INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/00 axa 4
  • Amesi Kpea Ŋue Nènyea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amesi Kpea Ŋue Nènyea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukata Nyemete Ŋu Doa Vivi Ðe Ame Ŋu Boo O?
    Nyɔ!—1999
  • Ŋu Kpeam—Nu Kae Mate Ŋu Awɔ Tso Eŋu?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Aleke Mawɔ Ado Vivi Ðe Ame Ŋu Wu?
    Nyɔ!—1999
  • Yehowa Ado Ŋusẽ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 7/00 axa 4

Amesi Kpea Ŋue Nènyea?

1 Mewɔa nuku na mí ne míekpɔ ɖevi sue wòbe ɖe dadaa alo fofoa xa le ŋku fim le mía kpɔm o. Ŋukpe nye nusi le dzɔdzɔme nu le ɖevimenɔɣi ƒe gɔmedzedze. Ame geɖe gakpea ŋu vie ne wozu ame tsitsiwo gɔ̃ hã. Nukae nàte ŋu awɔ ne ŋukpe gblẽa nu le wò gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ŋu?

2 Tenɔnɔ Ðe Ŋukpe Nu: Ele vevie be míalé ŋku ɖe “dzime ƒe ame ɣaɣla” la ŋu. (Pet. I, 3:4) Na lɔlɔ̃ si le mewò na Yehowa kple hawòvi nasẽ ŋu. Ka ɖe edzi bliboe be gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ nye mɔ nyuitɔwo kekeake si dzi nàto aɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia dometɔ ɖeka. Ðokuisinusɔsrɔ̃ kple kpekpeawo dede ƒe ɖoɖowɔɖi nyui nenɔ asiwò. Do gbe ɖa edziedzi nàbia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Xɔse sẽŋu kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu atu wò dzideƒo ɖo eye wòana be ‘dzi nanɔ ƒowò geɖe wu tsã le mawunyagbɔgblɔ mavɔ̃mavɔ̃e me.’—Fil. 1:14.

3 Ðu sese le ɖokuiwò me be yemedze o dzi. Edze abe ehiã be Timoteo nawɔ nusia ene. Paulo de dzi ƒo na Timoteo be ‘megana ame aɖeke nado vlo eƒe ɖekakpuinyenye o,’ eye wòɖo ŋku edzi nɛ be ‘Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke boŋ ŋusẽgbɔgbɔe wòna mí.’ (Tim. I, 4:12; Tim. II, 1:7) Yehowa zã Timoteo bliboe, eye azã wò hã nenema ke ne èɖe zɔ yi ŋgɔ heka ɖe Eyama dzi bliboe.—Ps. 56:12.

4 Ŋugbledede le Biblia ƒe kpukpuiwo, abe Mateo 10:37 ene ŋu kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe si ƒe ŋukpekpe wɔe be srɔ̃aŋutsu ƒe tsitretsiɖeŋu doa ŋɔdzi nɛ ŋu. Subɔsubɔdɔa wɔwɔ va nɔ bɔbɔe nɛ wu esi wòyi edzi ku kutri eye srɔ̃aŋutsua, dadaa, kple nɔviaŋutsuwo katã va xɔ nyateƒea mlɔeba!

5 Dzadzraɖo Le Vevie: Kakaɖedzi si le mewò agadzi ɖe edzi ne èdzra ɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu nyuie do ŋgɔ. Tia ɖaseɖinya bɔbɔe aɖe tso Reasoning-gbalẽa alo Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tata siwo va yi me, srɔ̃e nyuie, eye nàto eme. Le esi teƒe be nàna be dzimaɖitsitsi naxɔ mewò la, kakaɖedzi boŋ nenɔ mewò. Na be dɔwɔwɔ kple ame bubuwo kplikplikpli nade dzi ƒo na wò. Nenɔ susu me na wò be ame geɖe siwo nàdo goe le ʋɔtruwo nu kpea ŋu abe ye ke ene. Amesiame hiã Fiaɖuƒegbedasia.

6 Dzi megaɖe le ƒowò ne èkpea ŋu o. Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàzu nyanyuigbeƒãɖela adodoe ne èyi edzi ku kutri. Ekema dzi adzɔ wò le wò subɔsubɔdɔa me.—Lod. 10:22.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe