Di Amesiwo Lɔ̃na Wofiaa Nu Wo
1 “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” (Yoh. 6:44) Yehowa, amesi dzroa dziwo me kpɔna la, aɖo eteƒe na amesiwo lɔ̃na wofiaa nu wo eye wowɔa nusi wosrɔ̃ dzi. (Yer. 17:10; Yoh. 6:45) Mɔnukpɔkpɔ su mía si be míanye eƒe hadɔwɔlawo le ame fatu siwo xexeme yeyea dzrona la didi me.—Ps. 37:11; Kor. I, 3:9.
2 Yesu ƒo nu tso eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be wonye “ameɖelawo!” (Mat. 4:19) Togbɔ be dɔ ma tɔgbe wɔwɔ asesẽ ɣeaɖewoɣi hã la, enaa dzidzeme geɖe ame ne nu nyuiwo do tso eme. Le esi teƒe be wòanye dɔwɔwɔ ɖe mía ŋutɔwo ƒe viɖe ta la, tsɔtsrɔ̃ si ava godoo mee míele ‘tɔmelãawo’ ɖem tsoe. Ele be tɔƒodela si aɖe lã nyuie la nanya nusi wòawɔ atsɔ ahe tɔmelãwoe. Nenema ke wòle be míagblɔ Fiaɖuƒegbedasi la wòavivi be wòanyɔ míaƒe nyaselawo ƒe ɖetsɔleme. Aleae wòle vevietɔ ne míele tɔtrɔyiwo wɔm. Nya kae míate ŋu agblɔ?
3 Ne “Gbetakpɔxɔ” me nyati siwo ƒo nu tso mawusubɔsubɔ ŋu mee wotsɔ ɖe le la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Nyitsɔ la míeƒo nu tso nusita ame geɖe melɔ̃na ƒoa nu tso mawusubɔsubɔ ŋu o ŋu. Esi míaƒe aƒelika akpa gãtɔ gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la, ɖe mèkpɔ be nya ma wɔ nuku ŋutɔ oa? Ðewohĩ àbia nusita mawusubɔsubɔ nye nya si hea mamã kple tɔtɔ vɛ nenema gbegbe.” Na wòaɖo eŋu. Ʋu Reasoning-gbalẽa ƒe axa 322 eye miadzro nya aɖewo me le tanya si nye “Why Are There So Many Religions?” te.
4 Àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe atsɔ adze numedzodzro gɔmee le mawusubɔsubɔ ƒe nyati la ŋu:
◼ “Ðe míate ŋu aka ɖe edzi le mɔ aɖe nu be subɔsubɔha vavãtɔ mee míelea? [Na wòaɖo eŋu.] Esi subɔsubɔha vovovowo li fũ ta la, ame geɖe tɔtɔna eye kakaɖedzi menɔa wo si o.” Ʋu Reasoning-gbalẽa ƒe axa 328-9, afisi dzro biabia sia me be “How can a person know which religion is right?” Ƒo nu tso biabia 5 lia ŋu kpuie, “Do its members truly love one another?” Gblɔ alesi woate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ mee.
5 Ne edze abe xexeame ƒe nɔnɔmewo mee aƒemenɔla la tsɔ ɖe le ene la, ɖewohĩ àdi be yeagblɔ nya sia:
◼ “Edze ƒã be nɔnɔme manyomanyo siwo wòle be míakpe akɔ kple le agbenɔnɔ kple míaƒe ƒomewo dzi kpɔkpɔ me la tena ɖe dziwò vevie. Biblia ɖe ŋugbedodo wɔnuku aɖe si dzi Mawu awɔ ɖo le etsɔ me kpuie la fia.” Xlẽ Lododowo 2:21, 22, eye nàɖe alesi Yehowa do xexe si me ŋutifafa anɔ ɖaa ƒe ŋugbee me nɛ.
6 Ne èle tɔtrɔyiwo wɔm le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ƒe dɔ tɔxɛa wɔɣi la, taflatse kpɔ egbɔ nàgblẽ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ƒe ɖe ɖe aƒemenɔla siwo si ɖeke mele o gbɔ. Woadzro nya si nàte ŋu agblɔ ne ètrɔ yi amesiwo xɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la gbɔ me le May ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me.
7 Esi Mawu ƒe Nya la ‘sẽa ŋu’ ta la, ele be míadze agbagba azãe le míaƒe dzeɖonyawo me. (Heb. 4:12) Kpɔ egbɔ nàde dzi ƒo na aƒemenɔla la be eya ŋutɔ naxlẽ Biblia. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 17:11.) Ne míewɔ míaƒe akpa dzi nyuie la, Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi.