Kpekpewo Yiyi—Míaƒe Agbanɔamedzi Vevie Wònye
1 Aleke gbegbe kpekpewo yiyi le vevie na wòe? Esia nye nyabiabia si ana míadzro mía ɖokui me, alo? Ðikeke mele eme o be mía dometɔ geɖe míesena le mía ɖokui me be míekpɔa ŋudzedze ɖe kpekpewo ŋu. Gake nyatakakawo ɖee fia be amesiwo dea kpekpewo le hame aɖewo me dzi ɖe kpɔtɔ nyitsɔ laa. Nuka gbɔe wòatso? Ðe mía dometɔ aɖewo na dɔwɔwɔ wòagbɔ game si wòle be míakpã dzi ƒe tetekpɔa le mía dzi ɖuma, alo ɖe míena mɔ be ɖeɖiteameŋu, aƒemedɔwo, lãmegbegblẽ vie, alo xexeme ƒe makɔmakɔ vie gblẽa nu le agbanɔamedzi si nye be míayi kpekpewo edziedzi la ŋua? (Mose V, 31:12) Esi esia nye Ŋɔŋlɔawo me nudidi ta la, ele be amesiame natsɔ gbedodoɖa abu nyabiabia sia ŋu be, Aleke gbegbe mebua kpekpe siwo me Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ hã le nu vevii?
2 Mía nɔvi aɖewo tsɔa gaƒoƒo geɖe zɔa mɔ didi siwo dzi ʋuʋu sɔ gbɔ le eye wotsoa tɔsisi siwo me lowo le yia kpekpewo. Le wò ŋutɔ wò hamea me la, nɔvi anukwareɖila aɖewo anɔ anyi siwo “medaa kpekpewo ƒuna gbeɖe o” togbɔ be woanye amesiwo ŋu lãmegbegblẽ ƒe kuxi sesẽwo le, nuwɔametɔwo, amesiwo ŋu dɔ geɖe le woawɔ le woƒe dɔwɔƒewo, alo amesiwo ŋu sukudɔdasiwo le be woawɔ hã. (Luka 2:37) Nukata wodzea agbagba yia kpekpeawo? Elabena wonya be yewomate ŋu atsɔ yewo ŋutɔ ƒe ŋusẽ anɔ te ɖe kuxi siwo le xexe sia si me yɔ fũ kple nyaƒoɖeamenuwo nu o. Ele be woaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ si wònana la ŋu.—Kor. I, 12:9, 10.
3 Egbea míedzea Kristotɔ gbãtɔ siwo kpe ta edziedzi do gbe ɖa, gblɔ nuteƒekpɔkpɔwo na wo nɔewo, eye wosrɔ̃ Mawu ƒe Nya la ƒe kpɔɖeŋu yome. (Dɔw. 4:23-30; 11:4-18; Kol. 4:16) Míexɔa Biblia me nyagblɔɖi kple nufiafiawo kpakple mawusosroɖa ƒe nuwɔna kple Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti mɔfiamewo, kple alesi míana míaƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzii fifia to Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ me ŋuti nuxlɔ̃ame siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu. (Tim. I, 4:8) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖoa ŋku míaƒe mɔkpɔkpɔ be kuxi kple fukpekpewo awu enu gbeɖeka la dzi na mí. Ele vevie be míayi edzi ado ŋusẽ mɔkpɔkpɔ sia.—Heb. 6:19.
4 Aleke gbegbe wò ƒomea bua kpekpewo yiyi nu vevii? Ðe wòle vevie na wo abe alesi nuɖuɣi alo ŋutilãmedɔ le vevie na woe enea? Le nusrɔ̃gbewo la, ɖe nènɔa ɖi kem le ɖokuiwò me be ɖe yeayi alo yemayi oa, alo hadede edziedzi kple nɔviwòwo nye nusi ne ame aɖe lɔ̃ ko hafi wòwɔnɛ le miaƒe ƒomea mea? Gbeƒãɖela geɖe ɖoa ŋku wo dzila siwo nye adzɔgbeɖelawo ƒe kpɔɖeŋu dzi esime wonɔ tsitsim. Hamemegã aɖe gblɔ dzidzɔtɔe be: “Nu ɖeka si mekpɔ le Papa ŋue nye be ekpɔa egbɔ ɣesiaɣi be ƒomea me tɔwo yi kpekpeawo. Ne ame aɖe le dɔ lém la, mía dometɔ ɖeka nɔa egbɔ le aƒeme, gake ame mamleawo katã yia kpekpea!”
5 Le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ siwo akplɔ esia ɖo me la, míadzro viɖe siwo le hame ƒe kpekpe ɖesiaɖe ŋu me be wòakpe ɖe mía ŋu be míakpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenunana siawo ŋu. Ŋkuɖodzinya siwo akpe ɖe amesiwo kpɔa kpekpeawo dzi ŋu kple aɖaŋuɖoɖo siwo ŋudɔ mí katã míate ŋu awɔ ne míele dzadzram ɖo ɖe kpekpeawo ŋu eye míele gome kpɔm le wo me la anɔ nyatiawo me. Nukata wò ƒomea manɔ anyi ɖekae atsɔ gbedodoɖa adzro alesi miedea kpekpewoe me akpɔ o? Emegbe miawɔ asitɔtrɔ ɖesiaɖe si hiã le miaƒe ɖoɖowɔɖi ŋu. Kpekpewo yiyi ɣesiaɣi nye míaƒe teokrasihehexɔxɔ ƒe akpa aɖe eye ele be míabui nu vevii vavã.