INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr18 September axa 1-4
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo (2018)
  • Tanya Suewo
  • SEPTEMBER 3-9
  • SEPTEMBER 10-16
  • SEPTEMBER 17-23
  • SEPTEMBER 24-30
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo (2018)
mwbr18 September axa 1-4

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

SEPTEMBER 3-9

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YOHANES 1-2

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Yh 1:1

Nya la: Alo “Logos la.” Helagbe, ho loʹgos. Wozãe le afi sia wònye dzesideŋkɔ, wogazãe le Yh 1:14 kple Nyɖ 19:13 hã. Yohanes gblɔ be Yesue wozã dzesideŋkɔ sia na. Wozã dzesideŋkɔ sia na Yesu esime wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ nɔ dziƒo, wogazãe nɛ esime wònye amegbetɔ deblibo nɔ subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi kple esime wodoe ɖe dzi wòyi dziƒo megbe. Yesue nye Mawu ƒe Nya si dzi wòtona ƒoa nu na amewo alo Nyanuɖela na Wɔlaa ƒe gbɔgbɔmeviwo kple amegbetɔwo. Eya ta esɔ be hafi Yesu nava anyigba dzi la, Yehowa to Nya la, si nye eƒe nyanuɖela si nye mawudɔla la dzi ƒo nu na amewo.—1Mo 16:7-11; 22:11; 31:11; 2Mo 3:2-5; Ʋɔn 2:1-4; 6:11, 12; 13:3.

kple: Egɔmeɖeɖe tẽe, “te ɖe.” Le afi sia la, Helagbe me teƒefianya pros fia ameŋunɔnɔ kplikplikpli kple hadede. Egafia ame vovovowo, le afi sia la, efia Nya la kple Mawu vavã ɖeka la.

Nya la nye mawu aɖe: Alo “Nya la nye mawu [alo, “le abe mawu ene”].” Yohanes ƒe nya siawo ɖɔ “Nya la” (Helagbe, ho loʹgos; kpɔ numeɖeɖe si le Nya la ŋu le kpukpui sia ŋu) ƒe nɔnɔme, si nye Yesu Kristo. Esi Nya la nye Mawu ƒe Ŋgɔgbevi si dzi Mawu to wɔ nuwo katã tae woɖɔe be “mawu aɖe; le abe mawu ene; mawu; mawu ƒe nɔnɔme” ɖo. Biblia gɔmeɖela geɖe ɖea egɔme be “Nya la nye Mawu,” si na wòsɔ kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Ke hã, susu nyuiwo li si ta míagblɔ be Yohanes ƒe nyawo mefia be “Nya la” kee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o. Gbã la, nya siwo do ŋgɔ kple esiwo kplɔe ɖo siaa gblɔ be “Nya la” li “kple Mawu.” Azɔ hã, Helagbe me nya the·osʹ dze zi gbɔ zi etɔ̃ le kpukpui 1 kple 2 lia me. Zi gbãtɔ kple zi etɔ̃lia si nya the·osʹ dze la wozã Helagbe me asitɔnudzinyakui kpe ɖe eŋu; gake asitɔnudzinyakui mekpe ɖe eŋu le afi si wòdze le zi evelia ya o. Agbalẽnyala geɖe gblɔ be susu vevi aɖe tae womezã asitɔnudzinyakui kpe ɖe the·osʹ ŋu le afi si wòdze le zi evelia o. Ne wozã asitɔnudzinyakui le afi sia kpe ɖe the·osʹ ŋu la, ke efia Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Gake esi asitɔnudzinyakui medze le nya sia me o ta la ena the·osʹ va le nɔnɔme si le “Nya la” si la ɖɔm. Eya ta Eŋlisi, Franse kple Germany gbe me Biblia aɖewo ɖe egɔme abe ale si Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ɖe egɔmee ene be “Nya la” nye “mawu aɖe; mawu ƒe nɔnɔme; le abe mawu ene.” Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, Biblia gɔmeɖeɖe xoxo siwo nye Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽ si gɔme woɖe ɖe Koptgbe siwo nye Sahidik kple Bohairik me ɖewohĩ le ƒe alafa etɔ̃lia kple enelia K.Ŋ. la ŋlɔ the·osʹ gbãtɔ si dze le Yh 1:1 la wòto vovo na evelia. Ale si woɖe wo gɔmee la te gbe ɖe “Nya la” ƒe nɔnɔme dzi be ele abe Mawu ene, gake womena wòsɔ kple Fofoa si nye Mawu ŋusẽkatãtɔ la o. Le esia ta Kol 2:9 ɖɔ Kristo be “Mawu ƒe nɔnɔme blibo la dze le” eŋu wòwɔ ɖeka kple Yh 1:1. Eye 2Pe 1:4 hã gblɔ be ‘mawumenɔnɔmewo asu’ Kristo ƒe hatidomenyilawo si. Azɔ hã le Septuagint Biblia me la, Helagbe me nya the·osʹ sɔ kple Hebrigbe me nya siwo gɔme woɖe be “Mawu,” ʼel kple ʼelo·himʹel siwo wobu be wo gɔmee nye “Ŋusẽtɔ; Ame Sesẽ.” Wozã Hebrigbe me nya siawo wòfia Mawu ŋusẽkatãtɔ, mawu bubuwo kple amegbetɔwo. Esi woyɔ Nya la be “mawu aɖe,” alo “ŋusẽtɔ aɖe” la, esɔ kple nyagblɔɖi si le Yes 9:6, afi si wogblɔ ɖi le be woayɔ Mesia la be “Mawu Ŋusẽtɔ” (menye “Mawu Ŋusẽkatãtɔ o”) eye be anye “Fofo Mavɔ” na ame siwo katã dzi wòaɖu la. “Aʋakɔwo ƒe Yehowa” si nye eya ŋutɔ Fofoa ƒe dzonɔameme awɔ esia ade goe.—Yes 9:7.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 1:29

Mawu ƒe Alẽvi: Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ eye Abosam tee kpɔ vɔ megbe ye Yohanes Amenyrɔɖetsimela yɔe be “Mawu ƒe Alẽvi.” Afi sia kple Yh 1:36 koe nya sia dze le. (Kpɔ Megbenyawo A7.) Esɔ be wotsɔ Yesu sɔ kple alẽvi. Le Biblia me la, ne amewo wɔ nu vɔ̃ la, alẽe wotsɔna saa vɔe ale be woagate ŋu ate ɖe Mawu ŋu. Esia nye vɔvɔli na Yesu ƒe agbe deblibo si wòatsɔ ana wòanye vɔsa ɖe amegbetɔwo ta. Nya “Mawu ƒe Alẽvi” anya dze le mɔ vovovo nu le Ŋɔŋlɔ si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la me. Esi Yohanes Amenyrɔɖetsimela nya Hebri Ŋɔŋlɔawo nyuie ta la, ɖewohĩ enɔ susu hem yi nudzɔdzɔ siwo gbɔna la dometɔ aɖe alo aɖewo dzi: agbo si Abraham tsɔ sa vɔ ɖe via Isak teƒe (1Mo 22:13), Ŋutitotolẽvi si wowu le Egipte tsɔ ɖe Israel-viwo tso kluvi me (2Mo 12:1-13), alo alẽtsui si wotsɔ saa vɔ ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ le vɔsamlekpuia dzi le Yerusalem (2Mo 29:38-42). Ðewohĩ Yesaya ƒe nyagblɔɖi si me Yehowa ƒo nu tso ame si wòyɔ be “nye dɔla” ŋu be “wokplɔe abe alẽ ene yi wuwuƒe” hã nɔ susu me na Yohanes. (Yes 52:13; 53:5, 7, 11) Esi Apostolo Paulo ŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔ na Korintotɔwo la, eyɔ Yesu be “míaƒe Ŋutitotolẽvi.” (1Ko 5:7) Apostolo Petro gblɔ be Kristo ƒe ‘ʋu xɔ asi abe alẽvi si nu mewɔ afi aɖeke na o, si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o la tɔ ene.’ (1Pe 1:19) Eye le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, wogblɔ wu zi 25 tso Yesu si wodo ŋutikɔkɔe na ŋu le kpɔɖeŋumɔ nu be enye “alẽvi.”—Kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiawo: Nyɖ 5:8; 6:1; 7:9; 12:11; 13:8; 14:1; 15:3; 17:14; 19:7; 21:9; 22:1.

SEPTEMBER 10-16

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YOHANES 3-4

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 4:6

te ɖeɖi Yesu ŋu: Afi sia koe wogblɔ le Ŋɔŋlɔawo me be ‘ɖeɖi te’ Yesu ŋu. Anɔ abe ŋdɔ ga 12 lɔƒo ene, eye le ŋdi me la Yesu zɔ mɔ tso Yordan balia me le Yudea yi Sixar si le Samaria, si nye mɔ ɖiabu si ƒe didime nye meta 900 alo esi wu nenema.—Yh 4:3-5; kpɔ Megbenyawo A7.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 3:29

ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃: Le Biblia ŋlɔɣiwo la, ŋugbetɔsrɔ̃ ŋu me vevi aɖe nɔa ŋugbetɔsrɔ̃a teƒe le se nu eye wòwɔa akpa vevi aɖe le ɖoɖo si wowɔna ɖe srɔ̃ɖeɖea ŋu me. Wobui be eyae tea ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a ƒoa ƒui. Le srɔ̃kpegbea la, ŋugbetɔa kple eŋumewo yia ŋugbetɔsrɔ̃ la alo fofoa ƒe me, afi si woawɔ srɔ̃ɖeɖea le. Le azã sia me la, dzi dzɔa ŋugbetɔsrɔ̃a xɔlɔ̃ ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe wòle dze ɖom kple eƒe ŋugbetɔa, elabena esia nana exɔlɔ̃a sena le eɖokui me be yewɔ yeƒe dɔwo nyuie. Yohanes Amenyrɔɖetsimela tsɔ eɖokui sɔ kple “ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃.” Le afi sia la, Yesue nye ŋugbetɔsrɔ̃a eye eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒoa ye nye ŋugbetɔa le kpɔɖeŋumɔ nu. Esi Yohanes Amenyrɔɖetsimela nɔ mɔ dzi dzram ɖo na Mesia la, eɖe “ŋugbetɔ” la ƒe ƒuƒoƒoa me tɔ gbãtɔwo fia Yesu Kristo. (Yh 1:29, 35; 2Ko 11:2; Ef 5:22-27; Nyɖ 21:2, 9) “Ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃” la wua eƒe dɔa nu bliboe ne eɖe srɔ̃tɔawo fia vɔ; eye ne ewɔ ema vɔ la, ke akpa boo aɖeke megali wòawɔ o. Nenema kee esi Yohanes tsɔ eɖokui sɔ kple Yesu la, egblɔ be: “Eya anɔ dzidzim ɖe edzi, ke nyea manɔ to yim.”—Yh 3:30.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 4:10

agbetsi: Wozãa Helagbe me nya sia tẽe wòfia tsi si le sisim, tsi dzidzi, alo tsi nyui si dzi ɖe ʋudo me. Esia to vovo na tsi si xa ɖe tsido me. Ne woɖe Hebrigbe me nya si nye “tɔsisi” si dze le 3Mo 14:5 gɔme tẽe la, efia “agbetsi.” Woɖɔ Yehowa le Yr 2:13 kple 17:13 be “agbetsivudo [alo “tsi dzidzi”]” si fia tsi si naa agbe le kpɔɖeŋumɔ nu. Esi Yesu nɔ nu ƒom kple Samaria-nyɔnua la, ezã nya si nye “agbetsi” le kpɔɖeŋumɔ nu, gake edze abe gbãa, nyɔnua se egɔme be efia tsi ŋutɔŋutɔ ene.—Yh 4:11, 14.

SEPTEMBER 17-23

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YOHANES 5-6

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 6:10

ameawo nɔ anyi; woanɔ ŋutsu akpe atɔ̃: Mateo ƒe nuŋlɔɖia koe yɔ “nyɔnuwo kple ɖeviwo” esi wònɔ nukunu sia ŋu nya gblɔm. (Mt 14:21) Anye be ame siwo katã ɖu nu si wona nukutɔe la ƒe xexlẽme wu akpe wuiatɔ̃.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 6:14

Nyagblɔɖila: Yudatɔ geɖe siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ K.Ŋ. la, nɔ mɔ kpɔm be nyagblɔɖila abe Mose si ŋu woƒo nu tsoe le 5Mo 18:15, 18 ye anye Mesia la. Le afi sia la, nya ava xexea me anya ku ɖe Mesia ƒe vava ŋu. Yohanes koe ƒo nu tso nya siwo dze le kpukpui sia me la ŋu.

nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Yh 6:27, 54

nuɖuɖu si gblẽna . . . nuɖuɖu si megblẽna o, si naa agbe mavɔ: Yesu de dzesii be nu siwo amewo akpɔ tso ye gbɔ ta koe wodze ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yome. Togbɔ be nuɖuɖu ŋutɔŋutɔ léa amewo ƒe agbe ɖe te gbe sia gbe hã la, “nuɖuɖu” si tso Mawu ƒe Nya la me ana amewo nanɔ agbe tegbee. Yesu xlɔ̃ nu amehawo be woawɔ dɔ be woakpɔ “nuɖuɖu si naa agbe mavɔ” si fia be woaku kutri akpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ eye woaxɔ nu siwo wosrɔ̃ la dzi ase.—Mt 4:4; 5:3; Yh 6:28-39.

ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu: Nya siwo ƒo xlã nya sia ɖee be ame siwo ɖua Yesu Kristo ƒe ŋutilã, eye wonoa eƒe ʋu wɔa esia le kpɔɖeŋumɔ nu, to ale si woxɔa Yesu dzi sena la dzi. (Yh 6:35, 40) Ƒe 32 K.Ŋ. ye Yesu gblɔ nya sia, eya ta menye Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu si wòava ɖo anyi le ƒe si akplɔe ɖo me ŋue wònɔ nu ƒom tsoe o. Egblɔ nya sia do ŋgɔ teti na “Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui” la (Yh 6:4), eya ta anɔ eme be ame siwo nɔ to ɖomee la, anya ɖo ŋku azã si le ŋgɔ kple gɔmesese si le alẽvi ƒe ʋu si xɔ Israel-viwo ɖe agbe le zã si wodzo le Egipte la dzi na wo. (2Mo 12:24-27) Nenema kee Yesu nɔ gbe tem ɖe edzi be yeƒe ʋu awɔ akpa vevi aɖe ale be yeƒe nusrɔ̃lawo nakpɔ agbe mavɔ.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 6:44

hee vɛ: Togbɔ be Helagbe me dɔwɔnya si wozãna na “hee” la sɔ kple ale si wohea ɖɔ si me tɔmelãwo le hã, (Yh 21:6, 11) mefia be Mawu hea amewo sesẽe o. Dɔwɔnya sia agate ŋu afia be “woate ɖe ame ŋu,” eye Yesu ƒe nyawo anya nɔ susu hem yi Yr 31:3, afi si Yehowa gblɔ na eƒe ame siwo nɔ anyi le blema la be: “Metsɔ lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃ wò” la dzi. (Septuagint Biblia hã zã Helagbe me dɔwɔnya sia ke le afi sia.) Yh 12:32 fia be Yesu he ame ƒomeviwo katã ɖe eɖokui ŋu nenema ke. Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be Yehowa na tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe amegbetɔwo. Eya ta ame sia ame ate ŋu atiae be yeasubɔe loo alo yemasubɔe o. (5Mo 30:19, 20) Mawu hea ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le la ɖe eɖokui ŋu dzigbɔɖitɔe. (Ps 11:5; Lod 21:2; Dw 13:48) Yehowa wɔa esia to Biblia me gbedeasia kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. Nyagblɔɖi si le Yes 54:13 si me nyawo woŋlɔ ɖe Yh 6:45 la ku ɖe ame siwo Fofo la hena vaa eɖokui gbɔ la ŋu.—Tsɔe sɔ kple Yh 6:65.

nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Yh 6:64

Yesu nya . . . ame si ava dee asi: Yuda Iskariot ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe. Yesu do gbe ɖa zã bliboa katã na Fofoa hafi tia apostolo 12-awo. (Lk 6:12-16) Eya ta le gɔmedzedzea me la, Yuda wɔ nuteƒe na Mawu. Ke hã, Yesu nya nu tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖi siwo gblɔ be ye ŋu me kplikplikpli aɖee ade ye asi la ŋu. (Ps 41:9; 109:8; Yh 13:18, 19) Esi Yuda ƒe nuwɔnawo meva nɔ ga dzi dzem o la, Yesu, ame si ate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi kple susu me de dze-sii be Yuda ƒe nɔnɔme trɔ. (Mt 9:4) Esi Yehowa wɔ ŋutete si le esi be wòate ŋu anya nuwo do ŋgɔ ŋu dɔ ta la, ete ŋu nya be Yesu ŋu me aɖe si dzi wòka ɖo ye adee asi. Gake esia mefia be Mawu ɖoe ɖi do ŋgɔ be Yuda nava fia Yesu yome mɔ o, elabe esia mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe nɔnɔmewo kple ale si wòwɔ nu kple amewo va yi o.

tso gɔmedzedzea me: Menye ɣeyiɣi si wodzi Yuda alo esime Yesu do gbe ɖa zã bliboa hafi tiae wònye apostolo la ŋue wòku ɖo o. (Lk 6:12-16) Ke boŋ eku ɖe ɣeyiɣi si me Yuda te alakpanuwɔwɔ si Yesu kpɔ dze sii enumake la ŋu. (Yh 2:24, 25; Nyɖ 1:1; 2:23) Esia fia hã be ɖe Yuda bu nuawo ŋu eye wòɖo wo do ŋgɔ, ke menye be ɖe dzi vɔ̃ɖi va su esi zi ɖeka kpoyi o. Gɔmesese si le nya ‘gɔmedzedze’ (Helagbe, ar·kheʹ) ŋu le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la meto mɔ ɖeka o, enɔa te ɖe nya siwo ƒo xlã nya si gblɔm wole dzi. Le kpɔɖeŋu me, “gɔmedzedze” si wozã le 2Pe 3:4 la ku ɖe nuwɔwɔwo ƒe gɔdzedze ŋu. Gake zi geɖe la, wozãnɛ wofiana ɣeyiɣi si nane dze egɔme. Le kpɔɖeŋu me, Petro gblɔ be wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe ame siwo menye Yudatɔwo dzi “abe ale si ko míawo hã míexɔe le gɔmedzedzea me ene.” (Dw 11:15) Menye ɣeyiɣi si me wodzi Petro alo ɣeyiɣi si me woyɔe be wòanye apostolo ŋue wònɔ nu ƒom tsoe o. Ke boŋ ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea ƒe “gɔmedzedze” esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe wo dzi hena tameɖoɖo vevi aɖe ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. (Dw 2:1-4) Kpɔɖeŋu bubu siwo ɖee fia be nya siwo gblɔm wole ye fiaa gɔmesese si le nya “gɔmedzedze” ŋu la, dze le Lk 1:2; Yh 15:27; 1Yh 2:7.

SEPTEMBER 24-30

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YOHANES 7-8

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 8:58

meli xoxo: Yudatɔ siwo tsi tsitre ɖe Yesu ŋu la di be yewoaƒu kpee le esi wògblɔ be “yekpɔ Abraham” ta, elabena le woƒe nya nu la, Yesu ‘mekpɔ xɔ ƒe blaatɔ̃ haɖe o.’ (Yh 8:57) Yesu di be yeagblɔ na wo be yenɔ anyi xoxoxo abe gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ aɖe le dziƒo hafi wodzi Abraham. Ame aɖewo gblɔna be kpukpui sia ɖee fia be Yesu kee nye Mawu. Wogblɔna be Helagbe me nya e·goʹ ei·miʹ (si gɔme woɖe be “menɔ anyi” le Biblia aɖewo me), la wɔ ɖeka kple Septuagint Biblia tɔ si dze le 2Mo 3:14, eye ele be woaɖe kpukpui eve siawo me woasɔ. Gake le afi sia la, nya si bè ɖe Helagbe me dɔwɔnya ei·miʹ me la fia nuwɔna aɖe si dze egɔme “hafi Abraham nava dzɔ” eye nuwɔna ma gale edzi yim. Eya ta woɖea egɔme wòsɔna nyuie be “meli xoxo” ke menye “menɔ anyi” o, eye Biblia gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo kple egbegbetɔ aɖewo hã zã nya siwo sɔ kple “meli xoxo.” Le nyateƒe me la, le Yh 14:9 la, wozã Helagbe me dɔwɔnya ei·miʹ ma ke tsɔ ɖe Yesu ƒe nyawo gɔme ale: “Filipo, ɣeyiɣi didi aɖee nye esia mele mia gbɔ, eye mènyam oa?” Biblia geɖe zã nya mawo tɔgbi tsɔ ɖee fia be naneke megblẽ le eŋu be woaɖe ei·miʹ gɔme be “meli xoxo” ne gbeŋutise metsi tre ɖe eŋu o ko. (Kpɔɖeŋu bubuwo dze le Lk 2:48; 13:7; 15:29; Yh 1:9; 5:6; 15:27; Dw 15:21; 2Ko 12:19; 1Yh 3:8.) Azɔ hã, Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yh 8:54, 55 ɖee fia be menye ɖe wònɔ agbagba dzem be yeatsɔ ye ɖokui asɔ kple ye Fofo o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe