INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 10/8 axa 24-26
  • Aleke Mawɔ Nye Susu Nanɔ Nu Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Nye Susu Nanɔ Nu Ŋu?
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsɔ Ðe Le Eme
  • Nufiala Ðekematsɔlemetɔ Kuviadelãmenamelawo
  • ‘Toléle Ðe Nya Ŋu Geɖe Wu’
  • Alesi Nàwɔ Kpekpewo Naɖe Vi na Wò Geɖe Wu
  • ‘Lé To Ðe Nu Ŋu Geɖe Wu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nu Ka Tae Wòle Be Nàyi Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo?
    Nyɔ!—2012
  • ‘Lé Ŋku Ðe Alesi Nèɖoa Toe Ŋuti’
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Alesi Yehowa Le Mía Kplɔmee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 10/8 axa 24-26

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Nye Susu Nanɔ Nu Ŋu?

“Ƒe geɖe nye esia menɔa anyi le kpekpewo me gake meɖea vi boo aɖeke nam o. Ðeko nye susu nɔa tsatsam.”—Matthew.

ÐE NÈNƆ anyi ɖe sukuxɔ alo Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe me eye kasia nèkpɔe be yeƒe susu mele nusi me dzrom wole ŋu o kpɔa? Ne wò susu tsana ɣeaɖewoɣi la, menye wò ɖeka ko dzie wòdzɔna ɖo o. Abe alesi nyati aɖe si do ŋgɔ ɖee fiae ene la, susu ƒe nuŋumanɔmanɔ nye nusi bɔ ɖe sɔhɛwo dome.a Gake ne èdze agbagba vie hetrɔ asi le wò nɔnɔme aɖewo ŋu la, ate ŋu ana wò susu nanɔ nu ŋu geɖe wu.

Tsɔ Ðe Le Eme

Bu kamedefefewɔla bibi ŋu kpɔ. Apostolo Paulo gblɔ be “amesiame, si le kame tem la, eɖɔa ŋu ɖo le nusianu me.” Ne kamedefefewɔla ɖe mɔ nane he eƒe susu ɣeyiɣi kpui aɖe gɔ hã la, ate ŋu awɔe be maɖu dzi o. Be wòaɖu dzi la, ele be wòasrɔ̃ alesi wonaa susu nɔa nu ŋui—ado toku nukpɔlawo ƒe ɣlidodo, aŋe aɖaba ƒu eƒe vevesese kple ɖeɖiteameŋu dzi, eye wòatsri ebubu be yeado kpo nu. Gake nuka tututue doa ŋusẽ kamedefefewɔlawo be wodzea agbagba geɖe wu nenema? Apostolo Paulo gblɔ be wowɔnɛ nenema bene “woƒe asi nasu dziɖuɖukuku, si gblẽna la dzi”—dziɖuɖufetuwo kple nunana siwo wotsɔ naa amesiwo ɖu dzi.—Korintotɔwo I, 9:25.

Nenema ke wòle be nane naʋã wò be wò susu nanɔ nu ŋui! Agbalẽ si nye Study Is Hard Work, si William H. Armstrong, ŋlɔ gblɔ be: “Nusrɔ̃vi ƒe agba wònye be wòatsɔ ɖe le nusi srɔ̃m wòle me. Ame aɖeke mate ŋu awɔe ɖe nuwò o, eye ame aɖeke mate ŋu adzi wò ɖetsɔleme ɖe edzi ne mèɖe mɔ o.” Sidzedzee nye nu vevi si akpe ɖe ŋuwò be nàse xexe si ƒo xlã wò la gɔme nyuie. Zi geɖe alesi nèle nu nyam ɖe edzii la, zi nenemae nàte ŋu asrɔ̃ nu geɖee. Lododowo 14:6 gblɔ be: “Sidzedze le bɔbɔe na nugɔmeselawo.” Màte ŋu aɖo ŋku nusiwo katã nèsrɔ̃ le suku dzi o, gake sukudede kpena ɖe ŋuwò be nàna nuŋububu ŋutete nasu asiwò eye nàtui ɖo. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 1:4.) Ðokuimamlã kple wò susu ƒe nuŋunɔnɔ aɖe vi na wò le wò agbe me katã.

Nufiala Ðekematsɔlemetɔ Kuviadelãmenamelawo

Gake ƒewuivi aɖewo toa nyatoƒoe be edze abe yewoƒe nufialawo gɔ hã megaɖea ɖetsɔleme fiana o ene. Sɔhɛ si ŋkɔe nye Jesse gblɔ be: “Nufialawo ava tsi tre ɖe ŋgɔwò, agblɔ nya aɖewo, ade dɔ asi na wò, eye woakpã mi. Ewɔ nam be womegale dzo tsɔm ɖe dɔa ŋu o. Nufialawo metsɔa nusi fiam wole vevie o, eyata meʋaa mí be míatsɔ susu aɖo nusi fiam wole ŋu o.”

Ke ɖe wòle be nàƒo nya ta be enye ɣeyiɣi gbegblẽ be woatsɔ susu aɖo nu ŋua? Ao, menye nenema o. Ðewohĩ nɔnɔme vɔ̃ɖi aɖee na nufialawo hã va le nu wɔm nenema. Ƒewuivi si ŋkɔe nye Collin ɖe eme be: “Ame aɖeke meléa to ɖe nufialawo ŋu o, eyata ewɔna na nufialawo be ame aɖeke medi be yeasrɔ̃ nu o. Ewɔnɛ be woawo hã megadoa vevie alo tsɔa dzo ɖe nufiafia ŋu o.”

Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be àte ŋu awɔ akpa aɖe le nɔnɔme sia ɖɔɖɔɖo me. Aleke nàwɔe? Eya koe nye be nàtsɔ wò susu aɖo nusi fiam wole ŋu. Nusrɔ̃vi ɖeka ko ƒe toɖoɖo ate ŋu ana dzo yeye nagaɖo nufiala si kuvia ɖo me ɖe eƒe dɔa ŋu. Enye nyateƒe be nufiala aɖewo menya alesi woatu nusrɔ̃viwo ƒe ɖetsɔleme ɖoe ya o. Gake hafi nàɖe mɔ wò susu nava nɔ tsatsam la, bia ɖokuiwò se be ‘ɖe wònya nusi ŋu wòle nu ƒom lea?’ Ne enyae la, ke ɖoe kplikpaa be yeasrɔ̃ nane tso egbɔ. Ðo to nyuie—wò susu nenɔ eŋu! Kpɔ gome le sukuxɔ me nusɔsrɔ̃a me. Bia nya siwo ku ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Agbalẽ si nye How to Study in High School gblɔ be: “Ekpena ɖe sukuvi geɖe ŋu be woawɔ nuŋlɔɖiwo le nɔnɔmetatawo, nyawo, anyigba ƒe nɔnɔmetatawo, nyawo ƒe gɔmeɖeɖe, kple nyati vevi siwo nufiala ŋlɔna ɖe kpe dzi alo esiwo dzi wòtea gbe ɖo ŋu.”

‘Toléle Ðe Nya Ŋu Geɖe Wu’

Gake le Kristotɔwo ƒe kpekpewo gome la, alesi nèɖoa toe ate ŋu aɖe vi na wò alo agblẽ nu le ŋuwò. Jesse lɔ̃ ɖe edzi be: “Ɣeaɖewoɣi la, sɔhɛwo metsɔa susu ɖoa nanewo abe kpekpewo ene ŋu o elabena womekpɔa vevienyenye si le kpekpeawo ŋu o.” Wode se na mí le Hebritɔwo 2:1, be “míalé to ɖe nusiwo míese la ŋuti geɖe wu, bene míagato eŋuti ayi o.” Ðe nàte ŋu aɖo ŋku nane dzi le nuƒo ɖesiaɖe me le Kristo-hamea ƒe kpekpe dede vɔ megbea? Alo ɖe nèkpɔnɛ ɣeaɖewoɣi be yemete ŋu ɖoa ŋku amesi wɔ dɔdasia gɔ hã dzi oa?

Le esia hã gome la, nusi hiãe nye be nàde dzesi asixɔxɔ si le nusi srɔ̃m nèle ŋu. Eya dzie wò agbe nɔ te ɖo! (Yohanes 17:3) Nu bubu si wòle be wòanɔ susu me na wòe nye be: Ne èle Biblia srɔ̃m la, èle alesi woabu tame abe alesi Mawu ŋutɔ bua tamee ene la srɔ̃m! (Yesaya 55:8, 9) Eye ne ètsɔ nusi srɔ̃m nèle de dɔwɔna me la, èle nusi Biblia yɔ be “amenyenye yeye” la dom. (Kolosetɔwo 3:9, 10) Le go bubu me la, ne ègbe toléle ɖe nyawo ŋu la, màte ŋu awɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã le wò agbe me o; àgblẽ nu le wò ŋutɔ wò tsitsi le gbɔgbɔ me ŋu. Yehowa nya be mí katã míaƒe susu dzona le nu ŋu. Eyata eƒo koko na mí be: “Miɖo tom ko, . . . miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe!”—Yesaya 55:2, 3.

Alesi Nàwɔ Kpekpewo Naɖe Vi na Wò Geɖe Wu

Togbɔ be ele nenema hã la, toléle ɖe nya ŋu nyuie le kpekpewo me ate ŋu asesẽ na wò le gɔmedzedzea me. Gake numekulawo gblɔ be zi geɖe alesi míedzea agbagbae be míaƒe susu nanɔ nu ŋui la, zi nenemae míaƒe ahɔhɔ̃ ƒe nuŋunɔnɔ ŋutete adzi ɖe edzii. Matthew si ƒe nya míeyɔ le gɔmedzedzea me ɖu eƒe susu ƒe tsatsa le kpekpewo me dzi. Egblɔ be: “Mekpɔe be ele be mamlã ɖokuinye be mate ŋu aɖo susu nu ŋu. Eva kana ɖe eme le ɣeyiɣi aɖe megbe, eye àte ŋu atsɔ susu aɖo nu ŋu ɣeyiɣi didi wu.” Matthew tɔ asi nu vevitɔ kekeake si na kpekpewo dzɔa dzi nɛ hã dzi. Egblɔ be: “Mesrɔ̃a nua doa ŋgɔ.” Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Charese hã gblɔ nenema be: “Ne medzra ɖo do ŋgɔ la, mekpɔa gome le kpekpea me geɖe wu. Nuƒoawo me kɔna nam nyuie wu eye mesrɔ̃na nu geɖe tsoa wo me.”

