INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/00 axa 3-6
  • Internet Zazã—Nɔ Ŋudzɔ ɖe Eƒe Afɔkuwo Ŋu!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Internet Zazã—Nɔ Ŋudzɔ ɖe Eƒe Afɔkuwo Ŋu!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Internet Ale Si Míawɔ Eŋu Dɔ Le Nunya Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Aleke Mawɔ Ate Ŋu Aƒo Asa Na Internet Dzi Fɔkuwo?
    Nyɔ!—2000
  • Ðeviwo Le Internet Zãm—Nu Si Dzilawo Ate Ŋu Awɔ
    Nyɔ!—2008
  • Ðe Afɔku Ate Ŋu Anɔ Ahiãdzedze to Internet dzi me Vavã?
    Nyɔ!—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 1/00 axa 3-6

Internet Zazã—Nɔ Ŋudzɔ ɖe Eƒe Afɔkuwo Ŋu!

1 Yehowa ƒe amewo sea vivi le hadede ɖɔʋu me kple wo nɔewo. Wosea vivi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me nuteƒekpɔkpɔwo gbɔgblɔ na wo nɔewo me eye wodina be yewoase nya tso nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame godoo ku ɖe Yehowa Ðasefowo kple Fiaɖuƒedɔa ŋu. Wodina be yewoase nu tso nu ɖedzesi ɖesiaɖe si adzɔ ɖe mía nɔviwo dzi, abe xaxawo alo dzɔdzɔmefɔkuwo ene ŋu, eye wodina be yewoanya ne nane li si yewoate ŋu awɔ atsɔ ana kpekpeɖeŋui. Ðetsɔleme sia ɖe ɖekawɔwɔ si le nɔviwo ƒe habɔbɔa me fia eye eɖee fia be míelɔ̃ mía nɔewo vavã.—Yoh. 13:34, 35.

2 Egbea míesea nu tso xexemenudzɔdzɔwo ŋu kaba. Radio kple television dzi nyatakakawo ƒoa nu tso nusiwo le edzi yim le xexeame ŋu le ɣeyiɣi ma ke si me wole dzɔdzɔm eye wokpɔnɛ le xexeame godoo. Telefon hã na wòle bɔbɔe be míaƒo nu kple amewo le xexeame katã. Kadodomɔnu aɖe si va le bɔbɔm ŋkeke siawo me le xexeamee nye Internet.—Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, July 22, 1997.

3 Telefon toto vɛ ʋu mɔ be nuƒoƒo kple amewo le xexeame katã tsɔna. Togbɔ be viɖe geɖe le telefon ŋu hã la, ehiã be woaɖɔ ŋu ɖo le ezazã me, elabena woate ŋu ato edzi ade ha vlowo alo awɔ nu gbegblẽwo, eye telefon zazã vivivo ate ŋu ana woaɖu fe. Woate ŋu azã television kple radio atsɔ afia nu ame. Gake nublanuitɔe la, wo dzi wɔna akpa gãtɔ nye agbegbegblẽ nuwɔnawo eye wo yomenɔnɔ nyea ɣeyiɣi gbegblẽ. Nunya bia be míawɔ tiatia geɖe le television kple radio dzi wɔna siwo ŋu míazã ɣeyiɣi ɖo me.

4 Internet na ame te ŋu ɖoa dze kple ame miliɔn geɖe le xexeame katã si womagblẽ ga geɖe o, eye ena wote ŋu kena ɖe nyatakaka gbogbo aɖewo ŋu. (Eŋlisigbe me Nyɔ!, January 8, 1998) Gake Internet zazã ate ŋu ana ame nadze gbɔgbɔ me kple agbenɔnɔ me fɔku gãwo me. Aleke wòate ŋu adzɔe?

5 Ame geɖe tsi dzi ɖe alesi aʋawɔnuwo kple bɔmbwo wɔwɔ ŋuti nyatakakawo bɔe la ŋu. Dɔwɔƒewo faa konyi le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si dɔwɔlawo gblẽna le Internet zazã me ŋuti. Wogblɔ nya geɖe le míaƒe agbalẽwo me le gbɔgbɔmefɔku siwo woado goe le Internet dzi ŋu. Nuvlowɔwɔ kple amamaɖeɖe ƒe nuwɔna siwo menyo na Kristotɔwo kura o nɔa Internet dzi Nyatakakadiƒe geɖe. (Ps. 119:37) Tsɔ kpe ɖe afɔku siawo ŋu la, afɔku ɣaɣla aɖe li si ŋu wòhiã be Yehowa Ðasefowo koŋ nanɔ ŋudzɔ ɖo. Nukae nye afɔku sia?

6 Ðe nàxɔ amedzro ava wò aƒeme esi màdo ŋgɔ abia amesi wònye oa? Ke ne mɔ aɖeke meli si dzi nàto anya o ɖe? Ðe nàgblẽ viwòwo ɖe amedzro ma ɖeɖe gbɔa? Nusia ate ŋu adzɔ bɔbɔe le Internet dzi.

7 Àte ŋu aɖo E-mail (lɛta ɖoɖo ɖe ame to kɔmpiuta dzi) ɖe amewo ahaxɔe tso amesiwo mènya o gbɔ. Nenema ke wòle ne èkpɔ gome le kɔmpiuta dzi numedzodzro si me ame geɖe kpɔa gome le me. Ɣeaɖewoɣi ameawo agblɔ be Yehowa Ðasefowoe yewonye, gake zi geɖe la, menye nyateƒe o. Ame aɖe agblɔ be sɔhɛ yenye evɔ mele eme o. Alo ame aɖe ate ŋu agblɔ alakpatɔe be yenye ŋutsu alo nyɔnu.

8 Nyatakaka siwo woaɖo ɖe wò ate ŋu anye nuteƒekpɔkpɔwo alo nya siwo ku ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu. Woɖoa nyatakaka siawo ɖe amewo, eye woawo hã ɖonɛ ɖe ame bubuwo. Zi geɖe la, mɔ aɖeke meli si dzi woato anya nyatakakaa ƒe nyateƒenyenye o eye ate ŋu adzɔ be alakpae. Nyaawo ate ŋu anye motsyɔnu si wotsɔ le xɔsegbegbe ƒe nufiafiawo kakamee.—Tes. II, 2:1-3.

9 Esi afɔku sia le susu me na mí ta la, ne èzãa Internet la, bia ɖokuiwò se be: ‘Nukae mezãnɛ na? Ðe wòate ŋu adzɔ be alesi mezãnɛ agblẽ nu le ŋunye le gbɔgbɔ mea? Ðe wòate ŋu adzɔ be mele gome kpɔm le nuwɔna si ade ame bubuwo gbɔgbɔmefɔku me la mea?’

10 “Yehowa Ðasefowo” ƒe Nyatakakadiƒe: Le kpɔɖeŋu me, bu Internet nyatakakadiƒe siwo ame aɖewo siwo gblɔ be Yehowa Ðasefowo yewonye la ɖo ŋu kpɔ. Woakpe wò be nayi yewoƒe nyatakakadiƒe ne nàxlẽ nuteƒekpɔkpɔ siwo amesiwo gblɔ be Ðasefowoe yewonye la ɖo ɖa. Woade dzi ƒo na wò be nàgblɔ wò susuwo kple nukpɔsusuwo le Habɔbɔa ƒe agbalẽwo ŋu. Ame aɖewo kafua dzeɖonya aɖewo siwo woate ŋu azã le gbeadzi. Dzeɖoƒewo nɔa nyatakakadiƒe siawo siwo amewo ate ŋu aʋu le kɔmpiuta dzi, si ana woate ŋu aɖo dze kple ame bubuwo tẽ abe alesi woƒoa nu le telefon dzi ene. Zi geɖe la, wofiaa asi nyatakakadiƒe bubu siwo dzi nàte ŋu ato ado ka kple Yehowa Ðasefowo le xexeame godoo to kɔmpiuta dzi. Gake ɖe nàte ŋu aka ɖe edzi be menye xɔsegblelawo gbɔe kadodo ƒe ɖoɖo siawo tso oa?

11 Hadede to Internet dzi mewɔ ɖeka kple nuxlɔ̃ame si wona le Efesotɔwo 5:15-17 o. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo; elabena ŋkekeawo nye vɔ̃. Eyaŋuti la migazu bometsilawo o, ke boŋ midze si nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.”

12 Kristotɔwo ƒe hameae nye teokrasimɔnu si dzi “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la tona nyia mí le gbɔgbɔ me. (Mat. 24:45-47) Míexɔa mɔfiame kple ametakpɔkpɔ si ana míato vovo tso xexeame gbɔ le Mawu ƒe habɔbɔa me eye wodea dzo lãme na mí be míabiã ŋku ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔa ŋu. (Kor. I, 15:58) Hakpala la ɖee fia be yekpɔa dzidzɔ kple dedienɔnɔ le Mawu ƒe amewo ƒe ha la dome. (Ps. 27:4, 5; 55:15; 122:1) Woganaa gbɔgbɔ me alɔdodo kple kpekpeɖeŋu amesiwo le hamea me hã. Àte ŋu akpɔ xɔlɔ̃ siwo lɔ̃a ame, tsɔa ɖe le eme na ame, eye woléa be na ame le eme—amesiwo wò ŋutɔ nènya eye wole klalo be yewoafa akɔ na amewo le hiãkameɣiwo me. (Kor. II, 7:5-7) Wokpɔa hamea me tɔwo ta to Ŋɔŋlɔawo me ɖoɖo si bia be woaɖe amesiwo wɔa nuvɔ̃ eye wometrɔa dzime o alo wodoa xɔsegbegbe ƒe susuwo ɖe ŋgɔ le hamea me la dzi wɔwɔ me. (Kor. I, 5:9-13; Tito 3:10, 11) Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be míakpɔ ɖoɖo siwo me lɔlɔ̃ le sia ƒomevi ne míele ha dem kple amewo to Internet dzia?

13 Eva dze ƒã be mele nenema o. Edze ƒã be Nyatakakadiƒe aɖewo nye mɔ siwo dzi xɔsegbelawo tona kakaa woƒe nukpɔsusuwo. Nyatakakadiƒe mawo agblɔ be mele nenema o, eye xɔsegbela siwo xea fe ɖe wo ta ate ŋu ana numeɖeɖe tsitotsito atsɔ aɖo kpe edzi be yewonye Yehowa Ðasefowo vavã. Woate ŋu abia nyatakakawo tso gbɔwò gɔ̃ hã be yewoatsɔ aka ɖe edzi be Yehowa Ðasefoe nènye hã.

14 Yehowa di be nàzã nugɔmesese. Nukatae? Elabena enyae be akpɔ tawò le afɔku vovovo me. Lododowo 2:10-19 me nyawo dze egɔme be: ‘Ne nunya ge ɖe wò dzi me, eye sidzedze vivi wò luʋɔ nu la, tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò.’ Akpɔ dziwò tso nuka me? Tso nuwo abe “mɔ vɔ̃” ene me, amesiwo gblẽ mɔ dzɔdzɔe ɖi, kple amesiwo nɔa agbe gbegblẽ eye woƒe nuwɔnawo metoa mɔ ɖeka o la si me.

15 Ne míeyi Fiaɖuƒe Akpata me la, ɖikeke aɖeke mele eme o be míele mía nɔviwo dome. Míenya wo. Mehiã be woaɖo kpe esia dzi na ame aɖeke o elabena nɔvilɔlɔ̃ si woɖena fiana la na wòdze ƒã. Womebiana be míatsɔ ɖaseɖigbalẽ afia atsɔ aɖo kpe edzi be míenye Yehowa Ðasefowo vavã o. Afisiae míekpɔa dzidedeƒo na ame nɔewo si ƒe nya Paulo gblɔ le Hebritɔwo 10:24, 25 la le. Womate ŋu aɖo ŋu ɖe Nyatakakadiƒe si dea dzi ƒo be woade ha kple amewo to kɔmpiuta dzi la ŋu be wòana esia o. Ne Psalmo 26:4, 5 me nyawo le susu me na mí la, ate ŋu ana míanɔ ŋudzɔ ɖe afɔku siwo míate ŋu ado goe bɔbɔe ne míele Nyatakakadiƒewo me tsam le Internet dzi la ŋu.

16 Seɖoƒe aɖeke meli na nyatakaka siwo le Internet dzi si ezãlawo ate ŋu akpɔ o. Zi geɖe la, nuvlowɔwɔ kple amebaba nuwɔna siwo wowɔna la gblẽa nu le ɖeviwo kple ƒewuiviwo ŋu bɔbɔe. Ðeviwo kana ɖe ame dzi, wokua nu me, eye wodina vevie be yewoanya nu yeye siwo kɔmpiutamɔ̃ɖaŋu to vɛ. Eyata ehiã be dzilawo ƒe ŋku nanɔ wo viwo ŋu eye woana wo Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo ku ɖe Internet zazã ŋu, abe alesi woafia mɔ wo viwo le haƒoƒo alo sinimawo tiatia me ene.—Kor. I, 15:33.

17 Nublanuitɔe la, eva hiã be woaɖe ame aɖewo siwo nye mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo tsã la le hame le esi wova dze hadede gɔme kple xexemetɔwo le Internet dzi eye mlɔeba wòva kplɔ wo de agbegbegblẽnɔnɔ me ta. Ewɔ nuku ŋutɔ be hamemegãwo ŋlɔ lɛta be ame aɖewo dzo le wo srɔ̃wo gbɔ va le ha dem kple ame aɖe si wodo goe to Internet dzi. (Tim. II, 3:6) Ame bubuwo gbe nyateƒea le esi woxɔ nyatakaka siwo xɔsegbelawo gblɔ dzi se ta. (Tim. I, 4:1, 2) Esi afɔku dziŋɔ siawo li ta la, ɖe susu mele eme be míaɖɔ ŋu ɖo le ame ɖokui ƒoƒo ɖe dzeɖoɖo kple amewo to Internet dzi me oa? Le nyateƒe me la, ele be míawɔ nunya, sidzedze, tamebubu kple nugɔmesese si ƒe nya wogblɔ le Lododowo 2:10-19 la ŋudɔ be wòakpɔ mía ta.

18 Míede dzesii be ame aɖewo ɖo Nyatakakadiƒe aɖewo koŋ kple susu be yewoatsɔ aɖe gbeƒã nyanyuia. Nɔvi madzeaɖaŋuwoe xea fe ɖe nyatakakadiƒe siawo dometɔ akpa gãtɔ ta. Ate ŋu adzɔ be xɔsegbelawoe xea fe ɖe nyatakakadiƒe bubuwo ta be woatsɔ able amesiwo si susu vɔ̃ aɖeke mele hafi o. (Yoh. II, 9-11) Esi wonɔ nu ƒom tso eŋu be ɖe wòhiã be mía nɔviwo nade nyatakaka mawo Nyatakakadiƒe hã ŋu la, wogblɔ le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, November 1997, ƒe axa 7 be: “Mehiã be ame aɖeke naŋlɔ nu tso Yehowa Ðasefowo, míaƒe dɔwɔnawo, alo míaƒe dzixɔsewo ŋu atsɔ de Internet dzi o. Wona nyatakaka siwo sɔ le míaƒe nyatakakadiƒe si nye [www.watchtower.org] na amesiame si di.”

19 Ðe Wonaa Nusɔsrɔ̃ Ŋuti Kpekpeɖeŋu le Internet Dzia? Ame aɖewo susui be anye kpekpeɖeŋu nana nɔviwo ne yewotsɔ numekuku siwo yewowɔ ku ɖe teokrasidɔa ƒe akpa vovovoawo ŋu la ŋuti nyatakakawo de Internet dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu awɔ dutoƒo nuƒo ƒe nuƒogbalẽvi aɖe me numekuku eye wòatsɔe ade Internet dzi, kple susu be nyatakaka mawo akpe ɖe amesi wòahiã be eya hã nadzra nuƒogbalẽvi ma ke ɖo la ŋu. Ame bubuwo tsɔa ŋɔŋlɔ siwo le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ si míava wɔ me la me nyawo katã alo atsɔ Teokrasi Subɔsubɔ Suku alo Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me nyawo katã ade eme. Ame aɖewo ate ŋu ado dzeɖonya siwo míate ŋu azã le gbeadzi ɖa. Ðe nu mawo akpe ɖe ame ŋu nyateƒea?

20 Agbalẽ kple dɔwɔnu bubu siwo Yehowa ƒe habɔbɔa na be míatsɔ awɔ numekuku la na míebua tame le mɔ si tua ame ɖo nu eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe susu dzi henaa hehe mí be ‘míade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Heb. 5:14) Ðe míate ŋu agblɔ be míaƒe asi su nusiawo dzi ne ame bubuwo wɔ numekuku na mía?

21 Wogblɔ le Kristotɔ siwo nɔ Beroia ŋu be ‘woɖɔ ʋu wu amesiwo nɔ Tesalonika.’ Nukatae? Elabena, “woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.” (Dɔw. 17:11) Togbɔ be Paulo kple Sila woɖe gbeƒã na wo hã la, womate ŋu agblɔ be nyateƒea zu yewo tɔ ne woawo ŋutɔ womewɔ naneke le eŋu o.

22 Ame bubu ƒe numekuku si wòwɔ zazã na nuƒo alo hena dzadzraɖo ɖe kpekpewo ŋu ana be taɖodzinu si le ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu nazu dzodzro! Ðe medzro wò be wò ŋutɔ nàtu wò xɔse kple kakaɖedzi ɖo ɖe Mawu ƒe Nya la me oa? Àte ŋu anɔ te ɖe wò ŋutɔ wò kakaɖedzi sia dzi aʋu wò xɔse me le dutoƒo le wò nuƒowo, nyaŋuɖoɖo le kpekpewo me, alo le gbeadzi subɔsubɔdɔa me. (Rom. 10:10) Ame bubu ƒe numekuku si wòwɔ zazã mesɔ ɖe nya si wogblɔ le Lododowo 2:4, 5 be wò ŋutɔ ‘nàyi edzi adi sidzedze Mawu abe kesinɔnu ɣaɣla ene’ la o.

23 Le kpɔɖeŋu me, ne èle mawunyakpukpuiwo xlẽm le wò Biblia me la, àte ŋu azã ɣeyiɣi sue aɖe axlẽ nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui ɖesiaɖe. Àte ŋu ‘adzro nuwo katã me tsitotsito’ abe alesi Luka wɔe hafi ŋlɔ eƒe Nyanyui la ene. (Luka 1:3) Agbagba si nàgadze la akpe ɖe ŋuwò nàbi le ŋɔŋlɔawo ʋuʋu me le gbeadzi kple ne èle nuƒowo ƒom. Ame geɖe gblɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe nu dzea yewo ŋu elabena wonya Biblia zazã. Mɔ si ko dzi míate ŋu ato awɔe enye ne míetsɔe ɖo dɔe be míadi mawunyakpukpuiwo le mía ŋutɔwo míaƒe Biblia me.

24 Míaƒe Ɣeyiɣiwo Zazã Nunyatɔe: Nu bubu si ŋu wòle be míabu enye ɣeyiɣi didi si míazã atsɔ anɔ nyatakakawo dem Internet dzi, anɔ wo xlẽm, ahanɔ wo ŋu ɖom. Psalmo 90:12 de dzi ƒo na mí be míado gbe ɖa be: “Fia alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu naɖo mía si!” Paulo gblɔ be: “Ɣeyiɣi [si susɔ] la le kpuie.” (Kor. I, 7:29) Egagblɔ be: “Esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.”—Gal. 6:10.

25 Aɖaŋuɖoɖo mawo le gbe tem ɖe edzi be ehiã be míazã míaƒe ɣeyiɣi nyuie. Aleke gbegbe wòaɖe vi wu enye esi ne míezã ɣeyiɣia tsɔ le Mawu ƒe Nya la xlẽm! (Ps. 1:1, 2) Eyae nye hadede nyuitɔ kekeake si míate ŋu akpɔ! (Tim. II, 3:16, 17) Dzilawo, ɖe miele asixɔxɔ si le eŋu be woazã ɣeyiɣi le nunya me atsɔ ati Fiaɖuƒea ƒe nuwo yome la fiam mia viwoa? (Nyagb. 12:1) Ɣeyiɣi si míazã ɖe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple gbeadzi subɔsubɔdɔa ŋu aɖe vi sasasã wu viɖe siwo wosusu be woakpɔ tso Internet dzi nyatakakawo me tsatsa me.

26 Le go sia me la, nunya anɔ eme be míana míaƒe susu naku ɖe gbɔgbɔmenuwo kple nusiwo do ƒome kplii eye wole vevie le mí Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me ŋu. Esia bia be míabu tame nyuie awɔ tiatia le nyatakaka siwo axɔ míaƒe ɣeyiɣi kple susu me ŋu. Kristo gblɔ nusi le vevie le mí Kristotɔwo míaƒe agbe me la kpuie be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mat. 6:33) Ðe dzi medzɔa wò wu ne Fiaɖuƒea ƒe nuwo xɔ wò agbe me wu nu bubu ɖesiaɖe oa?

27 E-Mail Ŋudɔwɔwɔ le Internet Dzi: Togbɔ be ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ siwo le adzɔge tso wo nɔewo gbɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ kple susuwo gbɔgblɔ na wo nɔewo sɔ hã la, ɖe wòanye lɔlɔ̃ ɖeɖefia ŋutɔŋutɔ ne èɖo wo ɖe ame bubu siwo menya wò ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo oa? Alo ɖe wòle be nàde wo Internet dzi be amesiame naxlẽa? Ðe wòanyo be woawɔ nyatakaka siawo ƒe kɔpiwo ama dzro ko na amesiwo ɖewohĩ ènya alo mènya oa? Nenema ke ne èxɔ gbedasiwo tso amewo gbɔ si edze ƒã be menye wòe woŋlɔ wo na o la, ɖe wòanye lɔlɔ̃ ɖeɖefia be wò hã naɖoe ɖe ame bubuwoa?

28 Ke ne nuteƒekpɔkpɔ si nèma na amewo menye nyateƒe o ɖe? Ðe esia manye asikpekpe ɖe alakpanya kaka ŋu oa? (Lod. 12:19; 21:28; 30:8; Kol. 3:9) Le nyateƒe me la, ne ‘míekpɔna nyuie be, míazɔ pɛpɛpɛ, menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene’ la, aʋã mí be míabu nya sia ŋu. (Ef. 5:15) Aleke gbegbe dzi dzɔa mí enye esi be Yearbook, Gbetakpɔxɔ, kple Nyɔ! me yɔ fũ kple nuteƒekpɔkpɔ siwo ŋu kakaɖedzi le siwo dea dzi ƒo na mí eye wodea dzo lãme na mí be míayi edzi azɔ le “mɔ la” dzi!—Yes. 30:20, 21.

29 Afɔku bubu aɖe hã li. Apostolo Paulo gblɔ le ame aɖewo ŋu be: “Wosrɔ̃a kuviawɔwɔ hã henɔa tsatsam tso aƒeme yi aƒeme; eye menye kuvia ɖeɖeko wowɔna o, ke boŋ wonye nu kpoloe ƒolawo kple yakanuwɔlawo hã henɔa nya madzetowo gblɔm.” (Tim. I, 5:13) Nya sia fia be míakpɔ nyuie le ɣeyiɣi zazã anɔ nyatakaka siwo mele vevie o kakam na amewo ŋu.

