INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/99 axa 1
  • “Migbɔ Dzi Blewu”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Migbɔ Dzi Blewu”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzigbɔɖi Hiã Le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Yi Edzi Nàgbɔ Dzi Ði
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Srɔ̃ Dzigbɔɖi Tso Yehowa Kple Yesu Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Srɔ̃ Yehowa Ƒe Dzigbɔɖi La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 1/99 axa 1

“Migbɔ Dzi Blewu”

1 Esi míekpɔ alesi gbegbe Satana ƒe nuɖoanyi xoxo sia ƒe nuwuwu le aƒe tumee la, ele vevie be “míagbɔ dzi blewu” esi míele Yehowa ƒe ɖeɖeŋkekea lalam. Vevietɔ le gaƒoƒo mamlɛ sia me la, futɔ gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo ɖoe kplikpaa be yewoahe míaƒe susu ɖa le nya vevitɔ kekeake si nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye la ŋu eye wotsɔa ame ŋutɔ ƒe nudidi gbogbo aɖewo blea míi. To mɔ sia dzi la, Satana able mí ade tanana alo alɔgblɔlɔwɔwɔ le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu me. (Yak. 5:7, 8; Mat. 24:13, 14) Mɔ kawo nue míate ŋu aɖe dzigbɔgbɔ blewu sia si hiã afia le?

2 To Ðokuidziɖuɖu Me: Ne míedo go ɖekematsɔleme alo tsitretsiɖeŋu le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, ɖokuidziɖuɖu akpe ɖe mía ŋu míaku kutri le gbeƒãɖeɖedɔa me. Míanye amesiwo vɔvɔ̃ ɖona bɔbɔe alo amewo ƒe nu vea dɔme na ne amesiwo míedoa goe mexɔ mí nyuie o. (Pet. I, 2:23) Ameɖokuiléle ƒe ŋusẽ sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagblɔ nya siwo medze o ɖe amesiwo le míaƒe anyigbamamã me siwo aɖe ɖekematsɔleme afia alo ado dziku ɖe míaƒe dɔa ŋu la ŋuti o, elabena míenya be nya mawo gbɔgblɔ aɖe dzi le mía kple amesiwo le gbeadzi kpli mí la ƒo.

3 To Kutrikuku Dzigbɔɖitɔe Me: Ate ŋu anye míaƒe dzigbɔɖi dodo kpɔ ne le numedzodzro nyui aɖe wɔwɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me vɔ megbe, míegadoa go ɖetsɔlemetɔa le aƒeme o. Nenema ke nye ne amesiwo míele nu srɔ̃m kplii nɔa blewu le ŋgɔyiyiwɔwɔ alo le afɔɖeɖe hena nyateƒea ƒe akpa dzi nɔnɔ me. Gake nu nyuiwo doa go tso kutrikuku dzigbɔɖitɔe me. (Gal. 6:9) Nɔvinyɔnu aɖe trɔ yi ɖasrã ɖetugbi aɖe kpɔ zi geɖe hafi te ŋu dze Biblia-nusɔsrɔ̃ ŋutɔŋutɔ gɔme. Le sasrãkpɔ gbãtɔ atɔ̃awo me la, vovo menɔ nyɔnua ŋu kura o. Le etete kpɔ zi adelia me la, tsi gã aɖe ƒo nɔvinyɔnua nyuie, kaka wòakpɔ la, ame aɖeke mele aƒea me o. Gake eɖoe be yeagasrã nyɔnua akpɔ zi ɖeka, nɔvinyɔnua trɔ yi eye wòkpɔ be nyɔnua nɔ dzadzraɖo ɖi na nusɔsrɔ̃. Le ema megbe la, nusrɔ̃via wɔ ŋgɔyiyi nyuie eye le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa.

4 Míenya be Yehowa ƒe ŋkekea matsi megbe o. Eyata míakpɔ esinu le nyawo gbɔ kpɔkpɔ me, elabena míenya be kutsetse nyuiwo atso kutrikuku dzigbɔɖitɔe me. (Xab. 2:3; Pet. II, 3:9-15) Ele be míagbɔ dzi blewu abe Yehowa ene be míagana ta le subɔsubɔdɔa me o. ‘To xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me’ la, kpɔ Yehowa sinu be wòaɖo wò dɔsesẽwɔwɔ teƒe na wò.—Heb. 6:10-12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe