INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 60
  • Aleke Nàwɔ Aɖu Vɔvɔ̃ Na Ku Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nàwɔ Aɖu Vɔvɔ̃ Na Ku Dzi?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • “Nyateƒe La Ana Ablɔɖe Mi”—Alekee?
    Nyɔ!—2012
  • Dzra Wò Dzi Ðo Ne Nàvɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Esɔsrɔ̃ Be Yehowa Vɔvɔ̃ Navivi Mía Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Ŋkuléle Ðe Ku Ŋuti Nyakpakpa Aɖewo Ŋu Nyuie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 60

Aleke Nàwɔ Aɖu Vɔvɔ̃ Na Ku Dzi?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Esɔ be míavɔ̃ na ku si nye míaƒe futɔ, eye míaɖe afɔ siwo hiã atsɔ akpɔ mía ɖokuiwo ta. (1 Korintotɔwo 15:26) Gake ame siwo xɔ nyakpakpawo kple aʋatsodzixɔsewo dzi se la vɔ̃na na ku ale gbegbe be wozu “kluviwo le woƒe agbenɔɣi katã.” (Hebritɔwo 2:15) Ne èse nu si tututu ku nye gɔme nyuie la, akpe ɖe ŋuwò be màgavɔ̃ na ku wu ale si dze o, elabe vɔvɔ̃ sia ate ŋu ana be màgase vivi le agbe me o.—Yohanes 8:32.

Nyateƒe si ku ɖe ku ŋu

  • Kukuawo meganyaa naneke o. (Psalmo 146:4) Mele be nàvɔ̃ be yeava nɔ veve sesem alo woawɔ fu ye ne yeku o, elabe Biblia tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ.—Psalmo 13:3; Yohanes 11:11-14.

  • Kukuawo mate ŋu awɔ nu vevi mí o. ‘Wɔna vɔna le’ ame siwo lé fu mí kaɖikaɖi gɔ̃ hã ŋu ne woku. (Lododowo 21:16) Biblia gblɔ be “woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã hã nu yi xoxo.”—Nyagblɔla 9:6.

  • Ku mefia agbenɔnɔ ƒe nuwuwu tegbee kokoko o. Le tsitretsitsia me la, Mawu afɔ amewo woagava anɔ agbe ake.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

  • Mawu do ŋugbe be le ɣeyiɣi aɖe si gbɔna me la, “ku maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Biblia gblɔ tso ɣeyiɣi ma ŋu be, “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee,” eye woavo tso vɔvɔ̃ na ku si me keŋkeŋ.—Psalmo 37:29.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe