Hadzidzi 18
Mawu Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃
Tatatɔ
1. Mawu la nye lɔlɔ̃.
Nyateƒe sia tso dziƒo.
Lɔlɔ̃ me Mawu dɔ Via
Wòva xe fe ɖe mía ta.
Be dzɔdzɔenyenye, dzidzɔ,
Kple agbe mavɔ míakpɔ.
(HAXE)
Mawu le mía kpem bena:
“Tsikɔwuitɔwo, miva.”
Dɔmenyo Mawu wònye.
Lɔlɔ̃ Mawu wònye.
2. Mawu la nye lɔlɔ̃.
Eƒe dɔwɔwɔ’o ɖee fia.
Lɔlɔ̃ siae wògaɖe fia,
Be wòna Kristo zu fia.
Ewɔ nubabla la dzi.
Kpɔ ɖa, Fia la le zi dzi!
(HAXE)
Mawu le mía kpem bena:
“Tsikɔwuitɔwo, miva.”
Dɔmenyo Mawu wònye.
Lɔlɔ̃ Mawu wònye.
3. Mawu la nye lɔlɔ̃.
Esia ʋãa mí na lɔlɔ̃.
Míakpe ɖ’ame fafa’o ŋu
Be woate ɖe Mawu ŋu.
Míaɖe gbeƒã na ’mewo;
Míafa akɔ na ’mewo.
(HAXE)
Mawu le mía kpem bena:
“Tsikɔwuitɔwo, miva.”
Dɔmenyo Mawu wònye.
Lɔlɔ̃ Mawu wònye.