INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/98 axa 3
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 1/98 axa 3

Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

“Nana be Yehowa ƒe Ŋkekea Nanɔ Susu me na Mí Vevie” ye nye ŋkeke eve nutome sue takpekpe si adze egɔme le March me ƒe tanya. (Pet. II, 3:12) Wotrɔ asi le eŋu be wòana míakpɔ alesi nuwɔwɔ kpata hiãe. Esusɔ vie ko Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzinɔlawo. Amekawoe atsi agbe le “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” la me? Amesiwo le ŋudzɔ le gbɔgbɔ me eye wonɔa agbe le “anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa” me koe.​—⁠Nyaɖ. 16:14; Pet. II, 3:⁠11.

Nyɔnyrɔxɔxɔ hiã vevie hena agbetsitsi le Yehowa ƒe ŋkekea dzi. (Pet. I, 3:21) Gbeƒãɖela siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ le takpekpea me nagblɔe na dzikpɔla zimenɔlaa, eye wòawɔ ɖoɖo siwo hiã.

Woagblɔ nusiwo míawɔ ana be Yehowa ƒe ŋkekea nanɔ susu me na mí vevie la le nuƒo kpuikpui ene siwo ƒe tanyae nye “Amesiwo Ƒomevi Wòle Be Míanye” me. Dutoƒonuƒoa si ƒe tanyae nye “Wɔ Nu le Nunya me esi Yehowa ƒe Ŋkekea Le Aƒe Tum” aɖe nusi wòfia be ‘míadi Yehowa, dzɔdzɔenyenye, kple ɖokuibɔbɔ’ bene míanye agbetsilawo la me.​—⁠Zef. 2:⁠3.

Nutome sue takpekpea awu enu kple dzikpɔla mɔzɔlawo ƒe nuƒo ʋãme eve siwo ƒe tanyae nye: “Nyateƒea Dzie Wò Agbe Nɔ Te Ðoa?” kple “Yehowa ƒe Ŋkekea Nenɔ Susu me na Mí ne Míele Ðoɖo Wɔm ɖe Etsɔme Ŋu.” Nuƒo siawo akpe ɖe mía ŋu be míalé ŋku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ŋu akpɔ ɖɔɖɔɖo siwo wòhiã be míawɔ. Biblia ƒe nyagblɔɖi kple xexemenudzɔdzɔwo fia kɔte be Yehowa ƒe ŋkekea tu aƒe. Takpekpe sia ade dzi ƒo na mí be ‘míanɔ mo xexi eye míanɔ ŋudzɔ.’ (Pet. I, 5:8) Wɔ ɖoɖo nàyi ŋkeke eveawo katã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe