Wode Wo Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Singapore
Wolé ɖekakpui enyi siwo nye Yehowa Ðasefowo de gaxɔ me le Singapore, elabe wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o le woƒe dzitsinya ta. Wo dometɔ atɔ̃ le gaxɔ me zi eveliae nye ema, elabe esi woɖe asi le wo ŋu zi gbãtɔ la, wogagbe ake be yewomawɔ asrafodɔ o. Ðekakpui siawo mate ŋu azã se aɖeke atsɔ aʋli wo ɖokui ta o, elabe Singapore dziɖuɖua ƒe se bia be ame sia ame nawɔ asrafodɔ, eye meɖe mɔ be ame aɖeke nagbe be yemawɔe o le yeƒe dzitsinya ta o.
Ne ɖekakpui aɖe xɔ ƒe 18 la, Singapore ƒe sea bia tso esi be wòage ɖe dukɔa ƒe asrafoha me. Ne egbe esia wɔwɔ le eƒe dzitsinya ta la, wotunɛ ɖe asrafowo ƒe asaɖa me ɣleti 12. Ne ɣleti 12 la de la, woɖea asi le eŋu eye wobiana tso esi enumake be wòado asrafowu ne wòaxɔ asrafowo ƒe hehe. Ne egbe ake la, wogakplɔnɛ yia asrafowo ƒe ʋɔnu eye wodenɛ gaxɔ me ɣleti 18. Eya ta wodea ɖekakpui Ðasefo siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta la gaxɔ me zi eve tre ɖe enu, eye woƒe gaxɔ me nɔnɔa katã va nyea ɣleti 30.
Singapore Dziɖuɖua Gbe Be Yemawɔ Ðe Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Mɔfiamewo Dzi O
Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia Dukɔ Ƒoƒuawo biana tso dziɖuɖu siwo le eme la si be “woada asi ɖe edzi be ele se nu be amewo nagbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta. Elabe esia nye tamebubu, dzitsinya kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe si le ameawo si, abe ale si wòle le Xexea Me Katã Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesi ƒe Sewo me ene.” Togbɔ be Singapore le Dukɔ Ƒoƒuawo me tso ƒe 1965 me hã la, melɔ̃ ɖe woƒe nya sia dzi o. Le lɛta aɖe si Singapore dziɖuɖua ŋlɔ na Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesi Gbɔkpɔha le April 24, 2002 me la, Singapore dziɖuɖumegã aɖe gblɔ be “ne ame ɖekaɖekawo ƒe dzixɔsewo kple nuwɔnawo tsi tre ɖe [ɖoɖo siwo dziɖuɖua de to me be dukɔa nanɔ dedie] ŋu la, ke dukɔa ƒe dedienɔnɔ ye anɔ vevie wu nu sia nu.” Dziɖuɖumegãa gblɔ yi edzi tẽe be, “Mímelɔ̃ ɖe edzi be asrafodɔ gbegbe le dzitsinya ta nye nu si ŋu wòle be dukɔ ɖe sia ɖe naɖe mɔ ɖo o.”
Ɣeyiɣiawo
June 17, 2025
Yehowa Ðasefo 8 ye le gaxɔ me, elabe wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta.
April 24, 2002
Singapore dziɖuɖumegã aɖe ɖo kpe edzi be yewomeda asi ɖe asrafodɔ gbegbe le dzitsinya ta dzi o.
February 1995
Wogale ŋuta sẽm le Yehowa Ðasefo siwo nye Singapore dumeviwo ŋu geɖe wu eye wole wo dometɔ gbogbo aɖewo lém de gaxɔ me.
August 8, 1994
Singapore Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ gbe be yemagbugbɔ adrɔ̃ nyaa na Yehowa Ðasefowo o.
January 12, 1972
Singapore dziɖuɖua ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe ŋkɔ ɖa le agbalẽ me le se nu.