Ta 12
Islām—Mawu Gbɔ Mɔ Didi to Ðokuibɔbɔ Dzi
[Artwork—Arabic characters]
1, 2. (a) Nya kawoe wotsɔ dze Qu’rān la gɔmee? (b) Nukatae nya siawo le vevie na Moslemtɔwo ɖo? (d) Gbe ka mee woŋlɔ Qu’rān la ɖo gbã, eye “Qu’rān” gɔme ɖe?
“LE ALLAH, Nyuiwɔla la, Nublanuikpɔla la ƒe ŋkɔ me.” Esiae nye Qurʼān me nya siwo woŋlɔ ɖe Arabgbe me si dze le etame la ƒe gɔmeɖeɖe. Eyi edzi be: “Woakafu Allah, Xexeamewo ƒe Aƒetɔ: Nyuiwɔla la, Nublanuikpɔla la: Amesi tɔe nye Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la. Wò (koe) míedea ta agu na; Wò (gbɔ koe) míebiaa kpekpeɖeŋu tsonɛ. Fia mɔ dzɔdzɔe la mí: Amesiwo nu Nève ƒe mɔ la; Menye amesiwo dzi wò dziku le alo amesiwo tra mɔ la ƒe mɔ o.”—Qurʼān, surah 1:1-7, MMP.a
2 Nya mawoe nye Al-Fātiḥah (“Gɔmedzedze La”), si nye Moslemtɔwo ƒe agbalẽ kɔkɔe, Qurʼān, alo Koran Kɔkɔe la ƒe ta, alo surah, gbãtɔ me nyawo. Esi ame 1 le xexeametɔ 6 ɖesiaɖe me nye Moslemtɔ eye Moslemtɔ veviedolawo gblɔa kpukpui mawo wu zi ɖeka le woƒe gbesiagbegbedodoɖa atɔ̃a me ta la, nya mawoe anye esiwo wogblɔna edziedzi wu le anyigba katã dzi.
3. Afikae Islām keke ta ɖo egbea?
3 Agbalẽ aɖe gblɔ be Moslemtɔwo sɔ gbɔ wu miliɔn 900 le xexeame katã, eye esia wɔe be Islām nye ha si me tɔwo gasɔ gbɔ wu le Roma Katoliko-ha megbe. Ðewohĩ eyae nye xexemesubɔsubɔha gã si dzina ɖe edzi kabakaba wu, eye Moslem-ha la le ta kekem le Afrika kple Ɣetoɖoƒenyigbawo dzi.
4. (a) “Islām” gɔme ɖe? (b) Ŋkɔ “Moslemtɔ” gɔme ɖe?
4 Ŋkɔ Islām le vevie na Moslemtɔwo, elabena egɔmee nye “ɖokuibɔbɔ,” “ɖokuitsɔtsɔna,” alo “ɖokuitsɔtsɔke” Allāh, eye ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be, “eɖea amesiwo ɖo to Mohammed ƒe gbeƒãɖeɖe la ƒe seselelãme ememetɔ kekeake fiana.” “Moslemtɔ” gɔmee nye ‘amesi wɔa Islām.’
5. (a) Nukae nye Moslemtɔwo ƒe dzixɔse le Islām ŋu? (b) Nya kawoe ɖi wo nɔewo le Biblia kple Qu’rān me?
5 Moslemtɔwo xɔ edzi se be yewoƒe xɔse lae nye ɖeɖefia siwo Mawu ɖe fia blema Hebritɔ kple Kristotɔ nuteƒewɔlawo la ƒe taƒoƒo. Gake woƒe nufiafiawo to vovo tso Biblia tɔ gbɔ le nya aɖewo me, togbɔ be woyɔa nya tso Hebri kple Hela Ŋɔŋlɔawo siaa me ɖe Qurʼānb la me gake. (Kpɔ aɖaka si le axa 285.) Be míase Moslemtɔwo ƒe xɔsea gɔme nyuie wu la, ele be míanya alesi subɔsubɔha sia dze egɔmee kple afisi wòdze egɔme le kpakple ɣeyiɣi si wòdze egɔme.
Muḥammad Yɔyɔ
6. (a) Afikae nye Arabwo ƒe tadeaguƒe vevitɔ le Muḥammad ŋɔli? (b) Xo kae wotu tso Kaʽbah la ŋu?
6 Wodzi Muḥammadc le Mecca (Arabgbe, Makkah), Saudi Arabia, le ƒe 570 M.Ŋ. lɔƒo. Fofoa ʽAbd Allāh, ku hafi wodzi Muḥammad. Dadaa, Āminah, ku esi wòxɔ abe ƒe ade ene. Ɣemaɣi la, Arabwo ƒe Allāh subɔsubɔ aɖe nɔ edzi yim le Mecca bali me, le Kaʽbah, si nye xɔ kpokploe aɖe si me sokpe yibɔ aɖe si wodea ta agu na le, ƒe teƒe kɔkɔe la. Le Islāmtɔwo ƒe xotutu nu la, “Gbã la, Adam ye tu Kaʽbah la eye eƒe ɖe si le dziƒoe wòkpɔ wɔe ɖe enu eye le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Abraham kple Ismael gagbugbɔe tu.” (History of the Arabs, si Philip K. Hitti ŋlɔ) Eva zu legba 360 ƒe trɔ̃xɔ, wona ŋkeke ɖeka legba ɖesiaɖe be wòanye esubɔgbe le ƒe si wobu ɖe dzinuwo nu me.
7. Subɔsubɔ ƒe nuwɔna kawoe ɖe fu na Muḥammad?
7 Esi Muḥammad nɔ tsitsim la, eke ɖi le subɔsubɔnuwɔna siwo nɔ anyi le eŋɔli la ŋu. John Noss gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Man’s Religions, me be: “Dzre makemake siwo wonɔ wɔwɔm ɖe mawusubɔsubɔ ta kple be woatsɔ ade bubu Quraysh [to ma me tɔe Muḥammad nye] fiawo ŋui la ɖe fu na [Muḥammad]. Nusiwo gaɖe fu nɛ lae nye ŋkumaʋumaʋunu siwo tsi Arabiatɔwo ƒe subɔsubɔha me, mawugeɖesubɔsubɔ si nye trɔ̃subɔsubɔ kple luʋɔsubɔsubɔ, agbegbegblẽnɔnɔ siwo yia edzi le mawusubɔƒewo kple ŋkekenyuiɖuƒewo, ahanono, hodada, kple ɣeɖuɖu ƒomevi siwo bɔ, kple vidzĩ siwo nye nyɔnuviwo ɖiɖi agbagbee menye le Mecca ɖeɖeko o ke boŋ le Arabia la katã.”—Surah 6:137.
8. Nɔnɔme kawo mee Muḥammad ƒe yɔyɔ be wòazu nyagblɔɖila la va eme le?
8 Esi Muḥammad xɔ abe ƒe 40 ene ye wòxɔ yɔyɔ la be wòazu nyagblɔɖila. Eya ɖeka nɔa kpeto aɖe si le to aɖe si te ɖe afima ŋu si woyɔna be Ghār Ḥirāʼ, dzi la me yim be yeade ŋugble, eye egblɔ be esi yegayi afisia gbeɖekae yexɔ yɔyɔa be yeazu nyagblɔɖila. Moslemtɔwo ƒe xotutu gblɔ be esime wònɔ afima la, mawudɔla aɖe si emegbe wova dze sii be Gabriel ye la gblɔ nɛ be wòagblɔ nya aɖe le Allāh ƒe ŋkɔ me. Muḥammad gbe egbɔgblɔ, eye ‘mawudɔla la lée sesẽe hemiae sesĩe vaseɖe esime dzi meganya nɔ dodom nɛ o.’ Mawudɔla la gagblɔ nɛ be negblɔe. Muḥammad gagbe egbɔgblɔ eye mawudɔla la ‘gamia ve nɛ.’ Nusia yi edzi zi etɔ̃ hafi Muḥammad dze nusi wova bu be enye ɖeɖefia siwo tsiã ɖe enu siwo va zu Qu’rān la ƒe gbãtɔ la gbɔgblɔ. Xotutu bubu hã gblɔ be nusi Mawu ƒe gbɔgbɔ ɖe fia Muḥammad la va ɖo egbɔ abe gaƒoƒo ƒe ɖiɖi ene.—The Book of Revelation si Ṣaḥīḥ Al-Bukhārī ŋlɔ.
Qurʼān la Ðeɖe Fia
9. Nukae wogblɔ be eyae nye ɖeɖefia gbãtɔ si Muḥammad xɔ? (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 22:18, 19.)
9 Nukae wogblɔ be eyae nye nu gbãtɔ si woɖe fia Muḥammad? Islām gbalẽwo ƒe akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be eyae nye Surah 96 ƒe kpukpui atɔ̃ gbãtɔwo, si ƒe tanyae nye Al-‘Alaq, “Ʋukɔ La,” si xlẽ be:
“Le Allāh, Nyuiwɔla la, Nublanuikpɔla la ƒe ŋkɔ me.
Xlẽe be: Le wò Aƒetɔ si wɔ [nuwo] ƒe ŋkɔ me.
Ewɔ ame tso ʋukɔ me.
Xlẽe be: Eye wò Aƒetɔ lae nye Dɔmenyotɔ Gãtɔ,
Amesi tsɔ nuŋlɔti fia nui,
Efia nusi amegbetɔ menya o lae.”—MMP.
10-12. Aleke wokpɔ Qu’rān la tae?
10 Le The Book of Revelation si woŋlɔ ɖe Arabgbe me ƒe nya nu la, Muḥammad ɖo eŋu be, “Nyemenya agbalẽxexlẽ o.” Eyata ele nɛ be wòalé ɖeɖefiawo ɖe tame ahagbugbɔ agblɔ. Arabwo bi ɖe nyaléleɖetame me, eye nenema kee nye Muḥammad hã. Ɣeyiɣi didi kae wòxɔ hafi wòxɔ Qu’rān me nyawo katã? Ame geɖe xɔe se be ɖeɖefia siawo ƒe vava xɔ tso ƒe 20 vaseɖe ƒe 23, tso ƒe 610 M.Ŋ. vaseɖe ƒe 632 M.Ŋ. si me wòku le la lɔƒo.
11 Moslemtɔwo ƒe agbalẽwo ɖe eme be ne Muḥammad nya xɔ ɖeɖefia aɖe ko la, egbugbɔ gblɔnɛ na amesiwo le egbɔ. Amesiawo hã léa ɖeɖefia la ɖe tame eye alesi wogbugbɔ gagblɔnɛ la nana be womeŋlɔnɛ be o. Esi Arabwo menya pepa wɔwɔ ɣemaɣi o ta la, Muḥammad na agbalẽŋlɔlawo ŋlɔ ɖeɖefiaawo ɖe blemanu siwo nɔ anyi ɣemaɣi la dzi, abe ɖe tedziwo ƒe abɔgba, deʋayawo, ati, kple lãgbalẽ, dzi ene. Gake nyagblɔɖila la ƒe ku megbe hafi Qu’rān la va le nɔnɔme si me wòle egbea la me, le amesiwo va xɔ ɖe Muḥammad teƒe kple eŋumewo ƒe mɔfiafia te. Esia dzɔ le kalif, alo Moslemtɔwo ƒe kplɔla, etɔ̃ gbãtɔwo ƒe dziɖuɖu me.
12 Gbegɔmeɖela Muhammad Pickthall ŋlɔ be: “Woŋlɔ Qu’ran la ƒe surahwo katã ɖi hafi Nyagblɔɖila la ku eye Moslemtɔ geɖe lé Qu’ran blibo la katã ɖe susu me. Gake surah siwo woŋlɔ la kaka ɖe ameawo dome; eye esi wowu . . . amesiwo nya Qu’ran bliboa katã ɖe susu me ƒe akpa gãtɔ le aʋa me la, woxɔ Qu’rān blibo la katã ƒo ƒui eye woŋlɔ wo ɖi.”
13. (a) Agbalẽ etɔ̃ kawo mee Islāmtɔwo xɔa nufiafia kple mɔfiame le? (b) Aleke Islāmtɔwo ƒe agbalẽnyalawo bua Qu’rān gɔme ɖeɖee?
13 Agbalẽ etɔ̃e kpɔ ŋusẽ ɖe Islāmtɔwo ƒe agbenɔnɔ dzi—Qurʼān la, Ḥadīth la, kple Sharīʽah la. (Kpɔ aɖaka si le axa 291.) Moslemtɔwo xɔe se be Arabgbe me Qu’rān lae nye ɖeɖefia akuaku kekeake elabena, le woƒe nya nu la, gbe ma mee Mawu ƒo nu le to Gabriel dzi. Surah 43:3 gblɔ be: “Míewɔe wònye Qu’rān le Arabgbe me, bene miate ŋu ase (nunya) gɔme (eye miasrɔ̃e).” (AYA) Eyata wobua eƒe gɔmeɖeɖe ɖesiaɖe be enye tsi tɔtɔe ko esi ana eƒe akuakunyenye la nabu. Le nyateƒe me la, Islāmtɔ agbalẽnyala aɖewo gbe be yewomaɖe Qu’rān la gɔme o. Ðk. J. A. Williams, Islām ŋutinyafiala aɖe, gblɔ be woƒe nukpɔsusue nye be “womegblɔa nya wòdea edeƒe gbeɖegbeɖe le gbegɔmeɖeɖe me o,” eye eyatae “ɣeawokatãɣi Moslemtɔwo medaa asi ɖe agbagba ɖesiaɖe si woadze be woaɖe egɔme ɖe gbe bubu me dzi o, eye ɣeaɖewoɣi la wodea se ɖe enu.”
Islām ƒe Takeke
14. Nudzɔdzɔ kae de dzesi ɣeyiɣi vevi aɖe le Islām ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze me?
14 Muḥammad ɖo eƒe xɔse yeyea anyi le tsitretsiɖeŋu sesẽwo te. Meccatɔwo, kple eya ŋutɔ detɔwo kekeake hã, gbee. Le eyome titi kple fu lélee ƒe 13 megbe la, eʋu tso afisi koŋ wòanɔ awɔ eƒe dɔawo la yi Yathrib ƒe anyiehe, esi va zu afisi woyɔna be al-Madīnah (Medina), nyagblɔɖila la ƒe du. Ʋuʋu, alo hijrah, sia le ƒe 622 M.Ŋ. me, de dzesi ɣeyiɣi vevi aɖe le Islāmtɔwo ƒe ŋutinya me, eye emegbe wova bu ƒe ma be eya dzie woadze Islām ɣletigbalẽwo bubu atsoe.d
15. Aleke wɔ Mecca va zu Islām ƒe teƒe vevi si woɖia tsa dena?
15 Mlɔeba la, Muḥammad ƒe alɔ va de dzi esime Mecca va bɔbɔ nɛ le ƒe 630 M.Ŋ (8 A.H.) ƒe January me eye wòzu woƒe fia. Esi wòva kpɔ ŋusẽ ɖe dunyahehe kple subɔsubɔnyawo dzi la, ete ŋu ɖe legba siwo nɔ Kaʽbah la ɖa eye wòna wòva zu teƒe vevi si amesiwo ɖia tsa yia Mecca la dena vaseɖe egbea.—Kpɔ axa 289, 303.
16. Afika kee Islām ƒe takeke de?
16 Esi Muḥammad ku le ƒe 632 M.Ŋ. me ƒe aɖewo megbe la, Islām keke ta ɖo Afghanistan, kpakple Tunisia si le Anyiehe Afrika gɔ̃ hã. Le ƒe alafa enyilia ƒe gɔmedzedze me lɔƒo la, Qu’rān ƒe xɔse la ɖo Spania eye wònɔ France ƒe liƒo dzi. Abe alesi Nufialagã Ninian Smart gblɔe le eƒe agbalẽ si nye Background to the Long Search mee ene la: “Ne míetsɔ amegbetɔ ƒe nukpɔsusu kpɔe la, dɔ si Arabia nyagblɔɖila la te ŋu wɔ le ƒe alafa ade kple adrelia le Kristo ƒe ku megbe me la wɔ mo yaa ŋutɔ. Le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, woagblɔ be eya gbɔe ŋkuʋuʋu yeye aɖe dzɔ tso. Gake míenya be Moslemtɔwo bua dɔ ma be etso Mawu gbɔ eye wònye Allah ƒe dɔwɔwɔ.”
Muḥammad ƒe Ku He Mamã Vɛ
17. Kuxi gã kae dze ŋgɔ Islām le Muḥammad ƒe ku megbe?
17 Nyagblɔɖila la ƒe ku he kuxi gã aɖe vɛ. Eku esi medzi ŋutsuvi aɖeke o eye metɔ asi ame aɖeke hã dzi tẽ si anye eteƒenɔla o. Abe alesi Philip Hitti gblɔe ene la: “Eyata kalifwo ƒe nɔƒee nye kuxi xoxotɔ kekeake si Islam dze ŋgɔe. Eganye nya si wogale hehem kokoko . . . Le Moslemtɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla al-Shahrastāni [ƒe 1086-1153] ƒe nya nu la: ‘Islamtɔwo ƒe nyahehe aɖeke menɔ anyi kpɔ si he ʋukɔkɔɖi vɛ wu kalifnɔƒe (imāmah) ƒe nya la o.’” Aleke wokpɔ nya la gbɔe le ƒe 632 M.Ŋ. ma me? “Woto ametiatia ƒomevi aɖe si me kplɔla mawo siwo nɔ al-Madīnah, fiadua me la kpɔ gome le la dzi tia . . . Abu-Bakr (June 8, 632) Muḥammad teƒenɔlae.”—History of the Arabs.
18, 19. Nya kawoe he mamã va Sunnī kple Shīʽahtɔwo dome?
18 Amesi ava nɔ nyagblɔɖila la teƒe la anye fia, khalīfah, alo kalif. Gake amesiwo ava nye Muḥammad teƒenɔlawo ŋutɔŋutɔ va zu nusi he memamã va Islām mee. Sunnī Moslemtɔwo lɔ̃ ɖe edzi be ametiatia ƒe ɖoɖoe wòle be woazã ke menye amesiwo dome ʋukadodo le kple nyagblɔɖila lae o. Eyata woxɔe se be kalif etɔ̃ gbãtɔawo, Abū Bakr (Muḥammad to), ʽUmar (nyagblɔɖila la ƒe aɖaŋuɖola), kple ʽUthmān (nyagblɔɖila la ƒe toyɔvi) ye nye amesiwo dze be woanye Muḥammad teƒenɔlawo.
19 Gake Shīʽah Moslemwo, amesiwo gblɔna be amesi anye kplɔla ŋutɔŋutɔ la tso amesiwo wo kple nyagblɔɖila la tso ʋu ɖeka me kple to eƒe nɔgã alo nɔɖi, tɔgã alo tɔɖi vi kple eƒe toyɔvi ʽAlī ibn Abī Ṭālib, imām (kplɔla kple teƒenɔla) gbãtɔ, amesi ɖe Fāṭimah, Muḥammad vinyɔnu si gbɔ melɔ̃a nu le o dzi la ke ɖi le nya sia ŋu. Le woƒe srɔ̃ɖeɖea me wodzi Muḥammad tɔgbuiyɔvi Ḥasan kple Ḥusayn. Shīʽahtɔwo gblɔna hã be “tso gɔmedzedzea me ke la, Allah kple Eƒe Nyagblɔɖila la tɔ asi ʽAli dzi kɔte be ‘eya koe nye teƒenɔla si dze gake kalif etɔ̃ gbãtɔawo bae xɔ nɔƒe si dze nɛ la le esi.” (History of the Arabs) Gake menye nenemae Sunnī Moslemtɔwo bunɛ o.
20. Nukae dzɔ ɖe Muḥammad ƒe toyɔvi ʽAlī dzi?
20 Nukae dzɔ ɖe ʽAlī dzi? Esime wònye kalif enelia nɔ dzi ɖum (ƒe 655-661 M.Ŋ.) la, fianyahehe aɖe ge ɖe wo kple Siria dziɖula Muʽāwiyah dome. Wodze aʋa wɔwɔ eye be Moslemtɔwo nagakɔ ʋu ɖi ake o ta la, wona wodrɔ̃ nya na wo. Alesi ʽAlī lɔ̃ ɖe edzi be woalé avu yewo la na be eyomedzela geɖe, siwo me Khawārij tɔwo (Amesiwo do go le eme) siwo va zu eƒe futɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo hã nɔ la, ʋu dzo le eyome. Le ƒe 661 M.Ŋ. me la, Khārijī zazɛ̃nyahela aɖe tsɔ yi si nu aɖi le wu ʽAlī. Dzre ɖo ƒuƒoƒo evea (Sunnītɔwo kple Shīʽahtɔwo) dome. Sunnī Islāmtɔwo tia kplɔla aɖe tso Umayyadwo, siwo nye Mecca-fia kesinɔtɔwo, dome.
21. Nukawoe nye Shīʽahtɔwo ƒe nukpɔsusu le amesiwo anye Muḥammad teƒenɔlawo ŋu?
21 Shīʽahwo bu ʽAlī ƒe ŋgɔgbevi Ḥasan, nyagblɔɖila la ƒe tɔgbuiyɔvi be eyae nye eteƒenɔla vavãtɔ. Gake eɖe asi le nɔƒea ŋu eye wowui. Nɔviaŋutsu Ḥusayn zu imām yeyea, gake Umayyadtɔwo ƒe asrafowo wu eya hã le October 10, 680 M.Ŋ. Eƒe ku, alo xɔsetaku, abe alesi Shīʽahtɔwo bunɛ ene, kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Shīʽat ʽAlī, ʽAlī dzidelawo dzi vaseɖe egbea. Woxɔ edzi se be ʽAlī ye nye Muḥammad teƒenɔla gbãtɔ kple “imām [kplɔla]” gbãtɔ “si ta Mawu kpɔ tso vodada kple nuvɔ̃ si me.” Shīʽahtɔwo bu ʽAlī kple amesiwo va zu eteƒenɔlawo be wonye nufiala siwo ŋu vodada mele o eye “Mawu tsɔ nuvɔ̃mawɔmawɔ ƒe nunana ke wo.” Shīʽahtɔwo ƒe akpa gãtɔ xɔe se be imām akuakua 12 koe nɔ anyi, eye Muḥammad al-Muntaẓar si nye amesiawo ƒe susɔea, (ƒe 878 M.Ŋ.) “bu ɖe Moslemtɔwo ƒe gbedoxɔ gã si le Sāmarra me esi megblẽ vi aɖeke ɖi o.” Eyata “ezu ‘imām ɣaɣla (mustatir) la’ alo ‘imām si wole mɔ kpɔm na (muntaẓar) la.’ . . . Ne ɣeyiɣia de la, agado ake abe Madhi (amesi Mawu fia mɔe) la ene bene wòagbugbɔ Islām vavãtɔ aɖo anyi, aɖu xexeame dzi eye wòahe ƒe akpe ɖeka dziɖuɖu kpui aɖe vɛ hafi nusianu ƒe nuwuwu naɖo.”—History of the Arabs.
22. Aleke Shīʽahtɔwo ɖua Ḥusayn ƒe xɔsetakuzãe?
22 Shīʽahtɔwo ɖoa ŋku Imam Ḥusayn ƒe xɔsetaku la dzi ƒe sia ƒe. Wolɔa gbɔ esi me wotsɔa hɛ kple yi sia wo ɖokuii eye wofiaa fu bubuwo wo ɖokui. Le egbeɣeyiɣi siawo me la, Shīʽah Moslemtɔwo ŋkɔ ɖi ŋutɔ le nyadzɔdzɔwo me le alesi wotsɔa dzo ɖe Islāmtɔwo ƒe nyawo ŋui ta. Evɔ la, Moslemtɔwo ƒe alafa memamã 20 koe wonye, ame akpa gãtɔ nye Sunnī Moslemtɔwo. Gake mina míatrɔ ɖe Islāmtɔwo ƒe nufiafia aɖewo ŋu ne míakpɔ alesi Islām xɔse la kpɔa ŋusẽ ɖe Moslemtɔwo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ dzii ɖa.
Mawue Ƒo Nusianu Ta, Menye Yesue O
23, 24. Aleke Muḥammad kple Moslemtɔwo bu Yuda-subɔsubɔ kple Kristotɔnyenyee?
23 Xexemesubɔsubɔha gã etɔ̃ siwo xɔ Mawu ɖeka dzi see nye Yuda-subɔsubɔ, Kristotɔnyenye, kple Islām. Gake le ɣeyiɣi si me Muḥammad do le ƒe alafa adelia M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo la, le eƒe nukpɔsusu nu la, subɔsubɔha eve gbãtɔwo tra mɔ tso nyateƒea gbɔ. Nyateƒee, le Islām numeɖegbalẽŋlɔla aɖewo ƒe nya nu la, Qu’rān la ƒe nyawo fia be wogbe Yudatɔwo kple Kristotɔwo esi wògblɔ be: “Menye amesiwo dzi Wò dziku le alo amesiwo tra mɔ la ƒe (mɔ) o.” (Surah 1:7, MMP) Nukatae wòyi nenema?
24 Qu’rān numeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “Agbalẽa ƒe amewo bu mɔ: Yudatɔwo bu le woƒe Nubabla la dzi dada, kple Maria kple Yesu ŋu gbegblẽ me . . . eye Kristotɔwo bu le Yesu Apostolo la dodo ɖe dzi be wòasɔ kple Mawu me” to Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia la dzi.—Surah 4:153-176, AYA.
25. Nyagbɔgblɔ siwo ɖi wo nɔewo kawoe míekpɔ le Qu’rān kple Biblia la me?
25 Ne woagblɔe bɔbɔe la, Islām ƒe nufiafia vevitɔe nye nusi woyɔna be shahādah, alo xɔsemeʋuʋu la, si Moslemtɔ ɖesiaɖe anya ɖe tame, esi nye: “La ilāh illa Allāh; Muḥammad rasūl Allāh” (Mawu [trɔ̃] aɖeke meli o negbe Allah koe; Muḥammad ye nye Allah ƒe dɔla). Esia sɔ kple Qu’rān me nyagbɔgblɔ sia be, “Wò Mawu la nye Mawu ɖeka; Mawu bubu aɖeke megali kpe ɖe Eŋu o, Nyuiwɔla la, Nublanuikpɔla la.” (Surah 2:163, MMP) Wogblɔ nukpɔsusu sia ƒe 2,000 do ŋgɔ eye wogblɔe na Israel-viwo le blema be: “Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe.” (Mose V, 6:4) Yesu gagblɔ sedede gbãtɔ sia, si woŋlɔ ɖe Marko 12:29 la ake, anye ƒe 600 do ŋgɔ na Muḥammad, eye Yesu megblɔ le afi aɖeke be yenye Mawu alo yesɔ Kplii o.—Marko 13:32; Yohanes 14:28; Korintotɔwo I, 15:28.
26. (a) Aleke Moslemtɔwo bua Mawuɖekaetɔ̃ lae? (b) Ðe Mawuɖekaetɔ̃ la nye Biblia ƒe nufiafiaa?
26 Ku ɖe Mawu ƒe ameɖekanyenye ŋu la, Qu’rān la gblɔ be: “Eyata xɔ Mawu kple Eƒe apostolowo dzi se. Mègagblɔ be ‘Mawuɖekaetɔ̃’ o: dzudzɔ: anyo na wò wu: elabena Mawu nye Mawu Ðeka.” (Surah 4:171, AYA) Gake ele be míade dzesii be Kristotɔnyenye vavãtɔ mefiaa Mawuɖekaetɔ̃ o. Trɔ̃subɔsubɔ mee nufiafia ma dzɔ tso eye Kristodukɔa me tɔ xɔsegbelawo va xɔe le Kristo kple eƒe apostolowo ƒe ku megbe.—Kpɔ ta 11.e
Luʋɔ, Tsitretsitsi, Paradiso, Kple Dzomavɔ
27. Nya kae Qu’rān gblɔ tso luʋɔ kple tsitretsitsi ŋu? (Gblɔ vovototo si le wo kple Mose III, 24:17, 18; Nyagblɔla 9:5, 10; Yohanes 5:28, 29 dome.)
27 Islām fiaa nu be luʋɔ si yia edzi nɔa agbe le ŋɔlixexe me la le amegbetɔ si. Qu’rān la gblɔ be: “Allah xɔa (amewo ƒe) luʋɔ ne woku, kple nu (luʋɔ) si mekuna (haɖe) o le eƒe alɔ̃ la me. Edzraa (luʋɔ) si wòtia ku da ɖi na la ɖo.” (Surah 39:42, MMP) Le ɣeyiɣi ma ke me la, surah 75 bliboa katã ku ɖe “Qiyāmat, alo Tsitretsitsi la” (AYA), alo “Ame Kukuwo ƒe Fɔfɔ” (MMP), ŋu. Emenya aɖewo gblɔ be: “Meka atam ɖe Tsitretsitsiŋkeke la ŋu . . . Ðe amegbetɔ susuna be Míate ŋu aƒo eƒe ƒuwo nu ƒu oa? . . . Ebiana be: ‘Gbekagbee nye Tsitretsitsiŋkeke la?’ Ðe ŋusẽ mele [Allāh] si be wòana agbe ame kukuwo oa?”—Surah 75:1, 3, 6, 40, AYA.
28. Nukae Qu’rān gblɔ tso hell ŋu? (Gblɔ vovototo si le wo kple Hiob 14:13; Yeremya 19:5; 32:35; Dɔwɔwɔwo 2:25-27; Romatɔwo 6:7, 23 dome.)
28 Qu’rān la fia be luʋɔ la ate ŋu ayi teƒe vovovo siwo nye dziƒobɔ si nye paradiso me alo dzomavɔ bibi me. Abe alesi Qu’rān la gblɔe ene la: “Wobiana be: Gbekagbee nye Ʋɔnudrɔ̃gbe la? (Eyae nye) gbesigbe woawɔ funyafunya wo le Dzoa me, (eye woagblɔ na wo be): Miɖɔ miaƒe funyafunya (si miewɔ amewo) la kpɔ.” (Surah 51:12-14, MMP) “Wo [nuvɔ̃wɔlawo] tɔe nye funyafunyawɔame le xexeame ƒe agbe me, eye nyateƒe Ŋɔlixexeame ƒe dzɔgbevɔ̃e la ƒe vevesese sẽ ŋu wu, eye ame aɖeke meli si aʋli wo ta tso Allah si me o.” (Surah 13:34, MMP) Eye wobia be: “Eye nukae aɖe nusi wònye la me na wò? Dzo si le bibim vlavlavla (ye)!” (Surah 101:10, 11, AYA) Wogblɔ afɔku dziŋɔ sia be: “Kpɔ ɖa! Amesiwo mexɔa Míaƒe ɖeɖefiawo dzi sena o la, Míatsɔ wo ade asi na Dzo. Zi alesi woƒe ŋutilã fiãna ko la, míafa ŋutilã yeye ɖe wo ŋu bene woase funyafunyawɔwɔ la. Kpɔ ɖa! Allah Tri Akɔ ɣesiaɣi, Enye Nunyala ɣesiaɣi.” (Surah 4:56, MMP) Eɖɔɖɔa gayi edzi be: “Kpɔ ɖa! dzomavɔ de xa ɖi . . . Woatsi afima tegbee. Fafa alo nunono (aɖeke) mele afima woatɔ nu o negbe tsi fiefie kple vuvɔ si gbãa lãme koe li.”—Surah 78:21, 23-25, MMP.
29. Gblɔ vovototo si le Islāmtɔwo ƒe nufiafia kple Biblia ƒe nufiafia dome tso luʋɔ la kple afisi wòyina ŋu.
29 Moslemtɔwo xɔe se be ame kuku ƒe luʋɔ yia Barzakh, alo “Memamãƒe,” si nye “afisi alo nɔnɔme si me amewo anɔ ne woku kpakple do ŋgɔ na Ʋɔnudɔdrɔ̃.” (Surah 23:99, 100, AYA, etenuŋɔŋlɔ) Luʋɔ la le agbe le afima eye wòle nusi woyɔna be “Yɔdo me Tohehe” xɔm ne enye ame vɔ̃ɖi, alo anɔ dzidzɔkpɔkpɔ me ne ewɔ nuteƒe. Gake nuteƒewɔlawo hã akpe fu aɖe le nuvɔ̃ ʋee siwo wowɔ le woƒe agbenɔɣi ta. Le ʋɔnudrɔ̃gbea la, amesiame adze ŋgɔ nusi anye eƒe gome mavɔ, si awu dometsotso ƒe ɣeyiɣi ma nu.f
30. Nuka ƒe ŋugbee Qu’rān gblɔ be wodo na ame dzɔdzɔewo? (Gblɔ vovototo si le wo kple Yesaya 65:17, 21-25; Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 21:1-5 dome.)
30 Gake wodo dziƒo paradisobɔwo ƒe ŋugbe na ame dzɔdzɔewo: “Ke amesiwo xɔe se hewɔa nu nyui la, Míana woanɔ Abɔ siwo le ete siwo me tɔsisiwo sina yina la me be woanɔ eme ɖaa tegbee.” (Surah 4:57, MMP) “Gbemagbe Paradiso me nɔlawo magabu naneke ŋu wu dzidzɔ si kpɔm wole o. Wo kple wo srɔ̃wo woadze ŋe ɖe ati fafɛwo te le aba bɔbɔewo dzi.” (Surah 36:55, 56, NJD) “Psalmowo mee míeŋlɔe do ŋgɔ na esia, le Gbedasi (si wogblɔ na Mose) nu: ‘Nye subɔlawo, ame dzɔdzɔewo, anyi anyigba la ƒe dome.’” Surah sia te nuŋɔŋlɔ he nuxlẽla la ƒe susu yi Psalm 25:13 kple 37:11, 29 kple Yesu ƒe nya siwo le Mateo 5:5 me la dzii. (Surah 21:105, AYA) Alesi woyɔ srɔ̃wo ŋkɔe ɖe eme la he mí va nyabiabia bubu gbɔe.
Srɔ̃ Ðeka alo Srɔ̃ Geɖe Ðeɖe
31. Nukae Qu’rān la gblɔ tso srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu? (Gblɔ vovototo si le wo kple Korintotɔwo I, 7:2; Timoteo I, 3:2, 12 dome.)
31 Ðe wònye se na Moslemtɔwo be woaɖe srɔ̃ geɖea? Togbɔ be Qu’rān ɖe mɔ ɖe srɔ̃geɖeɖeɖe ŋu hã la, srɔ̃ ɖeka koe Moslemtɔ geɖe ɖena. Le ahosi gbogbo siwo tsi anyi le aʋawɔwɔ siwo gblẽ nu geɖe me ta la, Qu’rān ɖe mɔ ɖe srɔ̃geɖeɖeɖe ŋu: “Eye ne èle vɔvɔ̃m be yemava wɔ nusi le dzɔdzɔe ɖe tsyɔ̃eviwo ŋu o la, ke ɖe nyɔnuawo, esiwo nyo ŋuwò la, eve alo etɔ̃ alo ene; eye ne èle vɔvɔ̃m be yemate ŋu akpɔ (gbogbo mawo) dzi o, ekema ɖeka (ko) alo (aboyome) siwo dzi wò nuɖusi dze.” (Surah 4:3, MMP) Muḥammad ƒe agbeŋutigbalẽ aɖe si Ibn-Hishām ŋlɔ la gblɔ be Muḥammad ɖe ahosi kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Khadījah, si tsi wui ƒe 15. Esi wòku la, eɖe nyɔnu geɖe. Egblẽ ahosi asieke ɖi esi wòku.
32. Nukae nye mutʽah?
32 Woyɔa Islāmtɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒomevi bubu be mutʽah. Woɖe egɔme be enye “nubabla tɔxɛ si ŋutsu kple nyɔnu wɔna to nunana kple lɔlɔ̃ be yewoaɖe yewo nɔewo va de asi na ɣeyiɣi aɖe la dzi, si me wonaa tanu si woɖo ɖi koŋ abe le srɔ̃ɖeɖe si anɔ anyi ɖaa me ene.” (Islamuna, si Muṣṭafā al-Rāfiʽī ŋlɔ) Sunnītɔwo yɔnɛ be dzidzɔdodonameɖokui srɔ̃ɖeɖe eye Shīʽahtɔwo yɔnɛ be srɔ̃ɖeɖe si ava wu enu le ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Agbalẽ ma ke gblɔ be: “Vi siwo wodzi [le srɔ̃ɖeɖe mawo me] wonye vi eye gomewo le wo si abe srɔ̃ɖeɖe si nɔa anyi ɖaa la me viwo ene.” Edze abe ɖe woɖe srɔ̃ siawo tɔgbe le Muḥammad ŋɔli ene, eye eɖe mɔ ɖe eŋu. Sunnītɔwo tea gbe ɖe edzi be woxe mɔ ɖe enu emegbe, gake Imāmīwo, Shīʽahtɔwo ƒe ƒuƒoƒo gãtɔ, xɔe se be egali kokoko. Le nyateƒe me la, ame geɖe gawɔnɛ vevietɔ ne ŋutsu dzo le srɔ̃a gbɔ yi teƒe aɖe ɣeyiɣi didi.
Islām Kple Gbesiagbegbenɔnɔ
33. Islām ƒe sɔti kple dzixɔse ƒe sɔti kawoe li?
33 Sɔti atɔ̃, alo agbanɔamedzi vevi atɔ̃, kple dzixɔse vevi adee le Islām me. (Kpɔ aɖaka siwo le axa 296, 303.) Agbanɔamedziawo dometɔ ɖekae nye be Moslemtɔ nadze ŋgɔ Mecca ado gbe ɖa zi atɔ̃ gbeɖeka (ṣalāt). Le Moslemtɔwo ƒe sabat-ŋkeke dzi (Fiɖagbe) la, ŋutsuwo yia gbedoxɔ me bibibi ne wose “muezzin,” alo amesi yɔa wo tɔwo na gbedodoɖa la ƒe aƒadodo matɔmatɔ la le gbedoxɔa ƒe tsutsuɛƒe. Egbea wolénɛ ɖe kasɛt dzi ƒona le gbedoxɔ geɖe me ɖe esi ame ŋutɔ nado ɣlia teƒe.
34. Nukae nye “mosque” eye nukae wozãnɛ na?
34 Woƒe gbedoxɔ “mosque” (mɔsk, Arabgbe, masjid) ye nye Moslemtɔwo ƒe tadeaguƒe, si Saudi Arabia Fia Fahd Bin Abdul Aziz yɔ be enye “Mawu yɔyɔ ƒe dzogoedzikpe.” Egblɔ be nusi “mosque” la nyee nye “gbedoɖaƒe, nusrɔ̃ƒe, ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔkpɔƒe, aɖaŋuɖoɖobiaƒe, gbeƒãɖeƒe, mɔfiafiaxɔƒe, hehexɔƒe kple dzadzraɖowɔƒe. . . . Mosque lae nye nu vevitɔ si gbɔ Moslemtɔwo melɔ̃a nu le o.” Tadeaguƒe siawo bɔ ɖe afisiafi egbea. Wo dometɔ siwo xɔ ŋkɔ wu le ŋutinya me dometɔ ɖekae nye Mezquita si le Córdoba, Spania si nye gãtɔ kekeake le xexeame katã ƒe alafa geɖe. Fifia Katoliko bisiɔpwo ƒe gbedoxɔe le afisi nye eƒe titina tsã.
Aʋa Siwo Wowɔ Kple Kristodukɔa Kple le Kristodukɔa Me
35. Aleke Islām kple Katoliko-ha la dome nɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me?
35 Tso ƒe alafa adrelia me la, Islām keke ɖo ta ɣetoɖoƒe gome va ɖo Anyiehe Afrika, le ɣedzeƒe gome la, eɖo Pakistan, India, kple Bangladesh, kple vaseɖe Indonesia ke. (Kpɔ anyigbatata si le agbalẽ sia ƒe gɔmedzedze.) Esi wònɔ ta kekem alea la, aʋa va dzɔ ɖe wo kple Katoliko-ha la ƒe aʋawɔlawo, amesiwo ho Atitsogaʋa be yewoatsɔ axɔ Anyigba Kɔkɔe lae le Moslemtɔwo si la dome. Le ƒe 1492 me la, Fianyɔnu Isabella kple Fia Ferdinand siwo le Spania la gagbugbɔ xɔ Spania na Katolikotɔwo. Ezu dzizizi na Moslemtɔwo kple Yudatɔwo be woatrɔ dzime azu Katolikotɔwo alo woanyã wo le Spania. Alesi subɔsubɔhawo lɔ̃na nɔa wo nɔewo gbɔ le Moslemtɔwo ƒe dziɖuɣi la bu keŋkeŋ emegbe esi wova ɖo Katolikotɔwo ƒe Ŋutasẽʋɔnu la. Gake Islām te ŋu to eme do eye le ƒe alafa 20 lia me la, eƒe alɔ gade dzi ake eye wòdzi ɖe edzi.
36. Nukawoe nɔ edzi yim le Katoliko-ha la me esime Islām nɔ ta kekem?
36 Le ɣeyiɣi si me Islām nɔ ta kekem la, Katoliko-ha la nɔ zitɔtɔ si le eya ŋutɔ ƒe ha me la me tom henɔ agbagba dzem be yeana ɖekawɔwɔ nanɔ yeƒe amewo dome. Gake ŋusẽkpɔɖeamedzi sesẽ eve le ta do ge ɖa, eye woagagbã ha ma ƒe tɔnyenye si womekea ɖii o la ɖe edzi. Woawoe nye agbalẽtamɔ̃ kple Biblia gɔmeɖeɖe siwo le gbe si amehawo dona la me. Ta si kplɔe ɖo adzro alesi Kristodukɔa gamã kluklukluii le nu mawo kple ŋusẽkpɔɖeamedzi bubuwo te la me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a “Qurʼān” (si gɔmee nye “Nyagbugbɔgagblɔ”) ye nye alesi Moslemtɔwo ƒe agbalẽŋlɔlawo dina be woaŋlɔe eye eyae míazã le afisia. Ele be míade dzesii be Arabgbee nye gbe gbãtɔ si me woŋlɔ Qurʼān la ɖo, eye eƒe gɔmeɖeɖe aɖeke meli le Eŋlisigbe me si dzi wolɔ̃ ɖo le afisiafi o. Le mawunyayɔyɔwo me la, xexlẽdzesi gbãtɔ fia ta, alo surah la, eye evelia nye kpukpuia.
b Moslemtɔwo xɔ edzi se be Mawu ƒe ɖeɖefiawo le Biblia me gake wotrɔ wo dometɔ aɖewo me nyawo emegbe.
c Le Eŋlisigbe me la, woŋlɔa nyagblɔɖila la ƒe ŋkɔ vovovoe (Mohammed, Muḥammad, Mahomet). Moslemtɔwo ƒe agbalẽwo ƒe akpa gãtɔ lɔ̃a eŋɔŋlɔ be Muḥammad, eye eŋɔŋlɔ mae míazã. Turkey Moslemtɔwo lɔ̃a eŋɔŋlɔ be Muhammed.
d Eyata Moslemtɔwo dze woƒe ƒe xexlẽ gɔme tso A.H. (Latingbe, Anno Hegirae, sisiƒe) dzi ke menye A.D. (Anno Domini, Aƒetɔ la ƒe ƒe) alo M.Ŋ. (Mía Ŋɔli) dzi o.
e Hena nyatakaka bubuwo ku ɖe Mawuɖekaetɔ̃ la kple Biblia ŋu la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea? si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le ƒe 1991 me.
f Ku ɖe luʋɔ kple dzomavɔ ƒe nya la ŋu la, tsɔe sɔ kple Biblia me mawunyakpukpui siawo: Mose I, 2:7; Xezekiel 18:4; Dɔwɔwɔwo 3:23. Kpɔ Reasoning From the Scriptures, axa 168-75; 375-80, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta le ƒe 1985 me.
[Aɖaka si le axa 285]
Qur’ān Kple Biblia La
“Eɖe Agbalẽ si me nyateƒea le fia wò, esi le kpe ɖom ŋɔŋlɔ siwo do ŋgɔ nɛ la dzi; elabena Eɖe Torah la kple Nyanyuiawo fia xoxo be woafia mɔ amewo, eye be woatsɔ ade vovototo nyui kple vɔ̃ domee.”—Surah 3:2, NJD.
“Koran me ŋutinyawo katã kloe sɔ kple ŋutinya siwo le Biblia me . . . Adam, Noa, Abraham (si ŋkɔ woyɔ abe zi blaadre ene le sūrah vovovo blave vɔ adre me eye eƒe ŋkɔe nye sūrah 14 lia ƒe tanya), Ismael, Lot, Yosef, (amesi ƒe ŋkɔ me woŋlɔ sūrah 12 lia ɖo), Mose (amesi ŋkɔ dze le sūrah vovovo blaetɔ̃ vɔ ene me), Saul, Dawid, Salomo, Eliya, Hiob kple Yona (amesi ƒe ŋkɔe wotsɔ na sūrah 10 lia) ƒe ŋutinyawo, dze le eme ŋutɔ. Wogblɔ xexemewɔwɔ kple Adam ƒe anyidzedze ŋu nya zi atɔ̃, tsiɖɔɖɔa ŋu nya dze zi enyi eye Sodom ŋu nya hã dze zi enyi. Le nyateƒe me la, nya siwo ɖi wo nɔewo dze le Koran la kple Pentateuch la dome wu Biblia ƒe akpa bubu ɖesiaɖe. . . .
“Le Nubabla Yeyea me la, amesiwo nye Zaxarya, Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela, Yesu (ʽĪsa) kple Maria ŋue wogblɔ nya geɖe le. . . . Koran kple Biblia . . . me ŋutinyawo tsɔtsɔ asɔ kple wo nɔewo . . . ɖee fia be womeku ɖe wo nɔewo ŋu o [womeyɔ nya tso wo nɔewo me tẽ o].”g—History of the Arabs.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
g Gake kpɔ axa 300, memamã 30 si ku ɖe Surah 21:105 me nyawo ŋu.
[Aɖaka si le axa 291]
Nufiafia Kple Mɔfiafia Tsoƒe Etɔ̃awo
Qurʼān Kɔkɔe la, si wogblɔ be mawudɔla Gabriel ye ɖee fia Muḥammad. Wobua Qurʼān la gɔmeɖeɖe kple emenya siwo le Arabgbe me la be wotso gbɔgbɔ me.
Ḥadīth, alo Sunnah la, “Nyagblɔɖila la ƒe nuwɔnawo, nyagbɔgblɔwo kple nusiwo dzi wòlɔ̃ ɖo le ɖoɖoezizi me (taqrīr) . . . woda asi ɖe wo dzi le ƒe alafa evelia [A.H.] me eye wole ḥadīth siwo woŋlɔ ƒe nɔnɔme me. Eyata ḥadīth nye Nyagblɔɖila la ƒe nuwɔnawo kple nyagbɔgblɔwo ŋuti nuŋlɔɖi.” Woate ŋu atsɔ ŋkɔ sia ayɔ Muḥammad ƒe “Zɔhɛwo alo wo Teƒenɔlawo” hã ƒe nuwɔnawo kple nyagbɔgblɔwoe. Le ḥadīth me la, nusi nye nya la ƒe gɔmesese koe wobuna be etso gbɔgbɔ me.—History of the Arabs.
Sharīʽah, alo se si tso ŋɔŋlɔ me, si wotu ɖe Qurʼān la ƒe gɔmeɖosewo dzi, efiaa mɔ Moslemtɔ ƒe agbenɔnɔ blibo la katã le mawusubɔsubɔ, dunyahehe, kple hadomegbenɔnɔ me. “Womã amegbetɔ ƒe nuwɔnawo katã ɖe se ƒe akpa gã atɔ̃ me: (1) nuwɔna siwo wobu be enye agbanɔamedzi be woawɔ godoo (farḍ) [esi ŋu fetu le ɖe ewɔwɔ ta alo tohehe le ɖe emawɔmawɔ ta]; (2) nuwɔna siwo dze kafukafu alo wonyo (mustaḥabb) [esi ŋu fetu le gake womahe eƒe to ne womewɔ wo o]; (3) nuwɔna siwo ŋu mɔɖeɖe le (jāʼiz, mubāḥ), siwo womebu nu vevie le se me o; (4) nuwɔna siwo ŋu mokaka le (makrūh), siwo dzi womeda asi ɖo o gake tohehe mele wo ŋu o; (5) nuwɔna siwo ŋu se le (ḥarām), siwo wɔwɔ me tohehe le.—History of the Arabs.
[Aɖaka si le axa 296]
Dzixɔse ƒe Sɔti Adeawo
1. Mawu ɖeka si nye Allāh dzixɔse (Surah 23:116, 117)
2. Mawudɔlawo dzixɔse (Surah 2:177)
3. Agbalẽ siwo tso Mawu gbɔ: Torah, Nyanyuia, Psalmowo, Abraham ƒe Agbalẽxatsaxatsawo, Qur’ān
4. Nyagblɔɖila geɖe dzixɔse gake nya ɖeka gblɔm wole. Adam ye nye nyagblɔɖila gbãtɔ. Bubu aɖewoe nye Abraham, Mose, Yesu, kple Muḥammad, “Nyagblɔɖilawo Nutrela” (Surah 4:136; 33:40)
5. Ŋkeke mamlea: esime woafɔ ame kukuwo katã ɖe tsitre tso woƒe yɔdowo me
6. Nuɖoɖiname dzixɔse, eƒe nyui kple vɔ̃a ƒe. Naneke medzɔna si menye Mawue ɖoe ɖi o
[Aɖaka si le axa 303]
Islam ƒe Sɔti Atɔ̃awo
1. Gblɔ xɔsemeʋuʋu la (shahādah): “(Mawu [trɔ̃] aɖeke meli o negbe Allah koe li; Muḥammad ye nye Allah ƒe dɔla)” (Surah 33:40)
2. Gbedodoɖa (ṣalāt) esi woatrɔ mo ɖe Mecca zi atɔ̃ gbesiagbe (Surah 2:144)
3. Dɔmenyonunana (zakāih), agbanɔamedzi be woatsɔ ame ƒe viɖewo kple nunɔamesi aɖewo ƒe home ƒe alafa memamã aɖe ana (Surah 24:56)
4. Nubabla (ṣawm), vevietɔ le Ramaḍān ŋkekenyuiɖuɖu si xɔa ɣleti ɖeka me (Surah 2:183-185)
5. Mawusubɔsubɔ mɔzɔzɔ (ḥajj). Ele be Moslemtɔ ɖesiaɖe nade Mecca zi ɖeka le eƒe agbe me. Dɔléle kple ahedada koe nye taflatsedonu siwo sɔ (Surah 3:97)
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 304, 305]
Bahāʼī Xɔse La—Xexeame ƒe Ðekawɔwɔ Didi
1 Menye Islām ƒe kɔmamãe Bahā’ī xɔse nye o ke boŋ enye Bābī subɔsubɔ, si nye ƒuƒoƒo aɖe si nɔ Persia (si woyɔna egbea be Iran) la, ƒe alɔdze aɖe si mã ɖa tso Islāmtɔwo ƒe Shīʽahtɔwo ƒe kɔmamã la ŋu le ƒe 1844 me. Bābītɔwo ƒe kplɔla ŋkɔe nye Mīrzā ʽAlī Moḥammad si tso Shīrāz, amesi yɔ eɖokui be yenye Bāb (“Agbo la”) kple imām-mahdī (“kplɔla si xɔ mɔfiame nyuitɔ”) si nye Muḥammad ƒe dzidzimevi. Persia-dziɖuɖumegãwo wui le ƒe 1850 me. Le ƒe 1863 me la, Mīrzā Ḥoseyn Alī Nūrī si nye Bābī ƒuƒoƒo me tɔ xɔŋkɔ aɖe “tɔ asi akɔ be yee nye ‘Amesi Mawu aɖe afia,’ amesi ƒe nya Bāb la gblɔ ɖi.” Etsɔ ŋkɔ si nye Bahāʼ Ullāh (“Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe”) hã eye wòɖo ha yeye si nye Bahā’ī xɔse la.
