Na Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ ƒe Agbalẽa Ðeviwo Kple Tsitsiawo Siaa
1 Ŋutsuvi ƒe 11 vi aɖe si tso California le United States, gblɔ alesi wòkpɔ ŋudzedze ɖe Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe agbalẽa ŋui. Eŋlɔ bena: “Mekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu, eye medea dzi ƒo na ƒome bubuwo hã be woaxlẽ agbalẽ sia elabena enyo ŋutɔ. Ele kpekpem ɖe míaƒe ƒomea ŋu . . . be ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ nanɔ mía ƒeme.” Ele be ɖevi sia ƒe nuteƒekpɔkpɔa nade dzi ƒo na mí be míana Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa. Aɖaŋuɖoɖo ʋee aɖewoe nye esi nàdi be yeazã akpɔ le wò subɔsubɔdɔa wɔwɔ me le February me.
2 Ne èdo go sɔhɛ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Hatiwò geɖe le tame bum le srɔ̃ɖeɖe ŋu. Gake afikae nàte ŋu akpɔ nyatia ŋuti nyatakaka si dzi nàte ŋu aka ɖo la le? [Na wòaɖo eŋu.] Zi geɖe sɔhɛwo gblɔna be yewomeka ɖe edzi be yewosu te na srɔ̃ɖeɖe o. Na maxlẽ nya si agbalẽ sia gblɔ le nyaa ŋu na wò.” Trɔ ɖe Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa ƒe axa 14, eye nàxlẽ memamã 3 lia. Emegbe tɔ asi tanya sue ɖesiaɖe si le ta ma me dzi. Na agbalẽa, eye nàwɔ ɖoɖo atrɔ ayi.
3 Ne èle nu ƒom kple dzila la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Míele nu ƒom na dzilawo tso mɔfiame vevi aɖewo siwo nyo ŋutɔ na ɖeviwo hehe ŋu. Woŋlɔ mɔfiame siawo ɖe agbalẽ sia si ŋkɔe nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona la me.” Ʋu axa 55. Xlẽ memamã 10 lia, eye nàxlẽ Mose V, 6:6, 7, le memamã 11 lia me kpe ɖe eŋu. Emegbe tɔ asi nyagbe siwo dzi wote gbe ɖo le memamã 12 vaseɖe 16 me la dzi. Gblɔ yi edzi be: “Agbalẽ sia kpe ɖe ame geɖe ŋu wokpɔ dzidzedze geɖe le wo viwo hehe me. Adzɔ dzi nam be matsɔ esia na wò.”
4 Ne èle nu ƒom na ame tsitsi la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Taflatse ne mexlẽ numeɖeɖe kpui sia vɔ la, gblɔ nusi nèsusu le eŋu la nam.” Ʋu Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa ƒe axa 169, eye nàxlẽ memamã 17 lia ƒe nyagbe gbãtɔ eveawo. Emegbe na wòaɖo eŋu. Le alesi wòaɖo wo ŋui nu la, àgate ŋu axlẽ agbalẽa ƒe akpa aɖewo nɛ hafi atsɔe nɛ.
5 Ne èna Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa eye nètrɔ yi amesiwo xɔ wo gbɔ la, nenɔ susu me na wò be yeadze agbagba adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ƒe Nusɔsrɔ̃ 8 lia alo Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 15 lia anyo ŋutɔ nàtsɔ adze nusɔsrɔ̃a wɔwɔ gɔmee. Mina míadze agbagba ato esia me akpe ɖe ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa ŋu be woatu Kristotɔwo ƒe ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le la ɖo.