Mɔxexe ɖe tamebubu siwo hea ame ƒe susu nu hã le vevie. Nyateƒee, ate ŋu anɔ eme be kuxi gbogbo aɖewo le susu me na wò: suku dodokpɔ si gɔme miadze kwasiɖa si gbɔna me, ame aɖe ƒe nɔnɔme si le nuwò ɖiam, kple gazazã aɖewo si dze ŋgɔ wò si gbɔ wòle be nàkpɔ. Gake Yesu na nuxlɔ̃ame sia be: “Amekae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atsɔ abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã? Eyaŋuti migatsi dzimaɖi le etsɔ si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etsɔ si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.” (Mateo 6:27, 34) Fɔléle ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu maɖe wò kuxiwo ɖa o, gake atu wò gbɔgbɔmemenyenye ɖo be nàte ŋu akpɔ kuxiwo gbɔ nyuie wu.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 4:16.

Toléle ɖe nya ŋu nyuie hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò wò susu nanɔ nu ŋu. Matthew gblɔ be: “Medoa ŋgɔ bua nusi nuƒola ava gblɔ le eƒe nuƒoa me ŋu eye meléa to ɖe alesi wòagblɔe ŋu.” Bia ɖokuiwò se be, ‘Nukawoe nye nyati vevi siwo me dzrom wole? Aleke mate ŋu azã nusi fiam wole la?’ Mɔkpɔkpɔ na nusi nuƒola agagblɔ ayi edzi hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò wò susu nanɔ nyaa ŋu. Dze agbagba wò susu nakplɔ eƒe numeɖeɖea ɖo. De dzesi mawunyakpukpui siwo wòtsɔ le nua me ɖemii. De ŋugble le nyati veviawo ŋu eye nàto wo ɖe eme. Wɔ nuŋlɔɖi kpui aɖewo siwo me susu le. Ne kpekpea ƒe akpa aɖe bia nyaselawo ƒe nyaŋuɖoɖo la, kpɔ gome le eme! Ewɔwɔ alea akpe ɖe ŋuwò wò susu nanɔ nu ŋu eye wòaxe mɔ na wò susu ƒe tsatsa.

Nyateƒee, toɖoɖo ate ŋu asesẽ ne dzo mele nuƒola aɖe ƒe nuƒo me o alo ne eƒe nuƒo nɔa dɔ̃. Ðo ŋku nusi ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo gblɔ le alesi wobu apostolo Paulo ƒe nuƒoƒoŋutetee ŋu dzi: “Eya ŋutɔ nye ame beli, eye eƒe nyawo mele ɖeke me o.” (Korintotɔwo II, 10:10) Gake Paulo ɖo tsitretsiɖeameŋunya mawo ŋu be: “Ne menye ame manyanu le nuƒoƒo me hã la, nyemenyee le sidzedze me o.” (Korintotɔwo II, 11:6) Nyateƒee, ne ɖe Paulo ƒe nyaselawo ŋe aɖaba ƒu eƒe nuƒoƒoŋutete dzi eye wotsɔ susu ɖo nu vevi si wògblɔ ŋu la, anye ne wosrɔ̃ nu geɖe le “Mawu ƒe nu gogloawo” ŋu. (Korintotɔwo I, 2:10) Nenema ke wò hã nàte ŋu asrɔ̃ nu tso nuƒola si ƒoa nu “dɔ̃” hã gbɔ ne èna wò susu le nuƒoa ŋu eye nèlé to ɖe eŋu. Amekae nya? Ate ŋu akɔ nane me alo azã ŋɔŋlɔ aɖe le mɔ aɖe si meva susu me na wò kpɔ o nu.

Yesu ƒe nya siwo le Luka 8:18 (NW) tɔ ati nya la nyuie ale: “Milé ŋku ɖe alesi miesea nyae ŋu nyuie.” Nyateƒee, be woasrɔ̃ alesi woatsɔ susu aɖo nu ŋu—eye susua naganɔ tsatsam o—bia agbagbadzedze kple etetekpɔ edziedzi. Gake ava ɖe vi na wò le ɣeyiɣi aɖe megbe. Ne èsrɔ̃ alesi nàtsɔ susu aɖo nu ŋui la, ate ŋu ana nàxɔ dzesi nyuiwo le suku, eye vevietɔ wu la, àtsi le gbɔgbɔ me!

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukata Nye Susu Mete Ŋu Nɔa Nu Ŋu O?,” si dze le August 8, 1998 ƒe tata me.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ðetsɔtsɔ le nusi nèsena me koŋue ana wò susu nanɔ nu ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe