Míedze eye Wodzra Mí Ðo be Míafia Nu Ame Bubuwo
1 Esi wotia Mose be wòanye Yehowa teƒenɔla la, mekpɔe be yedze agblɔ Mawu ƒe nya na Farao o. (Mose II, 4:10; 6:12) Yeremya hã ɖee gblɔ be kakaɖedzi mele ye si be yeanye Yehowa ƒe nyagblɔɖila o, eye wògblɔ na Mawu be yemenya nuƒoƒo o. (Yer. 1:6) Togbɔ be kakaɖedzi menɔ nyagblɔɖila eve siawo si gbã o hã la, wonye Yehowa ƒe ɖasefo siwo me vɔvɔ̃ menɔ o. Mawu na wodze bliboe.
2 Egbea la, Yehowa na nusi míehiã ne míatsɔ awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa kakaɖedzitɔe la mí. (Kor. II, 3:4, 5; Tim. II, 3:17) Abe mɔ̃dzraɖola si nya dɔ eye dɔwɔnu ɖesiaɖe le esi ene la, wodzra mí ɖo nyuie be míawɔ subɔsubɔdɔ si wode asi na mí la nyuie. Míele axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1984 si anɔ hamea si la nam le January me. Togbɔ be gbɔgbɔ me dɔwɔnu siawo mele yeye o hã la, Ŋɔŋlɔawo me nyati siwo le wo me gasɔ ɖe ɣeyiɣia nu eye agbalẽ siawo akpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nyateƒea. Miate ŋu atrɔ asi le enanamɔnu siwo gbɔna ŋu wòasɔ ɖe agbalẽ ɖesiaɖe si nam miele ŋu.
3 Àte ŋu azã sukudede ŋu nya atsɔ anyɔ ɖetsɔleme ɖe Mawu ƒe Nya la me. Àte ŋu adze dzeɖoɖo gɔme be:
◼ “Wole gbe tem ɖe hehe nyui xɔxɔ le suku dzi vevie egbea. Ke wò ɖe, hehe ka tɔgbee nèsusu be ele be ame naxɔ bene wòakpɔ dzidzɔ geɖe eye nu nadze edzi nɛ le agbe me? [Na wòaɖo eŋu.] Viɖe mavɔwo ate ŋu asu amesiwo xɔa Mawu ŋuti sidzedze la si. [Xlẽ Lododowo 9:10, 11.] Biblia dzie wotu agbalẽ sue sia [yɔ agbalẽ si nam nèle ŋkɔ] me nyawo ɖo. Egblɔ afisi ɖeɖeko woakpɔ sidzedze si ate ŋu akplɔ ame ayi agbe mavɔ me la le.” Tsɔ kpɔɖeŋu tɔxɛ aɖe fiae le agbalẽa me. Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàwɔ ɖoɖo agatrɔ ayi.
4 Ne ètrɔ yi aƒemenɔla si nèdzro Biblia me hehexɔxɔ ƒe vevienyenye me kplii gbɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míegblɔ be Biblia mee hehexɔxɔ si ate ŋu ana etsɔme mavɔ mí la tsona. Gake ebia be míadze agbagba hafi asrɔ̃ nusi wòle be míanya tso Ŋɔŋlɔawo me. [Xlẽ Lododowo 2:1-5.] Ame geɖe mete ŋu sea Biblia ƒe akpa aɖewo gɔme o. Madi be mawɔ mɔnu aɖe si míezã vevie tsɔ kpe ɖe amewo ŋu wosrɔ̃ nu geɖe le Biblia ƒe nufiafia veviwo ŋu la fia wò kpuie nàkpɔ.” Tsɔ agbalẽ si nènae la eye nàʋu akpa si sɔ ahafiae alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e kpuie. Ne aƒemenɔla la di be nàsrɔ̃ nu kpli ye edziedzi la, gblɔ nɛ be ne yegbɔna la, yeatsɔ míaƒe nusrɔ̃gbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ɖe asi vɛ.
5 Ðevi miliɔn geɖe siwo le xexeame ƒe fukpekpe tena ɖe ame geɖe dzi. Ðewohĩ àte ŋu akpe ɖe aƒemenɔla la ŋu wòakpɔ alesi Mawu bua nɔnɔme sesẽ siae, ne ègblɔ be:
◼ “Ðikeke mele eme o be èse nu tso ɖevi siwo nye dɔwuitɔwo, dɔnɔwo, kple esiwo wogblẽ ɖi le xexeame godoo la ŋuti le nyadzɔdzɔwo me. Nukatae habɔbɔ siwo tsɔ ɖe le eme mete ŋu na woƒe nɔnɔmea ka ɖe eme o? [Na wòaɖo eŋu.] Nusi nye nyuitɔ kekeake koe Mawu dina na ameƒomea. Se ŋugbe siwo wòdo le Biblia me na ɖeviwo kple ame tsitsiwo ɖa. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:4.] Agbalẽ sia [yɔ eƒe ŋkɔ] ƒo nu tso xexe si Mawu awɔ, afisi fukpekpe manɔ o ŋu tsitotsito.” Ne anya wɔ la, ʋu afisi wota Paradiso ƒe nɔnɔme ɖo eye nàƒo nu tso eŋu. Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàwɔ ɖoɖo agatrɔ ayi.
6 Ne ɖeviwo ƒe fukpekpe ŋue nèƒo nu tsoe zi gbãtɔ la, ne ègatrɔ yi la, àte ŋu ayi dzeɖoɖoa dzi be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, ègblɔ be alesi ƒomewo ƒe gbagbã, dɔwuame, dɔléle, kple ŋutasesẽ na ɖeviwo le fu kpemee la tena ɖe ye dzi ŋutɔ. Wò dzi adze eme ne èxlẽe le Biblia me be xexe aɖe li, si me dɔléle, vevesese, alo ku maɖe fu na ɖeviwo kple ame tsitsiwo le o. Nyagblɔɖi aɖe le Yesaya ƒe agbalẽa me si gblɔ be agbenɔnɔ ava nyo wu le anyigba dzi.” Xlẽ Yesaya 65:20-25 eye miadzro eme. To mɔ sia dzi miadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le Sidzedze-gbalẽa me.
7 Esi mawusubɔlawo lɔ̃a gbedodoɖa ta la, àte ŋu atsɔ nyati sia adze dzeɖoɖo gɔmee be:
◼ “Mía dometɔ akpa gãtɔ míedo go kuxiwo le agbe me kpɔ si na míedo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu. Gake ame geɖe kpɔe be womeɖo yewoƒe gbedodoɖawo ŋu o. Edzena be womesea subɔsubɔhakplɔla siwo doa gbe ɖa le dutoƒo hena ŋutifafa gɔ̃ hã ƒe gbedodoɖa o. Míegblɔ nenema elabena aʋawɔwɔ kple ŋutasesẽ na ameƒomea gale fu kpem kokoko. Ðe Mawu sea gbedodoɖawo nyateƒea? Ne esenɛ la, ke nukatae wòwɔ abe ɖe meɖoa gbedodoɖa geɖewo ŋu o ene? [Na wòaɖo eŋu.] Psalmo 145:18 gblɔ nusi wòhiã be míawɔ hafi woaɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu. [Xlẽ mawunyakpukpuia.] Gbã la, ele be gbe siwo woado ɖa na Mawu natso dzime eye wòawɔ ɖeka kple nyateƒe si le eƒe Nya Biblia me.” Tsɔ agbalẽ si nam nèle la fiae eye nàtɔ asi nya si wògblɔ le gbedodoɖa ƒe asixɔxɔ ŋu dzi.
8 Ne ètrɔ yi amesi nèdzro gbedodoɖa me kple gbɔ la, àte ŋu agblɔ nya siawo:
◼ “Dze si míeɖo le gbedodoɖa ŋu vivi nunye ŋutɔ. Àkpɔe godoo be Yesu ƒe susu le nusiwo woado gbe ɖa abia ŋu nye mɔfiame nyui aɖe.” Xlẽ Mateo 6:9, 10, eye nàgblɔ nuhiahiã vevi siwo Yesu yɔ le eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa me. Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 16 si gblɔ be “Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu,” eye nàbiae be yeate ŋu awɔ alesi wòasrɔ̃ nyatia wòakpɔ hã.
9 Le Mawu ŋuti sidzedze fiafia ame bubuwo ŋu la, míate ŋu abia be, ‘Amekawoe dze nyuie na nusiawo wɔwɔ?’ Ŋɔŋlɔawo ɖo eŋu be: ‘Míawoe.’—Kor. II, 2:16, 17.