Kpe Ðe Amewo Ŋu be Woasrɔ̃ Nu tso Mawu ƒe Vi Yesu Kristo Ŋu
1 December ye nye ɣleti si me amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la bua Yesu ŋu wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe le ƒea me. Eyata enye ɣleti nyui aɖe si me míana agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. Esi wònye agbalẽ vevi aɖee agbalẽ sia nye ta la, ele be míawɔ nusianu si míate ŋui be míakpe ɖe aƒemenɔla la ŋu kple agbalẽ sia. Aleke míawɔ esiae?
2 Dze agbagba nàɖo dze si tso Biblia me tẽ si ku ɖe Yesu ŋu la kple amea.
Ne èdo gbe na aƒemenɔla la vɔ la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Egbea míele míaƒe aƒelikawo biam se be nukae wosusuna ne woxlẽ nusi Biblia gblɔ le agbe mavɔ nɔnɔ ŋu hã. [Na wòaɖo eŋu.] Enye nya vevi aɖe, elabena nyagbɔgblɔ ma dze abe zi gbɔ zi 40 sɔŋ ene le Biblia me. Èsusu be nukae agbe ma nɔnɔ afia na mí? [Na wòaɖo eŋu.] Kpɔ nusi Nyaɖeɖefia 21:4 gblɔ ɖa. [Xlẽe.] Ède dzesi nusi ƒe ŋugbe wodoa? Aleke míawɔ akpɔ agbe mavɔ sia? [Na wòaɖo eŋu.] Xlẽ Yohanes 17:3, eye nàte gbe ɖe alesi Mawu kple Via Yesu Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ ƒe amesisusu le vevie la dzi. Le esia megbe la, míate ŋu afia agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake lae, eye míazã tanya sue siwo le eƒe ŋgɔdonya me la atsɔ anyɔ eƒe ɖetsɔlemee ɖe edzi.
3 Ne aƒemenɔla mexɔe o la, ke tsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! yeyeawo alo trakt si nye Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? nɛ. He eƒe susu yi nya vevi eve dzi le agbalẽ si nètsɔ nɛ me. Gblɔ nɛ be yeagatrɔ ava yi numedzodzroa dzi kplii le ɣeyiɣi si asɔ nɛ me.
4 Ne èkpɔ be aƒemenɔla la mevo o la, ke anyo be nàtso dzeɖonya si dze le etame la dzi. Gbeƒãɖela yeyewo hã akpɔe be nya la gbɔgblɔ si gbɔna la anya wɔ na yewo.
Ne míeɖe mía ɖokui nu vɔ la, míate ŋu agblɔ be:
◼ “Egbea míele míaƒe aƒelikawo biam se be nukae wosusuna ne woxlẽ nya si nye agbe mavɔ le woƒe Biblia me hã. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nusi Yesu gblɔ le Yohanes 17:3 ɖa. [Xlẽe.] Wota agbalẽ sia be wòakpe ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ nu geɖe wu tso Yesu Kristo ŋu. Ʋu agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake la eye nàfia nɔnɔmetata dzeani aɖewoe le eme. Ʋu ŋgɔdonya la, eye nàxlẽ tanya sue si nye “Srɔ̃ Nu tso Eŋu be Wòaɖe Vi na Wò” la ƒe memamã 2 lia. Eye emegbe nàtsɔ agbalẽa nɛ.
5 Ne èna agbalẽa la, gblɔ na amea be yeadzro ta gbãtɔ si ƒe tanyae nye “Gbedasi Siwo Tso Dziƒo” me kplii enumake alo ne yegatrɔ va le ŋkeke kpui aɖewo megbe eye nàto esia me awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe ɖoɖo kplii. Le esi nàgblɔ na aƒemenɔlaa be yewoasrɔ̃ agbalẽa ɣeyiɣi ƒe didime aɖe ne yegatrɔ va teƒe la, gblɔ nɛ ko be yewoate ŋu atsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko asrɔ̃ nu dodzidzɔname geɖe le Yesu Kristo ŋu le Mawu ƒe Nya Biblia la me.
6 Mina mí katã míazã xexemetɔwo ƒe azã sia atsɔ ahe amewo ƒe susu ayi Mawu ƒe Vi Yesu Kristo dzii bene míakpe ɖe wo ŋu be woadze agbe mavɔ mɔ la dzi.—Mat. 7:14.