Na Magazine le Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Me
1 Susu nyuiwo li siwo tae wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ŋu ɖo. Magazine kawo ƒe nue gadoa dzidzɔ na amewo le dukɔ sia dukɔ me alea gbegbe? Magazine nudɔdɔe míawɔ na amewo le ɣleti sia me le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me, eye nya wɔdɔɖeamedzi kawoe nye si le October tɔwo me! Zi geɖe la, aƒeme yi aƒeme dɔa mee míenaa míaƒe magazineawo ƒe akpa gãtɔ le; gake míedi be míadzra ɖo ɖe nudɔdɔwɔwɔ hã ŋu le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si sɔ me.
2 Ne October 1 ƒe “Gbetakpɔxɔ” nam nèle la, àte ŋu anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe nyati si nye “Xexe si me Aʋawɔwɔ Manɔ O—Ɣekaɣie?” ŋu ne ègblɔ be:
◼ “Ewɔa nuku na ame geɖe be togbɔ be amewo le agbagba dzem kpem hã la, ewɔ abe ɖe womete ŋu le xexe si me aʋawɔwɔ mele o ɖom anyi o ene. Nukae nèsusu tso nya siawo siwo wogblɔ le October 1 ƒe Gbetakpɔxɔ axa 5 la ŋu? [Xlẽ nyagbe gbãtɔ le memamã eve gbãtɔ siwo le tanya sue si nye “Subɔsubɔhawo—Mɔxenu Gã Aɖee Wonye” te, eye nàɖe mɔ nɛ be wòagblɔ eƒe susu.] Gake mefia be aʋawɔwɔwo anɔ anyi ɖaa o. Se ŋugbe si Mawu do le afisia le Yesaya 9:5, 6 ɖa.” Àte ŋu axlẽ mawunyakpukpui sia le wò Biblia me alo axlẽ esi woŋlɔ ɖe Gbetakpɔxɔ me nyati sia me. Ðe eme na amea kpuie be Gbetakpɔxɔ ʋlia Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ta be eya koe nye xexe si me ŋutifafa anɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia, eye nàde dzi ƒo nɛ be wòaxlẽ nyatia.
3 Ne October 22 ƒe Eŋlisigbe me “Nyɔ!” namee nèle la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Aleke nèsusu tso nya si wobia le magazine sia ƒe akpa dzi be: ‘Nukatae Ame ƒe Agbenɔƒe Le Kpuie Alea?’ la ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Nyati siawo siwo tsiã ɖe enu ƒo nu tso nusi egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ tso amegãkuku ŋu la ŋuti, eye woyi edzi he susu yi agbe mavɔ nɔnɔ ƒe ŋugbe si mía Wɔla do dzi. Adzɔ dzi nam be mana esia wò eye makpe ɖe ŋuwò nàdɔe hã.”
4 Ne amesiwo doa vivi ɖe mawusubɔsubɔ ŋue nèdo goe la, ke nukata màƒo nu tso October 15 ƒe “Gbetakpɔxɔ” me nyati aɖe ŋu o? Enanamɔnu sia ate ŋu aɖe vi:
◼ “Medi be mabia wò susu le nya sia ŋu: Ðe míate ŋu alɔ̃ Mawu agavɔ̃e le ɣeyiɣi ma ke mea?” Na wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ mawunyakpukpui si woŋlɔ ɖe tanya si nye “Nukata Wòle Be Nàvɔ̃ Mawu Vavã la Fifia?” te. (Nyagb. 12:13) Zã kpɔɖeŋu siwo wowɔ le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 199 la dometɔ ɖeka, eye nàna magazine lae awɔ nudɔdɔ hã nɛ.
5 Ne èle aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm la, mègato fiasewo kple nudzraƒewo ŋu o. Amesiwo wɔa dɔ edziedzi le fiasewo me la gblɔna be evivina eye etsea ku hã. Àte ŋu awɔ October 8 ƒe “Nyɔ!” nanamɔnu bɔbɔe sia ŋudɔ kpɔ:
◼ “Míenya be edzɔa dzi na asitsalawo be woana yewoanya nu tso nudzɔdzɔ yeye siwo ku ɖe nuto si me yewole la me tɔwo ŋu la ŋuti. Meka ɖe edzi be nyati sia adzɔ dzi na wò.” Ke ƒo nu le nyati si nye “Dzila Ðeka Ƒomewo—Dzidzedze Kae Woate Ŋu Akpɔ?” me nya vevi ɖeka ŋu nɛ kpuie.
6 Ne le nyateƒe me, vovo mele amesi gbɔ nèyi ŋu o la, àte ŋu atsɔ magazineawo afiae agblɔ be:
◼ “Menya be mèle mɔ kpɔm na amedzro egbea o, eyata magblɔ nya la kpuie. Medi be makpe ɖe ŋuwò nàxlẽ nu vevi aɖe.” Fia nyati aɖe si nètia lae, eye nàna magazineawoe.
7 Wɔ aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖi nyuiwo, eye nàtrɔ ayi amesiwo katã nèna magazinewoe gbɔ. Ne woɖe ɖetsɔleme vavãtɔ fia le wò tɔtrɔyia me la, ke ɖe míaƒe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa me na wo. Mina míadzra ɖo eye míanɔ ŋudzɔ ɖe magazine nana kple nudɔdɔ wɔwɔ le mɔnukpɔkpɔ si sɔ ɖesiaɖe me ŋu.