Mawusosroɖa Nanye Wò Taɖodzinu le Hehe si Nam Nèle Ðokuiwò Me
1 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua naa hehe mí ŋgɔyiyitɔe be ‘míawɔ nyateƒenya la ŋudɔ nyuie.’ (Tim. II, 2:15) Èle gome kpɔm le emea? Ne mèle gome kpɔm le eme o eye nèdze la, nukatae màŋlɔ ŋkɔ ɖe eme fifia be ɖoɖo nyui sia naɖe vi na wò o?
2 Nu vevi aɖe le sukua mee nye kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia-xexlẽ ƒe ɖoɖoa. Ele be nade akpa siwo wogblɔ be woaxlẽ le Biblia me la xexlẽ wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖia me ale be kaka ɣeyiɣi aɖe nava yi la, àxlẽ Biblia bliboa katã awu nu.
3 Tso ƒe 1993 ƒe sukua ƒe ɖoɖowɔɖia dzi la, Nuƒo 2 lia ƒola la axlẽ Biblia ƒe akpa si wode asi nɛ la katã tẽ eye matsɔ numeɖeɖe aɖeke atso eme le titina o. Esia fia be gɔmedzenyaa kple nyataƒonyaa me koe nusrɔ̃vi si le nuƒo sia ƒom la ade numeɖeɖewoe. Ele be nɔvi si wode Biblia me nya veviwo me dzodzro asi na la naɖe nya siwo wòagblɔ le kpukpui siwo wode asi na Nuƒo 2 lia ƒola ŋu la dzi akpɔtɔ ale be nuƒo ma ƒola nate ŋu aɖe nu me nyuie ku ɖe Biblia-xexlẽa ŋu.
4 Sukudzikpɔla la awɔ dzesi ɖe amesiwo aƒo Nuƒo 2 lia, 3 lia kple 4 lia ƒe Aɖaŋuɖogbalẽviawo dzi. Womedi tso esi be wòazɔ ɖe ɖoɖo si nu woɖo nyawo ɖo le aɖaŋuɖogbalẽvia dzi la nu o, ke boŋ ate ŋu aɖo aɖaŋu le nusiwo koŋ me wòkpɔ be ehiã be nusrɔ̃via nawɔ ŋgɔyiyi le la ŋu. (Kpɔ Theocratic Ministry School Guidebook si ŋu wotrɔ asi le yeye la ƒe axa 100, memamã 4.) MIDE DZESII: Mehiã be woawɔ dzesi ɖe Dɔdasi Gbãtɔ wɔla la ƒe aɖaŋuɖogbalẽvia dzi o, togbɔ be woate ŋu aɖo aɖaŋu nɛ le adzame ne ehiã gake.
5 Ele be amesiwo katã dze la nawɔ gbɔgbɔmenu siwo Yehowa naa mí la ŋudɔ bliboe, esiwo dometɔ ɖekae nye hehe si wonaa mí le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Hehe ma ate ŋu ana míaƒe subɔsubɔdɔa natse ku nyuie wu.—Tim. I, 4:7.