Nukata Nàna Nu Yehowa?
AHOSI aɖe bɔbɔ nɔ nake fɔm esime ŋdɔ nɔ bibim vlevlevle le Zidon-du Zarpat me. Ele be wòado dzo aɖa nu sue aɖe—ɖewohĩ eyae nye nu mamlɛtɔ si eya kple viaŋutsuvi woaɖu. Edze agbagba lé eya ŋutɔ kple viaŋutsua ɖe agbe to kuɖiɖi kple dɔwuame didi aɖe me, eye nɔnɔme wɔnublanui sia mee wova ɖo mlɔeba. Dɔ nɔ wo wum vevie.
Ŋutsu aɖe va do. Eŋkɔe nye Eliya, eye ahosia kpɔe dze sii enumake be Yehowa ƒe nyagblɔɖilae wònye. Edze abe ese nu tso Mawu sia ŋu kpɔ ene. Yehowa le vovo na Baal, si ƒe subɔsubɔ vɔ̃ɖi gblẽku si bɔ ɖe wo denyigba Zidon dzi la tɔ. Eyata esi Eliya bia tsinonoe la, edi vevie be yeanae. Ðewohĩ esusu be ema wɔwɔ ana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu. (Mateo 10:41, 42) Gake Eliya gabia nu bubu kpee—nuɖuɖu sue aɖe. Nyɔnua ɖe eme be nusi yewoaɖu zi mamlɛtɔ koe li. Gake Eliya ganɔ ebiabia dzi, eka ɖe edzi nɛ be Yehowa ana nuɖuɖui nukutɔe vaseɖe esime kuɖiɖia nu natso. Nukae nyɔnua wɔ? Biblia gblɔ be: “Eye wòyi ɖawɔ, abe alesi Eliya gblɔ ene.” (Fiawo I, 17:10-15) Nya siawo siwo me kɔ kɔte la ɖe xɔsedɔ gã aɖe fia—le nyateƒe me la, enye xɔse si lolo ale gbegbe be Yesu Kristo kafu ahosia le ƒe akpe ɖeka kloe megbe!—Luka 4:25, 26.
Ke hã la, awɔ nuku be Yehowa nabia nu ma gbegbe tso nyɔnu dahe ma si. Nenema tututue wòle ne míede ŋugble le gbe si ame ŋkuta aɖe do ɖa kpɔ la ŋu. Nudzɔdzɔ siwo Fia Dawid xɔ na via Salomo bene wòazã atsɔ atu gbedoxɔ la ʋã amewo wona nu geɖe. Le egbe me la, nusiwo wodzɔ la ƒe home ade dɔlar biliɔn geɖe! Gake Dawid gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be: “Ameka menye, eye ameka nye dukɔ la nye be, míekpɔ ŋusẽ hena nu faa alea? Elabena nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me míexɔ wo le hetsɔ na wò.” (Kronika I, 29:14) Abe alesi Dawid gblɔe ene la, Yehowa gbɔe nusianu tso. Eyata ɣesiaɣi si míana nu atsɔ ado tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ la, nusi nye Yehowa tɔ xoxo koe míegale tsɔtsɔm nɛ. (Psalmo 50:10) Eyata biabia la va be, Susu ka koŋ tae Yehowa di be míana nu ye?
Subɔsubɔ Vavãtɔ ƒe Akpa Vevi Aɖee
Eŋuɖoɖo kpui ye nye be Yehowa wɔe be nunana nye subɔsubɔ dzadzɛtɔ ƒe akpa vevi aɖe tso blema ke. Nuteƒewɔla Habel tsɔ eƒe lã nyuitɔwo dometɔ aɖewo sa vɔe na Yehowa. Blemafofo Noa, Abraham, Isak, Yakob, kple Hiob hã sa vɔ mawo tɔgbe.—Mose I, 4:4; 8:20; 12:7; 26:25; 31:54; Hiob 1:5.
Wode se le Mose ƒe Sea me be woana nu Yehowa eye wowɔ ɖoɖo ɖe eŋu gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, wode se na Israel-viwo katã be woana nu ewolia, alo woana woƒe agblemenuwo kple woƒe lãhawo ƒe ewolia. (Mose IV, 18:25-28) Womewɔ ɖoɖo ɖe nudzɔdzɔ bubuwo ŋu nenema o. Le kpɔɖeŋu me, wobia tso Israel-vi ɖesiaɖe si be wòatsɔ eƒe lãhawo kple agblemenuwo ƒe gbãtɔ ana Yehowa. (Mose II, 22:28, 29; 23:19) Gake Sea ɖe mɔ na amesiame be wòatia eƒe nu gbãtɔwo ƒe agbɔsɔsɔme si wòana, ne wonya nye eƒe nu nyuitɔwo kekeake ko. Ele Sea me hã be woawɔ akpedada kple adzɔgbeɖeɖe nunanawo, siwo katã tsoa lɔlɔ̃nu faa me. (Mose III, 7:15, 16) Yehowa de dzi ƒo na eƒe amewo be woana nu le alesi yeyra woe nu. (Mose V, 16:17) Abe alesi wònɔ le avɔgbadɔa kple emegbe le gbedoxɔa tuɣi ene la, amesiame na nu le alesi eƒe dzi ʋãe be wòanae nu. (Mose II, 35:21; Kronika I, 29:9) Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ mawo dze Yehowa ŋu ale gbegbe!
Le “Kristo ƒe se la” te la, wodi be nunanawo katã natso lɔlɔ̃nu faa me. (Galatiatɔwo 6:2; Korintotɔwo II, 9:7) Mefia be Kristo yomedzelawo dzudzɔ nunana alo naa nusi le sue wu o. Kura o! Esi Yesu kple eƒe apostolowo nɔ gbeƒã ɖem le Israel la, nyɔnu aɖewo nɔ wo yome eye wotsɔ woƒe nunɔamesiwo subɔ woe. (Luka 8:1-3) Nenema ke apostolo Paulo hã xɔ nunanawo tsɔ do alɔ eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔae, eye eya hã de dzi ƒo na hame aɖewo be woana nu ame bubuwo esime hiã tu wo. (Korintotɔwo II, 8:14; Filipitɔwo 1:3-5) Dziɖuha si nɔ Yerusalem la de dɔ asi na ŋutsu siwo dze be woakpɔ egbɔ be womã nusiwo wodzɔ la na amesiwo hiã tu. (Dɔwɔwɔwo 6:2-4) Edze ƒã be Kristotɔ gbãtɔwo kpɔe be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoado alɔ subɔsubɔ dzadzɛtɔ le mɔ mawo nu.
Gake míabia be nuka koŋ tae Yehowa wɔe be nunana nye eƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe hã. De ŋugble le susu ene aɖewo ŋu kpɔ.
Nusita Míenaa Nu
Gbã la, Yehowa na nunana nye subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa aɖe elabena nunana nyo na mí. Eɖea míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe dɔmenyonyo ŋu fiana. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖevi aɖe ƒle nane na edzila alo na nui la, nukata dzila la kpɔa dzidzɔ? Ðe nunana la su nuhiahiã vevi aɖe nu si anye ne dzila la mate ŋu akpɔ egbɔ to mɔ bubu aɖeke dzi oa? Ðewohĩ menye nenema tae o. Ke boŋ evivia dzila la nu be wòkpɔ be ŋudzedzekpɔkpɔ kple nunana ƒe gbɔgbɔ le ɖevia me. Susu mawo ke tae Yehowa dea dzi ƒo na mí be míana nu eye evivia enu ne míena nu. Aleae míeɖenɛ fianɛ be míekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe dɔmenyo gbogbo la kple eƒe asimeʋuʋu na mí la ŋu. Eyae nye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” nala, eyata susu siwo ta míada akpe nɛ magbe mía si nɔnɔ gbeɖe o. (Yakobo 1:17) Ƒo wo katã ta la, Yehowa tsɔ eya ŋutɔ ƒe Vi lɔlɔ̃a na, eye eɖe mɔ be wòku bene míate ŋu anɔ agbe tegbee. (Yohanes 3:16) Ðe míate ŋu ada akpe nɛ wòade edeƒea?
Evelia, ne nunana zu numame na mí la, míetoa edzi srɔ̃a Yehowa kple Via Yesu Kristo le mɔ vevitɔ kekeake aɖe nu. Yehowa le nunana dzi, eʋua asime ɣesiaɣi. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, enaa “agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã” mí. (Dɔwɔwɔwo 17:25) Esɔ be míada akpe nɛ ɖe ya ɖesiaɖe si míegbɔna, nuɖuɖu ɖesiaɖe si míaka ade nu me, dzidzɔ kple dzidzeme kpɔɣi ɖesiaɖe si asu mía si le agbe me la ta. (Dɔwɔwɔwo 14:17) Yesu ɖe nunanagbɔgbɔ fia abe Fofoa ene. Etsɔ eɖokui na faa. Ènya be nukunu ɖesiaɖe si Yesu wɔ la nane buna le eŋua? Ŋɔŋlɔawo gblɔe na mí wu zi ɖeka be esime wòda gbe le dɔnɔwo ŋu la, ŋusẽ ‘doa go tsoa eme.’ (Luka 6:19; 8:45, 46) Yesu na nu faa ale gbegbe be etsɔ eƒe luʋɔ gɔ̃ hã, eƒe agbe, de ku me.—Yesaya 53:12.
Eyata ne míena nu, eɖanye míaƒe ɣeyiɣi, míaƒe ŋusẽ, alo míaƒe nunɔamesie o la, míesrɔ̃a Yehowa eye míedoa dzidzɔ na eƒe dzi. (Lododowo 27:11; Efesotɔwo 5:1) Míesrɔ̃a kpɔɖeŋu deblibo si nu amegbetɔ anɔ agbe ɖo si Yesu Kristo ɖo ɖi na mí la hã.—Petro I, 2:21.
Etɔ̃lia, nunana kpɔa hiahiã ŋutɔŋutɔwo kple esiwo le vevie gbɔ. Le nyateƒe me la, Yehowa ate ŋu akpɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo gbɔ bɔbɔe míaƒe kpekpeɖeŋu manɔmee, abe alesi ko wòate ŋu ana kpewo nado ɣli tsɔ wu be wòazã míawo bene míaɖe gbeƒã nya la ene hafi. (Luka 19:40) Gake eɖoe be yeatsɔ mɔnukpɔkpɔ siawo ade bubu mía ŋui. Eyata ne míetsɔ míaƒe nunɔamesiwo na tsɔ do Fiaɖuƒedɔwo ɖe ŋgɔ la, míaƒe dzi dzea eme esi míenya be míele gome kpɔm ŋutɔŋutɔ le dɔ vevitɔ kekeake si wɔm wole le xexe sia me la me.—Mateo 24:14.
Megahiã be míagblɔe o be, kɔba hiã bene woatsɔ ade Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔa me. Le ƒe 1995 ƒe subɔsubɔƒea me la, Habɔbɔa zã dɔlar miliɔn 60 kloe tsɔ kpɔ mɔɖela veviwo, dutanyanyuigblɔlawo, kple dzikpɔla mɔzɔlawo ɖeɖeko dzi le woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔwo wɔwɔ me. Gake ema nye gazazã sue ŋutɔ ne míetsɔe sɔ kple xɔtudɔwo kple alɔdzedɔwɔƒewo kpakple agbalẽtaƒewo dzi kpɔkpɔ le xexeame godoo. Gake lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo dzie wotona kpɔa esiawo katã gbɔ!
Yehowa ƒe amewo mebunɛ be ne alɔme mele yewo si o ko la ɖeko yewoaɖe asi le eme na ame bubuwo o. Nɔnɔme ma ate ŋu ana be gomekpɔkpɔ le míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa sia me la nato mía ŋu. Apostolo Paulo gblɔ be Kristotɔ siwo nɔ Makedonia la nɔ “ahedada, si nu sẽ la” me. Ke hã la, woɖe kuku be woana mɔnukpɔkpɔ yewo be yewoana nu. Eye Paulo ɖi ɖase be nusi wona la “wu alesi wote ŋui hã”!—Korintotɔwo II, 8:1-4.
Enelia, Yehowa wɔe be nunana nye subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa aɖe elabena nunana ana míakpɔ dzidzɔ. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35, NW) Nenemae Yehowa wɔ míi. Susu nyui aɖee wòganye si ta míase le mía ɖokui me be nu agbɔsɔsɔme ka kee míena o, míate ŋu anae wòade ŋudzedze si míekpɔna ɖe Yehowa ŋu le míaƒe dzime nu gbeɖe o. Gake enye dzidzɔ be Yehowa mekpɔa mɔ be míana nu wu alesi míate ŋui o. Míate ŋu aka ɖe edzi be ne míena nusi míate ŋui kple dzidzɔ la, evivia enu!—Korintotɔwo II, 8:12; 9:7.
Yayrawo Tsoa Nunanagbɔgbɔ Ðeɖefia Me
Ne míagatrɔ ɖe kpɔɖeŋu si míewɔ do ŋgɔ ŋu la, tsɔe ko be Zarpat ahosi la bui be ame bubu ana nuɖuɖu si hiã Eliya lae. Yayra ka gbegbee nye si ato eŋu ɣemaɣi!
Ðikeke aɖeke mele eme o be Yehowa yraa amesiwo ɖea nunanagbɔgbɔ fiana. (Lododowo 11:25) Zarpat ahosi la mekpe fu le esi wòɖe asi le nusi wòbu be enye yeƒe nuɖuɖu mamlɛa ŋu ta o. Yehowa tsɔ nukunu aɖe ɖo eteƒe nɛ. Abe alesi Eliya do ŋugbe nɛ ene la, eƒe wɔze kple amigoe me meɖi gbɔlo o vaseɖe esime kuɖiɖia nu yi. Gake egaxɔ yayra si wu ema gɔ̃ hã. Esi viaŋutsu dze dɔ heku la, Eliya, Mawu vavã la ƒe ame, gbɔ agbee nɛ. Aleke ema atui ɖo le gbɔgbɔ mee nye si!—Fiawo I, 17:16-24.
Míele mɔ kpɔm be woatsɔ nukunuwo ayra mí egbea o. (Korintotɔwo I, 13:8) Gake Yehowa ka ɖe edzi na mí be yealé amesiwo subɔa ye tso luʋɔ blibo me la ɖe te. (Mateo 6:33) Eyata míate ŋu aɖi Zarpat ahosi la le go ma me, míana nu faa, aka ɖe edzi be Yehowa alé be na mí. Nenema ke míawo hã míate ŋu akpɔ gbɔgbɔmeyayra gbogbowo. Ne míaƒe nunana nye gbesiagbenuwɔna tsɔ wu be wòanye nusi míawɔ truka esi wòʋa mí le ɣeaɖeɣi ta ko la, akpe ɖe mía ŋu be míaƒe ŋku dzi nadza eye wòanɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo dzi abe alesi Yesu de eƒe dzi ƒo ene. (Luka 11:34; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 16:1, 2.) Ana míakpɔe hã be míete ɖe Yehowa kple Yesu ŋu wu le woƒe hadɔwɔlawo nyenye me. (Korintotɔwo I, 3:9) Eye adzi míaƒe asimeʋuʋu kple nunanagbɔgbɔ si ɖea dzesi le Yehowa subɔlawo ŋu le xexeame godoo la ɖe edzi.
[Aɖaka si le axa 31]
MƆ SIWO DZI AME AÐEWO TONA DZƆA NU
NUDZƆDZƆ HENA XEXEAME KATÃ ƑE DƆA
Ame geɖe ɖoa ga home aɖe ɖi koŋ si wodana ɖe nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ ɖo be: “Nudzɔdzɔ Hena Habɔbɔa ƒe Xexeame Katã ƒe Dɔa—Mateo 24:14” me. Hameawo ɖoa ga siawo ɖe xexeame katã ƒe dɔwɔƒea ƒe ta le Brooklyn, New York, alo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le wo gbɔ la, ɣleti sia ɣleti.
Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo hã ɖe Treasurer’s Office, Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483, alo ɖe Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔa me. Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe si aɖe eme be wotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu.
NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO
Woate ŋu atsɔ ga na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be wòanɔ zazãm gbɔ vaseɖe nunala la ƒe ku megbe hafi wòazu Habɔbɔa tɔ keŋkeŋ, eye ɖoɖo nanɔ eŋu be ne nunala la hiã nɛ la, woagatrɔe nɛ. Taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office nàzã adrɛs si míeyɔ ɖe etame la hena numeɖeɖe bubuwo xɔxɔ.
NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO
Tsɔ kpe ɖe ga si woatsɔ ake keŋkeŋ kple ga nunana siwo woagate ŋu axɔ emegbe ŋu la, mɔnu bubuwo li si dzi woato ana nu bene woatsɔ ado alɔ Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa le xexeame godoo. Wo dometɔ aɖewoe nye:
Nugblẽfewo Xexe: Woate ŋu ayɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe ŋkɔ be eyae woaxe nugblẽfe ƒe ga na ne yeku alo be woaxe yeƒe dzudzɔxɔxɔledɔmega nɛ. Ele be woana Habɔbɔa nanya nu le ɖoɖo siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu.
Ga si Le Gadzraɖoƒe: Woate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa nanɔ ga si woda ɖe gadzraɖoƒe, ga siwo woda ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo ga si woaxe na ame ne wodzudzɔ dɔwɔwɔ la zãm gbɔ alo woana woaxe wo nɛ ne nunala la ku, le mia gbɔ gadzraɖoƒea ƒe ɖoɖowo nu. Ele be woana Habɔbɔa nanya nu le ɖoɖo siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu.
Ga si Wode Dɔ aɖe me Kple Esi Wodo na Dɔwɔƒe aɖe ƒe Gomewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe la ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa abe nusi wotsɔ kee keŋkeŋ ene alo kple ɖoɖo be woanɔ eƒe viɖewo xem na nunala la.
Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa abe nusi ŋu woɖe asi le keŋkeŋ ene alo woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi na nunala la be wòanɔ eme le eƒe agbe me. Ele be woana Habɔbɔa nanya hafi woawɔ agbalẽ ɖe aƒe alo anyigba siawo dzi na Habɔbɔa.
Domenyinu Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Woate ŋu ato domenyinumãgbalẽ si wowɔ le setɔwo gbɔ dzi atsɔ nunɔamesi alo ga si anye domenyinu la ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, alo woate ŋu ayɔ Habɔbɔa ŋkɔ be wòanɔ amesiwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nunɔamesi siwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe la ta o. Ele be woatsɔ domenyinumãgbalẽa alo nusi woanɔ zazãm gbɔ ƒe ɖaseɖigbalẽ ɖeka ana Habɔbɔa.
Amesiwo di be yewoazã nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒe mɔnu siawo dometɔ aɖe la nazã adrɛs si le ete atsɔ aŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Planned Giving Desk, alo woaŋlɔ na Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dukɔ si me wole ƒe dɔa dzi. Ele be “Planned Giving Desk” naxɔ agbalẽ vevi siwo ku ɖe ɖoɖo siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu ƒe ɖeka.
Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza aɖe ɖe Eŋlisigbe me si ƒe ŋkɔe nye Planned Giving. Ðewohĩ nyatakaka sia akpe ɖe amesiwo le United States siwo le ɖoɖo wɔm be yewoaɖo nunana tɔxɛ aɖe ɖe Habɔbɔa fifia alo agblẽ domenyinu ɖi nɛ le woƒe ku megbe la ŋu. Ema nye nyateƒe vevietɔ ne wodi be yewoaɖo ƒomea ƒe taɖodzinu alo domenyinumãɖoɖo aɖe gbɔ eye woawɔ adzɔxeviɖewo ŋudɔ atsɔ aɖe nunana alo domenyinua ƒe adzɔwo dzi akpɔtɔ. Agbalẽ gbadza la ate ŋu aka amesi dii la si ne eŋlɔ agbalẽ loo alo eƒo ka.
PLANNED GIVING DESK
Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
100 Watchtower Drive, Patterson, New York 12563-9204
Telephone: (914) 878-7000