INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 12/1 axa 26-29
  • Mègana Wò—Ŋutete Nazu Wò Gbɔdzɔgbɔdzɔƒe o

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mègana Wò—Ŋutete Nazu Wò Gbɔdzɔgbɔdzɔƒe o
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Susu Ŋutetewo Nyuie
  • Na Kristotɔnyenye Nadzi Wò Ŋutetewo Ðe Edzi
  • Dadasɔ le Mɔnukpɔkpɔwo Xɔxɔ Me
  • Nyɔnu Zazɛ̃wo —Yayra Nyui Aɖewoe Wonye
  • Nɔnɔme Sesẽ Dzi Ðuɖu
  • Yehowa Ƒe Yayra Wɔa Mí Kesinɔtɔwoe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe “Nunana Siwo Nye Amewo” Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Vifofo Kple Hamemegã—Alesi Woawɔ Dɔ Eve Siawoe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbagba Siwo Dzem Nèle Le Yehowa Subɔsubɔ Me Ta!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 12/1 axa 26-29

Mègana Wò—Ŋutete Nazu Wò Gbɔdzɔgbɔdzɔƒe o

Esi tsixenu si nana tsi megena ɖe tɔdziʋu me o ƒe mɔnu vovovo 16 sɔŋ ye wotsɔ wɔ meli dzeani si ŋkɔe nye Titanic ta la, wobui be mate ŋu anyrɔ akpɔ o. Le eƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ le ƒe 1912 me la, agbeɖetɔdziʋu siwo hiã be wòatsɔ ƒe afã koe wòtsɔ. Melia va lɔ tsikpe aɖe eye wònyrɔ, amesiwo wu 1,500 sɔŋ ye bu woƒe agbe.

BLEMA Yerusalem Fia Uziya si nye mawuvɔ̃la la nye aʋafia aɖe si aɖaŋu nɔ tagbɔ na. To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, eɖu eƒe futɔwo dzi ɖekaɖeka. “[Uziya ƒe] ŋkɔ de du, elabena woxɔ nɛ nukutɔe, vaseɖe esime ŋusẽ ɖo eŋu.” Gake “ede asi [dada] me, . . . meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o.” Le Uziya ƒe dada ta la, wona anyi ƒo ɖe eŋu.—Kronika II, 26:15-21; Lododowo 16:18.

Nuŋlɔɖi eve siawo na míenya be ne nunya, nudzeamewɔwɔ, kple ɖokuibɔbɔ mekpe ɖe ŋutete ŋu o la, ate ŋu ava zu gbɔdzɔgbɔdzɔƒe alo nɔnɔme gbegblẽ bɔbɔe. Nya sia bia ŋugbledede, elabena le mɔ aɖe nu kokoko la, ŋutete aɖewo, alo nunanawo le mía dometɔ ɖesiaɖe si, eye míedi be woanye viɖenu kple nusiwo ana mía kple ame bubuwo míakpɔ dzidzɔ, vevietɔ wòana mía Wɔla nakpɔ dzidzɔ. Nyateƒee, ehiã be míazã nusiwo katã Mawu na mí la bliboe, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be míanya mɔ siwo nu míazã wo le ale be woakpɔtɔ anye viɖenu xɔasiwo.

Le kpɔɖeŋu me, amesi lɔ̃ eƒe dɔ ate ŋu ana nunana sia natrɔ azu gbɔdzɔgbɔdzɔ nɛ bɔbɔe ne wòva zu dɔwɔla si megbɔna ɖe eme gbeɖe o. Ðewohĩ womate ŋu aflu amesi dze aɖaŋu la bɔbɔe o, gake ate ŋu adze aɖaŋu ʋuu keke azu amesi melɔ̃na gbeɖe be yeawɔ nyametsotso aɖeke o. Nuwɔwɔ nyuie hã nye nɔnɔme nyui aɖe, gake ne wogana wògbɔ eme ale be womegabua amegbetɔ ƒe blibomademade kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu o la, nɔnɔme si wòahe vɛ koe nye mo makɔmakɔ ɖe ame, nuwɔwɔ kpaɖii si menaa dzidzɔ nɔa anyi ɣeaɖekeɣi o. Eyata tɔ vie nàbu wò ŋutɔ wò ŋutetewo ŋu ko nàkpɔ. Èwɔa wo ŋudɔ le mɔ nyuitɔ nua? Ðe wonye yayra na ame bubuwoa? Ƒo wo katã ta la, ɖe nèzãa wo tsɔ dea bubu Yehowa, Amesi gbɔ “nunana nyuiwo katã” tso la ŋua? (Yakobo 1:17) Eyata mina míalé ŋku ɖe ŋutete ʋɛ bubu aɖewo siwo ne womelé ŋku ɖe wo ŋu o la, woate ŋu ava zu gbɔdzɔgbɔdzɔƒe, ahanye nɔnɔme gbegblẽ gɔ̃ hã la ŋu tsitotsito.

Zã Susu Ŋutetewo Nyuie

Viɖenu nyui wònye vavã be ame ƒe susu naɖa. Ke hã ate ŋu ava zu gbɔdzɔgbɔdzɔƒe ne wòna míeva kana ɖe mía ɖokui dzi fũ akpa, alo wòna míeva nɔa mía ɖokui bum amesi ŋu bubu le wu amesiame, vevietɔ ne amewo kafua mí wògbɔ eme alo ɖɔa kesekuku na mí. Alo ɖewohĩ míate ŋu atsɔe be míenya Mawu ƒe Nya kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo nyuie.

Kakaɖeameɖokuidzi fũ ate ŋu ado mo ɖa le mɔ geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe si ƒe susu ɖana xɔ nuƒoƒo ƒe dɔdasi le Kristo-hamea me, ɖewohĩ dutoƒonuƒo alo nuƒo aɖe le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la, ɖewohĩ gaƒoƒo mamlɛa hafi wòate dzadzraɖo, eye ɖewohĩ mado gbe ɖa gɔ̃ hã abia Yehowa ƒe yayra o. Ke boŋ aɖo ŋu ɖe nusiwo wònya xoxo kple alesi nyawo te ŋu vaa susu me nɛ la ŋu. Dzɔdzɔmeŋutete atsyɔ eƒe fɔmalémaléɖenuŋua dzi vaseɖe afi aɖe, gake Yehowa ƒe yayra manɔmee la, eƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi aɖiɖi, ɖewohĩ wòatɔ gɔ̃ hã. Nunana nyui dome gbegblẽ ka gbegbee nye si!—Lododowo 3:5, 6; Yakobo 3:1.

Amesi ƒe susu ɖana agate ŋu atsɔe be yenya Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe tame xoxo. Gake ɖeko sidzedze ma “doa ame ɖe dzi” alo ɖe wòna wovua ame ɖokui gblotoo abe ƒuƒulotoe ene; ‘metua’ Kristotɔwo ƒe ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le ɖo o. (Korintotɔwo I, 8:1; Galatiatɔwo 5:26) Gake amesi nye gbɔgbɔmeme ya doa gbe ɖa biaa Mawu ƒe gbɔgbɔ ɣesiaɣi, togbɔ be susu ƒe ŋutetewo le esi hã. Eƒe ŋutetewo yia edzi nyea viɖenu nyui esi wòyi edzi le tsitsim le lɔlɔ̃, ɖokuibɔbɔ, sidzedze, kple nunya me—eye esiawo katã vana le mɔ nyuitɔ nu.—Kolosetɔwo 1:9, 10.

Ŋutete hã ava zu gbɔgbɔdzɔgbɔƒe ne ena míeva le mía ɖokui ŋu bum wu alesi dze, ale be míaɖe ɖokuidodoɖedzi afia.

Amesi si nunana le—kple amesi tsɔ kafukafu si gbɔ eme nɛ—ŋlɔ be be Yehowa mebua amesiame si ‘bua eɖokui nunyalae’ la o, togbɔ be dzɔdzɔmenunanawo anɔ wo si hã. (Hiob 37:24) Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le.” (Lododowo 11:2) Togbɔ be apostolo Paulo ƒe susu ɖa ale gbegbe eye wònya agbalẽ nyuie hã la, egblɔ na Korintotɔwo be: “Nye hã, esime meva mia gbɔ la, nɔviwo, nyemetsɔ nya gã gbɔgblɔ alo nunya gã va . . . o. Menɔ mia gbɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya geɖe me; eye nye nyagbɔgblɔ kple nye gbeƒãɖeɖe mele nunya ƒe nya, siwo ƒoa nya ɖe ame nu la me o; ke boŋ le gbɔgbɔ kple ŋusẽ ƒe ɖeɖefia la me, bene miaƒe xɔse la naganɔ amewo ƒe nunya me o, hafi nenɔ Mawu ƒe ŋusẽ me boŋ.”—Korintotɔwo I, 2:1-5.

Alesi xexeame bua nunyae alo alesi wòdzidzea nudzedzinamee meflua amesi si nunya vavãtɔ le la o. Eyata le esi teƒe be wòazã eƒe ŋutetewo atsɔ axɔ kafukafui tso amewo gbɔ alo atsɔ aƒo xexeame ƒe kesinɔnuwo nu ƒui la, ezãa eƒe ŋutetewo katã tsɔ kafua Amesi na agbe kple ŋutetewoe la boŋ. (Yohanes I, 2:15-17) Eyata etsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me, heva nɔna abe “ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to,” si tsena nyuie la ene. Yehowa ƒe yayrae naa ‘nusianu, si wòwɔna la dzea edzi nyuie’ ke menye eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔmenunanawoe nana o.—Psalmo 1:1-3; Mateo 6:33.

Na Kristotɔnyenye Nadzi Wò Ŋutetewo Ðe Edzi

Le alesi Kristotɔnyenye le ta la, ate ŋu ana ŋutete geɖe ame ale gbegbe be xexemenunya magogoe kura o. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ na wonyea srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu, aƒelika, kple dɔwɔla nyuitɔwo kekeake—amesiwo ɖia anukware, dea bubu amewo ŋu, nɔa anyi le ŋutifafa me kple amewo, eye wowɔa dɔ kple moveviɖoɖo. (Kolosetɔwo 3:18-23) Gakpe ɖe eŋu la, nuƒoƒo kple nufiafia ƒe hehe si Kristotɔwo xɔna tua dzeɖoɖo ƒe ŋutete nyuiwo ɖo. (Timoteo I, 4:13-15) Eyata mewɔ nuku o be zi geɖe la, Kristotɔwo ƒe dɔtɔwo dina be yewoatsɔ dɔ bubuwo akpe dɔ na wo eye yewoado wo ɖe ŋgɔ le dɔwɔƒe. Gake ne womelé ŋku ɖe ŋutete mawo hã ŋu o la, woate ŋu azã wo le mɔ gbegblẽ nu. Ŋgɔyiyi le dɔ me alo dɔ si me ga geɖe le xɔxɔ ate ŋu ana ame natsɔ eɖokui katã ana dɔa, si ana be mate ŋu anɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem ɣesiaɣi o, alo wòanɔ ɣeyiɣi xɔasi si wòazã ɖe eƒe ƒomea ŋu zãm ɖe dɔa ŋu.

Le Australia la, mɔnukpɔkpɔ su Kristotɔ hamemegã aɖe si kpɔ dzidzedze le eƒe dɔ me ale gbegbe si be “xexeame katã nazu etɔ,” abe alesi wogblɔnɛ ene. Gake mena tetekpɔ si wònye be wòanye kesinɔtɔ le nuɖoanyi sia me la ɖu edzi o. Egblɔ be: “Medi be mazã ɣeyiɣi geɖe ɖe nye ƒomea kple Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Eyata mía kple srɔ̃nye míeɖoe be maɖe ɣeyiɣi si mezãna ɖe nye ŋutilã me dɔa ŋu la dzi akpɔtɔ ŋuɖɔɖotɔe.” Egblɔ kpee be: “Nukatae wòle be mawɔ dɔ ŋkeke atɔ̃ le kwasiɖaa me esi mehiã be mawɔe nenema hafi o?” Esi hamemegã sia wɔ tɔtrɔ siwo ŋu wòbu nyuie le eƒe agbe me la, ekpɔe be yeate ŋu awɔ dɔ ŋkeke etɔ̃ alo ene le kwasiɖaa me agate ŋu akpɔ yeƒe ƒomea dzi wòanyo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wokpee be wòakpɔ gome le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ bubuwo me, siwo dometɔ aɖewoe nye be wòanɔ Takpexɔtutu Kɔmiti si le wo gbɔ la me eye be wòanɔ takpekpe gã dzikpɔlawo dome. Esi wòwɔ eƒe ŋutetewo ŋudɔ le nunya me la, ehe dzidzɔ kple dzidzeme vɛ na woa kple eƒe ƒomea.

Dadasɔ le Mɔnukpɔkpɔwo Xɔxɔ Me

Wode dzi ƒo na ŋutsu Kristotɔwo be woadze agbagba axɔ subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo le hamea me. “Ne ame aɖe le dzikpɔladɔ [alo subɔsubɔdɔwɔla ƒe dɔ] dim la, ele dɔwɔwɔ nyui dim.” (Timoteo I, 3:1) Abe alesi wòle le ŋutete siwo ŋu nya míegblɔ xoxo gome ene la, ele be woabu nuwo ŋu nyuie hafi alɔ̃ axɔ agbanɔamedziwo bene woada asɔ. Mele be ame aɖeke naxɔ dɔdasiwo fũ akpa si awɔe be dzi magadzɔe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me o. Ẽ, ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ nyo ŋutɔ, eye le nyateƒe me la, ehiã, elabena amesi hea eɖokui ɖe megbe ƒe nu menyoa Yehowa ŋu o; gake ele be dadasɔ kple ‘susu ŋudɔwɔwɔ nyuie’ hã nadze le ɖokuitsɔtsɔna la me.—Tito 2:12; Nyaɖeɖefia 3:15, 16.

Yesu ƒe tufafa, gɔmesese, kple nublanuikpɔkpɔ wɔe be ame gbɔlowo kekeake vona le wo ɖokui me ne wole egbɔ. Nenema ke egbea amewo vona le wo ɖokui me ne wole amesiwo si nɔnɔme siwo nye veveseseɖeamenu kple ɖetsɔleme le la gbɔ. Le Kristo-hamea me la, hamemegã siwo doa vivi ɖe ame ŋu, siwo ŋu wote ŋu tena ɖo la nye ‘amewo me nunana’ siwo womaƒo asii o vavã. Wonye “sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi.”—Efesotɔwo 4:8; Yesaya 32:2.

Gake ele be hamemegãwo nada asɔ le ɣeyiɣi si wozãna tsɔ kpena ɖe ame bubuwo ŋu me ale be woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi na woa ŋutɔwo ƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃, ŋugbledede, gbedodoɖa, kple gbeadzisubɔsubɔdɔa. Le nyateƒe me la, ehiã be hamemegã siwo nye srɔ̃tɔwo nakpɔ ɣeyiɣi na woƒe ƒomewo, amesiwo gbɔ wòle be woanɔ koŋ wu.

Nyɔnu Zazɛ̃wo —Yayra Nyui Aɖewoe Wonye

Abe hamemegã dɔnyuiwɔlawo ene la, nyɔnu siwo tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la nye viɖenu nyui aɖe na Yehowa ƒe habɔbɔa. Nyɔnuwo nye amesiwo tsɔa ɖe le amewo me—si nye nɔnɔme si ŋu Yehowa dea asixɔxɔe eye wòdea eƒe dzi ƒo. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ tɔ dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!” (Filipitɔwo 2:4) Gake seɖoƒe li na “nusi nye ame bubu tɔ” dzi kpɔkpɔ sia, elabena Kristotɔ aɖeke madi be yeanye “gaglãsudola” le ame bubuwo ƒe nya me”; alo anye amenyagblɔla o.—Petro I, 4:15; Timoteo I, 5:13.

Nunana bubu geɖe le nyɔnuwo si. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu Kristotɔ ƒe susu ate ŋu aɖa wu srɔ̃aŋutsua tɔ. Gake ne enye “nyɔnu zãzɛ” si vɔ̃a Yehowa la, ade bubu srɔ̃a ŋu eye wòazã eƒe nunanawo atsɔ akpe ɖe srɔ̃a ŋu, ke menye be wòatsɔe aʋli ho kplii o. Eye le esi teƒe be srɔ̃ŋutsua naʋã ŋu srɔ̃anyɔnua alo alé fui la, srɔ̃ŋutsu nyanu, ɖokuibɔbɔla ade asixɔxɔ srɔ̃a ƒe ŋutetewo ŋu eye dzi adzɔe ɖe wo ŋu. Ade dzi ƒo nɛ be wòazã eƒe ŋutetewo atsɔ atu eƒe aƒekɔ la ɖo eye wòakpe ɖe viawo ŋu be ‘woavɔ̃ Yehowa’ abe alesi eya ŋutɔ hã vɔ̃nɛ ene. (Lododowo 31:10, 28-30; Mose I, 2:18) Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu fatu ɖokuibɔbɔla siawo kpɔa dzidzedze le srɔ̃ɖeɖe siwo dea bubu Yehowa ŋu vavã la me.

Nɔnɔme Sesẽ Dzi Ðuɖu

Nɔnɔme sesẽ si wotu ɖe dzɔdzɔenyenye kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ tso dzi blibo me dzi ate ŋu anye viɖenu nyui aɖe ne tufafa kple ɖokuibɔbɔ kpe ɖe eŋu. Gake ate ŋu anye gbɔdzɔgbɔdzɔƒe ne ena ame ɖua amegã ɖe ame bubuwo dzi alo doa vɔvɔ̃ na wo. Nya sia nye nyateƒe vevietɔ le Kristo-hamea me. Ele be Kristotɔwo navo le wo ɖokui me ne wole wo nɔewo gbɔ, kple ne wole hamemegãwo dome.—Mateo 20:25-27.

Ele be hamemegãwo hã navo le wo ɖokui me ne wole wo nɔewo dome. Eye ne woƒo ƒu ɖekae la, gbɔgbɔ kɔkɔe lae wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nyametsotsowo dzi ke menye woƒe nɔnɔme sesẽa ye o. Le nyateƒe me la, gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe hamemegãwo ƒe ha la me tɔ ɖesiaɖe dzi, ate ŋu akpɔe ɖe wo dometɔ si nye suetɔ kekeake le ƒe me alo esi nu menya ƒona na o la hã dzi. Eyata ele be wo dometɔ siwo si nɔnɔme sẽŋuwo le nanya alesi woazã woƒe ŋusẽawoe be woaɖe mɔ ɖe nukpɔsusu vovovowo ŋu ne wose le wo ɖokui me be nusi gblɔm yewole lae nye dzɔdzɔea hã, si ana be ‘woade bubu’ wo nɔvi hamemegã bubuwo ŋu. (Romatɔwo 12:10) Nyagblɔla 7:16 xlɔ̃ nu dɔmenyotɔe be: “Megawɔ nu dzɔdzɔe vivivo o, eye meganya nu tso eme akpa o; nukaŋuti nèbe, yeade ye ɖokui tsɔtsrɔ̃ me ɖo?”

Yehowa, amesi gbɔ “nunana nyuiwo katã” tso la na eƒe ŋusẽ wɔnukuawo da sɔ le blibodede gã me. (Yakobo 1:17; Mose V, 32:4) Eye enye míaƒe Nufiala! Eyata mina míasrɔ̃ nu tso egbɔ eye míadze agbagba vevie le míaƒe dzɔdzɔmenunanawo alo ŋutetewo tutuɖo, kple wo ŋudɔwɔwɔ le nunya, tufafa, kple lɔlɔ̃ siaa me. Yayra ka gbegbee nye si míava nye na ame bubuwo!

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi nɔ te ɖe nusɔsrɔ̃ gbedodoɖatɔe kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ðe tsɔtsɔ le ame bubuwo me tufafatɔe nye yayra

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le 26]

Courtesy of The Mariners’ Museum, Newport News, VA

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe