Tɔtrɔ Yi be Míatu Woƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðo
1 Tɔtrɔyi nyuiwo wɔwɔ doa ŋusẽ aƒemenɔla la eye wònaa wòtsina kabakaba va zua xɔsetɔ. Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo wòle be míalé ɖe susu me ne míetrɔ yina amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ la dometɔ aɖewoe nye kawo?
2 Gbãtɔe nye be nàdzra ɖo nyuie. Esia wɔwɔ dzea egɔme tso wo gbɔ yiyi zi gbãtɔ dzi. Aleke? Eyae nye be nàwɔ afisiwo woɖe ɖetsɔleme fia le la ŋuti nuŋlɔɖi nyuiwo. Ŋlɔ aƒemenɔla ŋkɔ, nyati si me miedzro, alesi wòxɔ wòe, kple agbalẽ siwo nèna la ɖi. Ke emegbe dzro wò aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖia me hafi agatrɔ ayi, eye de ŋugble le nya si nàgblɔ ne ètrɔ yi la ŋu le gbedodoɖa me.
3 Fifia èdzra ɖo vɔ. Nya ka gblɔ ge nèyina? Ne èda nya aɖe ɖe aƒemenɔla gbɔ zi gbãtɔ si nèyi egbɔ la, ke àte ŋu ayi nya ma dzi ne ègatrɔ yi. Le kpɔɖeŋu me, ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe yayrawo mee miedzro esi nèyi zi gbãtɔ la, àte ŋu abia be, “Nukatae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li ɖo?”
Ne ètrɔ yi eye nèɖe ɖokuiwò nu vɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Le míaƒe dzeɖoɖo me nyitsɔ la, míeƒo nu tso nusita Mawu si nye lɔlɔ̃ la ɖe mɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ geɖe li egbea la ŋu. Ègava bu nya sia ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Èsusu be Mawu tsɔa ɖe le eme na ameƒomea nyateƒea? [Na wòaɖo eŋu.] Bu nusi Biblia gblɔ le Yohanes 3:16 la ŋu kpɔ.” Ne èxlẽ kpukpui ma vɔ la, àte ŋu ahe eƒe susu ayi Nyateƒe, si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe ta 8 lia ƒe akpa siwo gblɔ nusiwo tae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li egbea ɖo la dzi.
4 Nya bubu si nàte ŋu ada ɖe amea gbɔ wòanɔ eŋu bum ne èyi zi gbãtɔe nye: “Ne Mawu ƒe ɖoɖoe wònye be amegbetɔ nanɔ agbe tegbee la, ke nukatae amewo tsina hekuna?” Ne ètrɔ yi la, àte ŋu afia alesi Biblia ɖo nyabiabia ma ŋui le Romatɔwo 5:12 la wo. Ne èxlẽ ŋɔŋlɔ ma vɔ la, ke he eƒe susu yi nya siwo le agbalẽ si nye Is This Life All There Is? ƒe axa 35, memamã gbãtɔ, si ƒo nu tso susu vevi si tae wotsina hekuna ŋu me la dzi.
5 Ne mɔ siwo dzi míato adze si subɔsubɔha vavãtɔ mee miedzro esi nèyi zi gbãtɔ eye nèna agbalẽ si nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee la, nyabiase nyui aɖe si dzi nàte ŋu atu wò tɔtrɔyia ɖo la ate ŋu anye: “Aleke subɔsubɔha siawo gbegbe wɔ va dzɔ?” Ne ètrɔ yi la, àte ŋu aƒo nu tso agbalẽ ma ƒe ta 2 lia me nya veviwo ŋu.
6 Nuxlɔ̃amenya aɖee nye si. Ne ètrɔ yi la, ɖɔ ŋu ɖo le nyawo biabia me. Ne míebia be: “Exlẽ agbalẽ si metsɔ na wò laa?” alo “Ègaɖo ŋku dzinyea?” alo “Èɖo ŋku nya si ŋu míeɖo dze le nyitsɔ esi meva dzia?” la, eɖea fu na aƒemenɔla la. Zi geɖe nya mawo biabia meɖea vi aɖeke o. Ðe xɔlɔ̃wɔwɔ fia, trɔ wò nyawo ɖe nɔnɔme si amea ɖe fia nu, eye nàgblɔ wò nyawo kpuie. Nɔnɔme siawo ana kpekpeme nanɔ wò nyawo ŋu.
7 Míate ŋu azã mɔnu siawo kple bubuwo atsɔ atu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ɖe ɖetsɔlemetɔwo ƒe dzime. Nukatae màɖoe wòanye wò taɖodzinu be yeawɔ tɔtrɔyi ɖeka teti kwasiɖa sia kwasiɖa o? Wɔ aɖaŋu nyui siwo míeɖo va yi la ŋudɔ eye nàdi kpekpeɖeŋu tso gbeƒãɖela siwo kpɔ nuteƒe siwo akpe ɖe ŋuwò la gbɔ. Wò dzidzɔkpɔkpɔ adzi ɖe edzi esime nèle ɖetsɔleme si woɖe fia zi gbãtɔ la tum ɖo to tɔtrɔyi siwo tsea ku wɔwɔ me.