INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/97 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena March

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena March
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 3
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 10
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 17
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 24
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 31
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 3/97 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena March

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 3

Hadzidzi 53

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe Tiatiawo. De dzi ƒo na amesiame be wòadze ɖetsɔlemetɔwo kpekpe gɔme va Ŋkuɖodzia si dze March 23 lia dzi. Tsɔ Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽvi ɖeka fia, eye nàde dzi ƒo na amesiame be wòaxɔ ɖewo ahadze wo mamã gɔme kwasiɖa sia.

15 min: “Tu Wò Ƒomea Ðo.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo le 1995 Yearbook, axa 228 kpee.

20 min: “Kpekpe Ðe Ƒomewo Ŋu be Etsɔme Mavɔ Nasu Wo Si.” (Memamã 1-5) Ƒo nu tso memamã 1 ŋu kpuie, eye emegbe nàdzro alesi woate ŋu ato tanyawo, nɔnɔmetata dzeaniwo, kple numedzroɖakawo zazã dzi atu ɖetsɔleme ɖo ɖe Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa ŋu. Na gbeƒãɖela bibiwo nawɔ dzeɖonya siwo le memamã 2-5 me fia. De dzi ƒo na amesiame be wòadze agbagba etɔxɛe be wòana agbalẽa ƒome siwo ɖe ɖetsɔleme fia va yi. Ðo ŋku edzi nàƒo nu tso Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu.

Hadzidzi 71 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 10

Hadzidzi 56

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòadze agbagba azɔ ɖe Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi si wowɔ na March 18-23, si le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe me la dzi.

20 min: “Mizu Ame Dakpewo.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Amesiame nadze agbagba vevie be yeakpe Biblia-nusrɔ̃viwo, ɖetsɔlemetɔwo, ƒometɔ siwo dzɔa dzi ɖe nyateƒea ŋu, kple nɔviŋutsu kpakple nɔvinyɔnu ɖesiaɖe si megadea ha kple hamea tututu o la bene woava Ŋkuɖodzia ɖuƒe. Miwɔ wɔwɔfia kpui aɖe si me gbeƒãɖela natsɔ Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽvi akpe ɖetsɔlemetɔ aɖe va Ŋkuɖodzia. Gblɔ nya siwo le August 1, 1988, Gbetakpɔxɔ, axa 23, memamã 16-17 kpe ɖe eŋu. De dzi ƒo na amesiame si ate ŋui la be wòawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April kple May me.

15 min: “Kpekpe Ðe Ƒomewo Ŋu be Etsɔme Mavɔ Nasu Wo Si.” (Memamã 6-8) Ðo aɖaŋu aɖewo le alesi woate ŋu ana Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa ne wole vome ɖase ɖim le dɔ me, le suku, le abɔ me, alo le ʋu me, kpakple ne wole ƒometɔwo srãm kpɔ. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ dzeɖonya siwo le memamã 6 kple 7 me fia. Ele be nusi me woadzro ne wotrɔ yi la nakpe ɖe amea ŋu wòanya alesi Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu ado ŋusẽ ƒomekadodoe. Míawɔ nusɔsrɔ̃ le agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? me kple taɖodzinu be míatrɔe ɖe Sidzedze-gbalẽa dzi, alo míate ŋu adze nusɔsrɔ̃a gɔme le Sidzedze-gbalẽa ŋutɔ me.

Hadzidzi 72 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 17

Hadzidzi 63

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro “Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo” me, eye nàgblɔ ɖoɖo siwo miewɔ ɖe Ŋkuɖodzia ŋu. Amesiame nawɔ ɖoɖo mamlɛa be yeakpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔwo ŋu woava.

15 min: Miaƒe nuhiahiãwo. Alo hamemegã ƒe nuƒo si wotu ɖe nyati si nye “Ðe Wòhiã Ŋutɔŋutɔ be Nàɖe Kukua?” si le September 15, 1996, Gbetakpɔxɔ, axa 22-4 me dzi. Ne miaƒe hamea le ɖoɖo wɔm be yewoawɔ dɔ le anyigbamamã si womede asi na hame aɖeke o me le July kple August me la, miate ŋu azã ɣeyiɣi sia adzro lɛta si nye January 1, 1997, si me wogblɔ ɖoɖo siwo wowɔ ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu ɖo la me.

15 min: Wɔ 1997 Yearbook of Jehovah’s Witnesses Ŋudɔ Nyuie. Vifofo nadzro nya vevi siwo ŋu woƒo nu tsoe le axa 3-9 me kple eƒe ƒomea. Negblɔ nusita míetsoa aseye ɖo ne míekpɔ teokrasi ŋgɔyiyi siwo le edzi yim le xexeame godoo la. Vifofoa nagblɔ alesi, le ƒe si gbɔna me la, woazã aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo gbesiagbe le nuɖuɣi atsɔ axlẽ Yearbook la me nyawo enuenu eye woadzro gbesiagbe mawunya hã mee.

Hadzidzi 75 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 24

Hadzidzi 67

9 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðe eme be metsi megbe akpa be woatsɔ dɔbiagbalẽ ana hena kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le April me o. Gblɔ ɖoɖo siwo wɔm miegale ɖe kpekpewo hena gbeadziyiyi ŋu le ɣletia me.

24 min: “Na Dzi Nenɔ Ƒowò be Nàwɔ Tɔtrɔyiwo.” (Memamã 1-20) Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Wɔ memamã 16 lia ƒe wɔwɔfia kpuie.

12 min: Kpekpe Ðe Gbeƒãɖela Yeye Ŋu be Wòadze Dɔ Gɔme. Dzro June 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi ƒe memamã 19 lia me. Wɔ alesi gbeƒãɖela bibi aɖe akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃vi si dzi hamemegãwo da asi ɖo eteƒe medidi o be wòanye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ ŋu la fia. Woadzro Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa, axa 111, memamã 1 me ɖekae. Gbeƒãɖela kpɔnuteƒea nagblɔ nusiwo woate ŋu ado goe ne wole aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖidɔa wɔm eye be mele be dzi naɖe le ame ƒo ne ame akpa gãtɔ mexɔ nyaa o. Gbeƒãɖela la gblɔ nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname aɖe si fia alesi dzi dzɔa míi ne míeke ɖe dzianukwaretɔ aɖe si di be yease nya la ŋu. Wo ame evea nadzra magazine nana mɔnu kpuie aɖe ɖo eye woawɔe akpɔ. Negblɔ kafukafunya siwo dea dzi ƒo eye woawɔ ɖoɖo koŋ be yewoawɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ɖekae kwasiɖa sia.

Hadzidzi 89 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 31

Hadzidzi 70

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Kpe ɖetsɔlemetɔwo katã be woava se dutoƒonuƒo tɔxɛ le April 6 lia dzi. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ eƒe March gbeadzisubɔsubɔkɔnta ana. Yɔ amesiwo katã awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me ƒe ŋkɔwo. Dzro Nyabiaɖaka me.

20 min: “Na Dzi Nenɔ Ƒowò be Nàwɔ Tɔtrɔyiwo.” (Memamã 21-35) Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Dzro aɖaka si le axa 3 me. De dzi ƒo na amesiame be wòabu akɔnta tso tɔtrɔyi ɖesiaɖe si wòwɔ le ɣletia me ŋu ne wole woƒe gbeadzisubɔsubɔkɔnta bum.

10 min: Dzro April ƒe Agbalẽnunana Me. Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! Ƒo nu tso aɖaŋuɖoɖo siwo fia alesi woadzra dzeɖonya ɖo ɖe magazine nana ŋu si le October 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 8 memamã 3, 4, kple 8 la ŋu kpuie. Na gbeƒãɖela eve nawɔ dzeɖonya kpui ɖeka alo eve afia. Gbeƒãɖelawo naŋlɔ amesiwo xɔ magazinewo ƒe ŋkɔ ɖi eye woatsɔ wo akpe ɖe woƒe magazine ƒe ademɔ ŋu.

Hadzidzi 92 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe