INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 6/1 axa 29-30
  • Casiodoro de Reina ƒe Ʋiʋli ɖe Spaniagbe me Biblia Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Casiodoro de Reina ƒe Ʋiʋli ɖe Spaniagbe me Biblia Ta
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu ƒe Ŋkɔ le Spaniagbe me Gɔmeɖeɖewo Me
  • Ale Si Mawu Ƒe Nyaa Wɔ Kaka Le Spain Le Titinaɣeyiɣiwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si
    Nyɔ!: Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si
  • Nu Ðedzesi Aɖe Na Mawu Ƒe Nya La Lɔ̃lawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • New World Translation Ame Miliɔn Geɖe Kpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 6/1 axa 29-30

Casiodoro de Reina ƒe Ʋiʋli ɖe Spaniagbe me Biblia Ta

AFƆKU ŋutɔe wònye be woaxlẽ Biblia le Spania le ƒe alafa wuiadelia me. Katoliko Sɔlemeha la gblɔ na Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃lawo be wòatsrɔ̃ nu suetɔ kekeake si ado mo ɖa atsi tre ɖe subɔsubɔnufiafia si dzi yewoda asi ɖo ŋu la ɖa. Gake ɖekakpui aɖe nɔ Spania ƒe anyigbe gome si menye Ŋɔŋlɔawo ɖeɖekoe wòxlẽna o ke eka atam be yeaɖe wo gɔme ɖe wo degbe me hã, be Spaniatɔ ɖesiaɖe nate ŋu axlẽe. Eŋkɔe nye Casiodoro de Reina.

Ƒe geɖe siwo Reina tsɔ nɔ San Isidro del Campo saɖagaxɔ me le Seville ƒe gbɔto le Spania ye nyɔ eƒe ɖetsɔleme ɖe Biblia la me. Le ƒe 1550-awo me la, saɖagaxɔmenɔla akpa gãtɔ siwo nɔ saɖagaxɔ tɔxɛ sia me zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe Ŋɔŋlɔawo xexlẽ ŋu wu woƒe saɖagaxɔmedɔdasiwo wɔwɔ. Eye Biblia ƒe gbedasia trɔ woƒe nukpɔsusu. Wogbe Katoliko nufiafia siwo ku ɖe nɔnɔmewɔwɔwo zazã kple ŋutiklɔdzo dzixɔse ŋu. Amewo medo kpo nunyanya tso woƒe nukpɔsusuwo ŋu le nutoa me o, eye esi wovɔ̃ be Spania Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃lawo ava lé yewo ta la, woɖoe be yewoasi ayi duta. Reina nye ame 12 siwo te ŋu si yi Geneva, Switzerland, dometɔ ɖeka.

Le sisi ma si wolée kloe megbe la, ezɔa mɔ tso Europa dugã ɖeka me yia bubu me, beblibebli la, ete ŋu sina doa ŋgɔ na eyometilawo. Le ƒe 1562 me la, eyometila siwo ƒo dzi ɖe le la tɔ dzo eŋuti nɔnɔmewɔwɔ aɖe le Seville tsɔ ɖi gbɔe, gake ŋutasẽnuwɔna ma gɔ̃ hã mena Reina vɔ̃ hedzudzɔ eƒe Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖedɔ la o. Togbɔ be wogblɔ be woana ga amesi lée vɛ eye wònɔa vɔvɔ̃m ɣesiaɣi be woalé ye hã la, ewɔ dɔ madzudzɔmadzudzɔe le eƒe Spaniagbe me gɔmeɖeɖea ŋu. Egblɔ be: “Ne ɣeyiɣi siwo me menɔa dɔ lém alo nɔa mɔ zɔm mele eme o la, . . . nuŋlɔti la megbea asi nɔnɔ nam gbeɖe o.”

Kaka wòade ƒe ewo la, Reina wu dɔa nu. Wota Biblia bliboa si gɔme wòɖe la le Basel, Switzerland, le ƒe 1569 me. Gɔmeɖeɖe ɖedzesi siae nye Spaniagbe me gɔmeɖeɖe blibo gbãtɔ si gɔme woɖe tso gbegbɔgblɔ gbãtɔwo me. Latingbe me Bibliawo nɔ anyi ƒe alafa geɖe, gake agbalẽnyalawo koe doa Latingbe. Reina kpɔe be ele be amesiame nase Biblia la gɔme, eye wòde eƒe agbe afɔku me ɖe taɖodzinu ma ta.

Eɖe eƒe nukpɔsusuwo me le eƒe gɔmeɖeɖea ƒe ŋgɔdonya me. “Enye vlododo gã aɖe Mawu kple nu gbegblẽ le ameƒomea ƒe nyonyo ŋu be woagbe be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo naganɔ gbegbɔgblɔ si amesiame se me o. Edze ƒã be esia nye Satana kple amesiwo dzi ɖum wòle la ƒe dɔwɔna. . . . Esi wònye Mawu tsɔ eƒe Nya la na ameƒomea, eye wòdi be amewo katã nase egɔme ahatsɔe ade dɔwɔna me ta la, menye susu nyui aɖekee anɔ amesiame si adi be yeaxe mɔ be neganɔ gbegbɔgblɔ ka ke ƒomevi me o la si o.”

Nya sia gbɔgblɔ bia dzideƒo elabena esi wòtae la, ƒe 18 koe nye ema va yi esi Spania Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ƒea bui kpe ɖe eƒe agbalẽ siwo nu wòde se ɖo ŋu tsɔ xe mɔ koŋ ɖe Biblia si “le Castilgbe me gɔmeɖeɖe [Spaniagbe] alo degbe bubu ɖesiaɖe me” la nu. Edze ƒã be Reina meɖe mɔ amegbetɔvɔvɔ̃ xe mɔ na alesi wòlɔ̃ nyateƒeae la o.

Le Reina ƒe didi vevie be yeana Biblia la naɖo Spaniagbedolawo katã gbɔ megbe la, edi hã be yeata gɔmeɖeɖe si sɔ pɛpɛpɛ. Eɖe viɖe siwo le gbegɔmeɖeɖe tso gbegbɔgblɔ gbãtɔawo me tẽ la me ɖe eƒe ŋgɔdonya me. Reina ɖe nu me be vodada aɖewo ge ɖe Latingbe me Vulgate gɔmeɖeɖea me. Esiwo dze gaglãa wu dometɔ ɖekae nye Mawu ƒe ŋkɔa ɖeɖeɖa.

Mawu ƒe Ŋkɔ le Spaniagbe me Gɔmeɖeɖewo Me

Reina kpɔe dze sii be ele be Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, nadze le Biblia-gɔmeɖeɖe ɖesiaɖe si gɔme wotsɔ dzitsinya nyui ɖee la me abe alesi wòdze le nuŋlɔɖi gbãtɔwo me ene. Egbe be yemawɔ ɖe kɔnu si nye be woatsɔ dzesideŋkɔwo abe “Mawu” alo “Aƒetɔ” ene aɖo Mawu ƒe ŋkɔ teƒe la dzi o. Etsɔ nyateƒetoto tɔxɛ aɖe ɖe eƒe nukpɔsusuwo me le eƒe ŋgɔdonya me.

“Míetsɔ ŋkɔ (Iehoua) ɖo eteƒe le susu vevi aɖewo ta. Susu gbãtɔe nye be, afisiafi si nàkpɔe le le míaƒe gɔmeɖeɖea me la, edze le Hebri-nuŋlɔɖia hã me nenema, eye míesusui be míate ŋu aɖee ɖa alo atrɔe si manye nuteƒemawɔmawɔ kple mawusubɔsubɔ ƒe bubu maɖemaɖe fia Mawu ƒe se, si gblɔ be woagaɖe naneke alo atsɔ naneke akpee o la o. . . . Kɔnu si nye [ŋkɔa ɖeɖeɖa], si Abosam to vɛ la, dzɔ tso egbegbe rabiwo ƒe aʋatsodzixɔse me, si togbɔ be wogblɔ be yewole bubu dem eŋu la, le nyateƒe me la, ɖe wona Eƒe ŋkɔ kɔkɔea bu, ena Mawu ƒe dukɔa le ŋkɔ si wòdi be woatsɔ ade vovototo ye kple . . . mawu bubuwo dome la ŋlɔm be.”

Reina ƒe didi be yeado Mawu ƒe ŋkɔ ɖe dzi si dze na kafukafu la ƒe emetsonuwo de didiƒe. Vaseɖe míaƒe egbeŋkekea me la, Spaniagbe me gɔmeɖeɖewo ƒe akpa gãtɔ—Katoliko kple Protestant tɔwo siaa—dze kpɔɖeŋu sia yome, wozãa Mawu ƒe ŋkɔa le wo katã me. Le Reina koŋ ta la, amesiwo xlẽa Spaniagbe me Biblia-gɔmeɖeɖe ɖesiaɖe kloe te ŋu dzea sii enumake be ŋkɔ le Mawu si si ɖea eya ɖe vovo tso mawu bubuwo katã gbɔ.

Nyateƒenya si ɖe dzesi enye be Yehowa ƒe ŋkɔ si le Hebrigbe me dze gaglãa le Reina ƒe Biblia ƒe axa gbãtɔ. Reina tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe dɔ nyui si nye be yealé be na Mawu ƒe Nya la ta, eye wòna wòle gbegbɔgblɔ si ame miliɔn geɖe ate ŋu axlẽ la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe