“Ʋli Xɔse ƒe Ʋiʋli Nyui La”
1 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be ‘wòaʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la.’ (Tim. I, 6:12) Paulo ŋutɔ wɔ ɖe nya mawo dzi. Egblɔ kple kakaɖedzi le eƒe agbenɔɣi ƒe ɣeyiɣi mamlɛawo me be ye ŋutɔ yeʋli ʋiʋli nyui la. (Tim. II, 4:6-8) Ewɔ subɔsubɔdɔa le go sia go me kple dzinɔameƒo, dzideƒo, kple dzidodo. Ne míesrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua la, kakaɖedzi ma tɔgbe be míele míaƒe ŋutete ɖesiaɖe wɔm le Kristotɔwo ƒe xɔse la taʋiʋli me ate ŋu anɔ mía si.
2 Dze Agbagba si Hiã: Paulo ku kutri le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Kor. I, 15:10) Nenema ke wòanɔ le míawo hã gome ne míedi amesiwo dze le míaƒe anyigbamama me. (Mat. 10:11) Keke ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu ate ŋu abia be míafɔ kaba aɖi ɖase na amesiwo míado goe le ablɔwo dzi. Alo ate ŋu abia be míaɖe gbeƒã le ɣetrɔ alo fiẽsiwo me be míado go amesiwo gbɔ va aƒeme.
3 Ebia ɖokuimamla kple ɖoɖo nyui wɔwɔ be míanɔ game dzi akpe kple agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo si me míele hena gbeadziyiyi. Le kpɔɖeŋu me, Betel-ƒomea me tɔ aɖewo zɔa mɔ kilometa 12 yi ɖakpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kple hame siwo me woɖo wo ɖo le kwasiɖanuwuwuwo eye wogazɔnɛ nenema gbɔna. Míekpɔa ŋudzedze ɖe gbeƒãɖela kple ƒome siwo le míaƒe hamea me siwo zɔa mɔ legbe, gake nɔa game dzi la hã ŋu. Kutrikuku kple ɖoɖonyuiwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu siawo dze na sɔsrɔ̃.
4 Ele be míase le mía ɖokui me be míatrɔ ayi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ. Ele be míadze agbagba axɔ amewo ƒe adrɛs alo telefon xexlẽdzesi ne míele agbalẽ nam le ablɔdzi alo míele vomeɖase ɖim gɔ̃ hã. Ekema míate ŋu ayi aɖatu woƒe ɖetsɔlemea ɖo ahadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo emegbe.
5 De Gbeadzi Edziedzi: Paulo ɖe gbeƒã tsitotsito edziedzi. (Rom. 15:19) Ke wò hã ɖe? Èdea gbeadzi edziedzia? Ède gbeadzi le dzinu sia me xoxoa? Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo tsɔ ɖe le ekpɔkpɔ be amesiwo katã le yewoƒe ƒuƒoƒoa me de gbeadzi le August me. Woakpe ɖe ŋuwò le esia wɔwɔ me.
6 Míayi edzi anɔ “xɔse ƒe ʋiʋli nyui la” ʋlim ne míesrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋu le asikpekpe ɖe nyanyuia gbɔgblɔ ŋu bliboe me.