Subɔsubɔkpekpewo Hena November
Kwasiɖa si Dze Egɔme November 1
Hadzidzi 5
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Kafu gbeƒãɖelawo le woƒe gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me ta.
10 min: “Drɔ̃ewo,” Reasoning-gbalẽa, axa 104-6. Miawɔe wòanye numedzodzro kple Biblia-nusrɔ̃vi. Nusrɔ̃via bia be nunya le eme be míana drɔ̃ewo nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi hã. Dzro afɔku siwo le esia me, alesi wòate ŋu ana be xexeame ƒe susuwo nanɔ mía si kple alesi wòana gbɔgbɔ vɔ̃wo nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii me kplii. Ðe alesi wòle vevie be Mawu ƒe Nya la me gɔmeɖosewo nafia mɔ míi la fiae.
10 min: Miaƒe nuhiahiãwo alo “Dzeɖoɖo—Ewu Nuƒoƒo Dzro Ko.” Nuƒo si tso August 1, 1993 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 3-8 ƒe nyatiwo me.
15 min: “Asixɔxɔ si Le Biblia ŋu le Egbexexea Me.” Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe numedzodzro kple gbeƒãɖela si di be yeadzi yeƒe ŋutete ɖe edzi le aƒeme yi aƒeme dɔa me. Ne wodzro memamã 3 lia me vɔ la, subɔsubɔdɔdzikpɔla ana gbeƒãɖela nazã aɖaŋu si woɖo la atsɔ aɖe gbeƒã eye subɔsubɔdɔdzikpɔla nanye aƒemenɔla nɛ. Ne wodzro memamã 4 lia me vɔ la, subɔsubɔdɔdzikpɔla nazã aɖaŋu si woɖo la atsɔ aɖe gbeƒã na gbeaƒãɖelaa. De dzi ƒo na hamea be woakpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo kple Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe New World Translation ƒe asixɔxɔ ŋu.
Hadzidzi 52 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme November 8
Hadzidzi 7
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Wɔ magazine yeyewo nana ƒe wɔwɔfia, nàwɔ nyati si woate ŋu azã le gbeadzi kwasiɖa sia ƒe nuwuwu ŋudɔ. He susu yi “Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ɣleti Tɔxɛwo” dzi, eye de dzi ƒo na wo katã be woade ŋugble vevie le alesi woato kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ alo dɔwɔwɔ kple mɔɖelawo me adzi woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ɖe edzii le December kple January me ŋu.
15 min: “Agbalẽ si Fiaa Mɔ Nyuitɔ Ame.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro nyatia mee. Wɔ tɔtrɔyi ƒe mɔfiame si le memamã 3 lia me ƒe wɔwɔfia. De dzi ƒo na wo katã be dzo nanɔ wo me ɖe alesi Biblia ƒe aɖaŋauɖoɖowo wɔa dɔe ŋu ne wole nu ƒom na amewo le aƒeme yi aƒeme kple tɔtrɔyiwɔwɔ ƒe dɔa me.
20 min: “Kpɔ Viɖe Bliboe tso Ƒe 1993 ‘Mawu ƒe Nufiafia’ Nutome Gã Takpekpea Me”—Akpa 1. Memamã 1-16 me dzodzro kple nyaselawo. Gbeƒãɖelawo nadzro nya vevi siwo sɔ me kple woƒe Biblia-nusrɔ̃vi siwo ayi takpekpea.
Hadzidzi 134 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme November 15
Hadzidzi 73
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple gakɔntabubuwo kpakple nudzɔdzɔwo ƒe akpedanyawo. Kafu hamea le alɔdodo miaƒe hamea kple Habɔbɔa ƒe Fiaɖuƒe Akpata Tuga kpakple Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔa ta. Ƒo nu tso gbeadziyiɖoɖo si wowɔ ɖe xexeame ƒe azãɖuɣi si gbɔna ŋu la ŋu.
15 min: “Xlẽ Mía Degbe Me Nyɔ! La.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro. Wɔ gbeƒãɖela si tsɔ Nyɔ! alo eƒe Twi tɔ fia aƒemenɔla le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wɔɣi ƒe wɔwɔfia le memamã 8 me. Gbeƒãɖela he eƒe susu yi emenyawo katã si woɖo ɖe ɖoɖo nu la dzi. Alesi woƒo nu tso nu geɖe ŋu la wɔ nuku na aƒemenɔla. Gbeƒãɖelaa de dzi ƒo nɛ be wòadɔe eye wòlɔ̃ ɖe edzi enumake. (Hame siwo mezãa Eʋegbe alo Twi o nadzro nyakatata siwo nutome sue dzikpɔla de dzesii le eƒe nyitsɔ laa ƒe sasrãkpɔ me le akpa sia alo woazã nya vevi siwo le nyatia me si asɔ na wo.)
20 min: “Kpɔ Viɖe Bliboe tso Ƒe 1993 ‘Mawu ƒe Nufiafia’ Nutome Gã Takpekpea Me”—Akpa 2. Dzro memamã 17-19 me kple nyaselawo eye nàdzro “Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo” me nyuie. Tsɔ ŋkuɖodzinya siwo sɔ si tso nyatakaka si le June 15, 1989 ƒe Watchtower me hã kpe ɖe eŋu, alo nàde dzi ƒo na ƒomewo be woadzro nya veviwo me le nyati siawo me hafi ayi takpekpea.
Hadzidzi 54 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme November 22
Hadzidzi 74
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. De dzi ƒo na amesiwo ate ŋui be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le December me.
15 min: “Kpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu be Woadzra Ðo ɖe Woƒe Nusɔsrɔ̃ Ŋu.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Xlẽ memamãwo ne ɣeyiɣia aɖe mɔ.
20 min: “Edea Ŋugble tso Ŋɔŋlɔawo Mea?” Nɔviŋutsu si bi le aƒeme yi aƒeme kple tɔtrɔyiwɔwɔ dɔa me natsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee. Ne èdzro memamã 4 lia me vɔ la, wɔ alesi gbeƒãɖela aƒo nu tso mawunyakpukpui ŋu alo agblɔ nya la tẽ agbalẽmaʋumaʋui esime vovo mele aƒemenɔla ŋu o fia. Le wɔwɔfiaa megbe la, te gbe ɖe alesi wòle vevie be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi esi míele agbagba dzem be “míaɖe gbeƒã nya la” le anyigbamamã siwo me vovo menɔa ame geɖe ŋu alo gbesiagbedɔwɔnawo xɔa woƒe ɣeyiɣi le zi geɖe la me. (Tim. II, 4:2) Ne èdzro memamã 6 lia me vɔ la, yɔ gbeƒãɖela si bi le Reasoning-gbalẽa zazã me be wòagblɔ alesi wòzanɛ le ɖaseɖiɖi mee fia.
Hadzidzi 108 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme November 29
Hadzidzi 83
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. De dzi ƒo na wo be woazã magazine yeyewo le ɖaseɖiɖi me le kwasiɖa sia ƒe nuwuwu.
15 min: “Biblia—Mɔfianu Nyui Wònye na Mía Ŋɔlimetɔwo.” Ƒome ƒe ta ƒe nuƒo si nɔ te ɖe nyati si tso May 1, 1993 ƒe Gbetakpɔxɔ me la me. Te gbe ɖe edzi be Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ ate ŋu ana ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nanɔ ƒomea me. Na nyaselawo nagblɔ nya ɖeka alo eve atsɔ aɖe alesi aɖaŋuɖoɖo siwo tso Mawu ƒe Nya me kpe ɖe ƒome alo ame aɖe ŋui la afia.
20 min: Ame Vevitɔ ƒe Agbalẽa Zazã Atsɔ Akpe Ðe Alẽmewo Ŋu le December Me. Numedzodzro kple nyaselawo. Bia nyawo abe esiawo ene: Yesu ƒe subɔsubɔdɔ me nudzɔdzɔ alo eƒe nuwɔwɔ kple amewo kae wɔ dɔ ɖe dziwò wu? Nukatae nudzɔdzɔ sia wɔ dɔ ɖe dziwò? Vi kae agbalẽ sia ɖe na wò? Nukae nèsrɔ̃ tso Yehowa ŋu to esɔsrɔ̃ me? Amekae nètsɔ agbalẽ sia na? Nya vevi ka(wo) ŋudɔe nèwɔ esime nènɔ enam? Na gbeƒãɖela si kpɔ nuteƒe nawɔ agbalẽa nana ƒe wɔwɔfia. De dzi ƒo na nɔviwo katã be woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kwasiɖanuwuwu sia.
Hadzidzi 94 kple gbedodoɖa hena kpakpã.