Woaxɔ Ame Ƒomeviwo Katã ɖe Agbe
1 Yehowa ƒe didie nye “be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Tim. I, 2:4) Togbɔ be domenyinyi, alesi wonyi amee, kple nuto si me wonɔ kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi vaseɖe afi aɖe hã la, tiatiawɔblɔɖe le wo si eye wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu atia alesi wòdi be yeazã yeƒe agbee. Woate ŋu awɔ nu nyui anɔ agbe, alo woate ŋu awɔ nuvɔ̃ ahatsrɔ̃. (Mat. 7:13, 14) Aleke gɔmesese sia kpɔa ŋusẽ ɖe alesi míebua amesiwo míegblɔa Fiaɖuƒenyanyuia na dzii?
2 Mele be míabui be nuwo abe dukɔ alo to si me ame aɖe tso alo ɖoƒe si wòle le hadome ene dzie eƒe ɖetsɔtsɔ le nyateƒea me nɔ te ɖo o. Nyateƒea ate ŋu adzɔ dzi na amesiwo mede suku yi ŋgɔ o alo amesiwo dee yi ŋgɔ, amesiwo hea dunya, kple dɔnyalagãwo, mawudzimaxɔselawo, Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi maxɔselawo, kple na nuvlowɔla vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã. Amesiwo tso nɔnɔme ɖesiaɖe me eye ɖoƒe vovovowo le wo si le hadome la trɔ woƒe tsãgbenɔnɔ eye fifia wole mɔ kpɔm na Mawu ƒe xexeme yeyea. (Lod. 11:19) Eyata mele be míahe ɖe megbe le Fiaɖuƒegbedasia tsɔtsɔ yi na amesiame ŋu o.
3 Bu Kpɔɖeŋu Siawo Ŋu Kpɔ: Ŋutsu aɖe ɖoe be yeawu dadaa srɔ̃ gake mewɔe o. Emegbe eɖoe be yeawu ye ɖokui gake mete ŋui o. Esime wodee mɔ ɖe fififi kple atikevɔ̃ɖidzadzra ta la, eƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ. Egbea amesia le agbe nɔm le anukwareɖiɖi me eye ele vivi sem le srɔ̃ɖeɖe me eye ƒomedodo nyui aɖe va le woa kple dadaa srɔ̃ dome. Nukae na wòtrɔ? Esrɔ̃ Biblia la kple Yehowa Ðasefowo eye wòtsɔ nusiwo wòsrɔ̃ la wɔ dɔe. Yehowa mebui be yemagate ŋu axɔe o.
4 Ðetugbi aɖe ƒe ŋkɔxɔxɔ le television dzi fefewɔwɔ me mehe dzidzɔkpɔkpɔ vɛ nɛ o. Gake esi Ðasefowo ƒe agbenyuinɔnɔ wɔ dɔ ɖe edzi la, elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye eteƒe medidi o eya hã va nɔ kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Fiaɖuƒenyanyuia ŋu. Amewo kpɔnɛ dzea sii le afisiafi si wòyi ɖawɔ aƒeme yi aƒeme dɔa, gake eɖe eme dzidzɔtɔe be yedi be woanya be Yehowa Ðasefo yenye tsɔ wu be woanya ye be fefewɔla.
5 Esi Ðasefo aɖe wɔ Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo kple ame aɖe si dɔa Gbetakpɔxɔ la, aƒelika aɖe see eye wòva nua srɔ̃ƒe. Enumake aƒelika la de dzesi nyateƒe si wònɔ didim la! Woa kple srɔ̃aŋutsu te fli ɖe srɔ̃gbegbe ƒe mɔ si woɖe na wo le se nu la me eye wogate kpe. Eƒo eɖokui ɖe ɣletivimefakaka me vevie eye enɔ gbɔgbɔmeha aɖe me, gake elɔ̃ faa tsɔ eƒe agbalẽ xɔasiwo kple nusianu si nɔ esi si do ƒome kple gbɔgbɔ vɔ̃wo la ƒu gbe. Eteƒe medidi o ete kpekpewo yiyi eye wòƒoa nu tso eƒe xɔse yeyea ŋu na eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. Fifia eɖea gbeƒã na ame bubuwo dzonɔamemetɔe.
6 Mele be míasusu naneke ɖe ame aɖeke ŋu o. Ke boŋ mina míatsɔ veviedodo agblɔ nyanyuia na amewo le afisiafi. Míeka ɖe edzi vevie be Yehowa, amesi “kpɔa keke dzi me ke” la, azu “amewo katã xɔla.”—Sam. I, 16:8; Tim. I, 4:10.