Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
1 Le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe nya siwo le Mateo 6:33 dzi me la, Kristotɔ vavãtɔwo na Fiaɖuƒea xɔ nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me ɣesiaɣi. Eyatae tanya si nye “Nɔ Fiaɖuƒea Dim Gbãgbiagbã” sɔ na nutome sue takpekpe siwo adze egɔme tso February 1994 me ɖo.
2 Tso takpekpea ƒe gɔmedzedze ke la, woaƒo nu tso Fiaɖuƒea ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye ŋu, eye woate gbe ɖe alesi wònye dziɖuɖu si le dɔ wɔm si si dziɖuƒe, dziɖulawo, teviwo, kple sewo le la dzi. Le nyateƒe me la, Biblia ƒe sewo dzie wotu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ƒe se siwo le vi ɖem na ameƒomea la dometɔ geɖe ɖo.
3 Woaƒo nu tso takpɔkpɔ kple yayra si wònyena na mí ne míetsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa la ŋu. Woaɖo aɖaŋu nyui siwo akpe ɖe mía ŋu be míatsri dzimaɖi dzodzro tsitsi la na mí. Nuƒoawo, wɔwɔfiaawo kple numedzodzroawo afia nusita wòhiã vevie be míaƒe ŋku dzi nadza la mí.
4 Le takpekpea ƒe Memleɖagbe la, amesiwo dze na nyɔnyrɔ̃xɔxɔ la aɖe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa afia le dutoƒo. Eye le Kwasiɖagbe la, anye mí katã míaƒe didi be míanɔ anyi ase dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea Awɔ na Ameƒomea.”
5 Kpɔ egbɔ be yewɔ ɖoɖo be yeade nutome sue takpekpea ŋkeke evea siaa. Takpekpea me nuƒowo, kpakple hadede si me vivisese le kple mía nɔviwo, anye dzideƒo tuameɖo si ade dzo lãme na mí si ame aɖeke madi be wòato ye ŋu o.