Sɔhɛwo Biana Be . . .
Ameka ƒe Kpɔɖeŋue Wòle Be Masrɔ̃?
“Eƒoa basketball ale gbegbe. Xɔ̃nyewo katã lɔ̃e. Eƒe kpɔɖeŋue mesrɔ̃na, eye medi be manɔ abe eyama ene, eye nusi le esi la nanɔ nye hã asinye.”—Ping, sɔhɛ aɖe si tso Asia.
WOYƆA amesiwo ƒe nuwɔna dzea amewo ŋu eye wokpɔa woƒe nuwɔnawo srɔ̃na la zi geɖe be, kpɔɖeŋuɖolawo. Agbalẽŋlɔla aɖe si ŋkɔe nye Linda Nielsen de dzesii be: “Sɔhɛwo srɔ̃a amesiwo ƒe nɔnɔmewo dzea wo ŋu kple amesiwo ŋu amewo doa vivi ɖo eye woxɔa teƒeɖoɖo siwo biãa ŋu na wo la ƒe nuwɔna.” Eyata sɔhɛwo va kpɔa ŋudzedze ɖe wo hati siwo ƒe ŋkɔ ɖi hoo alo dze ɖeka alo dze tugbe ŋu. Gake sɔhɛ geɖe kpɔa ŋudzedze deto ɖe sinima dzi fefewɔla xɔŋkɔwo, hadzilawo, kple kamedefefewɔlawo ŋu hesrɔ̃a wo.
Le nyateƒe me la, nya siwo wogblɔna tsoa ame xɔŋkɔ geɖewo ŋu la menyea nyateƒe o, eye wonye nya siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie be woato edzi aɣla woƒe vodadawo, woana amewo nado vivi ɖe wo ŋu, eye ƒo ye katã ta la, be woƒe ŋkɔ naɖi! Ping, si míeyɔ do ŋgɔ la lɔ̃ ɖe edzi be: “Meƒle baseketball ƒola si melɔ̃na vevie la ƒe videowo katã, eye medoa awu kple afɔkpa siwo tɔgbe wòdona.” Sɔhɛ aɖewo dzrana ɖo abe television alo kamedefefewɔla siwo srɔ̃m wole la ene, wokpaa ɖa abe woƒe ame veviawo tɔ ene, eye wozɔa azɔli heƒoa nu gɔ̃ hã be wòaɖi wo tɔ.
Kpɔɖeŋuɖolawo—Nyuitɔa Kple Gbegblẽtɔa
Gake àbia be, ‘Afɔku kae le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame aɖe ŋu me?’ Amesi ƒe nuwɔna dzea ŋuwò dzie wònɔ te ɖo. Biblia gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Biblia mede dzi ƒo na mí be míanye amewo yomedzelawo o. (Mateo 23:10) Gake egblɔ na mí be míazu “amesiwo toa xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me nyia ŋugbedodowo ƒe dome la, srɔ̃lawo.” (Hebritɔwo 6:12) Apostolo Paulo si ŋlɔ nya mawo la ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na Kristotɔ gbãtɔwo. Esia tae wòte ŋu gblɔ be: “Mizu srɔ̃nyelawo, abe alesi nye hã menye Kristo-srɔ̃la ene.”—Korintotɔwo I, 11:1.
Nenema tututue ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Timoteo wɔ. Xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli va ɖo wo kple Paulo dome esi wozɔ mɔ ɖekae wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa. (Dɔwɔwɔwo 16:1-4) Paulo va tsɔ Timoteo abe ‘via lɔlɔ̃a kple nuteƒewɔla le Aƒetɔa me ene.’ (Korintotɔwo I, 4:17) Timoteo va zu ŋutsu Kristotɔ ɖedzesi aɖe le Paulo ƒe kpekpeɖeŋu ta.—Filipitɔwo 2:19-23.
Gake nukae ate ŋu adzɔ ne kpɔɖeŋuɖola gbegblẽ ye nètia? Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Richard gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 15 la, nye sukuhati aɖe si ŋkɔe nye Mario va zu xɔ̃nye vevi. Kristotɔwoe dzinyelawo nye, eye wodze agbagba be yewoakpe ɖe ŋunye le gbɔgbɔ me. Gake Mario ya sea vivi le nu geɖe me—diskoɣeɖuƒewo, kplɔ̃ɖoƒewo, dzokekewo, kple nu mawo tɔgbe. Ete ŋu wɔa nusianu si wòdi ɣesiaɣi si dze eŋu. Mele nenema le gonyeme o. Eyata esi mexɔ ƒe 16 la, megblɔ na dzinyelawo be medi be madzudzɔ Kristotɔnyenye eye medzudzɔ hã.”
Ðe afɔku mawo tɔgbe le ame xɔŋkɔwo kple kamedefefewɔla xɔŋkɔwo sɔsrɔ̃ mea? Ẽ, woli. Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe kamedefefewɔla, modzakaɖefefewɔla, alo hadzila ƒe agbagbadzedze ŋu megblẽ ya o. Gake bia ɖokuiwò be, ‘kpɔɖeŋu ka tɔgbe amesiawo ɖona le woa ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ me?’ Ðe míesea kamedefefewɔlawo, hadzilawo, kple fefewɔla bubuwo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, atikevɔ̃ɖizazã, kple ahatsunono ŋuti nyawo oa? Ðe menye nyateƒe hã be togbɔ be ga le wo si eye woxɔ ŋkɔ hã la, dzidzɔ mele wo dometɔ geɖe ƒe agbenɔnɔ me o eye agbe medzea edzi na wo oa? Ne èlé ŋku ɖe nuwo ŋu le mɔ sia nu la, nu nyui kae ate ŋu ado tso amesiawo tɔgbe sɔsrɔ̃ me?
Enye nyateƒe be ame xɔŋkɔwo ƒe ɖawɔwɔ, awudodo, alo nuƒoƒo sɔsrɔ̃ adze nu tsɛ aɖee. Gake ate ŋu anye mɔɖeɖe be ‘míaƒe anyinɔnɔ naɖi xexeame tɔ’ ƒe afɔɖeɖe gbãtɔ. (Romatɔwo 12:2) Nuwɔna ma adze nudodzidzɔname le gɔmedzedzea me. Gake ne eva kpɔ ŋusẽ ɖe dziwò keŋkeŋ la, ate ŋu atrɔ wò nɔnɔme le mɔ aɖewo nu wòagblẽ mia kple Mawu dome godoo. Biblia gblɔ le Yakobo 4:4 be: “Xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu.”
Alesi Kpɔɖeŋunyuiɖola Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe
Gake amesi ɖoa kpɔɖeŋu nyui ƒe nuwɔna sɔsrɔ̃ ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wò agbe dzi! Àte ŋu akpɔ ame geɖe siwo nye “kpɔɖeŋu . . . le nuƒoƒo me, le anyinɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le xɔse me, le dzadzɛnyenye me” la le hati Kristotɔwo dome. (Timoteo I, 4:12) Nyateƒee, ele be nàɖɔ ŋu ɖo le zɔhɛwo tiatia me le Kristo-hamea gɔ̃ hã me. (Timoteo II, 2:20, 21) Gake zi geɖe la mesesẽ be nàde dzesi amesiwo le “nyateƒe la me zɔm” le hamea me o. (Yohanes II, 4) Gɔmeɖose si le Hebritɔwo 13:7 gblɔ be: “Mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.” Alesi hatiwò akpa gãtɔ ƒe agbenɔnɔ ava nye la mele nyanya haɖe o. Gake ame tsitsiwo le hamea me siwo ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ fia, eye nunya le eme be nànya wo.
Àbia be, ‘Ele be manya ame tsitsiwoa?’ Nyateƒee, ɖewohĩ esia wɔwɔ madzro wò le gɔmedzedzea me o. Gake ɖo ŋku ƒomedodo si nɔ Timoteo kple exɔlɔ̃ tsitsi apostolo Paulo dome dzi. Paulo kpɔ ŋutete si nɔ Timoteo me la dze sii eye wòde dzi ƒo nɛ be ‘wòade dzo Mawu ƒe amenuvevenunana’ si le eme la me. (Timoteo II, 1:6) Ðe viɖe manɔ eme be ame aɖe nanɔ ŋuwò si akpe ɖe ŋuwò eye wòade dzi ƒo na wò, amesi aɖo aɖaŋu na wò be nàtu Mawu ƒe nunana siwo le mewò ɖo oa?
Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Bryan kpɔe be nyateƒee nya sia nye. Eɖokui bubu ame tsɛe zu kuxi nɔ fu ɖem nɛ hafi wòva te hadede kple subɔsubɔdɔwɔla aɖe si nye ame tsitsi le hamea me. Bryan gblɔ be: “Alesi wòbua ame bubuwo kple nye hã ŋu lɔlɔ̃tɔe; dzo si le eme ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu; kple eƒe nuƒo nyuiwo ƒoƒo dzea ŋunye ŋutɔ.” Bryan le viɖe kpɔm le beléle si wòxɔ tso Kristotɔ tsitsi sia gbɔ me xoxo. Elɔ̃ ɖe edzi ɖikekemanɔmee be: “Ekpe ɖe ŋunye mete ŋu trɔ tso alesi menɔ tsã me—ŋukpe kple dzidzɔmakpɔmakpɔ.”
Dzilawo Nanye Kpɔɖeŋuɖolawo
Agbalẽ si nye Adolescence—Generation Under Pressure (Ƒewuiviwo—Dzidzime si Ðo Xaxa Me) gblɔ be dzilawoe nye “ŋusẽkpɔɖeamedzi vevitɔ kekeake ɖeka kolia si akpe ɖe ƒewuivi ŋu wòatsi aɖo ta loo alo ado kplamatse eƒe taɖodzinu gbɔ ɖoɖo alo ahee ɖe megbe.” Agbalẽa gblɔ kpe ɖe eŋu be mɔfiame si to mɔ ɖeka kple ŋusẽkpɔɖeamedzi ma manɔmee la, sɔhɛwo “ava nɔ abe tɔdziʋu si ŋu kuɖɔɖoti mele o, si ƒutsotsoe ɖesiaɖe trɔna ene.”
Nya si nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ ƒe 1,900 kple edzivɔ enye sia dze le aɖaŋuɖoɖo sia me, abe alesi woŋlɔe ɖe Yakobo 1:6 ene be: “Ke neɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖi aɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la.” Ðewohĩ ènya hatiwò sɔhɛ aɖewo siwo le nenema pɛpɛpɛ. Wonɔa agbe ɖe egbea ƒe dzidzɔkpɔkpɔ nu etsɔme ŋu mabumabui.
Dzila mawuvɔ̃la siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le hamea me siwo nye yayra lae le asiwòa? Ne nenemae la, ɖe nèbɔbɔa ɖokuiwò ɖe woƒe ŋusẽ tea? Alo ɖe nèhea nya kpli wo ɣesiaɣia? Nyateƒee, dziwòlawo mede blibo o. Gake mègaŋe aɖaba ƒu woƒe nɔnɔme nyuiwo dzi o—nɔnɔme siwo aɖe vi na wò ne èsrɔ̃ wo. Sɔhɛ Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Jarrod ŋlɔ be: “Dzinyelawo ƒe nuwɔnawo dzea ŋunye ŋutɔ. Alesi wotsɔa dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ɣesiaɣi, alesi wonɔa te ɖe gakuxiwo nui, kple alesi wode dzi ƒo nam be mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, nusiawo katã kpɔ ŋusẽ nyui ɖe dzinye. Dzinyelawo ƒe kpɔɖeŋue mesrɔ̃na ɣesiaɣi.”
Kpɔɖeŋuɖola Nyuitɔ Kekeake
Esi Gallup-numekuhabɔbɔ bia sɔhɛ aɖewo le United States be amekae wosusu be eyae nye ame vevitɔ kekeake le ŋutinya me hã la, wo dometɔ akpa gãtɔ tia Amerika dunyahela ŋkutawo. Alafa memamã 6 koe tia Yesu Kristo. Gake Biblia gblɔ na mí be Yesu Kristo gblẽ ‘kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí, bene míadze eƒe afɔɖoƒewo yome.’ (Petro I, 2:21; Hebritɔwo 12:3) Ede dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woasrɔ̃ nu tso ye gbɔ. (Mateo 11:28, 29) Gake aleke tututue nèle ema wɔ gee?
Dze agbagba nànya nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu nyuie. Dze agbagba nàxlẽ Nyanyuigbalẽawo katã, tsɔ kpe ɖe agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ŋu.a Lé ŋku ɖe alesi Yesu fia nui, alesi wòwɔ nu kple amewo nublanuikpɔkpɔtɔe, kple alesi wòdo dzi le fukpekpe mee ŋu. Àva kpɔe be Yesue nye kpɔɖeŋuɖola nyuitɔ kekeake si nàte ŋu asrɔ̃.
Zi alesi nèva nya kpɔɖeŋuɖola debliboa nyuie wu la, zi nenemae wòasesẽ be hati alo ame xɔŋkɔ siwo nye ame gbegblẽwo ƒe nu nadzro wò. Èɖo ŋku Ping ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe kamedefefewɔla xɔŋkɔa ŋu dzia? Baseketball ƒoƒo gadoa dzidzɔ na Ping ɣeaɖewoɣi ya, gake eva kpɔe dze sii be movidzɔdzɔe wònye be yeanye ame xɔŋkɔwo srɔ̃la.
Ke Richard ya ɖe? Kpɔɖeŋuɖola si wòtia na be wòva gbe Kristotɔwo ƒe dzixɔsea. Gake Richard va nya ɖekakpui aɖe si xɔ ƒe 20 kple edzivɔ si ŋkɔe nye Simon, si nye Yehowa Ðasefowo. Richard gblɔ be: “Simon dze xɔ̃m, eye wòkpe ɖe ŋunye mekpɔe dze sii be ame ate ŋu ase vivi na agbe gake mada le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi o. Enumake mete bubu dede Simon ŋu, eye kpɔɖeŋu si wòɖona wɔ akpa gã aɖe le nye tɔtrɔgbɔ va hemea me kple nye agbe tsɔtsɔ ɖe adzɔgbee na Yehowa me. Fifia dzi dzɔam wu, eye gɔmesese ŋutɔŋutɔ va le nye agbe ŋu.”
Ẽ, kpɔɖeŋuɖola si nètia la le vevie vavã!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Hadede kple ame tsitsi siwo ŋu bubu le ate ŋu akpe ɖe ŋuwò