Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woanya Asixɔxɔ si Le Míaƒe Agbalẽwo Ŋu
1 “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.” (Heb. 4:12) Esi míaƒe agbalẽ siwo wotu ɖe Biblia dzi kpena ɖe amewo ŋu be ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya la me naɖe vi na wo ta la, míezãa wo tsɔ nyɔa Biblia sɔsrɔ̃ ƒe didi ɖe amewo me ne míele ɖase ɖim le vome alo tso aƒeme yi aƒeme.
2 January ƒe agbalẽnunanae nye axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota ɖe pepa si ƒe ŋkume le biabiãm dzi alo esi ƒe ŋkume megakɔ o le eƒe xoxododo ta alo ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1980. Ne agbalẽ siawo dometɔ aɖewo le miaƒe hamea me la, ke trɔ asi le wò Fiaɖuƒe gbedasia gbɔgblɔ ŋu be wòade nu nya aɖe koŋ me le agbalẽ si zãm nèle me. Aleke nàwɔe?
3 Alesi Nàdzra Ðo ɖe Eŋui: Gbã la, tia nya aɖe le agbalẽ si zãm nèle la me si nèkpɔ be adzɔ dzi na amesiwo si dzi anukwaretɔ le le wò anyigbamamã me. Emegbe bu tame tso nudzɔdzɔ yeye alo nyati aɖe si adzɔ dzi na ame akpa gãtɔ ŋu si ŋu nàte ŋu aɖo dze le kpuie kple aƒemenɔla hafi ahe eƒe susu ayi nya si wota ɖe agbalẽa me si nètia la dzi. Ðewohĩ woŋlɔ ŋɔŋlɔ aɖe alo woyɔ ɖewo me nyawo ɖe eme si nàte ŋu axlẽ tso Biblia me loo alo tso agbalẽa me tẽ atsɔ aɖo kpe wò nyawo dzii. Na agbalẽa amea kple dzideƒo eye nàwɔ alesi míewɔa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee la fiae. Dze agbagba nàda nya alo nyabiase aɖe ɖe egbɔ si nàte ŋu azã ne ègatrɔ va egbɔ.
4 Your Youth—Getting the Best Out Of It kple Toɖoɖo Nufiala Gã La gbogbo aɖe le hame geɖe si. Ne agbalẽ siawo le mia si la, ke nukatae màtrɔ asi le dzeɖoɖoawo ŋu be wòasɔ na ɖevi siwo nèdoa goe le anyigbamamãa me o? De dzi ƒo na wo be woaxlẽ agbalẽ siawo dometɔ aɖe. Ne Nyateƒe, si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me namee nèle la, àte ŋu azã mɔnu si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la eye nàdzra ɖo adzro Biblia ƒe gɔmedzenufiafia ɖesiaɖe si nàte ŋui siwo ŋu Biblia-srɔ̃gbalẽ nyui sia ƒo nu tsoe la me kplii.
5 Na Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee: Àte ŋu adze dzeɖoɖo gɔme ne èhe susu yi nyadzɔdzɔ aɖe si ƒo nu tso subɔsubɔhawo ƒe nudede xexemenyawo me alo esi fia alesi subɔsubɔhawo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzii la dzi.
Ke bia nya aɖe, abe esia tɔgbe ene:
◼ “Èsusu be alekee Mawu bua subɔsubɔnuɖoanyi siwo le ŋusẽ kpɔm ɖe xexemenyawo dzi egbeae? [Na wòaɖo eŋu.] Awɔ nuku na wò be nàse be subɔsubɔha siawo katã ƒe nufiafiawo ɖi wo nɔewo ŋutɔ eye woto vovo kura tso Biblia ƒe nufiafiawo gbɔa?” Emegbe fia afisi woɖo emenyawo ɖo lae, eye ɖe eme nɛ kpuie be ne mawusubɔsubɔnyawo dzɔa dzi na ame aɖe alo womedzɔa dzi nɛ o hã la, subɔsubɔhawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi sẽŋuwo le ŋusẽ kpɔm ɖe eƒe agbe dzi. Gblɔ nɛ be nusitae ameƒomea di Mawu to mɔ geɖe siwo to vovo nu eye wòkplɔ wo trae tso nusɔsrɔ̃ tso subɔsubɔha vavãtɔ gbɔ la nyanya aɖe vi nɛ.
6 Ɣeaɖewoɣi la, asɔ wu be nàna magazine alo trakt. Susu nyui ɖesiaɖe li si tae míatsɔ dzonɔameme kple kakaɖedzi ade dzi ƒo na amewo be woaxlẽ míaƒe agbalẽwo ale be wòadzra wo ɖo be ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya la me naɖe vi na wo le woƒe agbenɔnɔ me ne wowɔ ɖe eƒe mɔfiafia dzi.