Wona Nu Geɖe Mí—Wobia Nu Geɖe tso Mía Si
1 Amenuveve ŋutɔe wònye be nyateƒea le mía si! Esi míeɖe adzɔgbe na Yehowa ta la, wotsɔ “nyanyui la de asi na mí.” (Tes. I, 2:4) Esia da agba gã aɖe ɖe mía dzi. Yesu gblɔ be: “Amesiame, si wona nu geɖee la, woabia nu geɖe le esi.”—Luka 12:48b.
2 Aleke gbegbe nya siawo nye nyateƒe enye si! Esi wotsɔ Mawu ƒe Nya la ƒe sidzedze, hadede nyui kple mía nɔviwo, kpakple mɔkpɔkpɔ wɔnuku yra mí katãe ta la, woate ŋu agblɔ le nyateƒe me be wona nu geɖe mí. Eyata esɔ be woabia nu geɖe tso mía si.
3 Nukpɔsusu Nyuitɔ Nenɔ Asiwò le Nudidiwo Ŋu: Ame aɖewo ƒo nya ta be wobia nu geɖe akpa tso mía si. Yesu Kristoe nye Kristo-hamea ƒe Ta, eyata eyae aɖo ‘nusi hiã’ hafi wòawɔ dɔ nyuie la na mí. (Ef. 4:15, 16) Eka ɖe edzi na mí be ‘yeƒe kɔkuti le bɔbɔe, eye yeƒe agba le wodzoe.’ (Mat. 11:28-30) Ebɔbɔ nuwo me lɔlɔ̃tɔe na amesiwo ŋu ŋutete mele tututu o. (Luka 21:1-4) Ne míewɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe, eɖanye aleke eƒe agbɔsɔsɔme le o la, woayra mí.—Kol. 3:23, 24.
4 Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe Fiaɖuƒenuwo xɔ nɔƒe gbãtɔ le nye agbe mea? Ðe mele nye ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo zãm le mɔ si akafu Mawu ƒe ŋkɔ ahaɖe vi na ame bubuwo la nua? Ðe mekpɔnɛ be nye dzidzɔkpɔkpɔ gãtɔ tsoa Yehowa subɔsubɔ me tsɔ wu vivisese ɖokuitɔdiditɔe le ŋutilãmenuwo mea?’ Míaƒe nya siawo ŋu ɖoɖo anukwaretɔe aɖe alesi míaƒe dzi le afia.—Luka 6:45.
5 Mègana Woate Wò Kpɔ Nàwɔ Nusi Nye Vɔ̃ O: Ðokuitɔdidi, ŋukeklẽ, kple agbeɖuɖu vivivo ƒe tetekpɔwo kple nyaƒoɖeamenuwo mebɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ abe fifia ene o. Míedzea ŋgɔ gbetɔamewo le agbenyuinɔnɔ gome gbesiagbe eye wotea mí kpɔ be míana ta. Be míanɔ te ɖe kuxi siawo nu dzidzedzetɔe la, ele be míabia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu. (Mat. 26:41) Ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe dzi ado ŋusẽ mí. (Yes. 40:29) Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbesiagbe nye kpekpeɖeŋu gã aɖe. (Ps. 1:2, 3) Ðokuiléle kple ɖokuidziɖuɖu hã wɔa akpa vevi aɖe.—Kor. I, 9:27.
6 Nu nyui lɔlɔ̃ ɖeɖe mesɔ gbɔ o—ele be míatsri vɔ̃ hã. (Ps. 97:10) Efia be mele be míana nusiwo nye vɔ̃ nadzro mí o. Lododowo 6:16-19 yɔ nu adre siwo Yehowa lé fui. Edze ƒã be ele be amesi di be yeadze Yehowa ŋu hã nalé fu nu mawo. Esi nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ le mía si ta la, ele be míadi be míawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple sidzedze ma, ana míaƒe susuwo nanɔ nu nyuiwo ŋu ɖaa.
7 Esɔ be míado gbe ɖa be míakpɔ nɔnɔme siwo ade mía dzi be ‘míawɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me ɣesiaɣi.’ (Kor. I, 15:58) Ame geɖe kpɔe be dɔwɔwɔ le Yehowa subɔsubɔ me kple ŋkubiã nye ametakpɔkpɔ, elabena awɔe be màkpɔ vovo ɖe nu maɖeviwo wɔwɔ ŋu o.
8 Ne míebu nuwo katã ŋu la, nusi Yehowa bia tso mía si la sɔ ŋutɔ. (Mixa 6:8) Edze be míakpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋu. (Ef. 5:20) Eyata ‘míewɔa dɔ heʋlina sesĩe’ kple kakaɖedzi be míaƒe teƒeɖoɖo asɔ gbɔ sã wu nusianu si wodi tso mía si.—Tim. I, 4:10.