Kpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu be Woadzra Ðo ɖe Woƒe Nusɔsrɔ̃ Ŋu
1 Biblia-nusrɔ̃vi siwo dzrana ɖo ɖe woƒe nusɔsrɔ̃ ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa ɖea ɖetsɔleme vavã fiana ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu eye zi geɖe la wowɔa gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kabakaba wu amesiwo medzrana ɖo o. Ɣeaɖewoɣi la, nusrɔ̃via madzra ɖo o le esi menya alesi wodzrana ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ŋui o ta. Ahiã be nàfia alesi wosrɔ̃a nu hedzrana ɖo lae. Aleke woawɔ esiae?
2 Tso nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze ke la, di ɣeyiɣi vi aɖe natsɔ akpɔ egbɔ be nusrɔ̃via nya alesi wodzrana ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ŋui. Dzadzraɖo bia be woasrɔ̃ nu, eye togbɔ be ame geɖe nya nuxexlẽ hã la, womefia nusɔsrɔ̃ wo o. Manuel Pour l’Ecole du Ministère Théocratique me nusɔsrɔ̃ 7 kple 8 lia ɖo aɖaŋu ɖevi geɖe siwo nàte ŋu agblɔ na wò nusrɔ̃via ne ehiã.
3 Fia Asixɔxɔ si Le Nusɔsrɔ̃ Ŋu Nusrɔ̃via: Àte ŋu atsɔ wò nusrɔ̃gbalẽ si me nède dzesi nya veviwo ɖo alo nète fli ɖe wo te la afia wò nusrɔ̃via. Na wòakpɔ alesi afisi wòde dzesi nya veviwo ɖo kpɔkpɔ ate ŋu aɖo ŋku nya siwo wòate ŋu agblɔ le eya ŋutɔ ƒe nyawo me dzi nɛ. Le esia wɔwɔ me la, mawɔe be wòadi be yeaxlẽ nya la katã tso agbalẽa me ne ele nya ŋu ɖom o. Hehe nyui nanae le esia gome akpe ɖe eŋu gɔmesese nanɔ eƒe nyaŋuɖoɖo le hamea ƒe kpekpewo me la ŋuti emegbe. Eƒe nyaŋuɖoɖo aɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyati si me dzrom miele ŋu afia eye wòaɖe afisi eƒe nugɔmesese de to se ɖo afia.
4 Fia Biblia Zazãe: Ele be nusrɔ̃via nasrɔ̃ alesi woake ɖe ŋɔŋlɔ siwo woyɔ ɖe nusɔsrɔ̃nyatia me la ŋuti. Ne ete ŋu le esia wɔm nyuie la, adzɔ dzi nɛ ŋutɔ be yenye Biblia-nusrɔ̃vi vavã. Togbɔ be ahiã gbã be wòawɔ Biblia-gbalẽ siwo ŋkɔ woyɔ le Biblia ƒe axa gbãtɔwo ŋudɔ hã la, ele be woade dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòanya ɖoɖo si nu woɖo Biblia-gbalẽ 66 la ɖo. Ne eʋu ŋɔŋlɔ aɖe hele exlẽm la, kpe ɖe eŋu wòade dzesi akpa si ɖo kpe nya si me ɖem wole le memamã si me dzrom miele dzi ale be akpa siwo meku ɖe nusi srɔ̃m miele ŋu tẽ o la nagahe eƒe susu o.
5 Esi nusrɔ̃via le ŋgɔ yim la, de dzi ƒo nɛ be wòaxlẽ Biblia tso eƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu. Te gbe ɖe edzi be Biblia bliboa katãe nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me eye ele be Kristotɔ vavãwo natsɔe anyi wo ɖokui le gbɔgbɔ me.—Mat. 4:4; Tim. II, 3:16, 17.
6 Ƒo Nu tso Teokrasinumekugbalẽ Bubuwo Ŋu: Ne nusrɔ̃via yi ŋgɔ nyuie la, ate ŋu adze teokrasinumekugbalẽ bubuwo zazã gɔme. Tsɔ aɖaŋudzedze kpe ɖe eŋu wòadi numeɖeɖe bubuwo le Habɔbɔa ƒe agbalẽ siwo wòava nya ne eva le hamea ƒe kpekpewo dem la me. Fia Traduction du monde nouveau ƒe akpa tɔxɛwo, abe “Biblia me Nya Siwo Woɖo ɖe Ðoɖo Nu” ene ŋudɔwɔwɔe. Ne eva le eya ŋutɔ ƒe teokrasigbalẽdzraɖoƒe ɖom la, fia Comment Raisonner à Partir des Ecriture, Index kple Auxiliaire ƒe agbalẽbablawo ŋudɔwɔwɔe.
7 Ne míefia Biblia-nusrɔ̃viwo alesi woadzra ɖo ɖe woƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ ŋu la, míadzra wo ɖo be woayi edzi anɔ tsitsim le nyateƒea me abe Biblia-nusrɔ̃vi bibiwo ene ne wowu woƒe aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ nu vɔ gɔ̃ hã.