2 Wonyã Bahāʼ Ullāh le Persia eye wodee game mlɔeba le Acco (egbea woyɔnɛ be Acre, le Israel). Afimae wòŋlɔ eƒe agbalẽ si nye al-Kitāb al-Aqdas (Agbalẽ Kɔkɔetɔ Kekeake) la le, eye wòtrɔ asi le Bahā’ī xɔse la ƒe nufiafia ŋu wòzu nufiafia si le eɖokui si koŋ. Le Bahāʼ Ullāh ƒe ku me la, ha yeye la yi ɖe via ʽAbd ol-Bahāʼ ƒe kpɔkplɔ te, emegbe eva yi tɔgbuiayɔvi Shoghi Effendi Rabbānī si me, eye le ƒe 1963 me la eyi ɖe dziɖulawo ƒe ha aɖe si wotia si woyɔna be Xexeame Katã ƒe Dzɔdzɔenyenyeʋɔnu si me.
3 Bahā’ītɔwo xɔ edzi se be Mawu ɖe eɖokui fia amegbetɔ to “Mawu ƒe eɖokuiɖeɖefiawo” dzi, eye wo dometɔ aɖewoe nye Abraham, Mose, Krishna, Zoroaster, Buddha la, Yesu, Muḥammad, Bāb la, kple Bahāʼ Ullāh. Woxɔ edzi se be wodɔ dɔla siawo be woafia mɔ ameƒomea vivivi esi me Bāb la ƒe vava de dzesi azã yeye aɖe ƒe gɔmedzedze na ameƒomea. Vaseɖe egbegbe la, Bahā’ītɔwo gblɔna be gbedasi si wòxɔe nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɖeɖefia si de blibo wu eye be eyae nye dɔwɔnu vevitɔ si Mawu azã atsɔ ahe xexeame katã ƒe ɖekawɔwɔ vɛ.—Timoteo I, 2:5, 6.
4 Bahā’ī ƒe gɔmeɖose veviwo dometɔ ɖekae nye be “xexemesubɔsubɔ gãwo katã dzɔ tso Mawu gbɔ, be ɖekawɔwɔ blibo le gɔmeɖose vevi siwo dzi wotu wo ɖo la me.” “Woƒe nufiafiawo ƒe akpa siwo mele vevie o me koe woƒe nyawo to vovo le.”—Korintotɔwo II, 6:14-18; Yohanes I, 5:19, 20.
5 Bahā’ī dzixɔsewo dometɔ aɖewoe nye Mawu ƒe ameɖekanyenye, luʋɔ makumaku, kple ameƒomea ƒe ŋgɔyiyi to nɔnɔmetɔtrɔ (le ŋutilã me, gbɔgbɔ me, kple hadomegbenɔnɔ me) dzi. Gake wogbe mawudɔlawo ŋuti nufiafia si dzi ha geɖe lɔ̃ ɖo la. Wotsi tre ɖe Mawuɖekaetɔ̃, Hindutɔwo ƒe gbugbɔgadzɔ nufiafia, kple amegbetɔ ƒe anyidzedze tso blibodede me kple alesi esia na tafe si to Yesu Kristo dzi hiãe la hã ŋu.—Romatɔwo 5:12; Mateo 20:28.
6 Amegbetɔ ƒe nɔviwɔwɔ kple nyɔnuwo kple ŋutsuwo ƒe sɔsɔ kple wo nɔewo nye Bahā’ītɔwo ƒe dzixɔse veviwo. Bahā’ītɔwo nye srɔ̃ɖekaɖelawo. Wodoa gbe etɔ̃ siwo Bahāʼ Ullāh ɖe fia la dometɔ ɖeka ya teti ɖa zi ɖeka gbesiagbe. Wotsia nu dɔna tso agudzedze vaseɖe ɣeɖoto le Bahā’ītɔwo ƒe ɣleti si nye ʽAlā, si dzea March dzi la ƒe ŋkeke 19 la katã me (ɣleti 19 ye le Bahā’ītɔwo ƒe ɣletigbalẽ me, eye ɣleti ɖesiaɖe nye ŋkeke 19, wobua ŋkeke bubu aɖewo siwo tsi edzi la kpenɛ.)
7 Kɔnuwɔwɔ siwo woɖo ɖi koŋ mele Bahā’ī xɔsea me o, nunɔlaha hã mele wo si o. Amesiame si gblɔ be yexɔ Bahāʼ Ullāh ƒe nufiafia dzi se la ate ŋu aŋlɔ ŋkɔ ɖe ha la me. Wokpea ta dea ta agu le Bahā’ī ɣleti ɖesiaɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.
8 Bahā’ītɔwo bua wo ɖokui be enye yewoƒe dɔdasi be yewoaɖu xexeame katã dzi le gbɔgbɔ me. Wodzea agbagba be yewoakaka yewoƒe xɔsea to dzeɖoɖo, kpɔɖeŋu ɖoɖo, hadɔwɔwɔ, kple boblododomɔnuwo dzi. Woxɔe se be ele be woawɔ ɖe dukɔ si me wole ƒe se ɖesiaɖe dzi, eye togbɔ be wodaa akɔ hã la, wogbea nu dede dunyahehe me. Wodina be yewoawɔ dɔ siwo melɔ aʋawɔwɔ ɖe eme o le asrafodɔ me ne anya wɔ gake womegbea aʋawɔwɔ le dzitsinya ta o.
9 Abe subɔsubɔha si kakaa eƒe dzixɔse ɖe duta ene la, Bahā’ī kpɔ dzidziɖedzi kabakaba ŋutɔ le ƒe ʋee siwo va yi me. Bahā’ītɔwo gblɔna be yewoƒe xɔsemetɔwo de 5,000,000 le xexeame katã, togbɔ be fifia ame tsitsi siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe xɔsea me la sɔ gbɔ vie wu 2,300,000 ko gake.
[Biabiawo]
1, 2. Aleke Bahā’ī xɔse la dze egɔmee?
3-7. (a) Bahā’ī ƒe dzixɔsewo dometɔ aɖewo ɖe? (b) Aleke Bahā’ītɔwo ƒe dzixɔsewo to vovo tso Biblia ƒe nufiafiawo gbɔe?
8, 9. Nukae nye Bahā’ītɔwo ƒe mawunyakakadɔdasi?
[Nɔnɔmetata si le axa 305]
Bahā’ītɔwo ƒe gbedoxɔ si le ha la ƒe ta le Haifa, Israel
[Nɔnɔmetata si le axa 286]
Moslemtɔwo ƒe xotutu gblɔ be Muḥammad nɔ kpe sia si le Yerusalem le Kpe Gbadza Gbedoxɔ si tame woxa gobaa la me heyi ɖe dziƒo
[Nɔnɔmetata si le axa 289]
Moslemtɔ mɔzɔla siwo yia Mecca zɔna ƒoa xlã Kaʽbah la zi adre eye wokaa asi Kpe Yibɔ si le ete le miame la ŋu alo wogbugbɔnɛ
[Nɔnɔmetata si le axa 290]
Arabgbe ye nye gbe si wòle be woase hafi axlẽ Qurʼān la
[Nɔnɔmetata si le axa 298]
Tso miame yi ɖusime va anyime: Kpe Gbadza dzi Gbedoxɔ Tame Gobaa la, Yerusalem; Iran, Dziehe Afrika, kple Turkey gbedoxɔwo
[Nɔnɔmetata si le axa 303]
Córdoba ƒe Mezquita lae nye Moslemtɔwo ƒe gbedoxɔ gãtɔ kekeake le xexeame katã tsã (Katoliko bisiɔpwo ƒe gbedoxɔe le eƒe titina fifia)