INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/95 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena March

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena March
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 6
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 13
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 20
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 27
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 3/95 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena March

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 6

Hadzidzi 25

13 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Dzro Nyabiaɖaka me.

15 min: “Wona Nu Geɖe Mí—Wobia Nu Geɖe tso Mía Si.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. De dzi ƒo na amesiwo dze la be woabu kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le April me ŋu kpɔ.

17 min: “Gbeƒãɖeɖe ‘Nyagblɔɖia me Nyawo.’” Dzro nyati veviawo me. Na nyaselawo nagblɔ Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa zazã alo enana ƒe nuteƒekpɔkpɔwo. De dzi ƒo na amesiame be woatsɔ kakaɖedzi ana agbalẽ lae, le esi wòƒo nu tso fifi nudzɔdzɔ siwo ka amesiame ŋu ta. Na woawɔ enana ƒe wɔwɔfia ɖeka alo eve.

Hadzidzi 31 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 13

Hadzidzi 24

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

18 min: “Fiaɖuƒenya si Sɔ Ðe Ɣeyiɣi Dzi si Míamã le Xexeame Katã.” Hamemegã ƒe nuƒo. Te gbe ɖe dɔ tɔxɛ sia si míawɔ le April kple May me dzi. De dzi ƒo na amesiame, kple ame yeyewo hã, be woawɔ ɖoɖo akpɔ gome le eme bliboe.

17 min: “Agbalẽ Gbadza Yeyea Zazã Nyuie.” Dzro nyatia me kple nyaselawo. Ƒo nu tso agbalẽ gbadza la me nyawo ŋu, eye nàɖo aɖaŋu le alesi woate ŋu azãe atsɔ afa akɔe na amesiwo dzi ku dzɔ ɖo ŋu.

Hadzidzi 108 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 20

Hadzidzi 40

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Wɔ alesi ƒomea azã 1995 Yearbook ƒe wɔwɔfia. Ƒomea nagblɔ alesi wokpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽa ŋui; vifofoa nadzro ŋgɔdonya si le axa 3-11 me nyati veviwo me kpuie. Wodzro alesi woadze agbagba axlẽ Yearbook la ƒe axa ʋee aɖewo kwasiɖa sia kwasiɖa ahakpɔ egbɔ be yewode ŋugble le mawunyakpukpui si wotia le Ŋɔŋlɔawo me Dzodzro Gbesiagbe me ŋu ŋkeke ɖesiaɖe la me.

15 min: Miaƒe nuhiahiãwo. Alo nuƒo si wotu ɖe nyati si nye “Ne Adzɔ le Ŋuwò la, Xee,” si le November 15, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 26-8 dzi.

15 min: “Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu ‘Woawɔ Ðe Nusiwo Woŋlɔ Ði la Dzi’” Dzro nyati veviawo me, eye na woawɔ tɔtrɔyiwo ƒe wɔwɔfia ɖeka alo eve.

Hadzidzi 52 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 27

Hadzidzi 205

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: “Nudzɔdzɔ Vevitɔ Kekeake le Amegbetɔ ƒe Ŋutinya Me.” Dzro eme kple nyaselawo. Gblɔ ɖoɖo siwo miewɔ ɖe Ŋkuɖodzia ŋu. Ƒo nu tso nusita wòle be míakpe ɖetsɔlemetɔwo ahakpe ɖe wo ŋu be woava ŋu.

15 min: Ƒo nuƒo si nɔ te ɖe nyati si nye “Ðe Mɔxeɖenuwo Ðea Dzi Le Ƒowòa?” si tso September 1, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 27-28 dzi. Kpe ɖe amesiame ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe woƒe ɖoƒe vovovoawo ŋu be dzi nadzɔ wo le Yehowa subɔsubɔ me.

10 min: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ le April me. Míate ŋu ana agbalẽ gbadza ɖesiaɖe (negbe Suku ƒe agbalẽ gbadza la koe mele eme o). Dzro aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna le alesi woana magazinewo tso aƒeme yi aƒeme ahaxɔ nudɔdɔwoe ŋu me: Ðo nukomo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Dzo nenɔ mewò. Ƒo nu blewu. Ƒo nu tso nyati ɖeka ko ŋu le magazine ɖeka me. Tsɔ magazineawo na aƒemenɔla la eye nàƒo nu tso nudɔdɔa ŋu nɛ. Na wòanya be yeagatrɔ ava atsɔ tata siwo agava la vɛ nɛ. Tsɔ kakaɖedzi ƒo nya tae ne womexɔ magazineawo o hã. Wɔ nuŋlɔɖi le amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia kple amesiwo xɔe ŋu. Wɔ enana si me woaxɔ nudɔdɔwo le ƒe wɔwɔfia kpui ɖeka alo eve tsɔ ƒo etae.

Hadzidzi 176 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe