INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 8/1 axa 26-29
  • Ƒomenusɔsrɔ̃ si Hea Dzidzɔ Vɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒomenusɔsrɔ̃ si Hea Dzidzɔ Vɛ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Wòle Be Míasrɔ̃?
  • Na Woaɖe Dzi Ði
  • Na Woakpɔ Biblia me Nudzɔdzɔwo le Susu Me
  • Kpe Ðe Amesiame Ŋu Wòakpɔ Gome le Eme
  • Miɖo Dze—Migado Dziku Na Wo O!
  • Agbagbadzedze la Ðea Vi
  • Misrɔ̃ Mawu Ƒe Nya Edziedzi Le Ƒomea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Ƒomenusɔsrɔ̃
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Ƒomedzikpɔkpɔ ƒe Agbanɔamedzia Tsɔtsɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ðoɖo Aɖe Si Le Kpekpem Ðe Ƒomewo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 8/1 axa 26-29

Ƒomenusɔsrɔ̃ si Hea Dzidzɔ Vɛ

Biblia gblɔ be: “Sidzedze wotsɔna dea kesinɔnu nyui vovovowo woƒe xɔwo me taŋtaŋ.” (Lododowo 24:4) Menye ŋutilã me nunɔamesiwo koe nu xɔasi siawo nye o ke lɔlɔ̃ vavãtɔ, mawuvɔvɔ̃, kple xɔse sesẽ hã kpe ɖe eŋu. Nɔnɔme siawo naa vivisese geɖe nɔa ƒomegbenɔnɔ me. (Lododowo 15:16, 17; Petro I, 1:7) Gake hafi míate ŋu akpɔ wo la, ele be míana Mawu ŋuti sidzedze nanɔ míaƒe aƒewo me.

AGBA le ƒomea ƒe ta dzi be wòaƒã sidzedze sia ɖe ƒomea me tɔwo me. (Mose V, 6:6, 7; Efesotɔwo 5:25, 26; 6:4) Ƒomenusɔsrɔ̃ edziedzi nye mɔ nyuitɔ kekeake siwo dzi míato awɔ esia la dometɔ ɖeka. Aleke gbegbe esia ate ŋu ado dzidzɔ na amesiwo akpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me enye si ne wona nufiame nɔ eme hevivi! Ekema mina míadzro nu vevi siwo hiã le ƒomenusɔsrɔ̃ nyui wɔwɔ me dometɔ aɖewo me.a

Ƒomenusɔsrɔ̃ ɖea vi wu ne wowɔnɛ edziedzi. Ne kakaɖedzi mele ɣeyiɣi si woɖo nɛ ŋu alo ne wowɔnɛ vlavo ko la, anɔ eme godoo be matsiã ɖe enu o. Eyata ele be ‘miaƒle ɣeyiɣi’ na nusɔsrɔ̃a. (Efesotɔwo 5:15-17) Ate ŋu asesẽ be miakpɔ ɣeyiɣi si dzi mianɔ ewɔm ɖo si asɔ na amesiame. Ƒome ƒe ta aɖe ʋu eme be: “Esesẽ na mí be míawɔ míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ edziedzi. Míete ɣeyiɣi vovovowo kpɔ vaseɖe esime míekpɔ ɣeyiɣi aɖe mlɔeba le fiẽ si zã medo fũ o me si sɔ na mí. Fifia míewɔa míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ edziedzi.”

Ne miekpɔ ɣeyiɣi si sɔ ko la, mikpɔ nyuie be miagaɖe mɔ susuhenuwo nagblẽ nusɔsrɔ̃a me o. Mariab si xɔ ƒe 33 fifia gblɔ be: “Ne amedzrowo dze mí esime míele nu srɔ̃m la, Papa gblɔna na wo be woava nɔ anyi vaseɖe esime míekpã nusɔsrɔ̃a. Eye ne ame aɖe ƒo ka la, ɖeko wògblɔna na amea be wòagaƒo ka emegbe.”

Gake esia mefia be ele be wòanye ɖoɖo kpaɖii matrɔmatrɔ o. Nya kpatawo alo nuɖiɖeamewo ate ŋu ado mo ɖa, eye ɖewohĩ ahiã ɣeaɖewoɣi be miate fli ɖe nusɔsrɔ̃a me alo adae ɖe ɣeyiɣi bubu dzi. (Nyagblɔla 9:11) Gake mikpɔ nyuie be miagana nusiawo ƒe ɖeke nagblẽ ɖoɖoa me kura o.—Filipitɔwo 3:16.

Ɣeyiɣi didi kae wòle be nusɔsrɔ̃a naxɔ? Robert si te ŋu he vianyɔnu kple viaŋutsu dzidzedzetɔe la gblɔ be: “Zi geɖe la, míaƒe nusɔsrɔ̃a xɔa gaƒoƒo ɖeka. Esime ɖeviawo nɔ sue la, míedzroa nu vovovowo me, si ƒe ɖewoe nye Gbetakpɔxɔ me nusɔsrɔ̃nyati ƒe memamãwo, Biblia ƒe akpa siwo míetia, kple agbalẽ bubuwo ƒe akpa aɖewo tsɔ dzea agbagba be míana woƒe susu nanɔ nusɔsrɔ̃a ŋu.” Maria ɖo ŋku edzi be: “Esime mía kple nɔvinyenyɔnu eveawo míenye ɖevi dzaa ko la, míaƒe nusɔsrɔ̃a xɔna abe aɖabaƒoƒo 20 ene zi eve alo zi etɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa. Esi míenɔ tsitsim la, míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a xɔna abe gaƒoƒo ɖeka ene.”

Nukae Wòle Be Míasrɔ̃?

Biabia sia ŋu bubu esime amesiame ƒo ƒu hena nusɔsrɔ̃ aɖe dzi le ame ƒo eye wòana ɣeyiɣi xɔasi nava yi dzodzro. Ne edzɔ alea la, nu tɔxɛ aɖeke manɔ anyi si ɖeviwo akpɔ mɔ na o eye eteƒe madidi o nua sɔsrɔ̃ magadzro wo o. Eyata mitia Habɔbɔa ƒe agbalẽ aɖe do ŋgɔ be miadzro eme.

“Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” na agbalẽ gbogbo aɖewo mí siwo ƒe ɖewo míate ŋu atia. (Mateo 24:45-47) Ðewohĩ miate ŋu azã agbalẽ si ƒomea mesrɔ̃ haɖe o. Eye dzidzɔ kae nye si wòanye be miadzro agbalẽ babla siwo nye Insight on the Scriptures ƒe akpa tiatia aɖewo me ne wole gbe si miese me! Le kpɔɖeŋu me, miate ŋu adzro nyati si ku ɖe Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋu me le kwasiɖa siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia me. Ƒome geɖe dzrana ɖo ɖe kwasiɖaa ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ŋu. Gake nyati bubu siwo le Gbetakpɔxɔ la me hã sɔ nyuie woatsɔ awɔ nusɔsrɔ̃e. Ƒomea ƒe ta, amesi nya ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo lae ate ŋu atso nya me le agbalẽ siwo woasrɔ̃ ŋu nyuie wu.

Maria ɖo ŋku edzi be: “Agbalẽ siwo wotia do ŋgɔe míesrɔ̃na ɣesiaɣi. Gake ne biabia aɖe fɔ ɖe te alo nɔnɔme aɖe do mo ɖa le suku la, ekema míetrɔnɛ ɖe nusi ku ɖe nyaa ŋu ŋuti.” Nya vevi siwo ƒe ɖewoe nye kuxi siwo sɔhɛwo doa goe le suku, gbeɖoɖoɖi, nusiwo wotsɔ kpe sukunusɔsrɔ̃, kple emawo tɔgbe, doa mo ɖa. Ne edzɔ alea la, tia nyati alo agbalẽ siwo ƒo nu tso kuxi si do mo ɖa ŋu. Ne èkpɔ nyatakaka le Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! ƒe tata yeye me si me nèdi be yeadzro kple ƒomea enumake la, àte ŋu awɔ ɖoɖo ɖe eŋu. Le nyateƒe me la, àdi be yeana ƒomea me tɔwo nanya nu tso tɔtrɔa ŋu do ŋgɔ. Gake kpɔ egbɔ be yewogatrɔ ɖe nyati si ƒe ɖoɖo miewɔ ɖi ŋu ne miekpɔ hiahiã la gbɔ vɔ.

Na Woaɖe Dzi Ði

Ŋutifafateƒee nu nya srɔ̃na le. (Yakobo 3:18) Eyata misrɔ̃ alesi miana amesiame ƒe dzi nadze eme, gake bubu nanɔ eŋu. Ƒome aɖe ƒe ta si le United States gblɔ be: “Ne anyinɔxɔ mee míasrɔ̃ nua le alo xɔxɔnua ye o, míedzea agbagba be míanɔ anyi ɖe mía nɔewo xa tututu tsɔ wu be míakaka ɖe xɔ si lolo me. Esia na dzidzɔ aɖe nɔa mía me.” Eye Maria ɖo ŋku edzi nyuie be: “Woɖea mɔ be mía kple nɔvinyenyɔnu miatia afisi míasrɔ̃ nu le le aƒea me kwasiɖa ma. Esia na míaƒe dzi dzea eme ŋutɔ.” Nenɔ miaƒe susu me be teƒe si akaɖi le nyuie, anyinɔnɔ ɖe ɖoɖo nu, kple dzidzɔteƒe si nuwo mekaka ɖo o katã wɔnɛ be woɖea dzi ɖi. Numeɖenuwo nana ƒomea le nusɔsrɔ̃ megbe hã te ŋu naa fiẽ ma vivina.

Ƒome aɖewo kpea ƒome bubuwo wova nɔa nusɔsrɔ̃a me ɣeaɖewoɣi, eye wòna wògavivina wu eye wosea nyaŋuɖoɖo vovovowo. Ne wokpe ame yeye siwo le nyateƒea me be woava nɔ nusɔsrɔ̃a me la, ate ŋu aɖe vi na wo ne wokpɔ ƒome ƒe ta kpɔnuteƒea wòle ƒomenusɔsrɔ̃ wɔm.

Na Woakpɔ Biblia me Nudzɔdzɔwo le Susu Me

Na nusrɔ̃ɣiwo navivi ɖeviwo nu, eye woakpɔ mɔ na wo wɔwɔ vevie. Àte ŋu awɔ esia ne ède dzi ƒo na ɖevi suewo be woata Biblia me nukpɔkpɔwo. Ne esɔ la, na ɖeviwo nawɔ Biblia me nudzɔdzɔwo kple dramawo afia. Le ɖevi suewo gome la, mehiã be nàzã nyabiabia kple ŋuɖoɖo kokoko o. Biblia me mewo ŋuti nyawo xexlẽ alo wo gbɔgblɔ nye mɔ si dzi nàto aƒã mawumegɔmeɖosewo ɖe wo me wòadzɔ dzi na wo. Robert si míeyɔ le gɔmedzedzea me ɖo ŋku edzi be: “Ɣeaɖewoɣi míexlẽa Biblia ƒe akpa aɖewo ɖekaɖeka, eye wodea akpa siwo wotsɔ ame vovovowo ƒe ‘gbe’ gblɔ la asi na mí.” Woate ŋu ana ɖeviwo natia amesi teƒe wodi be yewoanɔ le nuxexlẽa me.

Anyigba ƒe nɔnɔmetata kple mɔfiagbalẽwo ate ŋu akpe ɖe ɖevi siwo tsi wu ŋu woakpɔ anyigba si dzi nusiwo me dzrom miele dzɔ le la ƒe nutowo kple edzi nɔnɔmewo le susu me. Edze ƒã be ƒomenusɔsrɔ̃ ate ŋu avivi eye tɔtrɔwo nanɔ eme ne míebu eŋu vie ko. Eye ana Mawu ƒe Nya la nadzro ɖeviwo vevie.—Petro I, 2:2, 3.

Kpe Ðe Amesiame Ŋu Wòakpɔ Gome le Eme

Be ɖeviwo nase vivi na nusɔsrɔ̃ la, ele be woakpɔe hã be yewole akpa aɖe wɔm. Gake ate ŋu asesẽ be nàna ɖevi siwo xɔ ƒe vovovowo nakpɔ gome le eme. Ke hã Biblia ƒe gɔmeɖose aɖe gblɔ be: “Amesi nɔa ame nu la, nedo vevie.” (Romatɔwo 12:8) Anyo be nàɖe dzonɔameme afia, elabena ena dzo nɔa ame bubuwo hã me.

Ronald naa vianyɔnuvi Dina si xɔ ƒe atɔ̃ kpɔa gome le eme hexlẽa nusɔsrɔ̃nyatia me tanya suewo eye wòna wòƒoa nu tso nɔnɔmetatawo ŋu. Esi Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia nɔ gogom le ƒe si va yi me la, ehe susu yi agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ me nɔnɔmetata siwo ku ɖe eŋu dzi.c Egblɔ be: “Esia kpe ɖe eŋu wòse nusi wɔna la fia gɔme.”

Ronald wɔ nusi yi ŋgɔ wu vie na vianyɔnuvi Misha si xɔ ƒe ewo. Ronald gblɔ be: “Misha yi ŋgɔ va ɖo afisi menye nusi nɔnɔmetataawo nye koe wònya o ke esea nusi wofia hã gɔme. Eyata esi míenɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!d me dzrom la, míehe susu yi nusi nɔnɔmetatawo fia ŋu vevie, eye esia kpe ɖe eŋu.”

Ne ɖeviwo le tsitsim yina woƒe ƒewuiwo me la, na woaɖe alesi woate ŋu awɔ nyati si me dzrom miele ŋudɔ ŋutɔŋutɔe me. Ne biabiawo fɔ ɖe te le nua srɔ̃ɣi la, de eƒe akpa vovovowo asi na wo ne woawɔ numekuku. Robert wɔe nenema esime viaŋutsuvi Paul si xɔ ƒe 12 bia nya le sukuhabɔbɔ aɖe si woɖo yeyee si me wowɔa Gaxɔ Dovivitiwo kple Ʋɔ Dribawo ƒe fefe le ŋu. Paul kple ame bubu siwo le ƒomea me zã Watchtower Publications Index tsɔ di eŋuti nyawo eye wodzro eme le woƒe ƒomenusɔsrɔ̃ me. Robert gblɔ be: “Ena Paul se egɔme kaba be fefea mesɔ na Kristotɔwo o.”

Robert dea numekuku asi na wo ɣebubuɣiwo hã. Srɔ̃a Nancy ɖo ŋku edzi be: “Esime míewɔ numekuku le Yesu ƒe apostoloawo ŋu la, wotsɔa apostolo ɖeka dea mía dometɔ ɖesiaɖe si kwasiɖa sia kwasiɖa be míaku nu me tso eŋu. Aleke gbegbe wòʋã míaƒe dzie nye si be nàkpɔ ɖeviwo woatsɔ dzonɔameme anɔ nusi ŋu woke ɖo gblɔm le ƒomenusɔsrɔ̃a me!” Ðeviwo ŋutɔ ƒe numekukuwɔwɔ kple nusi wokpɔ gbɔgblɔ na ƒomea kpena ɖe wo ŋu be ‘Yehowa nɔa woƒe susu me wotsɔ tsinae.’—Samuel I, 2:20, 21.

Nyawo biabia—susuwo biabia kple esiwo kplɔa ame yia gɔmesese gbɔe siaa—hã nye mɔ nyui aɖe si dzi woato ana ɖeviwo nakpɔ gome le eme. Nufiala Gãtɔ, Yesu, bia amewo ƒe susu le nyawo ŋu, si ƒe ɖee nye, “Nuka nèsusuna?” (Mateo 17:25) Maria ɖo ŋku edzi be: “Ne nyabiabia aɖe le mía dometɔ aɖe si la, mía dzilawo meɖoa eŋu na mí tẽ o. Wobiaa biabia siwo akplɔ mí ayi gɔmesesea gbɔe, eye wokpena ɖe mía ŋu be míabu nya la ŋu.”

Miɖo Dze—Migado Dziku Na Wo O!

Dzidzɔ geɖe wu nɔa ƒomenusɔsrɔ̃ me ne vavalawo katã te ŋu gblɔa woƒe susuwo kple seselelãmewo faa esi womavɔ̃ be woava ɖu fewu le yewo ŋu o. Gake vifofo aɖe gblɔ be: “Ne miete ŋu ɖoa dze faa ɣebubuɣiwo ko hafi amewo te ŋu ƒoa nu nyuie le ƒomenusɔsrɔ̃ me. Màte ŋu ana wòadzɔ nenema le nusrɔ̃ɣia ɖeɖeko me o.” Midze agbagba ɖesiaɖe be miagagblɔ nya wòatɔ ame nuŋumabumabutɔe o, si ƒe ɖewoe nye ‘Wo katã enye ma? Mebu be nya vevi aɖee nèbe yeagblɔ’; ‘Nya maɖinya aɖee nye ma’; ‘Nya vavã aɖeke menɔa asiwò o ɖe? Ðevie nènye.’ (Lododowo 12:18) Wò dɔme netrɔ ɖe viwòwo ŋu eye nàkpɔ nublanui na wo. (Psalmo 103:13; Maleaxi 3:17) Kpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu, eye do alɔ wo esi wole agbagba dzem be woatsɔ nusi srɔ̃m yewole awɔ dɔe.

Ele be nɔnɔme si me woawɔ ƒomenusɔsrɔ̃a le nawɔe be ɖevia ƒe susu nate ŋu alé nu bɔbɔe. Dzila aɖe si te ŋu he eƒe vi ene dzidzedzetɔe la ɖe eme be: “Ne ète ɖeviwo ɖɔɖɔɖo la, dzi ava nɔ wo kum.” Ne edzɔ alea la, ate ŋu ana be nya la mage ɖe wo me o. Eyata migatsɔ nusrɔ̃ɣiwo wɔ mokaka kple tohehe naɣi o. Ne wohiã la, miyɔ wo ɖekaɖeka emegbe ne miakpɔ wo gbɔ.

Agbagbadzedze la Ðea Vi

Ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze hafi woatu ƒome ɖo wòatsi nyuie le gbɔgbɔ me. Gake hakpala la gblɔ be: “Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.” (Psalmo 127:3) Eye dzilawo sie wotsɔ ‘ɖeviwo nyinyi le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ dee. (Efesotɔwo 6:4) Eyata dze aɖaŋu le ƒomenusɔsrɔ̃ nyui si me dzidzɔ le wɔwɔ me. Wɔ wò ŋutete katã be nàna “gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ” viwòwo, ale be “[woatsi] to me hena xɔxɔ.”—Petro I, 2:2; Yohanes 17:3.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Togbɔ be kpekpeɖeŋu nana ɖeviwo le ƒomenusɔsrɔ̃ me ŋue aɖaŋuɖoɖo geɖe siwo le nyati sia me ku ɖo hã la, woate ŋu awɔ nusi wòfia ŋudɔ le ƒomenusɔsrɔ̃ si me ɖeviwo mele o hã me.

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

c Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

d Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe