Wode Wo Ga Le Woƒe Xɔse Ta—Crimea
Ale si Russia ƒe setɔwo le Yehowa Ðasefowo yome tim vevie la keke ɖe enu va ɖo Crimea. Menye ɖeko Russia dziɖuɖua ɖo asi Ðasefowo ƒe dɔwo dzi o, ke boŋ edze kɔtɛ be edi vevie be yeabu mo na woƒe subɔsubɔa kura. Tso esime woɖo asi Ðasefoawo ƒe dɔwo dzi le April 2017 me la, Russia ƒe setɔwo tsa le dukɔ bliboa me yi teƒe siwo Ðasefowo ƒoa ƒu ɖo eye wolé wo dometɔ gbogbo aɖewo de gaxɔ me. Fifia la, wole nu siawo ke wɔm ɖe Yehowa Ðasefo siwo le Crimea ŋu.
November 15, 2018 dzie woho ɖe Ðasefowo ŋu zi gbãtɔ le Crimea. Le ŋkeke ma dzi la, polis kple sodza abe 200 ene la vae dze Ðasefowo ƒe aƒe enyi dzi le Dzhankoy. Ðasefoawo kpe le ƒuƒoƒo suesuesuewo me nɔ Biblia me dzrom le aƒe mawo me hafi setɔawo va dze wo dzi. Setɔawo dometɔ 35 teti siwo tsyɔ nu mo eye wolé tu ɖe asi la ge ɖe Sergey Filatov ƒe aƒe me akpasesẽtɔe. Esia na dzidzi ƒo Ðasefo 6 siwo ƒo ƒu ɖe afi ma la ale gbegbe. Wolé Ðasefoawo dometɔ ɖeka si nye ŋutsu si xɔ ƒe 78 la te ɖe gli ŋu, wozi edzi wòmlɔ anyigba eye wode ga alɔ nɛ, emegbe woƒoe kutɔkutɔe ale gbegbe be eva hiã be woaƒu du akɔe ayi kɔdzi. Nu sia teƒe kpɔkpɔ ɖi vɔvɔ̃ na Ðasefo ŋutsu tsitsi eve bubu ale gbegbe be ʋusɔgbɔdɔ koe ho na wo zi ɖeka, eye wotsɔ woawo hã yi kɔdzi enumake. Nublanuitɔe la, fu ge le Ðasefo ɖetugbui aɖe si hã ƒe aƒe dzi wo dze la ƒo.
Emegbe dziɖuɖua nɔ te ɖe Russiatɔwo Ƒe Nu Vlo Wɔwɔ Ƒe Se ƒe Ðoɖo 282.2(1) dzi tsɔ nya ɖe Sergey ŋu be enɔ “aglãdzehabɔbɔ” aɖe ƒe wɔnawo dzi kpɔm. Le March 5, 2020 dzi la, nutoa me ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Crimea la ka ƒe ade na Sergey be wòatsɔ anɔ nu vlo wɔlawo ƒe gaxɔ me. Wokplɔe dzo le ʋɔnudrɔ̃ƒea enumake vae tu ɖe gaxɔa me.
Tso esime wovae dze Ðasefowo ƒe aƒewo dzi le Dzhankoy le ƒe 2018 me la, ɖeko poliswo vae gena ɖe Ðasefowo dzi le woƒe aƒewo me akpasesẽtɔe ne ewɔ na wo be wole aglãdzenu wɔm. Nyitsɔ laa le August 7, 2024 dzi la, setɔ gbogbo siwo lé tu ɖe asi eye wotsyɔ nu mo la vae ka Ðasefo atɔ̃ ƒe aƒewo me. Ðasefoawo dometɔ ɖekae nye Tamara Brattseva si xɔ ƒe 68 eye wòle kɔƒe si nye Razdolnoye me. Wotsɔ nya ɖe Tamara ŋu be enɔ aglãdzehabɔbɔ aɖe ƒe wɔnawo dzi kpɔm, eye wole eƒe nya drɔ̃m fifia le ʋɔnu. Le October 2024 me la, woka ƒe ade na Ðasefo ŋutsu siwo nye Yuriy Gerashchenko kple Sergey Parfenovich be woatsɔ anɔ fuwɔamegaxɔ me. Do ŋgɔ la, wotso afia be woaxe mɔ ɖe nanewo ŋu na wo eye dziɖuɖua ƒe ŋku nanɔ wo ŋu, gake amenutsolaa gblɔ be ele be woahe to na wo wu ema, eye ʋɔnudrɔ̃ƒea da asi ɖe edzi. Eya ta wokplɔ wo dzoe le ʋɔnudrɔ̃ƒea enumake yi gaxɔ me.
Ale si wole Ðasefowo dzi dzem le woƒe aƒewo me eye wole nya tsɔm ɖe wo ŋu le ʋɔnu la wɔe be wode Ðasefo ŋutsu 14 gaxɔ me fifia eye woanɔ afi ma ƒe ade kple afã. Nya si wotsɔ ɖe wo katã ŋue nye be wole asi kpem ɖe aglãdzehabɔbɔ aɖe ƒe wɔnawo ŋu.
Ɣeyiɣiawo
June 17, 2025
Yehowa Ðasefo 14 siwo tso Crimea ye le gaxɔ me fifia.
October 3, 2024
Woka ƒe ade na Yuriy Gerashchenko kple Sergey Parfenovich be woatsɔ anɔ fuwɔamegaxɔ me.
August 7, 2024
Setɔwo vae dze Ðasefo atɔ̃ dzi le woƒe aƒewo me le Alushta, Razdolnoye kple Senokosnoye. Wotsɔ nya ɖe Tamara Brattseva ŋu le ʋɔnu.
August 5, 2021
Woka Ðasefo enyi ƒe aƒewo me. Wolé Aleksandr Dubovenko kple Aleksandr Litvinyuk.
October 1, 2020
Wodze Ðasefowo ƒe aƒe asieke dzi le Sevastopol. Wolé Igor Shmidt tu ɖe afi aɖe hafi ava drɔ̃ nya nɛ le ʋɔnu.
June 4, 2019
Poliswo vae dze Ðasefowo ƒe aƒe ewo dzi le Sevastopol. Wotsɔ nya ɖe Viktor Stashevskiy ŋu be ewɔ ɖoɖo ɖe aglãdzewɔnawo ŋu.
March 20, 2019
Poliswo vae dze Ðasefowo ƒe aƒe enyi dzi le Alupka kple Yalta. Wobia gbe Artem Gerasimov eye wotsɔ nya ɖe eŋu be ewɔ ɖoɖo ɖe aglãdzewɔnawo ŋu.
November 15, 2018
Polis kple sodza siwo awu 200 vae dze Ðasefowo ƒe aƒe enyi dzi le Dzhankoy; Sergey Filatov ƒe aƒe hã le eme.