INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/05 axa 3
  • Woaxɔ Ameƒomeviwo Katã Ðe Agbe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woaxɔ Ameƒomeviwo Katã Ðe Agbe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gotagome Dzedzeme Ko Nèkpɔnaa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Mègadrɔ̃ Ʋɔnu Amewo Le Woƒe Gotagomedzedzeme Nu O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Èbua Amewo Abe Ale Si Yehowa Bua Woe Enea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Dzedzeme Si Sɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 4/05 axa 3

Woaxɔ Ameƒomeviwo Katã Ðe Agbe

1. Nuka dzie tenɔnɔ si le mía si le Mawu ŋkume la nɔ te ɖo?

1 Mawu ƒe amenuveve si míedze na hafi o la ʋu xɔxɔ ƒe mɔ ɖi na mí. Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue wònye be ‘woaxɔ ame ƒomeviwo katã ɖe agbe eye woava nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la me.’ (Tim. I, 2:3, 4) Menye ŋutigbalẽ si le mía ŋu, hadomeɖoƒe si míele, ŋutete siwo le mía si, alo míaƒe gotagome dzedzeme dzie tenɔnɔ si le mía si le Mawu ŋkume la nɔ te ɖo o, ke boŋ Yesu ƒe tafevɔsa la dzixɔxɔse dzie wònɔ te ɖo. (Yoh. 3:16, 36) Esi míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, ele be míaɖe asi le nazãbubu ƒomevi ɖesiaɖe si ana míatsri amesiwo Yehowa ya le lɔlɔ̃m be yeaxɔ la ŋu.

2, 3. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ te ɖe amewo ƒe gotagome dzedzeme dzi adrɔ̃ ʋɔnu wo o?

2 Mèganɔ Ʋɔnu Drɔ̃m O: Yehowa léa ŋku ɖe alesi amewo le le ememe ŋu, ke menye kple susu vɔ̃ alo ameŋkumekpɔkpɔ o. (Sam. I, 16:7, 8a) Edea dzesi ŋutete siwo le wo si hã. Eyata ebua amesiwo di be yewoadze eŋu la be wonye ame veviwo na ye. (Xag. 2:7) Ðe míawo hã míebua amewo abe alesi Mawu bua woe enea?

3 Ðewohĩ míado go ame aɖewo le gbeadzi siwo ƒe dzedzeme manyo mía ŋu o. Ðewohĩ womedo awu nyui aɖeke o alo awu manyatalenu aɖewoe wodo, hegblẽ woƒe ge ɖi, alo do ŋɔtigɛwo kple nuyigɛwo. Aƒe manya le wo dometɔ aɖewo si o. Ðewohĩ bubuwo hã mawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o. Le esi teƒe be míatso nya me agblɔ be amesiawo mate ŋu ava zu Yehowa subɔlawo gbeɖe o la, ele be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si ɖe wo ŋu, “elabena tsã la, míawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, [kple] mɔtrelawo.” (Tito 3:3) Esi míenya esia ta la, míadi vevie be míaɖe gbeƒã na amesiame, na amesiwo ƒe gotagome dzedzeme ate ŋu ana míasusui be womedze o gɔ̃ hã.

4, 5. Nukae míesrɔ̃ tso Yesu kple Paulo ƒe kpɔɖeŋuwo me?

4 Ƒe Alafa Gbãtɔ me Kpɔɖeŋuwo: Yesu Kristo zã ɣeyiɣi tsɔ kpe ɖe amesiwo amewo susu be womate ŋu ava nye Yehowa subɔlawo gbeɖe o la ŋu. (Luka 8:26-39) Togbɔ be menye ɖe wòde nugbegblẽwɔwɔ dzi o hã la, enyae be amewo ate ŋu atra ava nɔ nuvɔ̃gbe nɔm. (Luka 7:37, 38, 44-48) Eyata ese nu gɔme na amewo, eye “eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti, elabena wole abe alẽ, siwo nu kplɔla mele o ene.” (Mar. 6:34) Ðe míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua geɖe wua?

5 Woƒu kpe apostolo Paulo, woƒoe, eye wodee gaxɔ me. (Dɔw. 14:19; 16:22, 23) Gake ɖe nɔnɔme sesẽ siawo na wòdo dziku heƒo nya ta be yele yeƒe ɣeyiɣi gblẽm ɖe dukɔ kple gbegbɔgblɔ aɖewo dolawo ŋua? Kura o. Enyae be yeate ŋu ake ɖe dzianukwaretɔwo ŋu le gbegbɔgblɔ ƒomevi ɖesiaɖe dolawo dome, eye eɖoe kplikpaa be yeadi wo. Nenemae míawo hã míebua amesiwo le míaƒe anyigbamamaa me, siwo tso teƒe bubu, eye woƒe dekɔnuwo hã to vovo na mía tɔa?

6. Ŋusẽ kae míaƒe nɔnɔme ate ŋu akpɔ ɖe ame yeye siwo vaa míaƒe kpekpeawo dzi?

6 Mía Nɔewo Xɔxɔ Ðekae: Mawu subɔla geɖe kpɔa dzidzɔ be woxɔ yewo ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo mewɔa nu ɖe ame ŋu le eƒe gotagome dzedzeme ta o la ƒe hamea me. Ŋutsu aɖe si gblẽ eƒe ge ɖi, eƒe ɖa didi legbee kɔ ɖe eƒe abɔta, eye wòle awu ƒoɖiwo me, la va Fiaɖuƒe Akpata aɖe me le Germany. Amewo nya be menɔa agbe nyui o. Ke hã, woxɔe vividoɖeameŋutɔe le kpekpea. Dzi dzɔe ale gbegbe be egava le kwasiɖa ɖeka megbe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, etrɔ asi le eƒe dzedzeme ŋu, edzudzɔ atama nono, eye wòɖe eƒe ahiãvi si nɔ egbɔ la le se nu. Eteƒe medidi o, woa kple wo viwo va le Yehowa subɔm abe ƒome wɔɖeka ene.

7. Aleke míawɔ asrɔ̃ mía Mawu ameŋkumemakpɔla lae?

7 Mina míasrɔ̃ mía Mawu ameŋkumemakpɔla la to alesi míakpe amesiame be wòava kpɔ viɖe tso Mawu ƒe amenuveve mee dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

“Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔw. 10:34, 35.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe