Ðe Viwò Ate Ŋu Awɔ Nyametsotso si Fia be Etsi le Susu Mea?
1. Nyametsotso kae sɔhɛ Ðasefowo wɔ ku ɖe ʋudodo ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu ɖeka.
1 Wòawɔ nuka ƒe nyametsotso? Ku ɖe ʋudodo ŋu. Abe alesi wòdze le Gbetakpɔxɔ, June 15, 1991 (Vol. 112, No. 12-EW) me nyati si nye “Zɔ ɖe Yehowa ƒe Mɔfiafia Nu” me ene la, eva hiã be Yehowa Ðasefowo ƒe vi aɖewo natɔ afɔ to awɔ nyametsotso siwo ɖee fia kɔte be wonyae be se si Mawu de ku ɖe ʋu ŋu dzi wɔwɔ nye nya vevi na yewo abe alesi wònyee na yewo dzilawo hã ene. Ðe wòava hiã be viwò sue hã nawɔ nyametsotso sesẽ siawo tɔgbea?
2. Gomenɔamesi ka ŋudɔe ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe wɔ le nya dɔdrɔ̃ na ɖevi aɖe si gbe be woagado ʋu na ye o me, eye nukae dzila Kristotɔwo kple wo vi suewo ate ŋu asrɔ̃ le nudzɔdzɔ sia me?
2 Nya Kae Dukɔa ƒe Se Gblɔ? Le United States la, Illinois Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me be nyɔnuvi aɖe si gbe be woagado ʋu na ye o la ƒe nyagbɔgblɔwo fia be etsi le susu me, eye be gome le esi be wòatso nya me nenema. Esi ʋɔnudrɔ̃ƒea nɔ nyɔnuvi sia, si nye Ðasefo si xɔ ƒe 17, ƒe nya drɔ̃m la, wotso afia be: “Ne kpeɖodziwo dze ƒã eye wo me kɔ be nyɔnuvia tsi le susu me eye wònya nusiwo ate ŋu ado tso eƒe nyametsotsoa me [eye] be menye ɖevinu wɔmee wòle o la, ekema gome le ɖevi si tsi le susu me alea si le dukɔa ƒe se nu be wòalɔ̃ woawɔ atike aɖe nɛ loo alo wòagbe.” Eyata be ɖɔktawo alo senyalawo nanya ne ɖevi aɖe si dze dɔ, tsi ate ŋu awɔ nyametsotso na eɖokui la, ate ŋu adzɔ be woabia gbee be yewoasee tso eya ŋutɔ nu be yemedi be woado ʋu na ye o. Ehiã be ɖevia nanya nusi gbegbe eƒe lãmesẽ kuxia lɔ ɖe eme kple nusiwo ate ŋu anye atike siwo dzi wòada asi ɖo be woawɔ na ye la me tsonuwo, eye wòatsɔ moveviɖoɖo aɖe dzixɔse si le esi, tso se si Mawu de ku ɖe ʋu ŋu, la agblɔ eme nakɔ.
3. Biabia kawo ŋue wòle be dzilawo nade ŋugble le vevie, eye nukatae?
3 Nya Kae Viwò Agblɔ? Ðe viwòwo ate ŋu aɖe woƒe dzixɔse agblɔ le ʋudonya mea? Ðe woxɔe se le woƒe dzi me ŋutɔŋutɔ be Mawu ƒe see wònye be ‘míatsri ʋua’? (Dɔw. 15:29; 21:25) Ðe woate ŋu atsɔ Ŋɔŋlɔawo aɖo kpe woƒe dzixɔsea dzia? Ne ɖɔktawo kpɔe be woƒe agbe ɖo afɔku me ɖe, ɖe woate ŋu aʋli nyametsotso si wowɔ tso ʋu ŋu la ta dzinɔameƒotɔe, ne mi dzilawo miele wo gbɔ o gɔ̃ hã? Esi “azãgbe kple nuɖiɖeame li na [mí] katã” ta la, aleke nàte ŋu adzra viwòwo ɖo ɖe nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ si ate ŋu atu wo le vome la ŋui?—Nyagb. 9:11; Ef. 6:4.
4, 5. (a) Agba kae le dzilawo dzi, eye aleke woate ŋu atsɔe? (b) Dɔwɔnu kawoe li siwo ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu?
4 Dzilawo, Nukae Miate Ŋu Awɔ? Enye miaƒe agbanɔamedzi be miafia Mawu ƒe nukpɔsusu le ʋu ŋu mia viwo. (Tim. II, 3:14, 15) Miate ŋu akpɔ eŋuti numeɖeɖe si me kɔ nyuie le Reasoning-gbalẽa me, axa 70-4. Misrɔ̃e kple mia viwo nyuie. Mia kple mia viwo misrɔ̃ eƒe akpa si gblɔ be “If Someone Says—” (Ne Ame aɖe Gblɔ Be) si le axa 74-6, eye miabia nyaawo ahaɖo wo ŋu na mia nɔewo be alesi mia viwo ate ŋu aɖe woƒe dzixɔse me kple nusita woxɔ nane dzi see la gbɔgblɔ nama wo. (Pet. I, 3:15) Teƒe bubu si míagate ŋu asrɔ̃ nu tso ʋudonyaa ŋu le enye agbalẽ gbadza si nye How Can Blood Save Your Life? kple Gbetakpɔxɔ, June 15, 2004, axa 14-24. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, alesi susu le atikewɔwɔ kple dɔwɔwɔname ʋumadomadoe me, kple alesi wònyoe la ŋuti nyatakaka dzeameŋuwo le video siwo nye Transfusion-Alternative Health Care—Meeting Patient Needs and Rights kple No Blood—Medicine Meets the Challenge me, eye video siawo le DVD si ƒe tanyae nye Transfusion Alternatives—Documentary Series dzi fifia míakpɔ. Ðe mia kple wò ƒomea miekpɔ video siawo hedzro wo me le ŋkeke siawo mea?
5 Kpe ɖe viwòwo ŋu be ‘woate ŋu adzro nusi nyo eye wòdzea Mawu ŋu, si nye eƒe lɔlɔ̃nu’ ku ɖe ʋu ŋu ‘la me akpɔ.’ Ne miewɔe alea ko hafi woate ŋu awɔ nyametsotso wòafia be wotsi le susu me eye Yehowa ƒe yayra anɔ wo dzi.—Rom. 12:2.