30 Azɔ bu ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si wòaxɔ be woatsɔ anɔ E-mail gbogbowo ŋudɔ wɔmee ŋu kpɔ! Ewɔ nuku be agbalẽ si nye Data Smog gblɔ be: “Ne wozãa ɣeyiɣi geɖe nɔa dze ɖom kple amewo le Internet dzi la, eteƒe medidina o, e-mail megava nyea nya yeyewo sese si doa dzidzɔ na ame ko o, ke boŋ ezua agba kpekpe si xɔa ɣeyiɣi geɖe, elabena eva hiãna be woaxlẽ nyatakaka gbogbo aɖewo siwo tso xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, . . . kple asitsaboblodolawo gbɔ aɖo wo ŋu gbesiagbe.” Egblɔ kpee be: “Ame geɖe siwo tsɔ nyatakakawo xɔxɔ kple wo ɖoɖo ɖa to kɔmpiuta dzi ɖo dɔe va srɔ̃ nu manyomanyo si nye be woɖoa modzakaɖeɖe ŋuti nyatakaka ɖesiaɖe si aka wo si—nukokoedoamenyawo, lododowo, kɔmpiuta dzi lɛta si wobiana be woama na ame geɖe, kple bubuwo—ɖe amesiame si ƒe e-mail adrɛs le wo si.”

31 Esia dze le E-mail siwo womana le nɔvi geɖewo dome la me—nuwo abe nukokoedoamenyawo alo subɔsubɔdɔa ŋuti nya ɖikokoewo; hakpanya siwo wogblɔ be wotu ɖe míaƒe dzixɔsewo dzi; kpɔɖeŋu siwo wowɔ le nutome gã kple nutome sue takpekpewo, alo Fiaɖuƒe Akpata me nuƒowo me; gbeadzi nuteƒekpɔkpɔwo; kple bubuwo—nusiwo dze abe afɔku aɖeke ɖe mele wo me o ene. Ame geɖe tsɔe ɖo dɔe heɖoa E-mail mawo ɖe ame bubuwo esi womedia woƒe tsoƒe o, si wɔe be esesẽna be woanya amesi gbɔ nyatakakaawo tso, eye ele be esia nana ame nabia eɖokui nenye be nyatakakaa nye nyeteƒe ŋutɔŋutɔ.—Lod. 22:20, 21.

32 Nyatakaka maɖinu mawo mesɔ ɖe nya siwo le blibo si nɔ susu me na Paulo la nu o, esi wòŋlɔ na Timoteo be: ‘Lé nya, siwo le blibo, siwo nèse le nunye la ƒe kpɔɖeŋu me ɖe asi le xɔse kple lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu me la me.’ (Tim. II, 1:13) Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe si nye “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” si wotu ɖe Biblia ƒe tanya si nye be woato Fiaɖuƒea dzi aʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta la dzi koŋ mee “nya siwo le blibo” la le. (Zef. 3:9) Ele be míadze agbagba ɖesiaɖe be míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖesiaɖe atsɔ aʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye tae.

33 Esi míeɖo nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣia ƒe yɔyrɔenu ta la, menye ɣeyiɣi siae wòle be míaɖe ŋu ɖi o. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.” (Pet. I, 5:8) Egagblɔ be: “Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.”—Ef. 6:11.

34 Ne womezã Internet nyuie o la, Satana ate ŋu akpe amesiwo eƒe ŋusẽ te ŋu blena la dzi. Togbɔ be viɖe aɖewo le eŋu hã la, afɔku ate ŋu anɔ eme ne womeɖɔ ŋu ɖo le eŋu o. Ehiã be dzilawo koŋ natsi dzi ɖe nusiwo wo viwo wɔna le Internet dzi ŋu.

35 Internet ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ƒe amesinɔnɔ nye ametakpɔkpɔ. Míekpɔ ŋudzedze ɖe Paulo ƒe ŋkuɖodzinya siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu ŋu be: “Amesiwo . . . wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womele eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.” (Kor. I, 7:29-31) Ne nusiawo le susu me na mí la, akpe ɖe mía kple míaƒe ƒomewo ŋu be nusiwo le xexeame, si me Internet dzi nyatakakawo hã le nagahe míaƒe susu o.

36 Ele vevie be míanɔ mía nɔvi siwo le hamea me ŋu kplikplikpli eye míazã ɣeyiɣi susɔea nunyatɔe, ale be míatsɔ mía ɖokui ana geɖe wu hena Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ. Esi nuɖoanyi sia le eƒe nuwuwu gogom ta la, migana “[míazɔ] abe alesi trɔ̃subɔlawo hã zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me la ene o,” ke boŋ mina ‘míadze si nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.’—Ef. 4:17; 5:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe