Dzi Wò Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Kesinɔnua Ðe Edzi
1 Yesu tsɔ Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa sɔ kple kesinɔnu aɖe si xɔ asi ŋutɔ. (Mat. 13:44-46) Ðe míeɖi amesiwo le Yesu ƒe lododoawo me, siwo dzra woƒe nunɔamesiwo katã tsɔ ƒle nane si xɔ asi boo wua? Ne míeɖi wo la, míana Mawu Fiaɖuƒea naxɔ nɔƒe gbãtɔ, ne masɔ na mí o eye wòabia be míagbe nu le mía ɖokui gbɔ gɔ̃ hã.—Mat. 6:19-22.
2 Esi wònye kesinɔnue míaƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa nye ta la, ele be míadi be míadzii ɖe edzi. Nukae míaƒe agbenɔnɔ fia? Ðe míele míaƒe Fiaɖuƒedɔwo wɔwɔ dzim ɖe edzia? Míate ŋu awɔ esia ne míekpɔa gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovowo me, esi ƒe ɖewoe nye aƒeme yi aƒeme dɔa, tɔtrɔyi kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ, kpakple vomeɖaseɖiɖi.
3 ‘Aleke Mawɔ Adzi Nye Gomekpɔkpɔ Ðe Edzi?’ Esi míedze subɔsubɔƒe yeye gɔme la, anyo be amesiame nadzro eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ me be wòakpɔ nusi wòate ŋu awɔ atsɔ adzi ɣeyiɣi si wòzãna le gbeadzi la ɖe edzi eye wòabia eɖokui se be: ‘Ðe mate ŋu atrɔ asi le nye ɖoɖowo ŋu be mawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣeaɖewoɣi alo kura gɔ̃ hã mawɔe atsiã ɖe enua? Ne mewɔ asitɔtrɔ vie la, ɖe mate ŋu adze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔmea?’ Mɔɖela yeye siwo adze mɔɖeɖedɔa gɔme tso September 1 dzi la adze na Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Sukua dede le ƒe si gbɔna me.
4 Gbeƒãɖela aɖewo ɖoe wònye woƒe taɖodzinu be yewoadzi yewoƒe vomeɖaseɖiɖi ɖe edzi. Zi geɖe la, dɔ sia wɔwɔ tsea ku nyuiwo. Ame bubuwo akpɔ be ehiã be yewoatrɔ asi le yewoƒe tɔtrɔyiwo wɔwɔ alo Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze ŋu wòanyo wu.
5 Ne míekpɔ be míaƒe subɔsubɔdɔa meyi ŋgɔ tututu o la, nukae míate ŋu awɔ atsɔ adzii ɖe edzii? Amesiwo kpɔ dzidzedze le taɖodzinu siwo de ŋgɔ wu gbɔ ɖoɖo me la kafunɛ be nu gbãtɔ si wòle be míawɔe nye be míaɖoe kplikpaa atsɔ Fiaɖuƒenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ eɖanye nuka ke wòabia tso mía si o. (Mat. 6:33) Xɔse kple kaka ɖe Yehowa dzi bliboe le vevie. (Kor. II, 4:7) Bia eƒe kpekpeɖeŋu to gbedodoɖa anukwaretɔe madzudzɔmadzudzɔe me. (Luka 11:8, 9) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe agbagba siwo míedzena anukwaretɔe be míadzi gome si míekpɔna le eƒe subɔsubɔdɔa me ɖe edzi la dzi.—Yoh. I, 5:14.
6 Ðo dze kple nɔviŋutsu kpakple nɔvinyɔnu siwo te ŋu dzi woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi. Bia alesi wowɔ te ŋu ɖu mɔxeɖenuwo dzi eye dzi meɖe le wo ƒo o la wo se. Ðewohĩ woƒe nuteƒekpɔkpɔ tututue nye nusi nèhiã be wòana nàka ɖe edzi be yeate ŋu adzi yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi.
7 Ne èle Gbetakpɔxɔ alo Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyati siwo ku ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu xlẽm la, de ŋugble tso alesi nàte ŋu azã aɖaŋu siwo woɖo la le wò subɔsubɔdɔa me ŋu. Wɔ nusia ke ne èyi hamea ƒe kpekpewo alo takpekpewo. Ƒe sia me ƒe nutome sue takpekpe me nuƒo aɖe mee woɖe aɖaŋu siwo woɖo ɖe nyati sia me tsoe. Eyae nye nuƒo siwo ŋu wotrɔ asi le be woakpe ɖe mía ŋu be míayi edzi atsɔ nusiwo ƒe dzi wode ƒo na mí le takpekpea me awɔ dɔe la ƒe gbãtɔ.
8 Yesu bu eƒe subɔsubɔdɔa nu vevii, eyae nye nusi ŋu wòtsia dzi ɖo wu nu bubu ɖesiaɖe. Egblɔ be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.” (Yoh. 4:34) Ðe míawo hã míesena le mía ɖokui me nenema kea? Ne nenemae la, ke míadi mɔ siwo nu míato adzi míaƒe dɔwɔwɔ ɖe edzi eye míana “nu nyui” siwo le míaƒe kesinɔnudzraɖoƒe la ame bubuwo.—Mat. 12:35; Luka 6:45.