Yehowa Ðasefowo—Nyanyuigblɔla Vavãtɔwo
1 Yesu Kristo tsɔ nyanyuigbɔgblɔdɔa de asi na eƒe nusrɔ̃lawo katã, eye egblɔ na wo tẽ be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. (Mat. 24:14; Dɔw. 10:42) Eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo ɖo eƒe kpɔɖeŋu ɖi esi woƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu madzudzɔmadzudzɔe—menye le tadeaguƒewo ko o ke boŋ le afisiafi si wokpɔ amewo le le dutoƒo kple tso aƒeme yi aƒeme. (Dɔw. 5:42; 20:20) Mí Yehowa Ðasefo siwo li egbea míeɖenɛ fiana be míenye Kristotɔ nyanyuigblɔla vavãtɔwo esi míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒe gbedasia le dukɔ 232 me eye míena nyɔnyrɔ nusrɔ̃la yeye siwo wu miliɔn ɖeka le ƒe etɔ̃ siwo va yi ko me! Nukatae míaƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa kpɔ dzidzedze alea gbegbe?
2 Nyanyuia Doa Dzidzɔ na Mí: Nyanyuigblɔlawo nye nyanyui gbeƒãɖelawo alo amesiwo xɔnɛ yina na amewo. Eyata mɔnukpɔkpɔ si me dzidzɔ le la le mía si be míaɖe gbeƒã Yehowa ƒe Fiaɖuƒea—nyanyui vavãtɔ ɖeka kolia si li na amegbetɔƒomea si ɖo xaxa me. Míetsɔa dzonɔameme gblɔa nusi míenya do ŋgɔ tso dziƒo yeye si aɖu anyigba yeye si nye ameƒomea me tɔ nuteƒewɔlawo dzi le dzɔdzɔenyenye me le Paradiso si gbɔna me ŋu la ŋuti nyae. (Pet. II, 3:13, 17) Míawo ko sie mɔkpɔkpɔ sia le, eye míedi vevie be míagblɔe na ame bubuwo hã.
3 Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Ʋãa Mí: Agbeɖeɖedɔe nyanyuigbɔgblɔdɔa nye. (Rom. 1:16) Eyatae Fiaɖuƒe gbedasia kaka nyea dzidzɔ gã aɖe na mí ɖo. Mí nyanyuigblɔla vavãtɔwo míelɔ̃ amewo, eye ema ʋãa mí be míagblɔ nyanyuia na wo—míaƒe ƒometɔwo, aƒelikawo, ame nyanyɛwo, kple ame bubu alesinu míate ŋui. Dɔ sia wɔwɔ tso dzi blibo me nye mɔ nyuitɔwo kekeake si dzi míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ vavãtɔ afia amewo le la dometɔ ɖeka.—Tes. I, 2:8.
4 Mawu ƒe Gbɔgbɔ la Le Megbe na Mí: Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be ne míewɔ míaƒe dɔ si nye Fiaɖuƒenukua dodo kple tsidedee la, Yehowae ‘ana wòatsi.’ Ema tututu kpɔm míele wòle dzɔdzɔm le míaƒe habɔbɔa me egbea. (Kor. I, 3:5-7) Mawu ƒe gbɔgbɔ lae le megbe na mí le míaƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa me eye wònaa míekpɔa dzidzedze gã aɖe.—Yoel 3:1, 2.
5 Esi wode dzi ƒo na mí le Timoteo II, 4:5 be ‘míawɔ nyanyuigbɔgblɔdɔa’ eye míelɔ̃ amesiame ta la, mina esia naʋã mí be míagblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui dodzidzɔnamea le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me eye kakaɖedzi nanɔ mía si be Yehowa ayi edzi anɔ yayram ɖe míaƒe dɔa dzi.