INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/99 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena January

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena January
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 4
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 11
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 18
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 25
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 1/99 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena January

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 4

Hadzidzi 36

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ne miaƒe hamea ƒe kpekpedeɣiwo atrɔ tso January 1 dzi la, ke ɖo ŋku edzi na amesiame be wòagblɔ ɖoɖowɔɖi yeyea na ɖetsɔlemetɔwo.

15 min: “Mizã Agbalẽ Xoxowo Nyuie.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Yɔ agbalẽ xoxo siwo le miaƒe hamea si. Ƒo nu tso nu dodzidzɔname aɖewo siwo le wo me ŋu, eye nàgblɔ mɔ siwo nu míate ŋu atsɔ wo ana amewo le hã. De dzi ƒo na amesiame be wòana agbalẽ siawo le gbeadzisubɔsubɔ kple vomeɖaseɖiɖi dɔa me le January me. Wɔ enana ƒe wɔwɔfia kpui bɔbɔe aɖe.

20 min: Ʋumazãmazã le Lãmesẽnyawo me ƒe Tiatia si Le Se nu Wɔwɔ (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29). Hamemegã si dze ƒe nuƒo. “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia: Ne kpekpe sia wu enu la, woana agbalẽvi yeye Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo, eye amesiwo si ɖevi maxɔnyɔnyrɔwo le axɔ “Identity Card” na ɖevi ɖesiaɖe. Migakpe agbalẽvi siawo ɖo fiẽ sia o. Mikpe wo ɖo nyuie le aƒeme gake MIGADE asi wo te O. Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ si kplɔe ɖo mee woade asi agbalẽviawo katã te le, woaɖu ɖasefo le wo ŋu, eye woaŋlɔ ɣletiŋkeke ɖe edzi le agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ƒe dzikpɔkpɔ te. Mikpɔ egbɔ be yewokpe agbalẽviawo ɖo keŋkeŋ hafi ade asi ete. Ele be amesiwo aɖu ɖasefo nakpɔ eteƒe ŋutɔŋutɔ be amesi tɔ agbalẽvia nye la ŋutɔ de asi ete. Gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo ate ŋu atrɔ asi le agbalẽvi sia dzi nyawo ŋu wòasɔ ɖe woƒe nɔnɔmewo kple dzixɔsewo nu, ale be woate ŋu aŋlɔ woa ŋutɔwo ƒe mɔfiafianya si woa ŋutɔwo kple wo viwo azã. Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo naŋlɔ woƒe ƒuƒoƒoawo me tɔwo katã ƒe ŋkɔ be woakpɔ egbɔ be yewona kpekpeɖeŋu si hiã la wo le “Medical Directive/ Release” gbalẽvia kpekpe ɖo me.

Hadzidzi 61 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 11

Hadzidzi 88

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Dzro “Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” me.

15 min: “Míaƒe Tameɖoɖo Kplikpaa—Be Míazɔ Yehowa ƒe Agbemɔa Dzi Ðaa.” Nuƒo. De dzi ƒo na amesiame be wòayi hamea ƒe kpekpe atɔ̃ siwo katã míewɔna le kwasiɖa ɖesiaɖe me la ɣesiaɣi.

15 min: “Migbɔ Dzi Blewu.” Ƒome aɖe ƒe numedzodzro. Wogbugbɔ ŋku lé ɖe mɔ siwo nu woate ŋu aɖe dzigbɔgbɔɖi afia le wu le woƒe subɔsubɔdɔa me la ŋu. Woagblɔ June 15, 1995, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 12 lia me nya siwo asɔ la hã kpee.

Hadzidzi 135 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 18

Hadzidzi 43

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

13 min: “Na Wò Subɔsubɔdɔa Naɖe Vi.” Woatsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emedegbalẽvia ƒe memamã 1-7 lia me. De dzesi nya siwo asɔ le miaƒe anyigbamamã me.

12 min: “Dzikpɔla Siwo Xɔa Ŋgɔ—Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ Dzikpɔlawo.” Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla si ɖoa kpɔɖeŋu nyui ƒe nuƒo si me wòadzro eƒe dɔdasiwo me le. Neɖe alesi dɔ sia wɔa akpa vevi aɖe le hamea ƒe dzidziɖedzi kpɔkpɔ kple gbɔgbɔmenyonyo mee la afia. Gblɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽa ƒe axa 43-5, 74-6 me nya veviwo kpuie.

15 min: “Nusɔsrɔ̃ Gɔmedzedze le Nusi Mawu Di ƒe Agbalẽ Gbadza la Me.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro.

Hadzidzi 197 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 25

Hadzidzi 201

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

10 min: “Wotrɔ Asi Le Gaƒoƒonudidia Ŋu na Mɔɖelawo.” Hamemegã ƒe nuƒo. Kafu mɔɖela siwo le hamea me, eye nade dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woaƒo wo ɖokui ɖe kpekpeɖeŋu kple gbesiagbe mɔɖeɖedɔa me eye dɔ geɖe wɔwɔ le March, April, kple May me nanɔ susu me na wo. Gblɔ February 1997 kple July 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa ƒe emedegbãlevia me nyatakakawo hã kpee.

15 min: “Na Wò Subɔsubɔdɔa Naɖe Vi.” Woatsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emedegbalẽvia ƒe memamã 8-21 lia me. De dzesi nya siwo asɔ le miaƒe anyigbamamã me.

15 min: Èdzroa Ŋɔŋlɔawo Me Gbesiagbea? Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Habɔbɔa taa agbalẽvi si nye Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro ƒe sia ƒe. Ðe míewɔa agbalẽ sia ŋudɔ nyuie le mía ɖokui si alo abe ƒome enea? Gblɔ susu nyui siwo tae wòle be míade ŋugble le gbesiagbe mawunyakpukpui ŋu ɖo. Gblɔ nya vevi siwo le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe—1999 ƒe ŋgɔdonya me le eƒe axa 3-4. Bia gbeƒãɖelawo ne woagblɔ agbagba tɔxɛ si dzem wole be yewoade ŋugble le gbesiagbe mawunyakpukpuia kple emeɖeɖea ŋu le wo ɖokui si kple abe ƒome ene.

Hadzidzi 225 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe