NUSƆSRƆ̃ 44
Nyabiasewo Ŋudɔwɔwɔ Nyuie
ESI wònye ɖe woɖoa nyabiasewo ŋu—woɖoa eŋu kple nu alo woɖoa eŋu le susu me—ta la, ewɔnɛ be wò nyaselawo kpɔa gome le dzeɖoɖoa me. Nyabiasewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze dzeɖoɖo gɔme eye miase vivi na numedzodzro wɔdɔɖeamedziwo. Le wò nuƒoƒo kple nufiafia me la, àte ŋu azã nyabiasewo atsɔ anyɔ ɖetsɔlemee, atsɔ akpe ɖe ame aɖe ŋu wòade ŋugble le nyati aɖe ŋu, alo atsɔ ate gbe ɖe nya si gblɔm nèle dzii. Ne èwɔ nyabiasewo ŋudɔ nyuie la, akpe ɖe amewo ŋu be woanɔ nuwo ŋu bum le susu me tsɔ wu be woanɔ to ɖom ko gomemakpɔmakpɔ le emee. Na taɖodzinu aɖe nanɔ susu me na wò, eye nàbia nyaa le mɔ si ana nàɖo taɖodzinu ma gbɔ nu.
Be Nàʋu Dzeɖoɖo ƒe Mɔnu Ði. Ne èle gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔm la, nɔ ŋudzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi be nàkpe amewo be woagblɔ woƒe susu ne wolɔ̃ ŋu.
Ðasefo geɖe dze dzeɖoɖo lédzinamewo gɔme to nya bɔbɔe sia biabia me be, “Èbu nya sia ŋu kpɔa . . . ?” Ne wotia nyabiase aɖe si le ame geɖe ƒe susu me vavã la, kakaɖedzi nɔa eŋu zi geɖe be woase vivi na gbeadzisubɔsubɔdɔa. Ne biabiaa nye nu yeye si ŋu amea mebu kpɔ o gɔ̃ hã la, ate ŋu anyɔ eƒe didi vevie be yeanya ŋuɖoɖoa. Woate ŋu adze nyabiase vovovowo gɔme kple nya siawo be, “Nukae nye wò susu le . . . ŋu?,” “Aleke nèse le ɖokuiwò me le . . . ŋu?,” kple “Èxɔ se be . . . ?”
Esi nyanyuigblɔla Filipo do go Etiopiatɔ aƒedzikpɔla aɖe si nɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖia xlẽm kple gbe si kɔ dzi la, ɖeko Filipo bia nya bɔbɔe siae be: “Èle nya, si xlẽm nèle la gɔme sema?” (Dɔw. 8:30) Nyabiase sia ʋu mɔ ɖi na Filipo be wòɖe Yesu Kristo ŋuti nyateƒea gɔme nɛ. Egbegbe Ðasefo aɖewo ke ɖe amesiwo Biblia me nyateƒea gɔmesese nyuie ƒe dɔ nɔ wuwum la ŋu to nyabiase siawo tɔgbe dzi.
Ne èna mɔnukpɔkpɔ ame geɖe be woaɖe woawo ŋutɔ ƒe susu agblɔ la, woalɔ̃ faa be yewoaɖo to wò hã. Ne èdo biabia aɖe ɖa vɔ la, ɖo to nya si amea agblɔ la nyuie. Ðe xɔlɔ̃wɔwɔ fia ne woɖo biabiaa ŋu, ke menye be nàɖe ɖeklemi wo o. Kafu wo tso dzime le afisi wòasɔ le. Ɣeaɖeɣi esi agbalẽfiala aɖe ‘ɖo nya ŋu nunyatɔe’ la, Yesu kafui be: “Wò la mèle adzɔge tso mawufiaɖuƒe la gbɔ o.” (Mar. 12:34) Ne mèlɔ̃ ɖe amea ƒe nukpɔsusu dzi o gɔ̃ hã la, àte ŋu ada akpe nɛ ɖe eƒe susu ɖeɖegblɔ ta. Nya si wòagblɔ ate ŋu ana nànya nɔnɔme aɖe si ŋu wòle be nàbu le Biblia ƒe nyateƒea gbɔgblɔ nɛ me.
Be Nàɖe Nya Vevi aɖe Ðe Go. Ne èle nu ƒom na ƒuƒoƒo aɖe alo nèle dze ɖom kple ame ɖeka la, dze agbagba nàzã nyabiasewo atsɔ akplɔ amewo ayi nya veviwo gbɔe. Kpɔ egbɔ be wò biabiawo ku ɖe nusi me nyaselawo tsɔ ɖe le vavã ŋu. Àte ŋu awɔ biabia siwo alé dzi na amewo le esi ŋuɖoɖoa kpɔkpɔ manɔ bɔbɔe o ta la hã ŋudɔ. Ne ètɔ vie le nyaa biabia vɔ megbe la, anɔ eme be wò nyaselawo aganɔ to dzi nyuie wu anɔ mɔ kpɔm na nya si nàgblɔ la sese.
Ɣeaɖeɣi nyagblɔɖila Mixa zã biabiawo tsiã ɖe enu. Esi nyagblɔɖila la bia nya ku ɖe nusi dim Mawu le tso esubɔlawo si ŋu vɔ la, egabia nya ene bubu kplɔe ɖo, eye wòdo nusi anye ŋuɖoɖoa ɖa le wo dometɔ ɖesiaɖe me. Biabia mawo katã dzraa nua xlẽlawo ɖo ɖe ŋuɖoɖo si ŋu gɔmesese deto le si wòtsɔ ƒo eƒe numedzodzroa ƒe akpa ma tae la ŋu. (Mixa 6:6-8) Àte ŋu awɔ esia tɔgbe ŋudɔ le nufiafia mea? Tee kpɔ.
Be Woatsɔ Adzro Nyati aɖe Mee. Woate ŋu atsɔ nyabiasewo akpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ be susu le nya aɖe si ŋu woʋlia nya le si me dzrom wole la me. Esi Yehowa nɔ fɔbuamenya sẽŋu aɖe gblɔm na Israel la, ewɔ mɔnu sia ŋudɔ, abe alesi wòdzee le Maleaxi 1:2-10 ene. Gbã la, egblɔ na wo be: “Melɔ̃ mi.” Womete ŋu de dzesi lɔlɔ̃ sia o, eyata ebia wo be: “Ðe menye Yakob nɔvie nye Esau oa?” Eyome Yehowa fia asi aƒedo ƒe nɔnɔme si me Edom nɔ wònye kpeɖodzi be le woƒe ŋutasẽnuwɔnawo ta la, Mawu melɔ̃ dukɔ ma o. Etsɔ kpɔɖeŋunyawo kplɔ esia ɖoe siwo me biabiawo nɔ wòtsɔ nɔ gbe tem ɖe alesi Israel gbe be yewomawɔ nusi wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃ la o dzi. Wobia nya aɖewo abe nunɔla mawɔnuteƒeawoe nɔ wo biam ene. Bubuwo nye nya siwo Yehowa bia nunɔlaawo. Numedzodzro ma wɔa dɔ ɖe ame dzi eye wònyɔa míaƒe ɖetsɔleme; màte ŋu agbe nya siwo wogblɔ o; gbedasia nye esi womate aŋlɔ be o.
Nuƒola aɖewo wɔa nyabiasewo ŋudɔ nyuie le mɔ sia tɔgbe nu. Togbɔ be womanɔ mɔ kpɔm be woaɖo eŋu kple nu o hã la, nyaselawo ƒe susu nɔa nyawo ŋu, abe ɖe wole dze ɖom kple nuƒolaa le susu me ene.
Ne míele Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm la, míewɔa mɔnu si bia be nusrɔ̃via nakpɔ gome le eme la ŋudɔ. Le nyateƒe me la, eɖea vi wu ne nusrɔ̃via mexlẽa ŋuɖoɖoa tso agbalẽa me tẽ ko o. Àte ŋu abia nya bubuwo vividoɖeameŋutɔe atsɔ adzro nu me kple nusrɔ̃via. Le nya veviwo me la, de dzi ƒo nɛ be wòanɔ te ɖe Biblia dzi atsɔ aɖo eŋui. Àte ŋu abia be: “Aleke nya si me dzrom míele wɔ ɖeka kple nu bubu sia si míesrɔ̃ va yi lae? Nukata wòle vevie? Aleke wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzii?” Mɔnu siawo wɔa dɔ wu wò ŋutɔ wò dzixɔsewo gbɔgblɔ alo nu gbogbo aɖe me ɖeɖe. Ne èwɔe alea la, akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòazã eƒe “tamebubu ŋutete” atsɔ asubɔ Mawui.—Rom. 12:1, NW.
Ne nusrɔ̃via ƒe susu mele nya aɖe lém o la, gbɔ dzi ɖi nɛ. Anɔ eme be ele agbagba dzem be yeatsɔ nya si gblɔm nèle anɔ sɔsɔm kple nusi dzi wòxɔ se ƒe geɖe enye sia. Asitɔtrɔ le nyaa ŋu to mɔ bubu dzi ate ŋu aɖe vi. Gake ɣeaɖewoɣi la, ahiã be woana ŋugbledede kplii nanɔ bɔbɔe kura. Zã Ŋɔŋlɔawo me nya geɖe. Wɔ kpɔɖeŋuwo. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, zã biabia bɔbɔe siwo ana amea nade ŋugble le kpeɖodzinyawo ŋu.
Be Nàna Amea Naɖe Eƒe Seselelãme Agblɔ. Ne amewo le nya ŋu ɖom la, menye ɣesiaɣie woɖea alesi tututu wose le wo ɖokui me fiana o. Anɔ eme be ɖe wole ŋuɖoɖo si wobu be eya dim nèle la gblɔm ko. Ehiã be nàzã nugɔmesese. (Lod. 20:5) Abe alesi Yesu wɔe ene la, àte nu abia be: ‘Èxɔ nya sia dzi sea?’—Yoh. 11:26.
Esi nya aɖe si Yesu gblɔ ɖia eƒe nusrɔ̃la geɖe nu eye wogbugbɔ le eyome la, Yesu bia tso eƒe apostolowo si be woagblɔ alesi wose le wo ɖokui me. Ebia be: “Alo miawo hã ɖe miele didim be, miadzo mahã?” Petro ɖe woƒe seselelãme gblɔ, be: “Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò. Eye míexɔe se, eye míedze sii bena, wòe nye Kristo, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la.” (Yoh. 6:67-69) Ɣebubuɣi Yesu bia eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Ameka amewo gblɔna bena, Amegbetɔvi la nye mahã?’ Eyome etsɔ biabia aɖe si ana woaɖe nusi le woawo ŋutɔ ƒe dzi me agblɔ la kplɔe ɖo. ‘Ke miawo la, amekae miegblɔna bena, menye mahã?’ Petro ɖo eŋu bena: “Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!”—Mat. 16:13-16.
Ne èle aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm la, àkpɔe be aɖe vi ne yewɔ mɔnu siawo tɔgbe ŋudɔ le nya aɖewo me. Àte ŋu abia be: “Aleke miaƒe sukuhatiwo (alo dɔwɔhatiwo) bua nya siae?” Eyome àte ŋu abia be: “Aleke wò hã nèse le ɖokuiwò me le nya sia ŋu?” Ne ènya amewo ƒe seselelãme vavã la, ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nànye nufiala si ate ŋu ana kpekpeɖeŋu gãtɔ kekeake.
Be Woatsɔ Ate Gbe Ðe Nya Dzii. Woate ŋu awɔ nyabiasewo ŋudɔ atsɔ ate gbe ɖe nya dzii. Apostolo Paulo wɔ esia, abe alesi wòdze le Romatɔwo 8:31, 32 ene, be: “Ne Mawu le mía dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii? Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mí katã mía ta boŋ; aleke lawɔ, eye matsɔ nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa?” De dzesii be le biabiawo dometɔ ɖesiaɖe gome la, ena ŋusẽ va le nya si wogblɔ do ŋgɔ nɛ teti ŋu.
Esi nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna Babilon-fia dzi vɔ la, eɖe kakaɖedzi sẽŋu si nɔ esi le nya mawo ŋu la gblɔ kpee be: “Ne Yehowa Zebaot ɖo nu ɖe ta me la, ameka agblẽ eme, eye ne edo eƒe alɔ ɖe dzi la, ameka agbugbɔe?” (Yes. 14:27) Nya siwo le nyabiasea ŋutɔ me ɖee fia be womate ŋu agbe nya si wogblɔ o. Womele mɔ kpɔm be woaɖo nya siawo ŋu o.
Be Woatsɔ Aɖe Nukpɔsusu Masɔmasɔ Afia. Nyabiase siwo ŋu wobu nyuie nye mɔnu sẽŋu aɖe si dzi woato aɖe nukpɔsusu masɔmasɔ hã afia. Hafi Yesu nada gbe le ŋutsu aɖe ŋu la, ebia Farisitɔwo kple Sefiala bibi aɖewo be: “Woɖe mɔ be, woada gbe le Sabat dzi loo, alo womeɖe mɔ o mahã?” Esi wòda gbe le amea ŋu vɔ la, egada nyabiase bubu ɖe anyi be: “Ameka le mia dome, ne via alo eƒe nyi ge ɖe vudo me la, maɖee le eme enumake le Sabat ŋkeke dzi o mahã?” (Luka 14:1-6) Menɔ mɔ kpɔm be woaɖo eŋu o, eye womeɖo eŋu hã o. Nyabiase siawo ɖe woƒe nukpɔsusu totroawo fia.
Ɣeaɖewoɣi nukpɔsusu masɔmasɔwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ vavãwo gɔ̃ hã dzi. Ƒe alafa gbãtɔ me Korinto-hamea me tɔ aɖewo nɔ wo nɔviwo kplɔm yi ʋɔnudrɔ̃ƒewo ɖe nya aɖewo siwo gbɔ woawo ɖeɖe woate ŋu akpɔ le wo nɔewo dome hafi la ta. Aleke apostolo Paulo kpɔ nya sia gbɔe? Ebia nyawo tẽ ɖe wo nɔewo yome tsɔ ɖɔ woƒe tamebubu ɖoe.—Kor. I, 6:1-8.
Àte ŋu anya alesi nàwɔ nyabiasewo ŋudɔ nyuie ne èyi edzi le mɔnu sia zãm. Gake ɖo ŋku edzi nàɖe bubu afia, vevietɔ ne èle nu ƒom na ame tsitsiwo, amesiwo mèdze si o, kple bubumewo. Zã nyabiasewo nàtsɔ aɖe Biblia me nyateƒea afia le mɔ si anya se nu.