INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 8/15 axa 6-7
  • Ƒometadedeagu Kple Ðokuisinusɔsrɔ̃ Ƒe Mɔnu Vovovowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒometadedeagu Kple Ðokuisinusɔsrɔ̃ Ƒe Mɔnu Vovovowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðoɖo Aɖe Si Le Kpekpem Ðe Ƒomewo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nu Siwo Miate Ŋu Asrɔ̃ Le Ƒometadedeagu Alo Ðokuisinusɔsrɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Misrɔ̃ Mawu Ƒe Nya Edziedzi Le Ƒomea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ƒomenusɔsrɔ̃ si Hea Dzidzɔ Vɛ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 8/15 axa 6-7

Ƒometadedeagu Kple Ðokuisinusɔsrɔ̃ Ƒe Mɔnu Vovovowo

LE ƑE 2009 ƒe gɔmedzedze la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le xexea me katã la wɔ asitɔtrɔ le woƒe kpekpewo ƒe ɖoɖowɔɖi ŋu. Wova le kpekpe eve siwo wowɔna le kwasiɖa domedomewo la wɔm le ŋkeke ɖeka dzi, eye wode dzi ƒo na ame sia ame be wòazã ŋkeke si susɔ la awɔ ƒometadedeagu alo ɖokuisinusɔsrɔ̃. Ðe nèle ɖoɖo yeye sia ŋu dɔ wɔm nyuiea? Ðe wòle vi ɖem na wò bliboea?

Ame aɖewo menya agbalẽ si wòle be woazã le woƒe ƒometadedeaguwɔɣia o. Menye Dziɖuhaa ƒe taɖodzinue nye be yewoaɖo mɔ aɖe koŋ si nu woawɔ ƒometadedeagu le la na ƒomewo katã o. Esi wònye be ame sia ame ƒe nɔnɔmewo le vovovo ta la, esɔ be ame ɖe sia ɖe alo ƒome ƒe ta ɖe sia ɖe nada ale si woate ŋu awɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ɖoɖo sia ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu la kpɔ.

Ame aɖewo zãa ɣeyiɣi ma tsɔ dzraa ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu, gake menye ema koe wòle be woawɔ le ƒometadedeagu me o. Ame bubuwo xlẽa Ŋɔŋlɔawo me ŋutinyawo, woɖoa dze tso wo ŋu, eye wowɔa wo abe dramawo ene gɔ̃ hã be wòaɖe vi na ɖeviwo koŋ. Menye ɣesiaɣie wòahiã be woadzro nusɔsrɔ̃a me kple nyabiabia kple ŋuɖoɖo, abe ale si míewɔnɛ le kpekpewo ene o, eye masɔ ɣesiaɣi gɔ̃ hã o. Zi geɖe la, ne ame sia ame ɖe dzi ɖi la, enana be ame ɖe sia ɖe dina be yeakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me eye yeagblɔ yeƒe susuwo. Nɔnɔme sia tɔgbi wɔnɛ be wotea ŋu doa susu yeyewo ɖa, si ate ŋu awɔe be nusɔsrɔ̃a navivi ame sia ame nu eye wòatsi susu me na ame.

Dzila aɖe si si vi etɔ̃ le la ŋlɔ bena: “Nu si míewɔna edziedzi la kuna ɖe Biblia xexlẽ ŋu. Mía dometɔ ɖe sia ɖe xlẽa akpa si me míava dzro la doa ŋgɔ; ɖeviawo tiaa eƒe akpa aɖewo hewɔa numekuku tso wo ŋu, eye woƒoa nu tso nu siwo ŋu woke ɖo la ŋu. Zi geɖe la, Michael [si xɔ ƒe adre la] taa nane alo ŋlɔa memama ɖeka tso ŋutinyaa ŋu. David [si xɔ ƒe 13] kple Kaitlyn [si xɔ ƒe 15] tea ŋu ŋlɔa ŋutinyaa abe ame aɖe si kpɔ nua teƒe ye le egblɔm ene. Le kpɔɖeŋu me, esime míenɔ ŋutinya si ku ɖe Yosef ƒe drɔ̃egɔmeɖeɖe na Farao ƒe aboloƒola kple eƒe ahakula xlẽm la, Kaitlyn ŋlɔ ŋutinyaa abe gaxɔmenɔla aɖe si kpɔ eteƒee ŋlɔe ene.”—1 Mose, ta 40.

Le dzɔdzɔme nu la, míaƒe nɔnɔmewo le vovovo. Nu si aɖe vi na ame aɖe alo ƒome aɖe la maɖe vi na bubu ya o. Àkpɔ mɔ vovovo siwo nu miate ŋu awɔ nuwo le le ƒometadedeagu alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔɣi la le aɖaka si kpe ɖe nyatia ŋu la me. Le nyateƒe me la, miate ŋu abu mɔ bubu geɖewo hã ŋu.

[Box/​Picture on pages 6, 7]

Na ƒome siwo si ƒewuiviwo le:

• Mixlẽ Sɔhɛwo Biana Be gbalẽa eye midzro eme.

• Miwɔ wɔwɔfia siwo ku ɖe nɔnɔme siwo fɔa biabia si nye “Ke ne . . . ?” ɖe te ŋu (Kpɔ May 15, 1996, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 14, memama 17-18.)

• Miƒo nu tso taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo kaba kple esiwo axɔ ɣeyiɣi didi ŋu.

• Mikpɔ video siwo wotu ɖe Biblia dzi la ɣeaɖewoɣi, eye miadzro wo me.

• Midzro Gbetakpɔxɔ me nyati si nye “Na Ðeviwo” me.

Na srɔ̃tɔ siwo si vi mele o:

• Midzro agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe ta 1, 3, 11-16 lia me.

• Miƒo nu tso nu siwo ŋu miewɔ numekuku le le miaƒe Biblia xexlẽ me ŋu.

• Midzra ɖo ɖe Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ alo Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu.

• Midzro ale si miadzi miaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi me.

Na nɔviŋutsu trewo kpakple nɔvinyɔnu trewo alo ame siwo srɔ̃ menye nɔvi o:

• Srɔ̃ agbalẽ yeye siwo woɖe ɖe go le nutome gã takpekpewo me.

• Xlẽ Ƒegbalẽ yeyea kple ƒe siwo va yi xoxo la tɔwo hã.

• Wɔ numekuku tso nyabiase siwo amewo lɔ̃a biabia le mia gbɔ la ŋu.

• Dzra dzeɖonya siwo nàzã le gbeadzi la ɖo.

Na ƒome siwo si ɖevi suewo le:

• Miwɔ Biblia me ŋutinyawo ƒe wɔwɔfiawo.

• Miwɔ susuŋudɔwɔwɔfefewo, abe esiwo dzena le Nyɔ! ƒe axa 30 kple 31 ene.

• Ɣeaɖewoɣi la, misusu nanewo miawɔ. (Kpɔ nyati si nye “Biblia Sɔsrɔ̃ Le Lãwo Kpɔƒe!” le March 8, 1996, ƒe Nyɔ!, axa 12-15.)

• Midzro nyati si nye “Fia Nu Viwòwo,” si wotana ɖe Gbetakpɔxɔ me la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe