INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/98 axa 4
  • Do Vivi Ðe Ðaseɖiɖi Tsitotsito Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Do Vivi Ðe Ðaseɖiɖi Tsitotsito Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpe Ðe Ƒomewo Ŋu Woakpɔ Dzidzedze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Míaƒe Agbalẽ Xoxowo Ŋudɔwɔwɔ Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Sidzedze si Tso Mawu Gbɔ Ðoa Biabia Geɖe Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 1/98 axa 4

Do Vivi Ðe Ðaseɖiɖi Tsitotsito Ŋu

1 Dzi dzɔa mí katã ne míele nusiwo nya wɔna na mí wɔm. Marko 7:37 gblɔ be amehawo gblɔ le Yesu ŋu be: “Ewɔ nuwo katã nyuie.” Mewɔ nuku o be Yesu kpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu! (Tsɔe sɔ kple Psalmo 40:9.) Ne míede ŋugble le aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋu la, dzi adzɔ míawo hã nenema ke ne míele Yesu ƒe gbeɖeɖe be ‘míaɖe gbeƒã afia dukɔwo eye míaɖi ɖase tsitotsito’ la dzi wɔm. (Dɔw. 10:42) Le January me la, míana axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1985 siwo le hamea si alo Agbe Tegbee ƒe agbalẽa. Aleke míazã agbalẽ siawo atsɔ aɖi ɖase wòade goe?

2 Esi amewo tsia dzi zi geɖe ɖe lãmesẽnyawo ŋu ta la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le atikewɔnyawo me hã la, ame geɖe gale fu kpem le dɔléle si me. Nukae nèsusu be eya gbɔe wòtso? [Na wòaɖo eŋu.] Yesu Kristo gblɔ be dɔvɔ̃wo anye ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi ƒe akpa aɖe. (Luka 21:11) Gake Biblia ƒo nu tso ɣeyiɣi si me dɔléle maganɔ anyi o hã ŋu. [Xlẽ Yesaya 33:24.] Kpɔ alesi agbalẽ sia kpena ɖe ame ŋu be woakpɔ mɔ na Biblia ƒe nufiafia vevi mae ɖa.” He susu yi nya siwo sɔ le agbalẽ si ŋu nèle nu ƒom le me dzi, eye nàtsɔe ana. Ðe eme nɛ be míelɔ̃na be míatrɔ va ava yi dzeɖoɖoa dzi.

3 Ne èle vomeɖase ɖim le afisiwo tsɔ asiƒleƒewo gbɔ la, àte ŋu ado gbe na amewo ahabia be:

◼ “Ðe wòwɔ na wò be nuwo va le asi xɔm ŋutɔ le ŋkeke siawo me ale gbegbe be ganyawo gbɔ kpɔkpɔ va le sesẽma? [Na wòaɖo eŋu.] Èsusu be ɣeyiɣi aɖe ava gbaɖegbe si me míavo le ganyawo me ŋutɔŋutɔa?” Na wòaɖo eŋu. Azɔ xlẽ Ŋɔŋlɔ aɖe si sɔ si woyɔ le agbalẽ si nam nèle me. Gblɔ yi edzi be: “Agbalẽ sia fia alesi Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi akpɔ kuxi siwo na be agbenɔnɔ sesẽ alea gbegbe egbea la gbɔ.” Tsɔ dzidzɔdodoɖenuŋu na agbalẽa amea. Àte ŋu agblɔ alesi dzeɖoɖoa vivi nuwòe, eye emegbe nàbia be: “Ðe nane li míawɔ bene míagayi dzeɖoɖo sia dzi ɣebubuɣia?” Àte ŋu ato mɔ sia dzi axɔ amea ƒe telefon xexlẽdzesi alo aƒeme ƒe adrɛs eye wòaɖɔ alesi nàwɔ ake ɖe eƒe aƒe ŋu.

4 Ðewohĩ mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nàzã dzeɖonya sia si ku ɖe xexeme ŋutifafa ŋu atsɔ ana “Agbe Tegbee” ƒe agbalẽa:

◼ “Nukae nèsusu be eyae na be ŋutifafa kpɔkpɔ le xexeame sesẽ alea gbegbe? [Na wòaɖo eŋu, eye nàtsɔ nɔnɔmetata si le axa 20-1 afiae.] Nɔnɔmetata sia fia Biblia me nyadzɔdzɔ aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia me. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:7-9, 12 tẽ le memamã 17 lia me. Emegbe xlẽ nusi woŋlɔ kpe ɖe nɔnɔmetataa ŋu.] Ŋutifafa si mele xexeame o nye nusiwo do tso Abosam nyanyã va anyigba dzi me. Agbalẽ sia ɖo biabia vevi geɖe ŋu, eye enye dzidzɔ nam be matsɔe ana wò.”—Ne èdi Agbe Tegbee ƒe agbalẽa nana ƒe mɔnu bubu siwo tsea ku la, kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, September 1995, February 1995, September 1994, kple September 1992 tɔwo ƒe axa megbetɔwo.

5 Ne ètrɔ yi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ la, àte ŋu ato mɔ sia dzi adze agbagba be yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme:

◼ “Esi míeɖo dze nyitsɔ va yi la, ègblɔ nya dodzidzɔname aɖe. [Gblɔ nya aɖe si amea gblɔ va yi.] Menɔ tame bum le nya la ŋu, eye medi be magblɔ nusi ŋu meke ɖo esi meku nu me le nya la ŋu na wò. [Xlẽ ŋɔŋlɔ aɖe si sɔ.] Míedina be míawɔ nusɔsrɔ̃ femaxee kple amewo eye esia kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu be wodzro Biblia ƒe nufiafia veviwo me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Numedzodzroa ana nàka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo siwo ava eme godoo la dzi.” He susu yi biabia aɖewo siwo ŋu woaɖo la dzi. Ne amea melɔ̃ ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃a dzi o la, ɖe eme nɛ hã be nusrɔ̃ɖoɖo tɔxɛ si tsɔna si xɔa aɖabaƒoƒo 15 ko kwasiɖa ɖesiaɖe hena kwasiɖa 16 la le mía si. Tsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la fiae, ʋu nusɔsrɔ̃ 1, eye nàbiae be yeawɔ nusɔsrɔ̃ gbãtɔa afiae hã.

6 Ðo Ŋku Edzi Nàfia Yehowa ƒe Habɔbɔa Nusrɔ̃viwo: Enye míaƒe agbanɔamedzi be míazã nya siwo le agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo—Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Ðekae le Xexeame Katã me, atsɔ ana woanya Yehowa ƒe habɔbɔae. Ne nusrɔ̃via dze si habɔbɔa hekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu eye wòkpɔe be ehiã be yeanɔ eme la, awɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Ne mieɖo nusɔsrɔ̃ gɔme anyi teti ko la, nɔ edzi nànɔ nusrɔ̃via kpem va kpekpeawoe. Gblɔ alesi míewɔa kpekpeawoe nɛ. Na wòanya ŋudzedzekpɔkpɔ deto si le mewò na Yehowa ƒe habɔbɔa. (Mat. 24:45-47) Ƒo nu nyui tso miaƒe hamea kple nusiwo miesrɔ̃na le kpekpeawo me ŋu nɛ.

7 Dze aɖaŋu le wò dɔwɔwɔ me, eye dzi adzɔ wò le ewɔwɔ me. Lé fɔ ɖe ɖaseɖiɖi ŋu ɣesiaɣi bene wòade go, eye nàdo vivi ɖe subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia kpa wɔwɔ nyuie ŋu.—Tim. I, 4:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe