Tu Ðetsɔleme Ðo ɖe Agbe Tegbee ƒe Agbalẽa Me
1 Ne míeyi amewo ƒe aƒewo me la, míekpɔnɛ zi geɖe be wonyrɔ̃ wo ɖokui ɖe “xexeame ƒe agbagbadzedzewo” me vĩ. (Mar. 4:19) Dɔ si dze ŋgɔ mí enye be míatsɔ dzeɖonya si na wobua tame la anyɔ woƒe ɖetsɔlemee. Ame akpa gãtɔ matsɔ ɖeke le míaƒe gbedasia me boo le gɔmedzedzea me o. Ne míate ŋu agblɔ nya si awɔ dɔ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi la, ɖewohĩ míate ŋu ana woatsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedasia me. Alesi míawɔ adze dzeɖoɖo gɔmee nye be míatia dzeɖonya siwo doa dzidzɔ na amewo tso Agbe Tegbee ƒe agbalẽa me. Nya kae nàte ŋu agblɔ?
2 Àte ŋu agblɔ nya sia:
◼ “Ne ɖe ŋusẽ le asiwò la, kuxi si hea vevesese vɛ le míaƒe ŋkekea me kae nàɖe ɖa? [Na wòaɖo eŋu eye ne esɔ la, nàlɔ̃ ɖe edzi be ame geɖe sena le wo ɖokui me nenema.] Vaseɖe fifia la, edze abe xexemeŋgɔnɔlawo mete ŋu kpɔ dzidzedze gobii aɖeke le kuxi sesẽ siwo li egbea la gbɔ kpɔkpɔ me o ene. Gake Ame aɖe li si ate ŋu aɖe kuxi siwo katã le fu ɖem na ameƒomea la ɖa, eye awɔe hã. Taflatse se nya si wogblɔ le Psalmo 145:16 ɖa. [Xlẽ mawunyakpukpui la, eye nàƒo nu tso nɔnɔmetata siwo le axa 11-13 la ŋuti.] Axa 14 lia ƒe memamã 14 bia nya si me míedzro fifia la me eye wògabia be: ‘Gake ɣekaɣie esia ava eme?’” Ðe eme nɛ be agbalẽa aɖo biabia ma ŋu, eye le etaƒoƒo me la, nàtsɔ agbalẽa nɛ.
3 Alo àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Ðewohĩ ènya dziɖeleameƒo si lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku hena vɛ. Anɔ eme be ena nèlé blanui hetsi yaa. Ànya bu biabia siawo ŋu: [Xlẽ nyabiabia siwo le axa 76 ƒe memamã 1.] Ðe biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo mafa akɔ na wò oa? Ade dzi ƒo na wò be nànya be mɔkpɔkpɔ vavãtɔ aɖe le Biblia me na ame kukuwo. [Xlẽ Yohanes 5:28, 29.] Agbalẽ sia kpena ɖe mía ŋu míesea nɔnɔme si me ame kukuwo le la gɔme eye míenyaa etsɔ me mɔkpɔkpɔ si li.” He eƒe susu yi ta 8 kple 20 lia dzi kpuie. Na mɔnukpɔkpɔ aƒemenɔla be wòadzro agbalẽa me eye nàde dzi ƒo nɛ be wòaxɔe.
4 Mɔnukpɔkpɔwo asu asiwò godoo be nàɖi vomeɖase. Ne eva me alea la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe le wò ŋutɔ wò nyawo me:
◼ “Kuxiwo yɔ xexeame fũ egbea eye ɖikeke mele eme o be wole fu ɖem na wò hã. Nublanuitɔe la, edze abe ame maɖifɔwoe kpea fu wu ene. Ðe nèsusu be Mawu ahe fukpekpewo katã ava nuwuwuia? [Na wòaɖo eŋu.] Na mafia nusi Mawu do ŋugbe be yeawɔ na amesiwo subɔnɛ la wò. [Xlẽ Psalmo 37:40 eye nàʋu Agbe Tegbee ƒe agbalẽa ƒe axa 99.] Agbalẽ sia ɖe nusita Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu kple alesi wòahee va nuwuwui la me.”
5 Ne gbeƒãɖela sɔhɛ ye nènye la, àte ŋu azã dzeɖonya si nɔ te ɖe nɔnɔmetata si dze le axa 156-8 la dzi. Àte ŋu adze egɔme abia be:
◼ “Àdi be yeanɔ agbe le xexe sia tɔgbe mea? [Na wòaɖo eŋu.] Wotu nɔnɔmetata dzeani siawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia la, me ŋugbedodo aɖe dzi. [Fia Ŋɔŋlɔ siwo woyɔ lae.] Agbalẽ sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe ŋugbedodo be yeawɔ anyigba bliboa katã wòazu paradiso la ŋu. Agbenya ye le eme eye ɣeyiɣi si nàzã ɖe exexlẽ ŋu aɖe vi na wò.”—Yoh. 17:3.