“Mizu Ame Dakpewo”
1 Wofia mía dometɔ geɖe le ɖevime be míado “taflatse” eye míada “akpe” ne ame aɖe bu mía ŋu alo nyo dɔme na mí. Paulo ɖo aɖaŋu na mí be ‘míanye ame dakpewo’ ɣesiaɣi, eye ele be míada akpe vevietɔ na Yehowa. (Kol. 3:15, 16) Gake aleke míate ŋu ada akpe na mía Wɔla Gã lae? Eye susu vevi kawo tae wòle be míada akpe nɛ ɖo?
2 Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Woada akpe na Mawu, si na dziɖuɖu mí to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi la!” (Kor. I, 15:57) Ƒe sia ƒe le Ŋkuɖodzia ɖuɣi la, woɖoa ŋku lɔlɔ̃ gbago si gbegbe Mawu kple Kristo ɖe fia esi woxe tafe si ʋu agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖi na mí la dzi na mí. (Yoh. 3:16) Esi wònye be ame vevi aɖe ku na mía dometɔ ɖesiaɖe kloe kpɔ ta la, aleke gbegbe míedaa akpe ɖe tsitretsitsi ƒe ŋugbe si Yesu do la tae enye si! Ne míebu alesi míatsi agbe atso nuɖoanyi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ eye míagaku gbeɖe akpɔ o ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu la, enaa míaƒe dziwo yɔna fũ kple akpedada. (Yoh. 11:25, 26) Nyagbe siwo míatsɔ ada akpe ɖe yayra wɔnuku siwo míava xɔ tso Yehowa gbɔ le anyigba dzi Paradiso si ava me ta la kpɔkpɔ sesẽ. (Nyaɖ. 21:4) Susu nyui bubu kawoe gali wu esiawo siwo ta wòle be ame ‘nada akpe’ na Mawu ɖo?
3 Alesi Míada Akpe na Mawui: Esɔ be míada akpe na Yehowa le gbedodoɖa me ɣesiaɣi le eƒe dɔmenyo ta. (Ps. 136:1-3) Míesena le mía ɖokui me hã be míada akpe nɛ le mɔ nyui bubuwo nu. Le kpɔɖeŋu me, míava Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe le Kwasiɖagbe, March 23 lia dzi godoo. Be míakpe asi ɖe míaƒe hamea ƒe nuhiahiãwo kple xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, míetsɔa ‘míaƒe nu xɔasiwo dea bubu Yehowa ŋui’ dzidzɔtɔe. (Lod. 3:9) Míekpena ɖe hamemegãwo ŋu bliboe eye míewɔa dɔ kpli wo aduadu tsɔ ɖenɛ fiana be míekpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si Yehowa naa mí to wo dzi la ŋu. (Tes. I, 5:12, 13) Míeʋlina gbesiagbe be míanɔ agbe dzɔdzɔe si dea bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu. (Pet. I, 2:12) Míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ nuwɔna siawo katã doa dzidzɔ na Yehowa.—Tes. I, 5:18.
4 Míaƒe Akpedamɔnu Nyuitɔ Kekeake: Gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me kple luʋɔ blibo, bubudede Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe gblɔ le gbedodoɖa me, kple nyateƒea ta ʋiʋli nuteƒewɔwɔtɔe nye alesi míatso míaƒe dzime ke ada akpe na mía Wɔla ɖe nusiwo katã wòwɔ na mí ta la ƒe mɔnu nyuitɔwo kekeake dometɔ aɖewo. Edoa dzidzɔ na Yehowa be wòakpɔ mí míatsɔ subɔsubɔ kɔkɔe ana eyama wòanye eƒe lɔlɔ̃nu si nye be “woaxɔ amewo katã” ɖe agbe la me vava. (Tim. I, 2:3, 4) Eyatae gbeƒãɖela geɖe siwo ate ŋui la le wɔwɔm ɖe amekpekpe si dze le February ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ɣleti siwo nye March, April, kple May dometɔ ɖeka alo le esi wu ema me la dzi. Agbagba geɖe wu dzedze le subɔsubɔdɔa me nye mɔ nyui si dzi míato ‘ada akpe’ na Mawu. Wò hã àte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa le April mea? le May mea?
5 Wona mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le be míanɔ agbe tegbee la mí. Ne eva eme na mí la, míagakpɔ nu gbogbo siwo ta wòle be míayi edzi anɔ akpe dam na Yehowa dzidzɔtɔe la gbesiagbe.—Ps. 79:13.