito la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la.
-
-
Bubudede Mía Dzila Tsitsiwo ŊuNusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
-
-
TA WUIATƆ̃
Bubudede Mía Dzila Tsitsiwo Ŋu
1. Nuka ƒe fee míenyi le mía dzilawo si, eye le esia ta la, aleke wòle be míase le mía ɖokui me ahawɔ nu ɖe wo ŋui?
NUNYALA si nɔ anyi gbaɖegbe ʋĩ ke la xlɔ̃ nu be: “Ðo to fofowò, si dzi wò, eye megado vlo dawò, ne eku nyagã o!” (Lododowo 23:22) Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Nyemawɔ nenema gbeɖe o!’ Le vlododo mía dadawo—alo mía fofowo—teƒe la, mía dometɔ akpa gãtɔ míelɔ̃a wo vevie. Míenya be míenyi fe gbogbo aɖe le wo si. Gbã la, mía dzilawoe na agbe mí. Togbɔ be Yehowae nye Agbedzɔƒe hã la, ne ɖe menye mía dzilawoe o la, anye ne míedzɔ o. Naneke meli si míate ŋu ana mía dzilawo si axɔ asi ade agbe ŋutɔ nu o. Azɔ bu ɖokuitsɔtsɔsavɔ, beléle na ame vevie, gazazã, kple ɖetsɔleme lɔlɔ̃tɔe siwo wonaa ɖevi tso eƒe vidzĩme ke vaseɖe eƒe tsitsime ŋu kpɔ. Eyata aleke gbegbe wòsɔe nye si be Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu be: “Bu fofowò kple dawò . . . bene wòanyo na wò, eye nanɔ agbe didie le anyigba dzi!”—Efesotɔwo 6:2, 3.
SESELELÃMENUHIAHIÃWO KPƆKPƆ DZE SII
2. Aleke vi tsitsiwo awɔ axe ‘teƒeɖoɖo si dze’ ƒe fe na wo dzilawo?
2 Apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔwo be: “[Viwo alo mamayɔviwo nasrɔ̃] alesi woawɔ nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzilawo; elabena esia nyo le Mawu ŋku me.” (Timoteo I, 5:4) Vi tsitsiwo tsɔa ‘teƒeɖoɖo si dze’ sia nana ne woɖenɛ fiana be yewokpɔ ŋudzedze ɖe ƒe gbogbo siwo yewo dzilawo kple yewo tɔgbuiwo kpakple mamawo tsɔ lɔ̃ yewo hekpe fu ɖe yewo ta, lé be na yewoe ŋu. Mɔ siwo nu ɖeviwo ate ŋu awɔ esia le dometɔ ɖekae nye be woakpɔe dze sii be ame tsitsiwo hã hiã lɔlɔ̃ kple kakaɖedziname, abe amesiame ene—zi geɖe la, wohiãnɛ vevie ŋutɔ. Abe mí katã ene la, ehiã be woase le wo ɖokui me be wodea asixɔxɔ yewo ŋu. Ehiã be woase le wo ɖokui me be viɖe le yewoƒe agbe ŋu.
3. Aleke míawɔ ade bubu mía dzilawo, tɔgbuiwo, kple mamawo ŋu?
3 Eyata míate ŋu ade bubu mía dzilawo kple mía tɔgbuiwo kpakple mamawo ŋu ne míena wonya be míelɔ̃ wo. (Korintotɔwo I, 16:14) Ne mía dzilawo mele mía gbɔ o la, ele be míaɖo ŋku edzi be mía ŋkɔ sese le vevie na wo ale gbegbe. Lɛta vivi aɖe ŋɔŋlɔ na wo, kaƒoƒo na wo, alo wo sasrãkpɔ adzɔ dzi na wo ŋutɔ. Miyo si le Japan ŋlɔ le eƒe 82 xɔxɔ me be: “Vinyenyɔnu [si srɔ̃ nye dzikpɔla mɔzɔla] gblɔna nam be: ‘Taflatse, Dada, “zɔ mɔa” kple mí.’ Eɖoa afisi wowɔ ɖoɖo be woanɔ kwasiɖa sia kwasiɖa kple woƒe telefon xexlẽdzesi ɖem. Mete ŋu ʋua nye anyigbanɔnɔmetatagbalẽ agblɔ be: ‘Aa. Afii wole fifiae nye si!’ Medaa akpe na Yehowa ɣesiaɣi be eyram be medzi vi sia.”
KPEKPE ÐE WO ŊU LE ŊUTILÃMENUHIAHIÃWO GOME
4. Aleke Yudatɔwo ƒe subɔsubɔkɔnyinyiwo de tagbɔsesẽ le dzila tsitsiwo ŋu ƒe dzi ƒoe?
4 Ðe wòanye be bubudede ame dzilawo ŋu bia hã be woana ŋutilãmekpekpeɖeŋu woa? Ẽ. Zi geɖe la, ebiana nenema. Le Yesu ƒe ŋkekeawo me la, Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo de kɔnyinyi si gblɔ be ne ame aɖe gblɔ be yeƒe ga nye “nunana na Mawu” la, ke evo tso ezazã atsɔ akpɔ edzilawo dzii ƒe agbanɔamedzi me la dzi. (Mateo 15:3-6) Tagbɔsesẽ ka gbegbe nye ema! Le nyateƒe me la, subɔsubɔhakplɔlawo nɔ dzi dem ƒo na amewo be womegabu wo dzilawo o ke boŋ be woatsɔ woƒe nuhiahiãwo tete wo ɖokuitɔdiditɔe ado vlo woe. Míadi gbeɖe be míawɔ nu ma o!—Mose V, 27:16.
5. Togbɔ be dukɔ aɖewo ƒe dziɖuɖuwo wɔ ɖoɖo hã la, nukatae bubudede dzilawo ŋu biana ɣeaɖewoɣi be woana gakpekpeɖeŋu wo?
5 Le dukɔ geɖe me egbea la, dziɖuɖu ƒe kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo kpɔa ame tsitsiwo ƒe ŋutilãmenuhiahiã aɖewo gbɔ, abe nuɖuɖu, nudodo, kple nɔƒe ene. Hekpe ɖe ema ŋu la, ɖewohĩ ame tsitsiawo ŋutɔ te ŋu dzra nanewo ɖo ɖi ɖe woƒe tsitsime ŋu. Gake ne nusiawo vɔ alo womesu o la, ɖeviwo wɔa nusi woate ŋui be woakpɔ wo dzilawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ tsɔ dea bubu wo ŋui. Le nyateƒe me la, beléle na dzila tsitsiwo fia be mawusosroɖa le ame me, egɔmee nye be wotsɔ ame ɖokui ke Yehowa Mawu, ƒomeɖoɖoa Gɔmeɖoanyila.
LƆLƆ̃ KPLE ÐOKUITSƆTSƆSAVƆ
6. Afisi woanɔ ƒe ɖoɖo kawoe ame aɖewo wɔ le woƒe agbenɔnɔ me bene woate ŋu akpɔ wo dzilawo dzi?
6 Vi tsitsi geɖe tsɔ lɔlɔ̃ kple ɖokuitsɔtsɔna kpɔ wo dzila tsitsiwo ƒe nuhiahiãwo gbɔe. Ðewo kplɔ wo dzilawo yi woawo ŋutɔ ƒemee alo woʋu va teƒe si te ɖe wo ŋu. Bubuwo ʋu va tsi wo dzilawo gbɔ. Zi geɖe la, ɖoɖo siawo nyea yayra na dzilawo kple ɖeviawo siaa.
7. Nukatae wònyo be womagatsɔ dzitsitsi atso nya me le dzila tsitsiwo ŋu o?
7 Gake ɣeaɖewoɣi la, ʋuʋu siawo meɖea vi o. Nukatae? Ðewohĩ esi wotsi klokloklo akpa ɖe nyametsotsoa wɔwɔ ŋu alo esi wonɔ te ɖe ame ƒe seselelãme ɖeɖeko dzi wɔe tae. Biblia xlɔ̃ nu nunyatɔe be: “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” (Lododowo 14:15) Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be dawò si zu ame tsitsi la ɖeɖe ƒe anyinɔnɔ le sesẽm nɛ eye nèsusu be ade edzi be wòaʋu va ye gbɔ. Àte ŋu abu nya siwo gbɔna ŋu le ŋkuléle ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu nyuie me: Nukawo tututue nye eƒe nuhiahiãwo? Ðe kpekpeɖeŋunahabɔbɔ siwo le wo ɖokui si alo esiwo nye dziɖuɖu tɔ li siwo te ŋu naa kpekpeɖeŋu si sɔa? Ðe wòdi be yeaʋua? Ne edii la, ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe eƒe agbe dzi? Ðe wòafia be adzo le exɔlɔ̃wo gbɔa? Ŋusẽ kae esia akpɔ ɖe eƒe seselelãme dzi? Mia kplii mienɔ anyi de ŋugble le nya siawo ŋua? Aleke eƒe ʋuʋua akpɔ ŋusẽ ɖe wò ŋutɔ, srɔ̃wò, kple wò ŋutɔ viwòwo dzii? Ne dawò hiã dzikpɔkpɔ tɔxɛ la, amekae akpɔ edzi? Ðe miate ŋu amã agbaa atsɔa? Èdzro eme kple amesiwo katã nya la ka tẽa?
8. Amekawo ŋue nàte ŋu ate ɖo le nyametsotso wɔwɔ le dziwòla tsitsiwo ŋu me?
8 Esi wònye ɖevi siwo katã le ƒomea me ƒe ŋkumee dzikpɔkpɔa kpɔ ta la, nunya anɔ eme be woawɔ ƒometakpekpe ale be amesiame nakpɔ gome le nyametsotsoawo wɔwɔ me. Egbɔgblɔ na Kristotɔ hamemegãwo alo na xɔlɔ̃ siwo hã to nɔnɔme sia tɔgbe me kpɔ hã ate ŋu aɖe vi. Biblia xlɔ̃ nu be: “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.”—Lododowo 15:22.
SE VEVE ÐE WO TI EYE NÀSE NU ME NA WO
Nunya mele eme be nàwɔ nyametsotso na dziwòla ne mègblɔe nɛ do ŋgɔ o
9, 10. (a) Togbɔ be dzila tsitsiwo zu ame tsitsiwo hã la, ameŋububu kae wòle be woatsɔ na wo? (b) Eɖanye afɔ kae vi tsitsi aɖe ɖe ɖe edzilawo ƒe nyonyo ta o, nukae wòle be wòatsɔ na wo ɣesiaɣi?
9 Bubudede mía dzila tsitsiwo ŋu bia be míase veve ɖe wo ti eye míase nu me na wo. Esi ame tsitsiawo le amegã kple nyagã kum la, zɔzɔ, nuɖuɖu, kple ŋkuɖoɖo nu dzi azu dɔ na wo. Ðewohĩ woahiã kpekpeɖeŋu. Zi geɖe la, wo viwo va tsia dzi ɖe wo ŋu akpa eye wodina be yewoafia mɔ wo. Gake ame tsitsi siwo kpɔ nuteƒe le agbe me eye nunya geɖe le wo sie tɔgbui kple mamawo nye, wokpɔ wo ɖokui dzi le woƒe agbe me eye wowɔ woawo ŋutɔ woƒe nyametsotsowo. Wodi be woade dzesii be dzila kple ame tsitsiwoe yewonye eye be enye bubu le yewo ŋu. Dzila siwo sena le wo ɖokui me be ele be yewoaɖe asi le yewo ɖokui ŋu na yewo viwo ne woakpɔ ŋusẽ ɖe yewoƒe agbe dzi la alé blanui alo aku dzi na wo. Evea wo dometɔ aɖewo wotsia tre ɖe nusi adze na wo abe ɖe wodi be woaxɔ yewoƒe ɖokuisinɔnɔ le yewo si ene ŋu.
10 Mɔnu bɔbɔe aɖeke meli woato akpɔ ta na kuxi siawo o, gake enye dɔmenyowɔwɔ na dzila tsitsiwo be woaɖe mɔ na wo woakpɔ wo ɖokui dzi eye woawo ŋutɔ nawɔ woƒe nyametsotso vaseɖe afisi wòanya wɔ ase ɖo. Nunya le eme be màgatso nya me na dziwòlawo ne menye ɖe nèɖo dze tso eŋu kple wo gbã o. Ðewohĩ wobu nu geɖe xoxo. Na nusi susɔ ɖe wo si la nanɔ wo si. Àkpɔe be zi alesi yemedze agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe ye dzilawo ƒe agbe dzii o la, zi nenemae mia kple wo dome avivii wu. Dzi adzɔ wo wu, eye adzɔ wò hã. Ne ehiã be nàte tɔ ɖe nanewo dzi ɖe woƒe nyonyo ta hã la, bubudede dziwòlawo ŋu bia be nàde asixɔxɔ si wodze na la wo ŋu eye nàbu wo ŋu. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu be: “Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la.”—Mose III, 19:32.
NƆNƆME NYUITƆ ƑE AMESINƆNƆ
11-13. Ne vi tsitsi aɖe kple edzilawo dome menɔ nyuie o la, aleke wòate ŋu akpɔ woƒe dzikpɔkpɔkuxi la gbɔe kokoko le woƒe tsitsime?
11 Ɣeaɖewoɣi la, kuxi aɖe si dzea ŋgɔ vi tsitsiwo le bubudede wo dzila tsitsiwo ŋu mee nye alesi wo kple wo dzilawo dome nɔ va yi. Ðewohĩ fofowò metsɔ ɖeke le eme na mi o eye melɔ̃ mi o, dawò hã nye tamesesẽtɔ eye eƒe nya dzi sẽ. Vaseɖe fifia la, ɖewohĩ alesi womenye dzila siwo tɔgbe nèdi be woanye o la na dzi gaɖe le ƒowò kokoko, ekua dzi na wò, alo evea wò. Ðe nàte ŋu aɖu seselelãme siawo dzia?a
12 Basse si nɔ Finland tsi la gblɔ be: “Fofonye si xɔm nyi nye SS-srafo le Nazi Germania. Dzi kunɛ kabakaba eye ate ŋu awɔ nuvevi wò bɔbɔe. Eƒoa danye zi geɖe le ŋkunyeme. Gbeɖeka si wòkpɔ dziku la, enyè eƒe alidziblanu eye wòtsɔ enuga xlã ɖe ŋkume nam. Edzem sesĩe ale gbegbe be ɖeko memu dze aba dzi.”
13 Gake eƒe nɔnɔme ƒe akpa bubu aɖe hã li. Basse gblɔ kpee be: “Gake ewɔa dɔ ale gbegbe eye mewɔa alɔgblɔdɔ le ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo didi na wo me o. Meɖe lɔlɔ̃ si fofowo tsɔ lɔ̃a wo viwo la fiam kpɔ ya o, gake menya be nanee de abi eƒe seselelãme ŋu. Dadaa nyae le aƒeme esime wònye ɖevi dzaa ko. Kɔ koe wòda ʋuu tsɔ tsii eye wòyi aʋa le eƒe ɖekakpuime. Mese nu me nɛ vaseɖe afi aɖe eye nyemebu fɔe o. Esi metsi la, medi be makpe ɖe eŋu alesi mate ŋui vaseɖe eƒe ku me. Menɔ bɔbɔe o, gake mewɔ nye ŋutete. Medze agbagba be manye vi nyui nɛ eye mexɔ se be ebum be eyae menye na ye.”
14. Ŋɔŋlɔ kae sɔna le nɔnɔme ɖesiaɖe me, hekpe ɖe esiwo doa mo ɖa ne wole dzila tsitsiwo dzi kpɔm hã ŋu?
14 Le ƒomenyawo me, abe alesi wòle le nya bubuwo me ene, la, Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia sɔ, be: “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa, NW] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!”—Kolosetɔwo 3:12, 13.
DZIKPƆLAWO HÃ HIÃ BELÉLE
15. Nukatae wònyea vevesese be woakpɔ dzilawo dzi ɣeaɖewoɣi?
15 Dɔ sesẽe wònye be woakpɔ dzila si si lãmesẽ mele o dzi, ebia dɔ geɖe wɔwɔ, agbanɔamedzi geɖe tsɔtsɔ, kple dɔwɔwɔ gaƒoƒo geɖe. Gake akpa si sesẽ wue nye le seselelãme gome. Enyea vevesese gã aɖe be nàkpɔe dziwòlawo ƒe lãmesẽ kple ŋkuɖoɖonudzi me nanɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm, eye woƒe ɖokuisinɔnɔ dzi nanɔ ɖeɖem kpɔtɔ. Sandy si tso Puerto Rico gblɔ be: “Danyee nye sɔti na míaƒe ƒomea. Enye vevesese gã aɖe be nànɔ eƒe fukpeƒe kpɔm eye be woakpɔ edzi. Gbã la, enɔ tɔtɔm; emegbe ehiã atitɔɖeŋu, emegbe keke si wotsɔ fiaa zɔzɔ nuwɔametɔwoe, emegbe bunɔwo ƒe keke. Le ema megbe la, ɖeko eƒe lãmegbegblẽa nɔ edzi yim kakaka vaseɖe eƒe ku me. Cancer ɖo eƒe ƒuwo me eye ele be woawɔ nusianu nɛ—zã kple keli. Míeléa tsi nɛ, doa awu nɛ hexlẽa agbalẽ nɛ. Esesẽ ŋutɔ—vevietɔ le seselelãme gome. Esi mekpɔe be kukum danye nɔ la, mefa avi elabena melɔ̃e vevie.”
16, 17. Aɖaŋuɖoɖo kae akpe ɖe dzikpɔlawo ŋu be woƒe susu nada asɔ le nuwo ŋu?
16 Ne èkpɔ be yele nɔnɔme sia tɔgbe me la, nukae nàte ŋu awɔ atsɔ anɔ te ɖe enu? Toɖoɖo Yehowa to Biblia xexlẽ kple nuƒoƒo nɛ le gbedodoɖa me akpe ɖe ŋuwò geɖe. (Filipitɔwo 4:6, 7) Kpɔ egbɔ be nàɖu nu nyui si da sɔ alesi nàte ŋui eye nàdze agbagba adɔ alɔ̃ wòasu wò nyuie. Ne èwɔe alea la, ana wòanya wɔ na wò wu, le seselelãme kple ŋutilã me gome, be nàkpɔ wò lɔlɔ̃tɔ la dzi. Ðewohĩ àte ŋu awɔ ɖoɖo agbɔ ɖe eme vie le wò gbesiagbedɔwɔnawo me. Ne manya wɔ be nàyi mɔkeke o hã la, kokoko enye nusi me nunya le be nàɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi atsɔ aɖi ɖe eme. Àte ŋu awɔ ɖoɖo be ame bubu nanɔ dziwòla si si lãmesẽ mele o gbɔ bene nàkpɔ ɣeyiɣi atsɔ aɖi ɖe emee.
17 Ebɔ be ame tsitsi siwo nye dzikpɔlawo nasusu nusiwo kɔkɔ wu wo be eyae wòle be yewoawɔ. Gake mègabu nusi màte ŋu awɔ o ƒe fɔ ɖokuiwò o. Le go aɖewo me la, ahiã be nàkplɔ wò lɔlɔ̃tɔa ayi ame tsitsiwo dzikpɔƒee. Ne wòe nye edzikpɔla la, ke taɖodzinu siwo nàɖo na ɖokuiwò la megakɔkɔ wu wò o. Menye dziwòlawo ƒe nuhiahiãwo me ko wòle be nàda asɔ le o ke boŋ ele be nàda asɔ le viwòwo, srɔ̃wò, kple wò ŋutɔ ɖokuiwò tɔ hã me.
ŊUSẼ SI GBƆ DZƆDZƆMETƆ ŊU
18, 19. Kpekpeɖeŋu ka ƒe ŋugbee Yehowa do, eye nuteƒekpɔkpɔ kae fia be ewɔna ɖe ŋugbedodo sia dzi?
18 Yehowa naa mɔfiame si ate ŋu akpe ɖe ame ŋu vevie ne wole ame dzila tsitsiwo dzi kpɔm la ame lɔlɔ̃tɔe le eƒe Nya Biblia me, gake menye eya koe nye kpekpeɖeŋu si wònana o. Gbɔgbɔ ʋã hakpala la wòŋlɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. Ewɔa amesiwo vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.” Yehowa aɖe eƒe nuteƒewɔlawo, alo akpɔ wo ta, be woato nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me.—Psalmo 145:18, 19.
19 Myrna si le Philippines srɔ̃ nusia esime wònɔ dadaa si gbagbãdɔ na megate ŋu wɔa naneke kura o la dzi kpɔm. Myrna ŋlɔ be: “Naneke metena ɖe ame dzi dea ekpɔkpɔ be wò lɔlɔ̃tɔ le fu kpem evɔ mate ŋu agblɔ afisi le evem na wò o la nu o. Ðeko wòle abe alesi nàkpɔe tsi nanɔ elém vivivi ene, evɔ naneke meli mawɔ le eŋu o. Medzea klo zi geɖe gblɔa alesi gbegbe ɖeɖi te ŋunyee na Yehowa. Mefaa avi abe Dawid, amesi ɖe kuku na Yehowa be wòade yeƒe aɖatsiwo goe me eye wòaɖo ŋku ye dzi ene. [Psalmo 56:9] Eye abe alesi Yehowa do ŋugbee ene la, edo ŋusẽ si hiãm lam. Yehowa zu ziɔɖeŋutɔ nam.”—Psalmo 18:19.
20. Biblia ƒe ŋugbedodo kawoe kpena ɖe dzikpɔlawo ŋu be dzi nanɔ wo ƒo, ne amesi dzi kpɔm wole ku gɔ̃ hã?
20 Wogblɔna be “ŋutinya si mewua enu ɖe dzidzɔ me o” ye wònyena be woakpɔ ame dzila tsitsiwo dzi. Aleke gbegbe nèkpɔ ame tsitsiawo dzii o, woava ku godoo, abe alesi wòdzɔ ɖe Myrna dada dzii ene. Gake amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu nya be ku menye nya la seƒe o. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ . . . le asinye na Mawu . . . bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Amesiwo dzila tsitsiwo ku kplɔ dzoe la kpɔa akɔfafa le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa kple Mawu ƒe xexe yeye wɔnuku si me “ku maganɔ anyi akpɔ o” ŋuti ŋugbedodo la me.—Nyaɖeɖefia 21:4.
21. Vi kawoe bubudede dzila tsitsiwo ŋu ɖena?
21 Mawu subɔlawo dea bubu deto wo dzilawo ŋu togbɔ be woazu ame tsitsiwo hã. (Lododowo 23:22-24) Wodea asixɔxɔ wo ŋu. Esia wɔwɔ naa nusi lododo si tso gbɔgbɔ me gblɔ la va eme na wo, be: “Fofowò kple dawò akpɔ dzidzɔ, eye dawò atso aseye.” (Lododowo 23:25) Eye ƒo wo katã ta la, amesiwo dea bubu wo dzila tsitsiwo ŋu ƒe nu dzea Yehowa Mawu ŋu eye wònye bubudede eya hã ŋu.
a Menye nya siwo me dzilawo zã woƒe ŋusẽ alo wo viwo ƒe ŋuɖoɖo ɖe wo ŋu ɖe mɔ gbegblẽ nu wògbɔ eme ale be woabui be edze agɔ si dze na tohehe ƒe nya gblɔm míele le afisia o.
-
-
Kpɔ Wò Ƒomea ƒe Etsɔme Mavɔ Kpɔkpɔ TaNusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
-
-
TA WUIADE
Kpɔ Wò Ƒomea ƒe Etsɔme Mavɔ Kpɔkpɔ Ta
1. Nukae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo le ƒome ƒe ɖoɖoa ŋu?
ESIME Yehowa te Adam kple Xawa ƒo ƒui le srɔ̃ɖeɖe me la, Adam ɖe alesi gbegbe wòkpɔ dzidzɔe fia esi wògblɔ Hebrigbe me hakpanya gbãtɔ si woŋlɔ ɖi. (Mose I, 2:22, 23) Gake menye alesi Wɔla la ƒe vi siwo nye amegbetɔwo akpɔ dzidzɔ koe nye nusi nɔ susu me nɛ o. Edi be srɔ̃tɔwo kple woƒe ƒomewo nawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Egblɔ na atsu kple asi gbãtɔ be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” (Mose I, 1:28) Dɔ si me teƒeɖoɖo wɔnuku le kae nye si wode asi na wo! Aleke gbegbee nye si woawo kple vi siwo woava dzi akpɔ dzidzɔe ne ɖe Adam kple Xawa tsɔ toɖoɖo blibo wɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu!
2, 3. Aleke ƒomewo awɔ akpɔ dzidzɔ geɖe wu egbea?
2 Egbea hã ne ƒomea me tɔ ɖesiaɖe wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, wokpɔa dzidzɔ geɖe wu. Apostolo Paulo ŋlɔe be: “Mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.” (Timoteo I, 4:8) Ƒome si sroa Mawu ɖa eye wowɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiame siwo le Biblia me dzi la akpɔ dzidzɔ le “agbe, si li fifi” la me. (Psalmo 1:1-3; 119:105; Timoteo II, 3:16) Ne ƒomea me tɔ ɖekae tsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔe gɔ̃ hã la, nuwo nyona wu esi ame aɖeke matsɔ wo awɔ dɔe o.
3 Agbalẽ sia dzro Biblia ƒe gɔmeɖose geɖe siwo hea ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ vɛ la me. Ðewohĩ ède dzesii be wo dometɔ aɖewo dze enuenu le agbalẽa me. Nukatae? Elabena wonye nyateƒe sẽŋu siwo ɖea vi na amesiame le ƒomegbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo me. Ƒome si kua kutri wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose siawo dzi la akpɔ be ‘agbe si li fifi ƒe ŋugbedodo le mawusosroɖa si’ nyateƒe. Mina míagadzro gɔmeɖose vevi siawo dometɔ ene me akpɔ.
ÐOKUIDZIÐUÐU ƑE VEVIENYENYE
4. Nukatae ɖokuidziɖuɖu le vevie ŋutɔ le srɔ̃ɖeɖe me?
4 Fia Salomo gblɔ be: “Amesi mate ŋu aɖu eƒe gbɔgbɔ dzi o la, le abe du, si wogbã gli le eŋu, wòtsi nuvo ene.” (Lododowo 25:28; 29:11) Be ‘woaɖu ame ƒe gbɔgbɔ dzi,’ woaɖu ame ɖokui dzi, nye nusi le vevie ŋutɔ na amesiwo di be dzidzɔ nanɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖe me. Mɔɖeɖe na seselelãme gbegblẽwo, abe dɔmedzoe helĩhelĩ alo agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzodzro ene, agblẽ nu si axɔ ƒe gbogbo aɖewo hafi ava ɖɔ ɖo—ne woate ŋu aɖɔe ɖoe nye ema.
5. Aleke amegbetɔ madeblibo awɔ asrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu, eye vi kawoe wòaɖe?
5 Nyateƒee, Adam ƒe dzidzimevi aɖeke mate ŋu aɖu eƒe ŋutilã madeblibo la dzi bliboe ya o. (Romatɔwo 7:21, 22) Ke hã la, gbɔgbɔ ƒe kutsetsee ɖokuidziɖuɖu nye. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Eyata Mawu ƒe gbɔgbɔ ana míatse ɖokuidziɖuɖu ƒe ku ne míedoa gbe ɖa biaa nɔnɔme sia, ne míetsɔa eŋuti nuxlɔ̃ame si sɔ si le Ŋɔŋlɔawo me wɔa dɔe, eye míedea ha kple ame bubu siwo ɖenɛ fiana eye míetea mía ɖokui ɖa tso amesiwo meɖenɛ fiana o gbɔ. (Psalmo 119:100, 101, 130; Lododowo 13:20; Petro I, 4:7) Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu ‘míasi le ahasiwɔwɔ nu,’ ne wote mí kpɔ gɔ̃ hã. (Korintotɔwo I, 6:18) Míawɔ ŋutasesẽnuwɔwɔ o eye míatsri ahamumu alo aɖu edzi. Eye míawɔ nu tufafatɔe wu ne wodo dziku na mí alo míedo go nɔnɔme sesẽwo. Neva eme be amesiame nesrɔ̃ alesi wòatu kutsetse vevi sia ɖoe—ɖeviwo hã nesrɔ̃e.—Psalmo 119:1, 2.
TANYENYE ŊUTI NUKPƆSUSU NYUITƆ
6. (a) Ðoɖo ka nue Mawu ɖo tanyenye ɖo? (b) Nuka dzie wòle be ŋutsu naɖo ŋkui bene dzidzɔkpɔkpɔ natso eƒe tanyenye me na eƒe ƒomea?
6 Gɔmeɖose vevi eveliae nye lɔlɔ̃ ɖe tanyenye dzi. Paulo ƒo nu tso alesi wòle be nuwo nanɔ ɖoɖo si sɔ pɛpɛpɛ nu ŋu esi wògblɔ be: “Mele didim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.” (Korintotɔwo I, 11:3) Esia fia be ŋutsu naxɔ ŋgɔ le ƒomea me, srɔ̃a nakpe asi ɖe eŋu nuteƒewɔwɔtɔe, eye ɖeviwo nabu wo dzilawo. (Efesotɔwo 5:22-25, 28-33; 6:1-4) Gake de dzesii be ne wozã tanyenye ɖe mɔ nyuitɔ nu ko hafi wòhea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ. Srɔ̃ŋutsu siwo nɔa agbe ɖe mawusosroɖa nu la nyae be menye dzizizidziɖuɖue tanyenye nye o. Wosrɔ̃a Yesu, woƒe Ta. Togbɔ be Yesue nye “nuwo katã ƒe ta” hã la, “meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ.” (Efesotɔwo 1:22; Mateo 20:28) Nenema ke Kristotɔ ŋutsu zãa eƒe tanyenye tsɔ léa be na srɔ̃a kple viawoe, ke menye ɖe eya ŋutɔ ƒe viɖewo ta o.—Korintotɔwo I, 13:4, 5.
7. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawoe akpe ɖe srɔ̃nyɔnu ŋu be wòawɔ dɔ si Mawu de asi nɛ le ƒomea me?
7 Nyɔnu si nɔa agbe ɖe mawusosroɖa nu hã meʋlia ho kple srɔ̃a alo dina be yeaɖu edzi o. Ne enɔa megbe na ŋutsua eye wòkpea asi ɖe eŋu la, akpɔ dzidzɔ. Ɣeaɖewoɣi la, ne Biblia le nu ƒom le srɔ̃nyɔnu ŋu la, egblɔna be enye srɔ̃a ƒe ‘nu,’ si na wòdze ɖikekemanɔmee be ŋutsuae nye ta nɛ. (Mose I, 20:3) To srɔ̃ɖeɖe me la, eva le ‘srɔ̃aŋutsu ƒe se’ te. (Romatɔwo 7:2) Le ɣeyiɣi ma ke me la, Biblia gayɔe hã be “kpeɖeŋutɔ” kple ‘amesi asɔ na srɔ̃a.’ (Mose I, 2:20) Eɖea nɔnɔme kple ŋutete siwo mele srɔ̃a si o fiana, eye wònaa kpekpeɖeŋu si hiã lae. (Lododowo 31:10-31) Biblia gagblɔ be srɔ̃nyɔnu nye “zɔhɛ,” amesi wɔa dɔ aduadu kple srɔ̃a. (Maleaxi 2:14) Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siawo kpena ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ŋu be woase wo nɔewo ƒe ɖoƒe gɔme eye woatsɔ sisiɖa kple bubu si dze ana wo nɔewo.
‘MIÐE ABLA LE NUSESE ME’
8, 9. Ƒo nu tso gɔmeɖose aɖewo siwo akpe ɖe amesiame ŋu le ƒomea me be woate ŋu aɖo dze nyuie wu la ŋu.
8 Wote gbe ɖe dzeɖoɖo ƒe vevienyenye dzi enuenu le agbalẽ sia me. Nukatae? Elabena kuxiwo gbɔ nya kpɔna wu ne amesiwo le nu ƒom na wo nɔewo la ɖo to wo nɔewo le nyateƒe me. Wote gbe ɖe edzi zi gbɔ zi geɖe be ame evee ɖoa dze. Ale nusrɔ̃la Yakobo gblɔe enye si: “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.”—Yakobo 1:19.
9 Ele vevie hã be míaɖɔ ŋu ɖo le alesi míeƒoa nui me. Nya vevewo, gedinyawo, alo nyadileameŋunyawo menaa wote ŋu ɖoa dze o. (Lododowo 15:1; 21:9; 29:11, 20) Ne nya nyui wònye gblɔm míele hã la, ne míegblɔe ŋutasesẽtɔe, dadatɔe, alo vevemasemaseɖeamenutɔe la, ate ŋu adzɔ be nusi wòagblẽ la asɔ gbɔ wu nyui si ado tso eme. Ele be míaƒe nuƒoƒo nadze to, ‘dze nanɔ eme.’ (Kolosetɔwo 4:6) Ele be míaƒe nyagbɔgblɔ nanɔ abe “sikatɔtɔŋuti . . . le klosalogba me” ene. (Lododowo 25:11) Ƒome siwo srɔ̃ dzeɖoɖo nyuie la wɔ afɔɖeɖe vevi aɖe ɖo ta dzidzɔkpɔkpɔ gbɔ.
AKPA VEVI SI LƆLƆ̃ WƆNA
10. Lɔlɔ̃ ka ƒomevie hiã vevie le srɔ̃ɖeɖe me?
10 Nya “lɔlɔ̃” dze enuenu le agbalẽ sia me. Èɖo ŋku lɔlɔ̃ si ƒomevi ŋu woƒo nu le la dzia? Ele eme baa be atsu kple asi dome lɔlɔ̃ (Helagbe, eʹros) wɔa akpa vevi aɖe le srɔ̃ɖeɖe me, eye be numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ deto kple xɔlɔ̃wɔwɔ (Helagbe, phi·liʹa) tsina ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome. Gake esi le vevie wu kurae nye lɔlɔ̃ si wozã Helagbe me nya a·gaʹpe na. Eyae nye lɔlɔ̃ si nɔa mía me na Yehowa, na Yesu, kple na mía havi. (Mateo 22:37-39) Eyae nye lɔlɔ̃ si Yehowa ɖena fiaa ameƒomea. (Yohanes 3:16) Aleke wòwɔ nukue nye si be míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ sia ke ƒomevi si Yehowa ɖena fiana la afia mía srɔ̃!—Yohanes I, 4:19.
11. Aleke lɔlɔ̃ naa srɔ̃ɖeɖe kpɔa dzidzedzee?
11 Lɔlɔ̃ deŋgɔ sia nyea “blibonyenye ƒe nublanu” le srɔ̃ɖeɖe me vavã. (Kolosetɔwo 3:14) Eblaa atsu kple asi ɖekae eye wòna wodina be yewoawɔ nusi nye nyuitɔ kekeake na yewo nɔewo kpakple yewo viwo. Ne ƒomewo do go kuxiwo la, lɔlɔ̃ kpena ɖe wo ŋu wokpɔa nuwo gbɔ ɖekae. Ne atsu kple asi le tsitsim la, lɔlɔ̃ kpena ɖe wo ŋu be woléa wo nɔewo ɖe te eye wodea asixɔxɔ wo nɔewo ŋu. “Lɔlɔ̃ . . . media ye ŋutɔ tɔ o. . . . Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.”—Korintotɔwo I, 13:4-8.
12. Nukatae srɔ̃tɔwo ƒe lɔlɔ̃ na Mawu naa ŋusẽ ɖoa woƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu?
12 Srɔ̃ɖenublaka la me sẽna etɔxɛe ne wotsɔ Yehowa lɔlɔ̃ koŋ blae goŋgoŋ ke menye srɔ̃tɔawo ɖeɖe dome lɔlɔ̃ ko o. (Nyagblɔla 4:9-12) Nukatae? Apostolo Yohanes ŋlɔe be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi.” (Yohanes I, 5:3) Eyata menye esi srɔ̃tɔwo lɔ̃ wo viwo vevie ta koe woatsɔ mawusosroɖa amlã woe o ke le esi wònye Yehowa ƒe sededee ta hãe. (Mose V, 6:6, 7) Menye lɔlɔ̃ na wo nɔewo ta koe woatsri agbegbegblẽnɔnɔ o ke vevietɔ le esi wolɔ̃ Yehowa, amesi ‘adrɔ̃ ʋɔnu matrewɔlawo kple ahasiwɔlawo’ ta koŋ ye. (Hebritɔwo 13:4) Ne srɔ̃tɔ ɖeka hea kuxi sesẽwo va srɔ̃ɖeɖea me hã la, lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã ame evelia be wòayi edzi anɔ wɔwɔm ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. Vavãe, dzidzɔtɔwoe nye ƒome siwo ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa wɔe be woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewoe me sẽ goŋgoŋ!
ƑOME SI WƆA MAWU ƑE LƆLƆ̃NU
13. Aleke eɖoɖo kplikpa be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kpena ɖe ame ŋu be ame ƒe susu nanɔ nusiwo le vevie wu le nyateƒe me la dzi?
13 Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nu vevitɔ le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. (Psalmo 143:10) Esiae nye nusi tututu mawusosroɖa fia. Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ana ƒomewo ƒe ŋku anɔ nusiwo le vevie ŋutɔŋutɔ dzi. (Filipitɔwo 1:9, 10) Le kpɔɖeŋu me, Yesu na míenya be: “Meva ame kple fofoa, vinyɔnuvi kple dadaa, ŋutsuvi srɔ̃ kple lɔ̃xoa dome mã ge; eye ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo.” (Mateo 10:35, 36) Abe alesi tututu Yesu gblɔe ene la, eyomedzelawo ƒe ƒometɔwo ti wo dometɔ geɖe yome. Aleke wòwɔ nublanui ganye vevesese hãe nye si! Gake hã mele be ƒomekadodowo nanɔ vevie na mí wu lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu kple Yesu Kristo o. (Mateo 10:37-39) Ne wodo dzi togbɔ be ƒometɔwo tsi tre ɖe ame ŋu hã la, tsitretsiɖeŋulaawo ate ŋu atrɔ ne wokpɔ nu nyui siwo le dodom tso ame ƒe mawusosroɖa me. (Korintotɔwo I, 7:12-16; Petro I, 3:1, 2) Ne medzɔ nenema o hã la, viɖe mavɔ aɖeke metsoa asiɖeɖe le Mawu subɔsubɔ ŋu le tsitretsiɖeŋu ta me o.
14. Aleke didi be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu akpe ɖe dzilawo ŋui be woawɔ nusi aɖe vi gbogbotɔ na wo viwo?
14 Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kpena ɖe dzilawo ŋu wowɔa nyametsotso nyuiwo. Le kpɔɖeŋu me, le teƒe aɖewo la, dzilawo bua wo viwo be wonye nunɔamesi si le dzraɖoƒe na yewo, eye woɖoa ŋu ɖe wo viwo ŋu be woakpɔ yewo dzi le yewoƒe tsitsime. Togbɔ be enyo hesɔ be vi tsitsiwo nakpɔ wo dzila tsitsiwo dzi hã la, mele be woana taɖodzinu sia nana dzilawo naƒã ŋutilãmenudidigbenɔnɔ ɖe wo viwo me o. Menye kpekpe ɖe vi ŋue wònye ne dzilawo fia wo viwo be woabu ŋutilãmenunɔamesiwo wu gbɔgbɔmenuwo o.—Timoteo I, 6:9.
15. Aleke Timoteo dada Eunike nye dzila si wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖee?
15 Eunike si nye ɖekakpui Timoteo, Paulo xɔlɔ̃ la dada ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. (Timoteo II, 1:5) Togbɔ be dzimaxɔsetɔe nye Eunike srɔ̃ hã la, Eunike, kpakple Timoteo mama Loide, he Timoteo be wòati mawusosroɖa yome. (Timoteo II, 3:14, 15) Esi Timoteo tsi la, Eunike ɖe mɔ nɛ be wòadzo le wo ƒeme azu Paulo ƒe dutanyanyuigblɔhati le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. (Dɔwɔwɔwo 16:1-5) Dzi kae nye si adzɔe esi via va zu dutanyanyuigblɔla nyui aɖe! Edze le mawusosroɖagbe si wònɔ le eƒe tsitsime la me be exɔ hehe nyui tso eƒe vidzĩme ke vavã. Ðikekemanɔmee la, Timoteo ƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ŋu nyatakakawo sese na Eunike ƒe dzi dze eme eye dzi dzɔe, togbɔ be adzroe be netsi ye gbɔ hafi hã.—Filipitɔwo 2:19, 20.
ƑOMEA KPLE WÒ ETSƆME
16. Ðetsɔleme si sɔ si wòle be vi naɖe fia kae Yesu ɖe fia, gake nuka koŋ ye nye eƒe taɖodzinu vevitɔ?
16 Ƒome vɔ̃mawu mee wonyi Yesu le, eye esia na be esi wòtsi la, etsɔ ɖe le eme na dadaa, abe alesi wòdze be vi nawɔ ene. (Luka 2:51, 52; Yohanes 19:26) Gake Yesu ƒe taɖodzinu vevitɔe nye be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye le eya gome la, esia ƒe akpa aɖee nye be wòaʋu agbe mavɔ kpɔkpɔ ƒe mɔnu ɖi na amegbetɔwo. Ewɔ esia esi wòtsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo ke ɖe ameƒome si nye nuvɔ̃mewo la ta.—Marko 10:45; Yohanes 5:28, 29.
17. Ŋutikɔkɔe mɔkpɔkpɔ kawo ƒe mɔe Yesu ƒe nuteƒewɔwɔgbenɔnɔ ʋu ɖi na amesiwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu?
17 Esi Yesu ku la, Yehowa fɔe ɖe tsitre hena dziƒogbenɔnɔ hetsɔ ŋusẽ gã aɖe nɛ, eye mlɔeba la, etsɔe ɖo Fiae le Dziƒofiaɖuƒea me. (Mateo 28:18; Romatɔwo 14:9; Nyaɖeɖefia 11:15) Yesu ƒe vɔsa la na be woate ŋu atia amegbetɔ aɖewo be woava ɖu fia kplii le Fiaɖuƒe ma me. Eʋu mɔ na amegbetɔƒomea me tɔ susɔe siwo si dzi dzɔdzɔe le hã be woanɔ agbe deblibo le anyigba si woatrɔ wòazu paradiso la dzi. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 4; 21:3-5; 22:1-4) Mɔnukpɔkpɔ vevitɔwo kekeake si su mía si egbea dometɔ ɖekae nye be míagblɔ ŋutikɔkɔe nyanyui sia na mía nɔviwo—Mateo 24:14.
18. Ŋkuɖodzinya kple dzideƒo kawoe wona ƒomewo kple ame ɖekaɖekawo?
18 Abe alesi apostolo Paulo ɖee fia ene la, ŋugbedodo si nye be amewo ate ŋu anyi yayra mawo ƒe dome le agbe “si le vava ge” me la kpe ɖe mawusosroɖagbenɔnɔ ŋu. Kakaɖedzitɔe la, esiae nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi nàto akpɔ dzidzɔ! Ðo ŋku edzi be, “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Eyata ɖevi alo dzila, srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu, alo ame tsitsi si nye tre si si vi le alo vi mele o ye nènye o, sẽ ŋkume nàwɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ne èle amemiamiã te alo nèdze ŋgɔ kuxi siwo wu gbɔgblɔ hã la, mègaŋlɔe be gbeɖe be Mawu gbagbe la subɔlae yenye o. Esia wɔwɔ nena wòava eme be wò nuwɔnawo nado dzidzɔ na Yehowa. (Lododowo 27:11) Eye neva eme be wò agbenɔnɔ nena nàkpɔ dzidzɔ fifia eye nàkpɔ agbe mavɔ le xexe yeye si gbɔna la me!
-