NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 37-38
Gɔmesese Vevi Si Le Dzudzɔdomlekpuia Kple Vɔsamlekpuia Ŋu Le Tadedeagu Vavãtɔ Me
Yehowa ye na mɔfiame ku ɖe ale si woakpa dzudzɔdomlekpui kple vɔsamlekpui siwo nɔ avɔgbadɔa me ŋu, eye gɔmesese vevi aɖe le wo ŋu.
Ale si ko atike ʋeʋĩ si wotsaka nyuie la ƒe dzudzɔ ʋẽna ɖe Yehowa lilili la, nenema kee esubɔlawo ƒe gbedodoɖa siwo dzea eŋu la hã le
Vɔ siwo wosana le numevɔsamlekpuia dzi la dzea Yehowa ŋu. Teƒe si vɔsamlekpui sia le le avɔgbadɔa ŋgɔ la ɖoa ŋku edzi na mí be, ele vevie be míaxɔ Yesu Kristo ƒe tafe vɔsa dzi ase hafi míaƒe nu nadze Mawu ŋu.—Yoh 3:16-18; Heb 10:5-10
Aleke míate ŋu ana míaƒe gbedodoɖawo nanɔ abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ ene le Mawu ŋkume?—Ps 141:2