Dɔ Si Hiã Vevie Wu
1. Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la, nu kawoe wòaʋã mí míatsɔ asa vɔe?
1 Nu ka ta wodea dzi ƒo na mí edziedzi be míazã míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ɖo? Elabena gbeƒãɖeɖedɔa xɔ asi wu dɔ bubu ɖe sia ɖe! Ne míedea ŋugble le vi siwo gbegbe wòɖena na amewo ŋu la, eʋãa mí míedina vevie be míakpɔ gome le dɔ sia si womagawɔ gbeɖegbeɖe akpɔ o la me geɖe wu.—Dɔw. 20:24.
2. Aleke gbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna la kpena ɖe mía ŋu míekɔa Yehowa ƒe ŋkɔ gã la ŋui?
2 Kɔ Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋuti: Míeɖea gbeƒãe na amewo be Yehowa ƒe Fiaɖuƒe, si le Kristo Yesu si me la, ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe, eye wòakpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ na wo. (Mat. 6:9, 10) Míedoa Yehowa ɖe dzi be eya koe ate ŋu aɖe mí tso dɔléle kple ku si me. (Yes. 25:8; 33:24) Esi Yehowa ƒe ŋkɔ le mía ŋu ta la, ame siwo léa ŋku ɖe ale si míenɔa agbe nyui kple ale si dzo nɔa mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ŋuti la kafua eya amea. (1 Pet. 2:12) Dzi dzɔa mí ŋutɔ be míenana amewo nyaa Aƒetɔ Dziɖula Gã Yehowa ƒe ŋkɔ le xexea me godoo!—Ps 83:19.
3. Yayra kawoe ame siwo ɖoa to Fiaɖuƒegbedeasia kpɔna?
3 Eɖea Amewo Ƒe Agbe: Yehowa “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be amewo katã naɖo dzimetɔtrɔ gbɔ.” (2 Pet. 3:9) Gake ne ame aɖeke meli afia nu ameawo o ɖe, aleke woawɔ anya agbenɔnɔ si dzea Yehowa ŋu kple esi medzea eŋu o? (Yona 4:11; Rom. 10:13-15) Ne amewo xɔ nyateƒea heɖe asi le nu gbegblẽ siwo wowɔna tsã ŋu la, woƒe agbenɔnɔ va nyona ɖe edzi. (Mixa 4:1-4) Eye dzi dzɔa wo hã, elabena agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ va sua wo si. Ne míedo vevie nu le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me la, woaɖe mía ŋutɔwo kple ame siwo ɖoa to mí la siaa. (1 Tim. 4:16) Eya ta ɖe menye bubu gã aɖee nye esia wode mía ŋu be wotsɔ dɔ vevitɔ sia de mía si oa?
4. Nu ka tae wòhiã be míado vevie aɖe gbeƒã Fiaɖuƒea ahakpe ɖe amewo ŋu woazu nusrɔ̃lawo?
4 Eteƒe madidi o, xaxa gã la ahe xexe gblẽku sia ava nuwuwui le vo me. Ame siwo le Yehowa ƒe akpa dzi la atsi agbe. Eya ta eme kɔ be gbeƒãɖeɖe kple kpekpe ɖe amewo ŋu be woazu nusrɔ̃lawo ye nye dɔ vevitɔ si le edzi yim egbea, si hiã kpata, si ŋu viɖe le wu. Mina wòanye nu vevitɔ na mí le agbe me!—Mat. 6:33.