INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 12/1 axa 19-22
  • Nyanyuia Takpɔkpɔ le Se Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyanyuia Takpɔkpɔ le Se Nu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gli si Anye Takpɔkpɔ le Se Nu Ðoɖo
  • Nana be Ŋusẽ Nagaɖo Glia Ŋu ɖe Edzi
  • Glia Ta Kpɔkpɔ
  • Míaƒe Subɔsubɔblɔɖe Taʋiʋli
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo Ʋlia Wo Ðokuiwo Ta Le Ʋɔnu
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Woʋli Yehowa Ðasefowo Ta Le Greece
    Nyɔ!—1997
  • Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Da Asi Ðe Nuƒoƒo Ƒe Ablɔɖe Dzi
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 12/1 axa 19-22

Nyanyuia Takpɔkpɔ le Se Nu

ZI ALESI amegbetɔ le duwo tsom ko la, zi nenemae wòtɔa kpɔ hã ɖe wo ŋui. Kpɔtɔtɔ siawo nye takpɔnu, vevietɔ le blema. Gli sia dzie dua taʋlilawo tɔna ɖo wɔa aʋa kpɔa glia ta tso futɔwo si me be womagbãe alo agblẽ nu le eŋu o. Menye dua me tɔwo ɖeɖekoe nɔa dedie o, ke zi geɖe la, glia nyea sitsoƒe na du siwo ƒo xlãe me tɔwo hã.—Samuel II, 11:20-24; Yesaya 25:12.

Nenema ke Yehowa Ðasefowo tɔ kpɔ aɖe—wònye gli woɖo le se nu—hena wo ta kpɔkpɔ. Wometɔ kpɔ sia be wòade mamã Ðasefoawo kple ame bubuwo dome o, elabena wonya Yehowa Ðasefowo be wonye amesiwo dea ha kple ame bubuwo hewɔa xɔlɔ̃ kpli wo. Ke boŋ la, gli sia naa ŋusẽ ɖoa mɔnukpɔkpɔ si li le se nu be amesiame nanɔ ablɔɖe me la ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ekpɔa gome si le Ðasefoawo si le se nu be woate ŋu ayi edzi asubɔ le tomefafa me la ta. (Tsɔe sɔ kple Mateo 5:14-16.) Gli sia kpɔa woƒe subɔsubɔ kple gome si le wo si be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Faɖuƒe ŋutinya nyuia ta. Gli kae nye esia, eye aleke woɖoe?

Gli si Anye Takpɔkpɔ le Se Nu Ðoɖo

Togbɔ be le dukɔ akpa gãtɔ me Yehowa Ðasefowo subɔna le ablɔɖe me hã la, woɖea fu na wo le dukɔ aɖewo me madzemadzee. Ne wotsi tre ɖe ablɔɖe si me wòle be woanɔ aƒo ƒu asubɔ ɖekae alo aɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme ŋu la, wotsɔa nyaawo yia setɔwo gbɔe. Senya siwo wotsɔ ɖe Ðasefoawo ŋu le xexeame katã nye akpe geɖe.a Menye wo katã mee woɖu dzi le o. Gake ne ʋunɔdrɔ̃ƒe suewo bu fɔ wo la, wotsɔa nya la yia ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔwoe zi geɖe. Nukae do tso eme?

Le ƒe alafa 20 lia ƒe ƒeawo me la, senya siwo me woɖu dzi le le dukɔ geɖewo me va zu kpɔɖeŋu vevi aɖe Yehowa Ðasefowo zãna le nya bubu siwo wotsɔna ɖe wo ŋu me. Abe anyikpememe alo kpe siwo wotsɔ ɖo glii ene la, afia siwo wotso na wo la va zu kpɔ si wotɔ ɖe wo ŋu le se nu. Ðasefoawo tsi tre ɖe nusiwo dzɔ va yi si zu abe gli ene dzi yi edzi ʋli woƒe mawusubɔsubɔblɔɖe ta.

Le kpɔɖeŋu me, bu Murdock Kple Pennsylvania Nutoa Dome Nya, si ƒe afia United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso le May 3, 1943, ŋu kpɔ. Nyabiabia si nya sia fɔ ɖe tee nye: Ðe wòle be Yehowa Ðasefowo naxɔ asitsagbalẽ hafi amã woƒe mawunyagbalẽwoa? Yehowa Ðasefowo tsi tre sesĩe be mele be woabia ema wɔwɔ tso yewo si o. Woƒe gbeƒãɖeɖedɔa menye—asitsatsa ye wònye o—eye wometsɔe tsa asii kpɔ hã o. Woƒe taɖodzinue nye be yewoaɖe gbeƒã nyanyuia ke menye be yewoadi ga o. (Mateo 10:8; Korintotɔwo II, 2:17) Ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ ɖeka kple Ðasefoawo le afia si wotso na Murdock me be mele se nu be woabia be woaxe adzɔ ɖe mɔɖeɖaseɖigbalẽ aɖeke ta hafi woaɖe mɔ na ame wòamã mawunyagbalẽwo o.b Tso ɣemaɣi la, nyametsotso sia va nye kpɔɖeŋu vevi aɖe si Ðasefowo yɔna wònyea woƒe ŋusẽ eye wotsɔna ɖua dzii le senya gbogbo si wotsɔ ɖe wo ŋu me. Afia si wotso na Murdock la va zu anyikpe sesẽ le gli si woɖo le se nu hena takpɔkpɔ la me.

Senya mawo wɔ akpa gã aɖe le subɔsubɔblɔɖe si asu amesiame si la takpɔkpɔ me. University of Cincinnati Law Review gblɔ tso akpa si Ðasefowo wɔ le ablɔɖe si su dukɔmeviwo si le United States la ŋu be: “Yehowa Ðasefowo wɔ akpa gã aɖe le asitɔtrɔ le dukplɔsewo ŋu, vevietɔ le nuƒo kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe takpɔkpɔ kple ekeke ɖe enu me.”

Nana be Ŋusẽ Nagaɖo Glia Ŋu ɖe Edzi

Senya ɖesiaɖe si me woɖu dzi le nana be ŋusẽ gaɖoa glia ŋu ɖe edzi. Bu ƒe 1990 ƒeawo me afiatsotso ʋee aɖewo siwo ɖe vi na Yehowa Ðasefowo kple ablɔɖelɔ̃la bubuwo le xexeame godoo la ŋu kpɔ.

Greece. Le May 25, 1993, dzi la, Europa ƒe Amegbetɔwo ƒe Gomenɔamesi Ʋɔnudrɔ̃ƒe da asi ɖe gome si le Greecetɔ aɖe si be wòfia eƒe subɔsubɔdzixɔsewo amewo la dzi. Minos Kokkinakis si xɔ ƒe 84 ɣemaɣi ŋue nya la ku ɖo. Tso ƒe 1938 me wolé Minos Kokkinakis si nye Yehowa Ðasefo zi gbɔ zi 60 kple edzivɔ sɔŋ, wohee yi Greece ʋɔnuwoe zi gbɔ zi 18, eye enɔ mɔ ƒe ade kple edzivɔ sɔŋ. Nusita koŋ wobu fɔe enye be eda Greecetɔwo ƒe se si wode le ƒe 1930 ƒeawo me si xe mɔ ɖe dzimetɔtrɔ na amewo nu dzi—se sia ta wolé Yehowa Ðasefo siwo ade 20,000 kloe ɖo tso ƒe 1938 va ɖo 1992 me. Europatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso afia be Greece-dziɖuɖua da le Kokkinakis ƒe subɔsubɔblɔɖe dzi eye woxe dɔlar 14,400 nɛ ɖe nusiwo wogblẽ le eŋu ta. Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me le eƒe afiatsotsoa me be vavãe Yehowa Ðasefowo nye “subɔsubɔha si wonya nyuie.”—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, September 1, 1993, axa 27-31.

Mexico. Le July 16, 1992, dzi la, woɖe afɔ vevi aɖe le subɔsubɔblɔɖea taʋiʋli le Mexico me. Le ŋkeke ma dzi la, wode Subɔsubɔhawo Kple Dutoƒosubɔsubɔ Ŋuti Se. Se sia ɖe mɔ be woate ŋu abu subɔsubɔƒuƒoƒowo subɔsubɔhae le se nu ne wode wo agbalẽ me. Tsã la, Yehowa Ðasefowo nɔ anyi gake abe dukɔa me subɔsubɔha bubuwo ene la, womede wo agbalẽ me le se nu o. Le April 13, 1993, dzi la, Ðasefowo bia be woade yewo agbalẽ me. Dzidzɔtɔe le May 7, 1993, dzi la, wode woƒe ŋkɔ, La Torre del Vigía, A. R., kple Los Testigos de Jehová en México, A. R., agbalẽ me le se nu, wo ame evea siaa nye subɔsubɔhabɔbɔwo.—Kpɔ Nyɔ! July 8, 1994, axa 17-19.

Brazil. Le November 1990 me la, Brazil Dukɔa ƒe Megbegaxeha na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe nya be yewomagabu subɔla lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le Betel (Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo ƒe ŋkɔ) mawudɔwɔlawoe azɔ o, ke boŋ woanɔ se si kplɔa dɔwɔlawo le Brazil te. Ðasefoawo tsɔ nya la yi nyagbugbɔgadrɔ̃ʋɔnui. Le July 7, 1996, dzi la, Ʋɔnunyawo ƒe Aɖaŋudeha si le Senyalagã ƒe Dɔwɔƒe le Brasília tso nya me da asi ɖe edzi be subɔsubɔha si le se nu ƒe mawudɔwɔlawoe subɔla siwo le Betel nye, menye ŋutilãmedɔwɔlawoe wonye o.

Japan. Le March 8, 1996, dzi la, Japan ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ wɔ nyametsotso aɖe le sukudenyawo kple subɔsubɔblɔɖe ŋu—si ɖe vi na amesiame le Japan. Ʋɔnudrɔ̃ƒea tsɔ nusɔsɔe tso afiae be Kobe Mɔ̃ɖaŋusrɔ̃suku da se dzi esi wonyã Kunihito Kobayashi le suku le esi wògbe be yemakpɔ gome le aʋawɔɖaŋu sɔsrɔ̃ me o ta. Zi gbãtɔe nye sia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ nɔ te ɖe subɔsubɔblɔɖe si ŋu Japan ƒe Dukplɔse ɖe mɔ ɖo dzi tso afia alea kpɔ. Esi ɖekakpui Ðasefo sia tsɔ Biblia na hehe eƒe dzitsinya ta la, ekpɔe be kametete siawo mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo o, abe esi dze le Yesaya 2:4 ene si gblɔ be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ [magatsɔ] yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe afiatsotsoa nye kpɔɖeŋu na senya bubuwo le etsɔme.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, November 1, 1996, axa 19-21.

Le February 9, 1998, dzi la, Tokyo Ʋɔnudrɔ̃ƒe Gã tso nya me ɖedzesi bubu si wɔ ɖeka kple gome si le Ðasefo si ŋkɔe nye Misae Takeda si be wòagbe atikewɔwɔ si mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe sedede be ‘woatsri ʋu’ la o. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Wotsɔ senya sia yi Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔe, eye míele lalam akpɔ be woawɔ ɖeka kple Ʋɔnudrɔ̃ƒe gã la ƒe nyametsotsoa hã.

Philippines. Wotsɔ nusɔsɔe tso afia na Yehowa Ðasefowo le nyametsotso si Philippines ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ wɔ le March 1, 1993, dzi le senya si ku ɖe Ðasefo sɔhɛ siwo wonyã le suku le esi wogbe bubutɔe be yewomade ta agu na aflaga o ta.

Afiatsotso deamedzi ɖesiaɖe le abe kpe alo anyikpememe si wogaɖo ɖe gli, si nye se siwo akpɔ gome si le Yehowa Ðasefowo kple amesiame si la ta, la dzi ene.

Glia Ta Kpɔkpɔ

Wode Yehowa Ðasefowo agbalẽ me le se nu le anyigba 153 dzi, eye ablɔɖe geɖe si wodze na la su wo si, abe alesi wòsu subɔsubɔha bubu siwo dzi woda asi ɖo hã sii ene. Esi yometiti kple mɔxeɖenu si te Yehowa Ðasefowo nɔ ƒe geɖe le Ɣetoɖoƒe Europa kple tsã Soviet Union nu va yi la, wode wo agbalẽ me le se nu fifia le dukɔ siawo abe Albania, Belarus, Czech Republic, Georgia, Hungary, Kazakstan, Kyrgyzstan, Romania, kple Slovakia me. Gake egbea wotsi tre ɖe gome si le Yehowa Ðasefowo si ŋu vevie alo woxɔ wo le wo si le anyigba aɖewo dzi kpakple Ɣetoɖoƒe Europa dukɔ aɖewo siwo me senyawo gbɔkpɔɖoɖowo le ɣeyiɣi didi aɖee nye sia la me. Tsitretsiɖeŋulawo le agbagba dzem vevie be ‘yewoadi nya’ na Ðasefowo ‘to sewo dede me.’ (Psalmo 94:20) Aleke amesiawo wɔ nui?c

Yehowa Ðasefowo di be yewoƒe nuwɔna nawɔ ɖeka kple dziɖuɖu ɖesiaɖe ƒe ɖoɖowo, gake wodi hã be ablɔɖe nasu yewo si le se nu yewoatsɔ asubɔe. Woka ɖe edzi bliboe be se alo nyametsotso ɖesiaɖe si axe mɔ na yewo be yewomawɔ Mawu ƒe sewo—si me eƒe se si nye be woaɖe gbeƒã nyanyuia hã le—dzi o la medze o. (Marko 13:10) Ne womate ŋu akpɔ nyawo gbɔ le ŋutifafa me o la, ke Yehowa Ðasefowo adze agbagba ɖesiaɖe aʋli nya la le ʋɔnuwo, woayi nyagbugbɔdrɔ̃ƒe ɖesiaɖe si hiã be gome si Mawu na wo be woawɔ woƒe subɔsubɔdɔ la nasu wo si le se nu. Yehowa Ðasefowo ka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo sia dzi bliboe, be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o.”—Yesaya 54:17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Taflatse kpɔ agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe ta 30 lia hena senya siwo ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ƒe nuŋlɔɖi me dzodzro tsitotsito.

b Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ la te fli ɖe woawo ŋutɔ ƒe nyametsotso si wowɔ le Jones Kple Opelika-dua Dome nya me la me le afiatsotso na Murdock me. Le Jones ƒe nyaa me le ƒe 1942 me la, Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa lɔ̃ ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔ aɖe ƒe afia si wòtso na Rosco Jones si nye Yehowa Ðasefo be edze agɔ esi mexe mɔɖeɖaseɖigbalẽ ƒe adzɔ o evɔ wòle agbalẽ mãm le Opelika, Alabama, blɔ dzi la dzi.

c Kpɔ nyati siwo nye “Wolé Fu Wo ɖe Woƒe Xɔse Ta” kple “Míaƒe Xɔse Taʋiʋli” le axa 8-18.

[Aɖaka si le axa 21]

Yehowa Ðasefowo Ƒe Gomenɔamesiwo Taʋiʋli

Yehowa Ðasefowo yometiti na be wohe wo yi ʋɔnudrɔ̃lawo kple dziɖuɖumegãwo ŋku me le xexeame godoo. (Luka 21:12, 13) Yehowa Ðasefowo dze agbagba ɖesiaɖe be woaʋli woƒe gomewo ta le se nu. Senya geɖe siwo me Yehowa Ðasefowo ɖu dzi le le dukɔ geɖe me la kpɔ woƒe ablɔɖe si wodze na le se nu la ta, si ƒe ɖewoe nye woƒe gomenɔamesi be:

◻ woaɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme, se siwo bla asitsalawo mazimazi ɖe wo dzii—Murdock Kple Pennsylvania Nutoa Dome Nya, si ƒe afia United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso (ƒe 1943); Kokkinakis Kple Greece Dome Nya, Europa ƒe Amegbetɔwo ƒe Gomenɔamesi Ʋɔnudrɔ̃ƒe (ECHR) (ƒe 1993).

◻ woakpe ta le ablɔɖe me na mawusubɔsubɔ—Manoussakis Kple Etɔwo Kpakple Greece Dome Nya, (ECHR) (ƒe 1996).

◻ woatso nya me le alesi woazã woƒe dzitsinyae le bubudede dukɔa ƒe aflaga alo dzesidenuwo ŋu—Ɣetoɖoƒe Virginia ƒe Sukunyawo Gbɔkpɔha Kple Barnette Dome Nya, U.S. Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ (1943); Philippines Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ (ƒe 1993); India Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ (ƒe 1986).

◻ woagbe asrafodɔ si tsi tre ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe dzitsinya ŋu wɔwɔ—Georgiadis Kple Greece Dome Nya, ECHR (ƒe 1997).

◻ woatia atikewɔmɔnu kple atike siwo metsi tre ɖe woƒe dzitsinya ŋu o—Malette Kple Shulman Dome Nya, Ontario, Canada, Nyagbugbɔgadrɔ̃ʋɔnu (ƒe 1990); Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Kple E.L.A. Dome Nya, Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ, San Juan, Puerto Rico (ƒe 1995); Fosmire Kple Nicoleau Dome Nya, New York, U.S.A., Nyagbugbɔgadrɔ̃ʋɔnu (1990).

◻ woanyi wo viwo ɖe woƒe Biblia me dzixɔsewo nu, ne wotsi tre ɖe dzixɔse siawo ŋu le vixɔxɔnyi nyaʋiʋliwo me kura gɔ̃ hã—St-Laurent Kple Soucy Dome Nya, Canada Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ (ƒe 1997); Hoffmann Kple Austria Dome Nya, ECHR (ƒe 1993).

◻ habɔbɔ si woɖe mɔ na le se nu nanɔ wo si woazã si si womabia tsoe be wòaxe adzɔ o, abe alesi ko womebia tso subɔsubɔha nyanyɛ bubuwo ƒe habɔbɔ si zãm wole si be woaxe adzɔe o ene—Haring Kple Amewo Dome Nya, New York, U.S.A., Nyagbugbɔgadrɔ̃ʋɔnu (ƒe 1960).

◻ woawɔ na amesiwo wode ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒomevi aɖe asi na la abe alesi wowɔna na subɔsubɔha bubuwo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔlawo le adzɔxenyawo mee ene—Brazil Dukɔa ƒe Megbegaxeha, Brasília, (ƒe 1996).

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Minos Kokkinakis kple srɔ̃a

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Kunihito Kobayashi

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]

The Complete Encyclopedia of Illustration/J. G. Heck

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe