Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
Ŋkeke eve ƒe nutome sue takpekpe si adze egɔme le September me ƒe ɖoɖowɔɖia ƒe tanyae nye “Wɔ ɖe Mawu ƒe Sededewo Dzi ne Nànɔ Agbe.” (Lod. 4:4) Ate gbe ɖe nusita Mawu ƒe sededewo dzi wɔwɔ mesesẽ o dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, afia alesi Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ hea dzidzeme kple dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ vɛ eye wònaa etsɔme mɔkpɔkpɔ sua ame si hã.—Mat. 11:28-30; Yoh. 13:17.
Amesiwo adi be woana nyɔnyrɔ yewo le takpekpea me le wɔwɔ ɖe Kristo ƒe sededea dzi me nagblɔe na dzikpɔla zimenɔla, eye awɔ ɖoɖo siwo hiã na wo.—Mat. 28:19, 20.
Woaɖe mɔ nyui siwo dzi míate ŋu ato aɖe lɔlɔ̃ na Mawu kple mía nɔviwo afia me le nuƒo kpui siwo tsiã ɖe enu me. (Yoh. 13:34, 35; Yoh. I, 5:3) Aɖaŋuɖoɖo siwo ʋãa dzi siwo tso Psalmo 19 kple 119 me anɔ nuƒoawo me. Togbɔ be woŋlɔ nuxlɔ̃ame siwo tso gbɔgbɔ me siwo le psalmo siawo me ƒe akpe geɖe enye si va yi hã la, míakpɔ alesi woaɖe vi na mía ŋutɔwoe egbea.
Dutoƒonuƒo si nutome gã dzikpɔla aƒo ƒe tanyae nye “Vɔ̃ Mawu eye Nàwɔ ɖe Eƒe Sededewo Dzi.” (Nyagb. 12:13) Nutome sue dzikpɔla ƒe nuƒo mamlɛa afia alesi sɔhɛwo ate ŋu akpɔ viɖe nyuitɔ kekeake le agbe me fifia kple nusita woate ŋu aka ɖe etsɔme mavɔ dzi. Nutome gã dzikpɔla aƒo nu tso viɖe gbogbo siwo tsoa agbenɔnɔ ɖe lɔlɔ̃ ƒe “fiasedede” la dzi me ŋu atsɔ ahe takpekpea ava nuwuwui. (Yak. 2:8) Nyateƒee, ame aɖeke madi be takpekpe me nuƒo siawo nato ye ŋu gbeɖe o!