Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
Atamadzraha Lɔ̃ Ðe Edzi be Atamanono Naa Kansa
Le atamawɔlawo ƒe nyaʋiʋli le nusiwo ŋu atikeŋutinunyala bibiwo ke ɖo le woƒe numekuku vovovowo me ŋu ƒe geɖe megbe la, fifia adzɔha si nye Philip Morris, si nye sigaretwɔƒe gãtɔ kekeake le United States, lɔ̃ ɖe edzi be atamanono naa dzitodzito me kansa kple dɔléle bubu siwo ate ŋu awu ame. Adzɔha aɖe ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na nyakakadɔwɔƒe aɖe gblɔ be: “Atikeŋutinunya kple dzɔdzɔmeŋutinunya me kpeɖodzi gbogbo aɖewo li be sigaretnono naa dzitodzito me kansa, dzidɔ, dzitodzitotetedɔ kple dɔléle bubu siwo gblẽa nu le ame ŋu la atamanolawo.” The New York Times gblɔ be “tsã la, adzɔha la he nya be nusi ‘ate ŋu ana woaxɔ dɔ,’ abe dzitodzito me kansa ene, alo nusi ‘naa woxɔnɛ’ ye atamanono nye, ke menye be eyae naa dɔléleawo o.” Gake togbɔ be wova lɔ̃ ɖe edzi fifia hã la, adzɔhaa gblɔ be: “Míekpɔ ŋudzedze ɖe sigaret siwo míewɔ kple boblododo siwo wotsɔ kpɔ asisiwo na woe le ƒeawo me la ŋu.”
Ŋkuɖodzinu Siwo Nu Le Yiyim
Ava siwo me wodea nukuwoe le vɔvɔm vivivi le agbledenyigba siwo le Canada ƒe ɣetoɖoƒe gome dzi. Woɖo ava gbogbotɔ kekeake le ƒe 1933 me, esime ava 5,758 nɔ teƒe vovovo le dukɔa ƒe kɔƒenutowo me. Tso ɣemaɣi la, xexlẽmea ɖiɖi nukutɔe va ɖo 1,052. Nuka gbɔe wòtso? Ame aɖe si kpɔ eteƒe wogba ava aɖe la fa konyi be: “Nuwo trɔ ale gbegbe. Fifia agbledede va zu agblesitsatsa. Ƒomegbledede nu le yiyim. Nenema ke nye avawo hã.” Harrowsmith Country Life magazine ka nya ta be: “Le mɔ aɖe nu la, woate ŋu atsɔ agbledenyigba siwo dzi ava mele o asɔ kple Venice si tɔʋu manɔ o, New York si dziƒoxɔ kɔkɔwo manɔ o, alo Britain si ahanoƒe manɔ o.” Habɔbɔ siwo tsɔ ɖe le eme etɔxɛe le agbagba dzem be yewoatu xɔ siwo ana alesi Canada ƒe agbledebaliwo ƒe dzedzeme nɔ tsã la nagaɖo wo si. Wotrɔ ava aɖe zu blemanudzraɖoƒee eye wotrɔ bubu hã wɔ nuɖuƒe aɖe, afisi wotsɔa fefewɔwɔ ɖea modzaka na asisiwo le.
Ɣeyiɣi Mele Ame Sum O
Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Gießener Allgemeine ka nya ta be le Europa katã la, ame geɖe wu le dzi tsim ɖe ɣeyiɣi ŋu vevie. Nenema ke wòle eɖanye dɔwɔwɔ le gbɔme, aƒemedɔwɔwɔ, alo modzakaɖedɔ aɖee wowɔna o. Hadomegbenɔnɔŋutinunyala Manfred Garhammer si le Bamberg Yunivɛsiti, gblɔ be: “Amewo megadɔa alɔ̃ didina o, woɖua nu alɔtsɔtsɔe, eye wotsia dzi le dɔ me fifia wu ƒe 40 siwo va yi.” Ekpɔe be amewo tsi dzodzodzoe ɖe edzi wu le gbesiagbegbenɔnɔ me le Europa-dukɔ siwo katã me wòwɔ numekuku le me. Dɔwɔnu siwo ɖea dɔsesẽwɔwɔ dzi kpɔtɔna kple dɔwɔgaƒoƒowo dzi ɖeɖe kpɔtɔ le dɔme mena “gbɔdzɔe amewo” alo na “ɣeyiɣi geɖe” su wo si o. Ke boŋ le mama dedie nu la, nuɖuɣiwo dzi ɖe kpɔtɔ aɖabaƒoƒo 20 eye alɔ̃dɔɣi le zã me dzi ɖe kpɔtɔ aɖabaƒoƒo 40.
Australia ƒe Tsatsadada ƒe Numame
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Australian ka nya ta be: “Tsatsadada va zu lãmesẽkuxi gã aɖe le Australia fifia, ne mede ɖeke o la, egblẽ nu le ame 330,000 siwo tsatsadada zu numame na ɣeyiɣi didi la ŋu tẽ. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be Australia, afisi ame tsitsiwo ƒe xexlẽme ƒe alafa memama 82 daa tsatsa le, ye elektrɔnik tsatsadamɔ̃ siwo le xexeame katã ƒe xexlẽme si wu 1 le 5 me le. Habɔbɔ aɖe si ku nu me le Australia kpɔe be tsatsadadakuxi gã aɖe le ame tsitsi siwo le Australia dometɔ 2.3 le alafa me ŋu. Amesiawo dometɔ 37 le alafa me bu wo ɖokui wuwu ŋu, 11 le alafa me te wo ɖokui wuwu kpɔ, eye 90 le alafa me gblɔ be yewolé blanui vevie le tsatsadada ta. Numekuhaa gblɔ be ele be woagbugbɔ asi atrɔ le tsatsadadawɔnawo ŋu eye wòdo susu ɖa be woaklã nuxlɔ̃amedzesiwo ɖe tsatsadaƒewo.
Tenɔnɔ Ðe Nuteɖeamedzi Nu
Ðe nu ti kɔ na wòa? Woka nya ta ɖe El Universal me be Mexicotɔwo ƒe Megbegaxeha kafu mɔfiame siwo gbɔna be woatsɔ anɔ te ɖe nuteɖeamedzi nui. Dɔ alɔ̃ wòaɖi na wò nyuie—wòade gaƒoƒo ade vaseɖe ewo gbeɖeka. Ðu ŋdi nuɖuɖu si me nunyiamewo da sɔ le, ŋdɔ nuɖuɖu si mesɔ gbɔ akpa o, kple fiẽ nuɖuɖu si mekpe akpa o. Azɔ hã eŋutinunyalawo kafui le teƒe geɖe be woaɖe nuɖuɖu siwo me aminuwo sɔ gbɔ ɖo la ɖuɖu dzi akpɔtɔ, ɖe dze agbɔsɔsɔme si nèdea nu me ɖuna dzi kpɔtɔ, eye nàɖe nyinotsi kple sukli agbɔsɔsɔme si nèdea nu me dzi kpɔtɔ le ƒe 40 xɔxɔ megbe. Dze agbagba nàdi ɣeyiɣi na ŋugbledede le ɖoɖoezizi me. Gaɖe nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔ to ŋkuléle ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋu me.
Aɖi Hena Tugbedzedze
The Toronto Star ka nya ta be wole atsyɔ̃ɖoɖo na ame ƒe ŋutilã ƒe mɔnu aɖe si me wodoa dɔlékui aɖe si naa aɖi si nye botulinum si ate ŋu awu ame la zãm fifia tsɔ le mo ƒe ayiléle ɖɔm ɖo. Aɖia wua lãkusi tiatia aɖewo le moa, eye le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ŋusẽ meganɔa lãkusiawo ŋu o, eye esia naa teƒe léayiawo zrɔ̃na. Asitɔtrɔ le mo ŋu sia te ŋu xɔna abe ɣleti ene ene eye dɔnɔa ƒe mo zrɔ̃na abe le eƒe sɔhɛmenɔɣi ene. Gake egblẽa nu le ame ŋu hã. Nyatakakaa xlɔ̃ nu be “mɔnu sia ŋudɔwɔlawo ƒe mo zrɔ̃na ya, gake woƒe aɖabayi megate ŋu kɔna yia dzi ne nu wɔ nuku na wo, eye ne woko nu wòadze le mo katã na wo o, [eye] womegate ŋu yɔa mo hã o.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be, nya la katã koe nye be nàlɔ̃ be yeana “yeƒe mo ƒe akpa ɖewo nagbe dɔwɔwɔ be wòana moa nazrɔ̃ abe sɔhɛmenɔɣi tɔ ene.”
“Akpa Ka Dzie Mawu Le?”
Kamedefefe ŋuti nyadzɔdzɔŋlɔla Sam Smith, ŋlɔ be, “Menye ɖe medi be maɖi gbɔ ame aɖeke ƒe dzixɔse o, gake ɖe mawusubɔsubɔ ɖeɖefia le dutoƒo ƒe nuwɔna sia megbɔ eme le kamedefefewo me oa? Nukatae bɔlƒolawo doa gbe ɖa le agedodo vɔ megbe?” Smith gblɔ be woagate ŋu akpɔ bɔlƒola mawo siwo ƒoa ƒu doa gbe ɖa le dziɖuɖu aɖe megbe la ke “woanɔ nyadzɔdzɔŋlɔlawo dzum” le xɔ si me woɖɔa li awu le me alo “woate kpɔ be yewoawɔ nuvevi bɔlƒolawo” ne kamedehoʋiʋlia ɖo eƒe sesẽaƒe. Egblɔ be ebubu be Mawu dea bɔlƒoha ɖeka dzi ɖe bubu ŋu “dze abe gbɔɖiɖi Mawu dzi xɔxɔ se ene.” Eyata eƒo eƒe nyatia ta ale: “Migana míawɔ kamedefefewo woadze nu bubui wu nusi wonye ŋutɔŋutɔ o.”
Dɔwɔna Siwo Me Afɔku Le Wu
Dɔwɔna ewo kawo mee afɔku le wu ɖesiaɖe? Xexlẽme siwo nu United States ƒe Dɔwɔɖuinyawo Ŋuti Kɔntabubu Dɔwɔƒe ƒo ƒui ɖee fia be atitsolawo dzie afɔku dzɔna ɖo wu, esusɔ vie woƒe xexlẽme nade 129 le 100,000 me kuna, eye lãɖelawo kple tɔdziʋu me dɔwɔlawo xɔ nɔƒe evelia kple etɔ̃lia siwo nye dɔwɔna siwo me dɔwɔla siwo ade 123 kple 94 le 100,000 me kuna le. Dɔwɔna bubu siwo me afɔku le wu yi esime afɔku mele boo o nye yameʋukulawo, xɔtugakpoŋutidɔwɔlawo, tomenukulawo, xɔtudɔwɔlawo, taksikulawo, agbatsɔʋukulawo, kple agbledɔwɔlawo. Gake Scientific American ka nya ta be “le wo katã me la, dɔwɔna me nuveviwɔame siwo ate ŋu awu ame ƒe dzidziɖedzi kabakaba—si nye dɔwɔla 4.7 le 100,000 me—dzi ɖe kpɔtɔ alafa memama 10” le ƒe atɔ̃ siwo va yi me.
Xevi Dzeaɖaŋuwo!
Franseawo ƒe dzɔdzɔmenuwo ŋuti magazine si nye Terre Sauvage ka nya ta be: “Atsutsurɔe siwo le Calcutta sina le asrãdɔ nu.” Eŋutinunyalawo de dzesii be esi asrãdɔ le dzidzim ɖe edzi la, fifia atsutsurɔewo le dzodzom le didiƒe ʋĩ yim va dia ati aɖe ƒe aŋgba si me wogblɔ be le dzɔdzɔme nu la, quinine, si nye asrãnutsitike gbogbo aɖe le. Wotsɔa eƒe aŋgbawo wɔa atɔe, eye ewɔ abe woɖunɛ hã ene. Magazinea gblɔ be: “Edze abe atsutsurɔe, siwo lɔ̃a dugãwo me nɔnɔ eye wovɔ̃na na asrã, ke ɖe mɔnu si dzi woato akpɔ wo ɖokui ta tso asrã si me ŋu ene.”
Ga Ƒoɖi
Guardian nyadzɔdzɔgbalẽ ka nya ta be cocaine ɖi ɖe Londontɔwo ƒe gagbalẽ siwo wu 99 le alafa me la me. Eŋutinunyalawo do gagbalẽ 500 kpɔ eye wokpɔ be atikea ƒe sue aɖe ɖi ɖe wo dometɔ 496 ŋu. Atikeawo ɖina ɖe gagbalẽawo ŋu zi gbãtɔ ne atikevɔ̃ɖizãlaawo ka asi eŋu. Emegbe to gagbalẽ siawo hã dzi la, atikea ɖina ɖe gagbalẽ bubuwo hã ŋu ne wode wo gadzraɖoƒemɔ̃wo me alo ne wodzra wo ɖo ɖe teƒe ɖeka. Cocaine va zu Britaintɔwo ƒe atike si wozãna abe modzakaɖenu ene wu ɖesiaɖe le amesiwo xɔ tso ƒe 20 va ɖo 24 dome. Sɔhɛwo Ŋutinusrɔ̃ha si le London gblɔ be ƒewuiviwo zãa cocaine elabena wobui be ena amewo dea bubu yewo ŋu wu eye wònaa ŋusẽ ɖoa yewo ŋu wu.
“Ʋumedɔxɔleameŋu si Bɔ Wu”
Associated Press me nyatakaka aɖe gblɔ be: “Ne mede ɖeke o la, aklãdɔ si nye hepatitis C ƒe dɔlékui le Amerikatɔ miliɔn 2.7 ya teti ŋu, esi wɔe be wòva zu ʋumedɔxɔleameŋu si bɔ wu le United States.” Gbɔdɔdɔ alo ʋu si me dɔlékui ge ɖo me koŋue woxɔa hepatitis C dɔlékuia tsonɛ. Amesiwo koŋ ate ŋu axɔ dɔa bɔbɔe wue nye amesiwo zãa abui ɖeka ma ke tsɔ doa atike vɔ̃ɖi ɖe lãmeka me kple amesiwo dɔna ametakpɔnu mazãmazãe. Gake amesiwo ŋlɔa nu ɖe ŋutilã ŋu kple nutɔtɔamedɔdala siwo meklɔ woƒe dɔwɔnuwo ŋuti nyuie o hã te ŋu kakaa dɔa. Amesiwo wodo ʋu na hã ate ŋu axɔ dɔa. Ƒe sia ƒe wodea ame bubu ƒe aklã na amesiwo ade 1,000 le United States le esi dɔlélea gblẽ nu le woƒe aklã ŋu ta.